Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Sɔ gbɔ

Yehowa Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Sɔ gbɔ

 Yehowa Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Sɔ gbɔ

‘Yehowa ƒe amenuveve sɔ gbɔ.’​—PSALMO 145:8.

1. Aleke gbegbee Mawu ƒe lɔlɔ̃ keke tae?

“MAWU enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Nyagbɔgblɔ lédziname ma ɖo kpe edzi be Yehowa ɖua dzi le lɔlɔ̃ me. Nya lae nye be amegbetɔ siwo meɖoa toe o gɔ̃ hã ɖea vi tso ɣe kple tsidzadza si wònana lɔlɔ̃tɔe la me! (Mateo 5:44, 45) Le lɔlɔ̃ si le Mawu si na ameƒomea ƒe xexea ta la, eƒe futɔwo gɔ̃ hã ate ŋu atrɔ dzime, atrɔ ɖe eŋu, ahakpɔ agbe. (Yohanes 3:16) Gake eteƒe madidi o, Yehowa atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi gblẽkuwo ɖa be amegbetɔ siwo lɔ̃nɛ nate ŋu ase agbe ƒe vivi le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeyea me tegbee.—Psalmo 37:9-11, 29; Petro II, 3:13.

2. Lɔlɔ̃ tɔxɛ kae Yehowa ɖena fiana amesiwo ɖe adzɔgbe nɛ?

2 Yehowa ɖea lɔlɔ̃ fiaa eƒe tadeagula vavãwo le mɔ tɔxɛ si nɔa anyi ɖaa nu. Wotsɔa Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “amenuveve,” alo “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃” ɖɔa lɔlɔ̃ ma. Blema Fia Dawid de asixɔxɔ Mawu ƒe amenuveve ŋu. Nusiwo me Dawid ŋutɔ to kpakple ŋugbledede le mɔ siwo nu Mawu wɔa nu ɖe amewo ŋu le na wòdzi ha kakaɖedzitɔe be: ‘Yehowa ƒe amenuveve [alo “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃,” NW] sɔ gbɔ.’—Psalmo 145:8.

 Dzesidede Mawu Subɔla Nuteƒewɔlawo

3, 4. (a) Aleke Psalmo 145 lia kpe ɖe mía ŋu míede dzesi Yehowa subɔla nuteƒewɔlawoe? (b) Aleke Mawu ƒe nuteƒewɔlawo ‘yrana’ eyamae?

3 Nyagblɔɖila Samuel dada, Xana gblɔ tso Yehowa Mawu ŋu be: “Ekpɔa eƒe ame dzɔdzɔewo [alo “subɔla nuteƒewɔlawo,”NW] ƒe afɔ dzi.” (Samuel I, 2:9) Amekawoe nye “subɔla nuteƒewɔla” siawo? Fia Dawid ɖo nyaa ŋu. Esi wòkafu Yehowa ƒe nɔnɔme wɔnukuwo vɔ megbe la, egblɔ be: “Wò mawumemewo [alo “subɔla nuteƒewɔlawo,” NW] akafu wò.” (Psalmo 145:10) Àbia be aleke amegbetɔwo ate ŋu ayra Mawu alo akafui. Mɔ vevi si dzi wowɔa esia tonae nye be wokafunɛ alo gblɔa kafukafunyawo tso eŋu.

4 Wonyaa Yehowa ƒe nuteƒewɔlawo be wonye amesiwo zãa woƒe nuwo tsɔ gblɔa kafukafunyawo tso eyama ŋu. Nuka ŋu koŋue woƒoa nu tsoe le woƒe hadomekpekpewo kple Kristotɔ ƒe kpekpewo me? Edze ƒã be eyae nye Yehowa ƒe Fiaɖuƒea! Mawu subɔla nuteƒewɔlawo ƒe seselelãme wɔ ɖeka kple Dawid tɔ, amesi dzi ha be: “Woagblɔ nya le wò [Yehowa ƒe] fiaɖuƒe ƒe bubu ŋu, eye woaƒo nu le wò ŋusẽ ŋu.”—Psalmo 145:11.

5. Aleke míewɔ nya be Yehowa dea dzesii ne esubɔla nuteƒewɔlawo le kafukafunyawo gblɔm tso eyama ŋu?

5 Ðe Yehowa dea dzesii ne esubɔla nuteƒewɔlawo le ekafumaa? Ẽ, eléa to ɖe nusi wogblɔna ŋu. Maleaxi ŋlɔ le nyagblɔɖi si ku ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu le míaƒe ŋkekea me be: “Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si: Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.” (Maleaxi 3:16) Dzi dzɔa Yehowa ale gbegbe ne esubɔla nuteƒewɔlawo le kafukafunyawo gblɔm tso eyama ŋu, eye wòɖoa ŋku wo dzi.

6. Dɔwɔna kawoe kpena ɖe mía ŋu míedea dzesi Mawu subɔla nuteƒewɔlawo?

6 Woagate ŋu ade dzesi Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo hã le dzideƒo si nɔa wo si eye wowɔa mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ le nuƒoƒo kple amesiwo menye Mawu vavã la subɔlawo o me. Nyateƒee, Mawu subɔla nuteƒewɔla ɖea “eƒe nutsuwɔwɔwo kple eƒe fiaɖuƒe ƒe atsyɔ̃ nyo la fia amegbetɔviwo.” (Psalmo 145:12) Ðe nèdia mɔnukpɔkpɔwo alo wɔa wo ŋudɔ tsɔ ƒoa nu tso Yehowa ƒe fianyenye ŋu na amesiwo nye dzimaxɔsetɔwoa? To vovo na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo nu ayi kpuie la, eya ƒe fiaɖuƒe ya anɔ anyi ɖaa tegbee. (Timoteo I, 1:17) Ehiã kpata be amewo nanya nu tso Yehowa ƒe dziɖuɖu mavɔ la ŋu eye woatiae be woanɔ eƒe akpa dzi. Dawid dzi ha be: “Wò fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ dzidzimewo katã me.”—Psalmo 145:13.

7, 8. Nukae dzɔ le ƒe 1914 me, eye kpeɖodzi kae li be Mawu le dzi ɖum fifia to Via ƒe Fiaɖuƒea dzi?

7 Tso keke ƒe 1914 me ke la, kpeɖodzi geɖewo li siwo tae wòle be míagblɔ kafukafunyawo tso Yehowa ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖo. Le ƒe ma me la, Mawu ɖo eƒe Mesia Fiaɖuƒea anyi eye wòtsɔ Yesu Kristo, Dawid ƒe Vi, ɖo Fiae ɖe enu. Yehowa to ema dzi wɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeana Dawid ƒe dziɖuɖu nanɔ anyi ɖaa la dzi.—Samuel II, 7:12, 13; Luka 1:32, 33.

8 Alesi dzesi siwo ku ɖe Yesu ƒe anyinɔnɔ ŋu le eme vamee la nye kpeɖodzi be Yehowa le dzi ɖum fifia to Via Yesu Kristo ƒe Fiaɖuƒea dzi. Dzesi ma ƒe akpa vevitɔ enye dɔ si Yesu gblɔ be Mawu subɔla nuteƒewɔlawo katã awɔ esi wògblɔ  be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:3-14) Esi Mawu subɔla nuteƒewɔlawo tsɔ veviedodonu na nyagblɔɖi ma le eme vam ta la, ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo wu miliɔn ade le gome kpɔm le dɔ nyadri tɔxɛ sia me. Eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ amesiwo katã tsia tre ɖe Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu la.—Nyaɖeɖefia 11:15, 18.

Nana be Yehowa ƒe Dziɖulanyenye Naɖe Vi na Mí

9, 10. Vovototo gã kae le Yehowa kple amegbetɔ dziɖulawo dome?

9 Ne Kristotɔ ɖeadzɔgbewoe míenye la, ekema ƒomedodo si le mía kple Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa dome hea viɖe geɖewo vɛ na mí. (Psalmo 71:5; 116:12) Le kpɔɖeŋu me, esi míevɔ̃a Mawu eye míewɔa nu dzɔdzɔe ta la, ekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu eye míetena ɖe eŋu to esubɔsubɔ me. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Yakobo 4:8) To vovo na ema la, amegbetɔwo ƒe dziɖulawo ya dea ha kple ame ŋkutawo, abe asrafo megãwo, asitsala kesinɔtɔwo, alo kamedefefewɔla kple fefewɔla xɔŋkɔwo ene zi geɖe. Afrikatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si nye Sowetan ka nya ta be dziɖuɖumegã xɔŋkɔ aɖe gblɔ nya siwo gbɔna le nuto aɖe si le eƒe dukɔa me si me amewo dahe kolikoli le la ŋu be: “Mese nusitae mía dometɔ geɖe medina be míayi ɖe nuto mawo me o la gɔme. Esi míedi be míaŋlɔ be be nɔnɔme mawo li ta koe. Eɖea fu na míaƒe dzitsinya vevie eye wòtena ɖe mía dzi le [ʋu] xɔasi siwo me míenɔna ta.”

10 Nyateƒee wònye be amegbetɔwo ƒe dziɖula aɖewo tsɔa ɖe le wote viwo ƒe dedienɔnɔ me vevie ya. Gake wo dometɔ si ɖɔʋu wu kekeake gɔ̃ hã menyaa eteviwo nyuie o. Eyata esɔ be míabia be: Ðe dziɖula aɖe li si tsɔa ɖe ele eme na eteviwo katã ale gbegbe be exɔna na amesiame enumake le xaxaɣiwo mea? Ẽ, ɖe li. Dawid ŋlɔ be: “Yehowa tso amesiwo katã dze anyi la xɔ, eye wòfɔ amesiwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu.”—Psalmo 145:14.

11. Nɔnɔme sesẽ kawoe dzɔna ɖe Mawu subɔla nuteƒewɔlawo dzi, eye kpekpeɖeŋu kae li na wo?

11 Nɔnɔme sesẽwo kple nya vɔ̃ geɖewo dzɔna ɖe Yehowa Mawu subɔla nuteƒewɔlawo dzi le woa ŋutɔwo ƒe blibomademade ta kple esi wole xexe si le Satana, “vɔ̃ɖitɔ la” ƒe ŋusẽ te me ta. (Yohanes I, 5:19; Psalmo 34:20) Wotia Kristotɔwo yome. Wo dometɔ aɖewo kpea fu le dɔmavɔleameŋu aɖe si dze wo dzi alo ƒometɔ aɖe ƒe ku ta. Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo ƒe vodadawo ate ŋu ana dziɖeleameƒo ‘nate wo ɖe anyi.’ Gake Yehowa nɔa klalo ɣesiaɣi be yeana akɔfafa kple gbɔgbɔmeŋusẽdodo wo dometɔ ɖesiaɖe le tetekpɔ ɖesiaɖe si tu wo la me. Fia Yesu Kristo hã tsɔa ɖe le eme na etevi nuteƒewɔlawo vevie nenema ke.—Psalmo 72:12-14.

 Nuɖuɖu Nana le Ɣeyiɣi Nyui Dzi

12, 13. Aleke Yehowa kpɔa “nu gbagbewo katã” ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woe?

12 Le nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si le Yehowa si ta la, ekpɔa esubɔlawo katã ƒe nuhiahiã ɖesiaɖe gbɔ na wo. Esiawo dometɔ ɖekae nye nuɖuɖu dami si wònaa wo. Fia Dawid ŋlɔ be: “Ŋkuwo katã le asiwò [Yehowa] nu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo ɖe enaɣi; èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.” (Psalmo 145:15, 16) Le xaxaɣiwo gɔ̃ hã me la, Yehowa ate ŋu atrɔ asi le nɔnɔmewo ŋu ale be esubɔla nuteƒewɔla ƒe asi naka ‘gbesiagbebolo.’—Luka 11:3; 12:29, 30.

13 Dawid gblɔ be “nu gbagbewo katã” ɖia ƒo. Esia lɔ lãwo hã ɖe eme. Ne menye anyigba dzi gbemumu gbogbowo kpakple atsiaƒu me numiemiewo o la, nu gbagbe siwo nɔa tsi me, xewo, kple anyigba dzi lãwo makpɔ ya agbɔ alo akpɔ nu aɖu o. (Psalmo 104:14) Ke hã, Yehowa kpɔa wo katã ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.

14, 15. Aleke wole gbɔgbɔmenuɖuɖu nam egbea?

14 To vovo na lãwo la, mawusubɔsubɔ ƒe didi le amegbetɔwo ya me. (Mateo 5:3) Aleke gbegbee Yehowa kpɔa esubɔla nuteƒewɔlawo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na wo wòwɔa nuku enye esi! Hafi Yesu naku la, edo ŋugbe be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ana ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu’ ye yomedzelawo “le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mateo 24:45) Amesiamina 144,000 dometɔ mamlɛawoe nye dɔlaa ƒe ha la me tɔwo egbea. Yehowa to wo dzi na gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbowo egbea vavã.

15 Le kpɔɖeŋu me, Biblia yeye si gɔme woɖe wòde pɛpɛpɛ la le Yehowa ƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ si le woawo ŋutɔ degbe me egbea. Yayra wɔnuku kae nye esi New World Translation of the Holy Scriptures Biblia la nye egbea! Gawu la, woyia edzi ta Biblia srɔ̃gbalẽ miliɔn gbogbowo le gbegbɔgblɔ 300 kple edzivɔ me. Gbɔgbɔmenuɖuɖu siawo katã nye yayra na tadeagula vavãwo le xexeame godoo. Amekae wòle be woatsɔ nusiawo katã ŋuti kafukafu ana? Yehowa Mawue. Eƒe dɔmenyonyo sɔgbɔ lae na wònɔ bɔbɔe na dɔla ƒe ha la be wòana ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi.’ Ðoɖo mawo dzie wotona tsɔa “nu gbagbe” siwo katã le egbegbe gbɔgbɔmeparadisoa  me “ƒe nudidi” ɖia ƒo na woe. Eye aleke gbegbee Yehowa subɔlawo tsɔa dzidzɔ kpɔa mɔ na ɣeyiɣi si woatrɔ anyigba sia wòazu paradiso ŋutɔŋutɔ enye esi!—Luka 23:42, 43.

16, 17. (a) Kpɔɖeŋu kawoe li si fia be gbɔgbɔmenuɖuɖu vana ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi? (b) Aleke Psalmo 145 gblɔ alesi Mawu subɔla nuteƒewɔlawo sena le wo ɖokui me le nya vevi si Satana fɔ ɖe te la ŋui?

16 Bu alesi wona gbɔgbɔmenuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ŋu kpɔ ko. Le ƒe 1939 me la, Xexemeʋã II dze egɔme le Europa. Le ƒe ma ke me la, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe November 1 ƒe tata me nyati aɖe ƒe tanyae nye “Akpaɖekedzimademade.” Numeɖeɖe si wona wo me kɔ keŋ na be Yehowa Ðasefo siwo nɔ xexeame godoo la kpɔ nusitae wòle be woagade akpa aɖeke dzi le dukɔwo ƒe aʋawɔnyawo me o la dze sii. Esia na dziɖuɖu siwo nɔ akpa evea siaa do dziku ɖe wo ŋu le aʋawɔɣi si xɔ ƒe ade la me. Gake togbɔ be woɖo asi Mawu subɔla nuteƒewɔla ƒe dɔwo dzi eye woti wo yome hã la, woyi gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia dzi. Tso ƒe 1939 va ɖo 1946 la, wotsɔ dzidziɖedzi wɔnuku si nye 157 le alafa me yra woe. Gawu la, woƒe nuteƒewɔwɔ vevie le akpaɖekedzimademade le aʋawɔɣia me yi edzi le kpekpem ɖe amewo ŋu be woade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ la.—Yesaya 2:2-4.

17 Gbɔgbɔmenuɖuɖu si Yehowa nana mevana ɖe ɣeyiɣi dzi ɖeɖeko o ke wonaa dzidzeme ame hã. Le ɣeyiɣi si me dukɔwo ƒo wo ɖokui ɖe aʋawɔwɔ me vĩ le Xexemeʋa II wɔɣi la, wokpe ɖe Yehowa ƒe amewo ya ŋu be woƒe susu nanɔ nu bubu si le vevie sasasã wu woawo ŋutɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu. Yehowa kpe ɖe wo ŋu wose egɔme be xexeame katã ƒe nya vevi si fɔ ɖe te la ku ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze ŋu. Aleke gbegbee Yehowa Ðasefowo ƒe dzi dzea emee nye esi be woade dzesii be yewo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nuteƒewɔwɔ wɔa akpa aɖe le Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli me eye wòɖoa kpe edzi be Abosam nye aʋatsokala! (Lododowo 27:11) To vovo na Satana, amesi gblẽ Yehowa kpakple mɔ si nu wòɖua dzi le la ŋu la, Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo ya yia edzi ɖea gbeƒã le gaglãgbe be: “Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me.”—Psalmo 145:17.

18. Gbɔgbɔmenuɖuɖu si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu eye wònaa dzidzeme ame hã ƒe kpɔɖeŋu kae míexɔ nyitsɔ laa?

18 Gbɔgbɔmenuɖuɖu si vana ɖe ɣeyiɣi dzi eye wònaa dzidzeme ame ƒe kpɔɖeŋu bubue nye agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu, si woɖe ɖe go le “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpe alafa nane siwo wowɔ le xexeame godoo le ƒe 2002 kple 2003 me. Agbalẽ sia si “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ŋlɔ eye Yehowa Ðasefowo ta la ƒo nu tso Yehowa Mawu ƒe nɔnɔme wɔnukuwo ŋu tsɔ kpe ɖe esiwo ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 145 lia me ŋu. Agbalẽ nyui sia awɔ akpa vevi aɖe le kpekpeɖeŋu nana Mawu subɔla nuteƒewɔlawo be woagate ɖe eŋu wu me godoo.

Ɣeyiɣi si me Woate Ðe Yehowa Ŋu Wu

19. Ɣeyiɣi vevi kae le aƒe tum, eye aleke míawɔ akpe akɔ kplii?

19 Ɣeyiɣi vevi si woatsɔ akpɔ nya si fɔ ɖe te ku  ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu gbɔ la le aƒe tum. Abe alesi wogblɔe ɖi le Xezekiel ta 38 me ene la, Satana awu akpa si wòawɔ abe ‘Gog si tso Magog’ ene la nu kpuie. Esia alɔ Yehowa ƒe ame siwo le xexeame katã la dzidzedze ɖe eme. Anye agbagba ɖesiaɖe si Satana adze be yeagblẽ Mawu subɔla nuteƒewɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ me. Ahiã ɣemaɣi wu be Yehowa ƒe tadeagulawo nayɔ eyama veviedodotɔe, eye woatsɔ ɣli gɔ̃ hã abia eƒe kpekpeɖeŋu. Ðe woƒe Mawu vɔvɔ̃ bubutɔe kple alesi wolɔ̃nɛ la azu dzodzroa? Gbeɖe elabena Psalmo 145 gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa amesiwo katã vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo. Yehowa kpɔa amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã.”—Psalmo 145:18-20.

20. Aleke Psalmo 145:18-20 me nyawo ava emee le etsɔme?

20 Aleke gbegbee wòanye dzidzɔ be woakpɔ alesi Yehowa mele adzɔge tso mía gbɔ o kple be woakpɔ eƒe ameɖeŋusẽ teƒe esime wòaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa enye esi! Nyateƒee wònye be le ɣeyiɣi vevi ma, si tu aƒe vɔ me la, “amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me” koe Yehowa aɖo toe. Kakaɖedzitɔe la, maɖo to alakpanuwɔlawo ya o. Mawu ƒe Nya la na wòdze ƒã be ame vɔ̃ɖiwo ƒe Mawu yɔyɔ le ɣeyiɣi mamlɛtɔ dzi zua dzodzro ɣesiaɣi.—Lododowo 1:28, 29; Mixa 3:4; Luka 13:24, 25.

21. Aleke Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo ɖenɛ fiana be yewokpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe ŋkɔ zazã ŋui?

21 Fifiae nye ɣeyiɣi si wole be amesiwo vɔ̃a Yehowa ‘nayɔe le nyateƒe me’ wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Edzɔa dzi na esubɔla nuteƒewɔlawo be woazã eƒe ŋkɔ le gbedodoɖa me kpakple le woƒe nyaŋuɖoɖowo me le woƒe kpekpewo me. Wozãa Mawu ƒe ŋkɔ le woa ŋutɔwo ƒe dzeɖoɖowo me. Eye woɖea gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ dzinɔameƒotɔe le woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me.—Romatɔwo 10:10, 13-15.

22. Nukatae wòle vevie be míayi edzi atsri xexeame ƒe nɔnɔmewo kple nudidiwo?

22 Be míayi edzi anɔ vi ɖem tso ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple Yehowa Mawu dome la, ele vevie be míayi edzi anɔ avu wɔm kple nusiwo nyea kplamatsedonu na esubɔsubɔ, siwo dometɔ aɖewo nye ŋutilãmenudidi vivivo, modzakaɖeɖe gbegblẽwo, gbegbe be woatsɔ vodadawo ake, alo ɖekematsɔleme na hiãtɔwo. (Yohanes I, 2:15-17; 3:15-17) Ne womeɖɔ nu mawo yomenɔnɔ kple nɔnɔme siawo ɖo o la, woate ŋu ana woawɔ nuvɔ̃ gã si ana Yehowa magakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu o mlɔeba. (Yohanes I, 2:1, 2; 3:6) Enye nusi me nunya le be woaɖo ŋku edzi be Yehowa ayi edzi aɖe amenuveve alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ afia mí ne míenya kpɔtɔ le nuteƒe wɔm nɛ ko.—Samuel II, 22:26.

23. Etsɔme nyui kae le ŋgɔ gbɔna na Mawu subɔla nuteƒewɔlawo katãa?

23 Ekema mina míaƒe susu nanɔ etsɔme nyui si le ŋgɔ gbɔna na mí Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo katã ŋu. Esia wɔwɔ ana mɔnukpɔkpɔ wɔnuku nasu mía si le etsɔme be míanɔ amesiwo akpɔ dzidzɔ, ado Yehowa ɖe dzi, ahakafui “gbesiagbe” yi ɖe ‘mavɔ’ me la dome. (Psalmo 145:1, 2) Eyata neva eme be ‘míadzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na agbe mavɔ.’ (Yuda 20, 21) Esi míeyi edzi le vi ɖem tso mía Fofo si le dziƒo ƒe nɔnɔme wɔnuku, siwo dometɔ aɖewoe nye amenuveve gã si wòɖena fiana amesiwo lɔnɛ la, neva eme be míaƒe seselelãme nasɔ ɣesiaɣi kple esiwo Dawid ɖe fia le nya siwo le Psalmo 145 ƒe nuwuwu: “Nye nu negblɔ Yehowa ƒe kafukafu, eye ŋutilãwo katã nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ɖaa tegbee.”

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke Psalmo 145 nana wodea dzesi Mawu subɔla nuteƒewɔlawoe?

• Aleke Yehowa ‘kpɔa nu gbagbewo katã ƒe nudidiwo gbɔ’ na woe?

• Nukatae wole be míate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mawu subɔla nuteƒewɔlawo kpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo me dzodzro ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Yehowa subɔlawo tsɔa dzinɔameƒo kpena ɖe dzimaxɔsetɔwo ŋu wosrɔ̃a nu tsoa eƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Yehowa naa nuɖuɖu “nu gbagbewo katã”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Lãwo: Parque de la Naturaleza de Cabárceno

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Yehowa naa ŋusẽ kple mɔfiafia esubɔla nuteƒewɔla siwo biaa eƒe kpekpeɖeŋu le gbedodoɖa me