Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

De Asixɔxɔ Si Dze Wò Nunana Si Nye Agbe Ŋu

De Asixɔxɔ Si Dze Wò Nunana Si Nye Agbe Ŋu

De Asixɔxɔ Si Dze Wò Nunana Si Nye Agbe Ŋu

‘Kristo ƒe ʋu aklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la.’​—HEBRITƆWO 9:14.

1. Kpeɖodzi kae li be míedea asixɔxɔ gã aɖe agbe ŋu?

NE WOBIA wò be nàdo asi ɖe wò agbe ŋu la, asixɔxɔ kae nàde eŋui? Míedea asixɔxɔ gã aɖe agbe ŋu—mía ŋutɔwo tɔ kple ame bubuwo tɔ siaa. Esia ƒe kpeɖodzi ɖekae nye be míeyia kɔdzi ne míedze dɔ alo míenɔa ŋudzɔ ɖe mía ɖokui ŋu wɔa nusiwo ana míanɔ lãmesẽ me ɣesiaɣi. Míedi be míanɔ agbe ahanɔ lãmesẽ me. Amesiwo tsi alo nye nuwɔametɔwo kura gɔ̃ hã dometɔ akpa gãtɔ medina be yewoaku o; wodina be yewoanɔ agbe.

2, 3. (a) Agbanɔamedzi ka dzie Lododowo 23:22 he susu yii? (b) Aleke agbanɔamedzi si ŋu nya wogblɔ le Lododowo 23:22 la ku ɖe Mawu ŋui?

2 Alesi nèbua agbee la kpɔa ŋusẽ ɖe alesi nèwɔa nu ɖe amewo ŋui dzi. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ðo to fofowò, si dzi wò, eye megado vlo dawò, ne eku nyagã o!” (Lododowo 23:22) Be ‘woaɖo to’ fia nu geɖe wu nya si wogblɔ sese ko; lododo sia me nyawo fia be woase nya ahawɔ edzi. (Mose II, 15:26; Mose V, 7:12; 13:19; 15:5; Yosua 22:2; Psalmo 81:14) Nukae Mawu ƒe Nya la gblɔ be eyatae wòle be míaɖo to? Menye esi fofowò kple dawò tsi wu wò alo kpɔ nuteƒe geɖe wu wò ta koe o. Nusitae nye be woawoe “dzi wò.” Biblia aɖewo ɖe kpukpui sia gɔme ale: “Ðo to fofowò si na agbe wò.” Eyata eme kɔ be ne èdea asixɔxɔ wò agbe ŋu la, ekema àse le ɖokuiwò me be agba le ye dzi be yeaɖo to amesi na yele agbe.

3 Ne Kristotɔ vavãe nènye la, ekema èlɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye yeƒe Agbedzɔtsoƒe koŋ. Eyae na ‘nèle agbe’; te ŋu ‘ʋãna,’ hewɔa nu ɖe wò seselelãmewo nu; eye nènye ‘amesi li’ fifia si ate ŋu abu tame alo awɔ ɖoɖo ɖe etsɔme kple agbenɔnɔ tegbee kura gɔ̃ hã ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:28; Psalmo 36:10; Nyagblɔla 3:11) Le ɖekawɔwɔ me kple Lododowo 23:22 la, esɔ be ‘míaɖo to’ Mawu ɖokuibɔbɔtɔe, ahadi be míase alesi wòbua agbee gɔme ahawɔ nu ɖe enu tsɔ wu be míadi alesi ame bubuwo ya bunɛ.

De Bubu Agbe Ŋu

4. Aleke bubudede agbe ŋu ƒe nya vevi aɖe fɔ ɖe te le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze teti ko?

4 Tso amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, Yehowa na eme kɔ nyuie be yemeɖe mɔ na amegbetɔwo be woazã woƒe agbe (alo agblẽ woƒe agbe dome) alesi wodii o. Ŋuʋaʋã na Kain do dziku heɖe nɔvia Habel ƒe agbe si ŋu fɔɖiɖi aɖeke menɔ o la ɖa. Èsusu be Kain kpɔ mɔ awɔ nyametsotso le agbe ŋu alea? Mawu mebui be ekpɔ mɔ o. Ebia akɔnta tso Kain si: “Nuka enye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la ƒe gbe le ɖiɖim tso anyigba dzi mese!” (Mose I, 4:10) De dzesii be Habel ƒe ʋu si wokɔ ɖe anyi la tsi tre ɖi na eƒe agbe, si woɖe ɖa ŋutasesẽtɔe, eye enɔ ɣli dom na Mawu be wòabia hlɔ̃.—Hebritɔwo 12:24.

5. (a) Se kae Mawu de le Noa ƒe ŋkekea me, eye amekawoe sedede sia yi na? (b) Gɔmesese ka nue sedede sia nye afɔɖeɖe vevi aɖe le?

5 Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, ameƒome yeye aɖe dze egɔme tso luʋɔ enyi pɛ ko dzi. Mawu gblɔ nya aɖe si ku ɖe ameƒomea katã ŋu, tsɔ ɖe nu geɖe fia le alesi wòbua agbe kple ʋui ŋu. Egblɔ be amegbetɔwo ate ŋu aɖu lã, gake ede se sia kpe ɖe eŋu, be: “Nu gbagbe, siwo katã ʋãna, nenem nu siawo katã metsɔ na mi, bena woanye miaƒe nuɖuɖu abe amagbewo ke ene. Hafi lã, si ʋu tsi lã me na la, migaɖui o!” (Mose I, 9:3, 4) Yudatɔ aɖewo gblɔ be nusi nya siawo fia enye be mele be amegbetɔwo naɖu lã aɖe si kpɔtɔ le agbe ƒe lã alo eƒe ʋu o. Gake esime ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, eme va kɔ be nusi ŋu Mawu nɔ se dem ɖo le afisiae nye ʋu zazã be woatsɔ alé agbe ɖe te. Gawu la, se si Mawu de to Noa dzi la nye afɔɖeɖe vevi aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnuku si me woawɔ ʋu ŋudɔ le la me vava me—tameɖoɖo si ana amegbetɔwo nakpɔ agbe mavɔ.

6. Aleke Mawu to Noa dzi te gbe ɖe alesi Wòdea asixɔxɔ agbe ŋui dzi?

6 Mawu yi edzi gblɔ be: “Ke mia ŋutɔwo miaƒe ʋu la, mabiae le lãwo kple amewo siaa si, mabia amesiame ƒe agbe le nɔvia si. Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.” (Mose I, 9:5, 6) Àte ŋu ade dzesii le nya sia si wogblɔ na ameƒomea katã la me be Mawu bua ame ƒe ʋu be etsi tre ɖi na eƒe agbe. Wɔla lae na ame le agbe, eye mele be ame aɖeke naɖe agbe ma si eƒe ʋu tsi tre ɖi na la ɖa o. Ne ame aɖe wu ame abe alesi Kain wɔe ene la, ekema Wɔla la kpɔ mɔ ‘abia amesi wowu ƒe agbe’ tso amewulaa si.

7. Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le nya si Mawu gblɔ na Noa tso ʋu ŋu la me?

7 Mawu to eƒe nyawo dzi nɔ se dem na amegbetɔwo be woagazã ʋu ɖe mɔ gbegblẽ nu o. Èbu nusitae ŋu kpɔa? Eye nukae na Mawu bua ʋu alea? Le nyateƒe me la, nufiafia vevi siwo le Biblia me dometɔ ɖeka akpe ɖe mía ŋu le nya sia ŋuɖoɖo me. Enye nufiafia vevi aɖe si Kristotɔwo fiana, togbɔ be sɔlemeha geɖewo ɖoe koŋ gbe efiafia hã. Nufiafia kae, eye aleke wòka wò agbe, wò nyametsotsowo, kple wò nuwɔnawoe?

Ʋu—Aleke Woate Ŋu Azãe?

8. Nya kae Yehowa gblɔ le ʋu zazã ŋu le Sea me?

8 Yehowa gaɖe nu me geɖe wu tso agbe kple ʋu ŋu esime wòtsɔ Sea na Israel-viwo. Eto esia wɔwɔ dzi gaɖe afɔ aɖe le eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ me. Ðewohĩ ènyae be Sea bia be woatsɔ nunanawo abe nukuwo, ami, kple wein, ene vɛ na Mawu. (Mose III, 2:1-4; 23:13; Mose IV, 15:1-5) Wotsɔa lãwo hã saa vɔe. Mawu gblɔ le nusiawo ŋu be: “Agbe le ʋu la me, eye metsɔe na mi, bena woatsɔ alé avui, elabena agbe le eme. Eyata megblɔ na Israel-viwo be: Mia dometɔ aɖeke megaɖu ʋu o.” Yehowa gblɔ kpee be ne ame aɖe, abe adela alo agbledela ene, wu lã aɖe be yeaɖu la, ele be wòaɖuɖu eƒe ʋu ɖe anyigba ahaxe ke ɖe edzi. Esi wònye anyigbae nye Mawu ƒe afɔɖodzinu ta la, ne amea kɔ ʋua ɖe anyigba la, ekema ele lɔlɔ̃m ɖe edzi be agbe la gbugbɔ yi Agbenala la gbɔ.Mose III, 17:11-13; Yesaya 66:1.

9. Mɔ ɖeka kolia ka ko nue woɖe mɔ ɖe ʋuzazã ŋu le le Sea te, eye taɖodzinu kae nɔ esia ŋu?

9 Menye subɔsubɔ me kɔnu dzro aɖe si ŋu gɔmesese aɖeke mele na mí o ye se ma nye o. Ède dzesi nusitae mele be Israel-viwo naɖu ʋu oa? Mawu gblɔ be: “Eyata megblɔ na Israel-viwo be: Mia dometɔ aɖeke megaɖu ʋu o.” Susu ka tae? “[Metsɔ ʋu] na mi, bena woatsɔ alé avui.” Èkpɔe be esia na míese nusita Mawu gblɔ na Noa be mele be amegbetɔwo naɖu ʋu o la gɔmea? Wɔla la ɖoe be yeade asixɔxɔ gã aɖe ʋu ŋu, eye eɖoe be yeazãe le mɔ tɔxɛ ɖeka aɖe nu atsɔ aɖe ame geɖe ƒe agbee. Ʋu awɔ akpa vevi aɖe le nuvɔ̃wo dzi tsyɔtsyɔ (avuléle) me. Eyata le Sea te la, vɔsamlekpuia dzi koe Mawu ɖe mɔ be woazã ʋu le atsɔ alé avu ɖe Israel-vi siwo di be Yehowa natsɔ yewoƒe nuvɔ̃wo ake yewo la ta.

10. Nukatae lãwo ƒe ʋu mate ŋu ana woakpɔ tsɔtsɔke keŋkeŋ o, gake nuka dzie vɔ siwo wosa le Sea te ɖo ŋkui?

10 Nukpɔsusu sia kee le Kristotɔwo hã si ku ɖe ʋu zazã ŋu. Kristotɔ apostolo Paulo he susu yi ɖoɖo sia si Mawu wɔ le Sea te dzi heŋlɔ bena: “Wotsɔ ʋu klɔ nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃keke aɖeke manɔ anyi o.” (Hebritɔwo 9:22) Paulo na eme kɔ be vɔsa siwo wobia tso Israel-viwo si wowɔ la mena wozu ame deblibo, siwo ŋu nuvɔ̃ meganɔ o. Eŋlɔ be: “Vɔsasa mawo ɖoa ŋku nuvɔ̃wo dzi na ame ƒe sia ƒe; elabena nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o.” (Hebritɔwo 10:1-4) Ke hã, taɖodzinu aɖe nɔ vɔsa mawo ŋu. Woɖo ŋku edzi na Israel-viwo be nuvɔ̃mewoe wonye eye be wohiã nu bubu aɖe hafi woakpɔ tsɔtsɔke keŋkeŋ. Gake ne ʋu si tsi tre ɖi na lãwo ƒe agbe mate ŋu aɖe amegbetɔwo ƒe nuvɔ̃wo ɖa keŋkeŋ o ɖe, ekema ɖe ʋu ƒomevi aɖe ate ŋuia?

Nusi Agbenala Wɔ tsɔ Kpɔ Kuxia Gbɔe

11. Aleke míewɔ nya be nane dzie lãwo ƒe ʋu tsɔtsɔ asa vɔe nɔ susu hem yii?

11 Le nyateƒe me la, Sea nɔ susu hem yi nu vevi bubu aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ me dzi. Paulo bia be: “Azɔ la, nuka ta se la li ɖo?” Eɖo eŋu be: “Vodadawo ŋuti wotsɔe kpe ɖe eŋuti, vaseɖe ɣeyiɣi, si dzi ƒome, si ŋugbe wodo ɖi la ava, eye woto mawudɔlawo dzi ɖoe anyi to avuléla si [nye Mose] me.” (Galatiatɔwo 3:19) Nenema kee Paulo ŋlɔ be: “Nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli koe li na se la, eye menye nuawo ƒe nɔnɔme vavã o.”—Hebritɔwo 10:1.

12. Aleke míate ŋu awɔ ase Mawu ƒe tameɖoɖo si ku ɖe ʋu ŋu la me vava mee?

12 Nusi míesrɔ̃ va ɖo afisia enye be le Noa ƒe ŋkekea me la, Mawu de se be amegbetɔwo ate ŋu aɖu lã ale be woanɔ agbe, gake mele be woaɖu ʋu ya o. Emegbe la, Mawu gblɔ be “agbe le ʋu la me.” Nyateƒee, etiae be yeabu ʋu be etsi tre ɖi na agbe hegblɔ be: “[Metsɔ ʋu] na mi, bena woatsɔ alé avui.” Gake Mawu ƒe tameɖoɖoa ƒe akpa bubu aɖe me kɔkɔ gali. Sea nye vɔvɔli na nu nyui siwo le ŋgɔ gbɔna. Nukawoe?

13. Nukatae wòle vevie be Yesu naku?

13 Nya la katã ku ɖe Yesu Kristo ƒe ku ŋu. Ènyae be wowɔ fu Yesu heklãe ɖe ati ŋu. Eku abe hlɔ̃dola aɖe ene. Paulo ŋlɔ be: “Kristo gɔ̃ hã, esime míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la, eku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta le azãgbe, si woɖo ɖi la me. . . . Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wòtsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Romatɔwo 5:6, 8) Esi Kristo ku ɖe mía ta ta la, etsɔ tafe si ana woaɖe míaƒe nuvɔ̃wo ɖa la na. Tafe mae nye Kristotɔwo ƒe nufiafia vevitɔ. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16; Korintotɔwo I, 15:3; Timoteo I, 2:6) Aleke nya sia ku ɖe ʋu kple agbe ŋui, eye aleke wòka wò agbee?

14, 15. (a) Aleke alesi Biblia gɔmeɖela aɖewo ɖe Efesotɔwo 1:7 mee na Yesu ƒe ku dzie wohe susu yii? (b) Nukae ema ana womate ŋu akpɔ adze sii o le Efesotɔwo 1:7 ŋu?

14 Subɔsubɔha aɖewo hea susu yia Yesu ƒe ku dzi, si nana wo me nɔlawo gblɔa nyawo abe “Yesu ku ɖe tanye” ene. Kpɔ alesi Biblia gɔmeɖela aɖewo ɖe Efesotɔwo 1:7 mee ɖa: “Eyama kple eƒe ku la dzie míeto kpɔ ɖeɖe, si nye míaƒe vodadawo ɖeɖeɖa.” (The American Bible, si gɔme Frank Scheil Ballentine ɖe, ƒe 1902) “Wona ablɔɖe mí to Kristo ƒe ku la dzi, eye wotsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí.” (Today’s English Version, ƒe 1966) “Wotsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí hena ablɔɖe mí le Kristo me kple to eyama kpakple eƒe agbe si wòtsɔ sa vɔe dzi.” (The New Testament, si gɔme William Barclay ɖe, ƒe 1969) “Kristo ƒe ku la dzie woto tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí eye wona ablɔɖe mí.” (The Translator’s New Testament, ƒe 1973) Àte ŋu akpɔe le gɔmeɖeɖe vovovo siawo me be Yesu ƒe kua dzie wote gbe ɖo. Ame aɖe ate ŋu agblɔ be: ‘Asixɔxɔ le Yesu ƒe kua ŋu vavã ɖe. Ekema nukae gblẽ le gɔmeɖeɖe siawo ŋu?’

15 Le nyateƒe me la, ne Biblia gɔmeɖeɖe siawo koe le asiwò la, ekema ɖewohĩ àda nya vevi aɖe aƒu, eye esia ana màse Biblia ƒe gbedasia gɔme bliboe o. Alesi Biblia siawo ɖe kpukpuia gɔmee na Helagbe me nya si gɔmee nye “ʋu” si dze le Efesotɔwo 1:7 le ŋɔŋlɔ gbãtɔa me la medze le wo me o. Eyata Biblia geɖe, abe New World Translation la ene, ɖe kpukpui sia me wòsɔ nyuie wu ɖe ŋɔŋlɔ gbãtɔa nu, be: “Amesi me míekpɔ ɖeɖe le le tafe xexe to eƒe ʋu la me, si nye míaƒe vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve si míedze na o ƒe agbɔsɔsɔ la nu.”

16. Nuka dzie wòle be nya “eƒe ʋu” la naɖo ŋkui na mí?

16 Gɔmesese vevi aɖe le nya “eƒe ʋu” ŋu eye ele be esia nana míaɖo ŋku nu geɖe dzi. Nu geɖe hiã wu ame aɖe ƒe ku ko, eɖanye ame deblibo Yesu ƒe ku kura gɔ̃ hã. Ena nusi Sea nye vɔvɔli na, vevietɔ le Avuléŋkekea dzi, la va eme. Le ŋkeke tɔxɛ ma dzi la, wotsɔa lã aɖewo siwo Sea bia la saa vɔe. Azɔ nunɔlagã la tsɔa woƒe ʋu ƒe ɖe yia Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe si nɔ avɔgbadɔa alo gbedoxɔa me, eye le afima la, etsɔnɛ ɖoa Mawu ŋkume, abe ɖe wòyi egbɔ ŋutɔŋutɔ ene.—Mose II, 25:22; Mose III, 16:2-19.

17. Aleke Yesu na nusi Avuléŋkekea tsi tre ɖi na la va emee?

17 Abe alesi Paulo ɖe emee ene la, Yesu na nusi Avuléŋkekea tsi tre ɖi na la va eme. Gbã la, egblɔ be le Israel la, nunɔlagã la yia Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea zi ɖeka le ƒea me hetsɔa ʋu nana ɖe “ye ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta.” (Hebritɔwo 9:6, 7) Le ɖekawɔwɔ me kple kpɔɖeŋu ma la, esi wofɔ Yesu ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmeme megbe la, eyi dziƒo ŋutɔŋutɔ. Fifia si wònye gbɔgbɔmeme, ke menye ŋutilã kple ʋu o la, ate ŋu ado ɖe “Mawu ŋku me azɔ le mía ta.” Nukae wòtsɔ yi na Mawu? Menye ŋutilãmenunana aɖekee o, ke boŋ nane si de ŋgɔ boo wu ye. Paulo gblɔ yi edzi be: “[Esi] Kristo . . . [va abe] nunɔlagã [ene la], . . . metsɔ gbɔ̃tsuwo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ. Elabena ne gbɔ̃tsuwo kple nyitsuwo ƒe ʋu . . . kɔ wo ŋuti hena ŋutilã ƒe kɔkɔenyenye la, geɖe aleke wu Kristo, amesi to [gbɔgbɔ] mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?” Nyateƒee, Yesu tsɔ eƒe ʋu la ƒe asixɔxɔ yi na Mawu.—Hebritɔwo 9:11-14, 24, 28; 10:11-14; Petro I, 3:18.

18. Nukatae wòle be Kristotɔwo natsɔ ɖe le nya siwo Biblia gblɔ tso ʋu ŋu la me vevie egbea?

18 Nyateƒe sia si tso Mawu gbɔ la na míese nusi Biblia gblɔ tso ʋu ŋu la ƒe akpa veviwo katã gɔme—nusitae Mawu bunɛ nenema, alesi wòle be míabui, kple nusita wòle be míawɔ se si Mawu de le ʋuzazã ŋu dzi. Ne èle Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me gbalẽawo xlẽm la, àkpɔe be woƒo nu geɖe tso Kristo ƒe ʋu la ŋu. (Kpɔ aɖaka la.) Esiawo na eme kɔ ƒã be ele be Kristotɔ ɖesiaɖe naxɔ ‘Yesu ƒe ʋu la’ dzi ase. (Romatɔwo 3:25) ‘Ʋu si Yesu kɔ ɖi’ dzi koe míate ŋu ato akpɔ tsɔtsɔke eye ŋutifafa nanɔ mía kple Mawu dome. (Kolosetɔwo 1:20) Esia nye nyateƒe le amesiwo Yesu bla nu tɔxɛ kplii be woaɖu fia kple ye le dziƒo la gome. (Luka 22:20, 28-30; Korintotɔwo I, 11:25; Hebritɔwo 13:20) Ele nenema le “ameha gã,” si atsi agbe le “xaxa gã” la me eye woanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi, hã gome egbea. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, ‘wonya woƒe awuwo le Alẽvi la ƒe ʋu la me.’—Nyaɖeɖefia 7:9, 14.

19, 20. (a) Nukatae Mawu tiae be yeade se ɖe ʋuzazã nu, eye aleke wòle be míase le mía ɖokui me le esia ŋu? (b) Biabia ka ƒe ŋuɖoɖoe míadi be míanya?

19 Eyata eme kɔ be gɔmesese tɔxɛ aɖe le ʋu ŋu le Mawu ŋkume. Nenema kee wòle be wòanɔ le míawo hã gome. Wɔla la, si tsɔ ɖe le agbe me, tɔ dzɔ be wòade se na amegbetɔwo le nusi woawɔ kple ʋu ŋu. Esi wòtsɔ ɖe le míaƒe agbe me vevie ta la, mɔ vevi ɖeka aɖe nue wòɖoe be yeazã ʋu le, si nye mɔ ɖeka kolia si dzi míato akpɔ agbe mavɔ. Mɔ ma ku ɖe Yesu ƒe ʋu xɔasia ŋu. Aleke gbegbe míate ŋu ada akpee enye esi be Yehowa Mawu wɔ ʋuYesu ƒe ʋuŋudɔ le mɔ sia si xɔa mí ɖe agbe nu hena míaƒe viɖe! Eye aleke gbegbe wòle be míada akpe na Yesu enye esi le esi wòkɔ eƒe ʋu ɖi wònye vɔsa ɖe mía ta la ta! Nyateƒee, míate ŋu ase nusi ʋã apostolo Yohanes wògblɔ nya siawo la gɔme, be: “Amesi lɔ̃a mí, eye wòtsɔ eƒe ʋu klɔ míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti, eye wòwɔ mí fiawo kple nunɔlawo hena eƒe Mawu Fofo la, eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.”—Nyaɖeɖefia 1:5, 6.

20 Mía Mawu kple Agbenala si ƒe nunya ƒo ɖesiaɖe ta bu akpa si esia awɔ le agbeɖeɖe me la ŋu gbaɖegbe ke. Eyata ɖewohĩ míabia be: ‘Ŋusẽ kae wòle be esia nakpɔ ɖe míaƒe nyametsotsowo kple nuwɔnawo dzi?’ Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia sia me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae míate ŋu asrɔ̃ le alesi Mawu bua ʋui ŋu le nuŋlɔɖi si ku ɖe Habel kple Noa ŋu me?

• Nya kae Mawu gblɔ le ʋu ŋu le Sea me, eye nukatae?

• Aleke Yesu na nusi Avuléŋkekea tsi tre ɖi na la va emee?

• Aleke Yesu ƒe ʋu la ate ŋu axɔ mí ɖe agbee?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 18]

AMEKA ƑE ƲUE XƆA AME ÐE AGBE?

“Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi [Mawu] ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ [Via] ƒe ʋu la.”​—Dɔwɔwɔwo 20:28.

“Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me ŋuti la, woaxɔ mí geɖe awu tso dziku la me to eyama me.”​—Romatɔwo 5:9.

“Mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ mia si o, eye Mawu hã menɔ mia si le xexeame o. Ke azɔ la miele Kristo Yesu me, mi amesiwo le adzɔge ʋĩ tsã la, miete va le Kristo ƒe ʋu la me.”​—Efesotɔwo 2:12, 13.

“Edze Mawu ŋu bena, agbɔsɔsɔ blibo la katã nanɔ eyama me, eye wòto eyama dzi lé avu le nuwo katã kple eɖokui dome, esi wòto eƒe [fuwɔameti] ƒe ʋu la me wɔ ŋutifafa.”​—Kolosetɔwo 1:19, 20.

“Azɔ, nɔviwo, . . . dzideƒo le mía si, be míayi ɖe kɔkɔeƒe la me to Yesu ƒe ʋu la me.”​—Hebritɔwo 10:19.

“Menye nu gbegblẽ . . . wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o, ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka mele o la, ƒe ʋu ene.”​—Petro I, 1:18, 19.

“Ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.”​—Yohanes I, 1:7.

“Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu.”​—Nyaɖeɖefia 5:9.

“Wotsɔ mía nɔviwo nutsola . . . ƒu gbe. Eye woɖu edzi le alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me.”​—Nyaɖeɖefia 12:10, 11.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mawu to Sea dzi na eme kɔ be woate ŋu azã ʋu atsɔ nuvɔ̃wo ake

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Woate ŋu axɔ ame geɖe ɖe agbe to Yesu ƒe ʋu dzi