Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Míeɖea Míaƒe Lɔlɔ̃ Na Mawu Fianae

Alesi Míeɖea Míaƒe Lɔlɔ̃ Na Mawu Fianae

Alesi Míeɖea Míaƒe Lɔlɔ̃ Na Mawu Fianae

LƆLƆ̃ si va nɔa ame me na Mawu metsoa nusɔsrɔ̃ tso eyama ŋu ɖeɖeko gbɔ o. Abe alesi Mawu subɔla siwo le xexeame godoo aɖi ɖase tso eŋu ene la, lɔlɔ̃ vavã si anɔ ame si na Mawu nu sẽna ɖe edzi ne amea va nya eƒe nɔnɔmewo nyuie eye enu gasena ɖe edzi wu ne amea va nya nusiwo wòlɔ̃, nusiwo wòlé fui, nusiwo dzɔa dzi nɛ, kple eƒe nudidiwo.

Yehowa tsɔ eƒe Nya, Biblia, si me wòɖe eɖokui fia le la na mí lɔlɔ̃tɔe. Emee míeva nya alesi Yehowa wɔ nu le nɔnɔme vovovowo me le. Abe alesi lɛta si tso míaƒe ame vevi aɖe gbɔ doa dzidzɔ na míi ene la, nenema ke Biblia doa dzidzɔ na míi ne woɖe Yehowa ƒe amenyenye ƒe akpa yeye aɖe fia mí.

Ke hã, abe alesi míenyae le míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔ me ene la, nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu mewɔnɛ ɣesiaɣi be amewo nalɔ̃e o. Yesu gblɔ na Yudatɔ ŋudzedzemakpɔɖenuŋulawo le eŋɔlime be: “Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me . . . Gake menya mi bena, Mawu ƒe lɔlɔ̃ la mele mia ŋutɔwo mia ɖokui me o.” (Yohanes 5:39, 42) Ame aɖewo tsɔ ƒe gbogbowo srɔ̃ nu tso Yehowa ƒe dɔmenyonyo ŋu, ke hã, womelɔ̃nɛ ale o. Nukatae? Womete ŋu dea ŋugble le nufiafia si le nusi wosrɔ̃ me ŋu o. Gake dzianukwaretɔ miliɔn geɖe siwo míesrɔ̃a Biblia kplii kpɔnɛ be lɔlɔ̃ si le yewo si na Mawu nu sẽna ɖe edzi. Nukatae? Elabena wosrɔ̃a Asaf ƒe kpɔɖeŋua abe alesi mía ŋutɔwo hã míewɔe ene. Le mɔ ka nu?

De Ŋugble Ŋudzedzekpɔkpɔtɔe

Asaf ɖoe be yeatu lɔlɔ̃ ɖo na Yehowa le yeƒe dzime. Eŋlɔ bena: “Nye dzi le ŋugble dem . . . Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋku wò blemanukunuwo dzi. Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.” (Psalmo 77:7, 12, 13) Lɔlɔ̃ na Mawu nu asẽ ɖe edzi le dzime na amesi dea ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu abe alesi hakpala la wɔe ene.

Gakpe ɖe eŋu la, ŋkuɖoɖo nusiwo teƒe míekpɔ le Yehowa subɔsubɔ me dzi doa ŋusẽ mía kplii dome ƒomedodoa. Apostolo Paulo gblɔ be míenye Mawu ƒe “hadɔwɔlawo” eye xɔlɔ̃wɔwɔ si ɖoa hadɔwɔlawo dome nɔa etɔxɛ ŋutɔ. (Korintotɔwo I, 3:9) Ne míeɖee fia Yehowa be míelɔ̃e la, edzea eŋu eye wòdoa dzidzɔ na eƒe dzi. (Lododowo 27:11) Emegbe ne míebia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu eye wòkpe ɖe mía ŋu míeto nɔnɔme sesẽ aɖe me la, míenyana be eli kpli mí, eye míaƒe lɔlɔ̃ nɛ dea to ɖe edzi.

Xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔa amewo eve dome la nu sẽna ɖe edzi ne wogblɔ woƒe seselelãme na wo nɔewo. Nenema kee ne míegblɔ nusita míeɖe adzɔgbe na Yehowa la, míaƒe lɔlɔ̃ nɛ nu sẽna ɖe edzi. Míakpɔ be míaƒe susu nɔa Yesu ƒe nya siawo ŋu be: “Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.” (Marko 12:30) Nukae míawɔ akpɔ egbɔ be míeyi edzi le Yehowa lɔ̃m kple míaƒe dzi blibo, míaƒe luʋɔ blibo, míaƒe tamesusu blibo kpakple míaƒe ŋusẽ blibo?

Yehowa Lɔlɔ̃ Kple Míaƒe Dzi Blibo

Ŋɔŋlɔawo ƒoa nu tso kpɔɖeŋudzi, si nye ame ememetɔ ŋu—míaƒe didiwo, míaƒe nɔnɔmewo, kple míaƒe seselelãmewo. Eyata Yehowa lɔlɔ̃ kple míaƒe dzi blibo fia be míedi be míadze Mawu ŋu wu nusianu. (Psalmo 86:11) Míeɖenɛ fiana be lɔlɔ̃ ma le mía si to alesi míenana be míaƒe amenyenye dzea eŋu me. Míedzea agbagba be míadze Mawu ŋu to nusiwo nye ‘nuvɔ̃ tsitsri me hekuna ɖe nu nyui ŋu.’—Romatɔwo 12:9.

Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míesena le mia ɖokui me le nusianu ŋu dzi. Le kpɔɖeŋu me, míakpɔ be míaƒe dɔ doa dzidzɔ na mí alo xɔa míaƒe ɣeyiɣi geɖe, gake woawo ŋue míaƒe dzi ku ɖoa? Ao. Esi míelɔ̃a Yehowa kple dzi blibo ta la, Mawu ƒe subɔla nyenye ye xɔ nɔƒe gbãtɔ. Nenema ke míedina be míadze mía dzilawo, mía srɔ̃, kple míaƒe dɔtɔwo ŋu, gake míeɖea lɔlɔ̃ si tso dzi blibo me fiaa Yehowa to didi be míadze eyama ŋu gbãgbiagbã me. Gakpe ɖe eŋu la, edze na nɔƒe gbãtɔ le míaƒe dzi me.—Mateo 6:24; 10:37.

Yehowa Lɔlɔ̃ Kple Míaƒe Luʋɔ Blibo

Le Ŋɔŋlɔawo me la, nya “luʋɔ” fia ame bliboa tsɔ kpe ɖe agbe la ŋu koŋ. Eyata Yehowa lɔlɔ̃ kple míaƒe luʋɔ blibo fia be míazã míaƒe agbe atsɔ akafui ahaɖee fia be míelɔ̃e.

Nyateƒee, nu bubuwo ado dzidzɔ na mí le agbe me, abe dɔ aɖe sɔsrɔ̃, dɔ aɖe dzikpɔkpɔ, alo ƒomedzikpɔkpɔ ene. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa kple luʋɔ blibo to nuwɔwɔ ɖe eƒe nukpɔsusu nu hetsɔa nu bubuwo ɖoa nɔƒe si dze le míaƒe agbe me, aleae “[míedia] mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.” (Mateo 6:33) Tadedeagu le luʋɔ blibo me fia hã be míado vevie nu. Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃a Yehowa to veviedodo nu le Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ, ŋuɖoɖo siwo tua ame ɖo nana le kpekpewo me, alo kpekpe ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo ŋu me. Le nusianu me la míeyia edzi wɔa “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu tso dzi [alo luʋɔ blibo] me.”—Efesotɔwo 6:6.

Yesu ɖe luʋɔ blibo ƒe lɔlɔ̃ fia Mawu to alesi wògbe nu le eɖokui gbɔ me. Etsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ eye wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo da ɖe nɔƒe evelia. Yesu kpe mí be míasrɔ̃ yeƒe kpɔɖeŋua. Egblɔ be: “Ne ame aɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe [fuwɔameti] la, eye wòadze yonyeme.” (Mateo 16:24, 25) Nugbegbe le mía ɖokui gbɔ fia be míaɖe adzɔgbe. Efia be míelɔ̃ Mawu ale gbegbe be míetsɔ mía ɖokuitɔ nyenye la de asi nɛ, abe alesi Israel-vi lɔ̃a eƒe aƒetɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ale gbegbe be wòtsɔa eɖokui dea asi nɛ keŋkeŋ abe kluvi ene. (Mose V, 15:16, 17) Míaƒe agbe tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa nyea kpeɖodzi sẽŋu be míelɔ̃ eyama.

Yehowa Lɔlɔ̃ Kple Míaƒe Tamesusu Blibo

Yehowa lɔlɔ̃ kple míaƒe tamesusu blibo fia be míedzea agbagba ɖesiaɖe be míadze si Yehowa ƒe amenyenye, eƒe tameɖoɖo, kple eƒe nudidiwo. (Yohanes 17:3; Dɔwɔwɔwo 17:11) Míelɔ̃a Yehowa to míaƒe tamebubu ŋutetewo zazã le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu me be woawo hã woalɔ̃ Yehowa kpakple to asitɔtrɔ le míaƒe nufiafia ŋutete ŋu me. Apostolo Petro xlɔ̃ nu be, “mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi.” (Petro I, 1:13) Gakpe ɖe eŋu la, míedzea agbagba be míatsɔ ɖe le ame bubuwo me, vevietɔ mía hati Mawu subɔlawo. Míenyaa woƒe nɔnɔmewo eye míeléa ŋku ɖe afisi wòdze be míakafu wo le alo afisi wohiã na akɔfafa le.

Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃a Yehowa kple míaƒe tamesusu blibo to alesi míenana míaƒe susuwo katã nɔa eŋu me. Míedzea agbagba be míabu nuwo abe alesi wòbua woe ene, míekpɔa esinu le nyametsotso wɔwɔ me, eye míekana ɖe edzi be eƒe mɔ enye nyuitɔ kekeake. (Lododowo 3:5, 6; Yesaya 55:9; Filipitɔwo 2:3-7) Gake le esime míeyi edzi le lɔlɔ̃ ɖem fia Mawu la, aleke míazã míaƒe ŋusẽe?

Yehowa Lɔlɔ̃ Kple Míaƒe Ŋusẽ Katã

Sɔhɛ geɖe siwo le Kristo-hamea me zãa woƒe ŋusẽ tsɔ kafua Yehowae. (Lododowo 20:29; Nyagblɔla 12:1) Mɔnu ɖeka si sɔhɛ Kristotɔ geɖe tona ɖenɛ fiana le be yewolɔ̃a Yehowa kple yewoƒe ŋusẽ katãe nye to gomekpɔkpɔ le mɔɖeɖedɔ, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Dzila geɖewo kpɔa gome le subɔsubɔdɔ sia me esime wo viwo yi suku. Hamemegã siwo srãa alẽawo kpɔna le esime wokpɔa egbɔ be woa ŋutɔwo ƒe ƒomewo le dedie la ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ Yehowa kple yewoƒe ŋusẽ katã. (Korintotɔwo II, 12:15) Yehowa naa ŋusẽ amesiwo kpɔa esinu, ale be woate ŋu aɖe woƒe lɔlɔ̃ fia to ekafukafu me kple ŋusẽ ɖesiaɖe si le wo si.—Yesaya 40:29; Hebritɔwo 6:11, 12.

Lɔlɔ̃ nu sẽna ɖe edzi ne wotui ɖo nyuie. Eyata míeyia edzi dea ŋugble dzigbɔɖitɔe. Míeɖoa ŋku nusi Yehowa wɔ na mí kple nusita wòdze be míatsɔ mía ɖokui anɛ la dzi. Abe Adam ƒe dzidzimevi madeblibowo ene la, míate ŋu adze na “[nusiwo] Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la” gbeɖe o, gake míate ŋu aɖee fia be míelɔ̃ Yehowa kple míaƒe nusianu. Mina míayi edzi awɔe nenema!—Korintotɔwo I, 2:9.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Míetoa nuwɔnawo me ɖea lɔlɔ̃ fia Mawu