Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔnyenye Vavãtɔ Le Dzidzedze Kpɔm

Kristotɔnyenye Vavãtɔ Le Dzidzedze Kpɔm

 Kristotɔnyenye Vavãtɔ Le Dzidzedze Kpɔm

YESU KRISTO ƒe subɔsubɔdɔa he tɔtrɔ ɖedzesi aɖe va xexeame le ƒe alafa gbãtɔ me. Eƒe gbedasia doa ŋusẽ ame, enaa wodzea si nu, eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi ale gbegbe be ɖeko amewo ƒe nu kuna. Eƒe nyawo wɔ dɔ ɖe amesiwo ɖo toe la dometɔ geɖe dzi ale gbegbe.—Mateo 7:28, 29.

Yesu gbe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔ kple dunyahehe nuɖoanyi teameɖeanyi si nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la me dzinɔameƒotɔe, gake ena be ame tsɛwo te ŋu te ɖe eŋu bɔbɔe. (Mateo 11:25-30) Eʋu eme gaglã be gbɔgbɔvɔ̃wo ƒoa nya ɖe ame nu le anyigba dzi eye wòtsɔ ŋusẽ si Mawu nae la ɖee fia be yekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. (Mateo 4:2-11, 24; Yohanes 14:30) Yesu tsɔ aɖaŋudzedze kɔ nu me ku ɖe kadodo vevi si le fukpekpe kple nuvɔ̃ dome ŋu, eye wòɖee fia lɔlɔ̃tɔe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ahe gbɔdzɔe si nu metsina o vɛ. (Marko 2:1-12; Luka 11:2, 17-23) Zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la, eɖe nusiwo na womekpɔ Fofoa ƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ dze sii o ɣeyiɣi didi aɖe la ɖa, heɖe Mawu ƒe ŋkɔ fia amesiwo katã di be yewoanɔ ƒomedodo me Kplii.—Yohanes 17:6, 26.

Eyata mewɔ nuku o be togbɔ be subɔsubɔhawo kple dunyahehawo ti Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yome vevie hã la, woyi edzi kaka eƒe gbedasi sẽŋu la kabakaba. Le ƒe si anɔ 30 ko me la, woɖo Kristotɔwo ƒe hame siwo nɔ dzidzedze kpɔm la ɖe Afrika, Asia, kple Europa. (Kolosetɔwo 1:23) Nyateƒea si Yesu fia la ɖeɖe wɔe be dzinyuitɔ ɖokuibɔbɔlawo ƒe dzimeŋkuwo dzi kɔ le Roma Fiaɖuƒea katã me.—Efesotɔwo 1:17, 18.

Gake aleke nusrɔ̃la yeye siawo siwo tso dukɔ, dekɔnu, gbegbɔgblɔ, kple subɔsubɔha vovovowo me ate ŋu ava wɔ ɖeka le “xɔse ɖeka” me, abe alesi apostolo Paulo yɔe ene? (Efesotɔwo 4:5) Nukae akpe ɖe wo ŋu be ‘woagblɔ nya ɖeka’ ale be mama nagaɖo wo dome o. (Korintotɔwo I, 1:10) Le ɖekamawɔmawɔ, si nye ŋkubiãnya, si le amesiwo gblɔna egbea be Kristotɔwoe yewonye dome ta la, ele vevie be míadzro nusi Yesu ŋutɔ fia la me nyuie.

Nu Vevi si Naa Kristotɔwo Wɔa Ðeka

Esi Pontio Pilato nɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, Yesu gblɔ nu vevitɔ si naa ɖekawɔwɔ nɔa Kristotɔwo dome. Egblɔ be: “Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.” (Yohanes 18:37) Eyata, lɔlɔ̃ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo kple Mawu ƒe Nya Biblia ƒe akpa susɔe siwo tso gbɔgbɔ me dzi kpɔa ŋusẽ vevi si nana amewo wɔa ɖeka la ɖe Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo dzi.—Korintotɔwo I, 4:6; Timoteo II, 3:16, 17.

 Enye nyateƒe be, kuxiwo alo masɔmasɔwo aɖo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dome ɣeaɖewoɣi ya. Ke nukae akpe ɖe wo ŋu? Yesu ɖe eme be: “Ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me; elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu, si ke wòase la, eya wòagblɔ, eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi.” (Yohanes 16:12, 13) Eyata, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ana be Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo nanɔ nyateƒea gɔme sem esime Mawu le wo ɖem ɖe go na wo vivivi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔ ma akpe ɖe wo ŋu be woaɖe eƒe kutsetsewo, siwo ƒe ɖewoe nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, kple ŋutifafa afia, si awɔe be ɖekawɔwɔ ŋutɔŋutɔ nanɔ wo dome.—Dɔwɔwɔwo 15:28; Galatiatɔwo 5:22, 23.

Yesu meɖe mɔ kura be nukpɔsusu vovovowo alo kɔmamawo nanɔ eƒe nusrɔ̃lawo dome o; eye meɖe mɔ hã na wo be woaɖe Mawu ƒe nyateƒenya la me be wòade amesiwo wodo goe la ƒe kɔnyinyiwo alo woƒe subɔsubɔnuwɔnawo dzi o. Ke boŋ le zã mamlɛa si me wònɔ anyi kpli wo la, edo gbe ɖa vevie ɖe wo ta be: “Ke menye ɖe amesiawo nu ɖeɖeko mele biabiam ɖo o; ke boŋ ɖe amesiwo le dzinye xɔ ge ase to woƒe nya me la, hã nu; bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò, Fofo, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.” (Yohanes 17:20, 21) Eyata tso gɔmedzedzea me ke va ɖo míaƒe ɣeyiɣia me la, ɖekawɔwɔ akuakua le gbɔgbɔ kple nyateƒe me lae nye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzeside vevi aɖe. (Yohanes 4:23, 24) Gake ɖekawɔwɔ mele sɔlemeha siwo li egbea ya dome o, mama sɔŋ boŋue le wo dome. Nukatae wòle nenema?

Nusitae Mama le Sɔlemehawo Dome Ðo

Nusitae dzixɔse kple kɔnu vovovo gbogbo aɖewo le amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye dome egbea ɖo enye be womewɔna ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi o. Nuŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: “Abe alesi wònɔ le blema ene la, egbegbe Kristotɔwo wɔna ɖe Biblia me sedede si sɔ na woawo ŋutɔ dzi—eye woŋea aɖaba ƒua esiwo mewɔ ɖeka kple woƒe subɔsubɔ me kɔnyinyiwo o dzi.” Nusia tututue Yesu kple eƒe apostolowo gblɔ ɖi be adzɔ.

Le kpɔɖeŋu me, gbɔgbɔ ʋa apostolo Paulo wòŋlɔ na ehati dzikpɔla Timoteo be: “Ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.” Kristotɔwo katãe woablea? Ao. Paulo yi edzi be: “Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuigblɔla ƒe dɔ, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.” (Timoteo II, 4:3-5; Luka 21:8; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Petro II, 2:1-3) Timoteo kple Kristotɔ wɔnuteƒe bubuwo wɔ ɖe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la dzi.

Ðekawɔwɔ Kpɔtɔ le Kristotɔ Vavãwo Dome Kokoko

Abe Timoteo ene la, Kristotɔ vavã siwo li egbea la nɔa mo xexi to nugbegbe le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusuwo gbɔ me eye wotua woƒe dzixɔsea me nufiafiawo ɖe Ŋɔŋlɔawo ɖeɖeko dzi. (Kolosetɔwo 2:8; Yohanes I, 4:1) To ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo sɔsrɔ̃ me la, Yehowa Ðasefowo le woƒe subɔsubɔdɔa wɔm tsitotsito le dukɔ siwo wu 230 me, hele Yesu ƒe gbedasi ŋutɔŋutɔ, si nye Fiaɖuƒeŋutinya nyuia, gblɔm na amewo le afisiafi. De ŋugble le mɔ vevi ene siwo dzi wowɔ ɖeka le le Yesu sɔsrɔ̃ me le kple alesi wonɔa agbee wòsɔna ɖe Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe nudidiwo nu eɖanye afika kee woɖale o la ŋu kpɔ.

Wotu woƒe dzixɔsewo ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. (Yohanes 17:17) Belgium nuto aɖe me ƒe nunɔla aɖe gblɔ le wo ŋu be: “Nane si míate ŋu asrɔ̃ tso wo [Yehowa Ðasefowo] gbɔ enye alesi wolɔ̃na faa be yewoaɖo to Mawu ƒe Nyaa, kple dzideƒo si nɔa wo si wotsɔ ɖea gbeƒã tso eŋu.”

Wokpɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒe sinu be eyae ava ɖe kuxi siwo le xexeame katã ɖa. (Luka 8:1) Le Barranquilla, Colombia, la, Ðasefo aɖe ɖo dze kple Antonio, si nye dunyaheha dzidela sesẽ  aɖe. Ðasefoa mede eƒe dunyahehaa dzi alo kafu dunyaheha bubu aɖeke ƒe nukpɔsusuwo o. Ðe ema teƒe la, edoe ɖe Antonio kple nɔvianyɔnuwo gbɔ be yeasrɔ̃ Biblia kpli wo femaxee. Eteƒe medidi o Antonio va kpɔe dze sii be enye nyateƒe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe nye mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia na ame dahe siwo le Colombia kple esiwo le xexeame ƒe akpa mamlɛawo hã.

Wokɔa Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti. (Mateo 6:9) Esi Yehowa Ðasefowo do go Maria, si nye Katolikotɔ dovevienu aɖe le Australia zi gbãtɔ la, elɔ̃ be Ðasefoawo nafia Mawu ƒe ŋkɔ ye le Biblia me. Aleke wòwɔ nui? “Esi mekpɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia me zi gbãtɔ la, mefa avi. Sidzedzee be mate ŋu anya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ahazãe la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.” Maria yi edzi srɔ̃ Biblia, eye zi gbãtɔ le eƒe agbe me la, eva nya amesi ƒomevi Yehowa nye eye wòtu ƒomedodo si nu metsina o ɖo kplii.

Lɔlɔ̃ na be ɖekawɔwɔ le wo dome. (Yohanes 13:34, 35) Canadatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Ladysmith-Chemainus Chronicle talawo ɖe woƒe nukpɔsusu gblɔ be: “Subɔsubɔha ka ke mee nèɖale loo alo mèɖale ɖeke me o, ele be nàkafu Yehowa Ðasefo 4,500 siwo wɔ dɔ kple ŋkubiã le kwasiɖa ɖeka kple afã si va yi me tsɔ tu Takpexɔ si xɔ teƒe si ƒe lolome nye meta 2,300 le Cassidy . . . Be woawɔ esia kple dzidzɔ glãkahehe, masɔmasɔ, alo bubu didi na ame ɖokui aɖeke manɔmee la nye Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe dzesi.”

Wò ya bu kpeɖodzinya siawo ŋu kpɔ ko. Esi Kristodukɔa ƒe mawunyaŋununyalawo, mawunyadɔgbedelawo, kple sɔlemedelawo yi edzi le kame tem kple masɔmasɔ ƒe kuxi siwo le woƒe sɔlemewo me la, Kristotɔnyenye vavãtɔ ya le dzidzedze kpɔm le xexeame godoo. Nyateƒee, Kristotɔ vavãwo le woƒe dɔ si wode asi na wo, si nye gbeƒãɖeɖe kple Mawu ƒe Nya la fiafia amewo, wɔm. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ne èle amesiwo “le hũ ɖem, eye wole nu xam” ɖe ŋunyɔnu siwo katã le edzi yim ta la dome eye ɖekamawɔmawɔ si le subɔsubɔha siwo le Kristodukɔa me la tena ɖe dziwò la, míele kpewòm be nàva wɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefo siwo wɔ ɖeka le Kristotɔwo ƒe tadedeagu me na Mawu vavã ɖeka kolia, Yehowa.—Xezekiel 9:4; Yesaya 2:2-4.