Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Gãnyenye Me Dzodzro Meli o

Yehowa Ƒe Gãnyenye Me Dzodzro Meli o

 Yehowa Ƒe Gãnyenye Me Dzodzro Meli o

“Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, eƒe gãnyenye me dzodzro meli o.”​—PSALMO 145:3.

1, 2. Ameka ƒomevie nye Dawid, eye alekee wòbu eɖokui le Mawu ŋkume?

PSALMO 145 lia ŋlɔla nye blematɔ siwo wonya nyuie dometɔ ɖeka. Esime wònye ɖevi la, ewɔ avu kple aʋawɔla kalẽtɔ aɖe eye wòwui. Eye esi hakpala sia nye aʋafia ta la, eɖu futɔ gbogbowo dzi. Eŋkɔe nye Dawid, eye eyae nye blema Israel-fia evelia. Dawid ƒe ŋkɔxɔxɔ gakpɔtɔ nɔ anyi le eƒe ku megbe, eyatae egbea gɔ̃ hã la, ame miliɔn nanewo nya nane tso eŋu.

2 Togbɔ be Dawid te ŋu wɔ nu geɖewo hã la, ebɔbɔ eɖokui. Edzi ha le Yehowa ŋu be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nuka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?” (Psalmo 8:4, 5) Le esi Dawid nabu eɖokui gãe teƒe la, etsɔ eƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso eƒe futɔwo katã si me ŋuti kafukafu na Yehowa eye wògblɔ le Mawu ŋu be: “Etsɔ wò xɔxɔ ƒe akpoxɔnu la nam, eye wò gbesese wɔm mezu gã.” (Samuel II, 22:1, 2, 36) Yehowa bɔbɔa eɖokui alo sea ame ƒe gbe le nublanuikpɔkpɔ na nuvɔ̃wɔlawo me, eye Dawid kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe amenuveve sia ŋu.

‘Makafu Mawu si Nye Fia’

3. (a) Aleke Dawid bu fia si wònye ɖe Israel dzi lae? (b) Didi vevie kae nɔ Dawid me ɖe Yehowa kafukafu ŋu?

3 Togbɔ be Dawid nye fia si Mawu si ami na hã la, ebua Yehowa be eyae nye Fia ŋutɔŋutɔ ɖe Israel dzi. Dawid gblɔ be: “Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi.” (Kronika I, 29:11) Nyateƒee, Dawid dea bubu Mawu ŋu be enye Dziɖula vavã! Edzi ha be: “Nye Mawu, mado wò ɖe dzi, wò fia, eye makafu wò ŋkɔ ɖaa tegbee. Makafu wò gbesiagbe, eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi ɖaa tegbee.” (Psalmo 145:1, 2) Enye Dawid ƒe didi be yeakafu Yehowa Mawu gbesiagbe alo le ŋkekea katã me eye vaseɖe mavɔmavɔ me.

4. Alakpanya kawo ŋue Psalmo 145 klo nu le?

4 Psalmo 145 lia nye kpeɖodzinya sẽŋu si ɖee fia be nya si Satana tsɔ ɖe Mawu ŋu be enye dziɖula ɖokuitɔdila si menaa ablɔɖe eƒe nuwɔwɔwo o la nye aʋatso. (Mose I, 3:1-5) Psalmo sia gaklo nu le alakpa si Satana da be viɖewo tae amesiwo ɖoa to Mawu la wɔnɛ nenema ɖo, ke menye esi wolɔ̃ Mawu tae o la dzi. (Hiob 1:9-11; 2:4, 5) Abe Dawid ene la, Kristotɔ  vavã siwo li egbea ɖoa Abosam ƒe alakpanyawo ŋu. Wodea asixɔxɔ agbe mavɔ si woava nɔ le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋu elabena wodina be yewoakafu Yehowa tegbee. Fifia gɔ̃ hã la, ame miliɔn geɖe dze esia wɔwɔ gɔme xoxo to Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔxɔse kple toɖoɖo Yehowa lɔlɔ̃tɔe me eye wozua eƒe subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔwo.—Romatɔwo 5:8; Yohanes I, 5:3.

5, 6. Mɔnukpɔkpɔ kawoe li be míayra Yehowa ahakafui?

5 Bu mɔnukpɔkpɔ gbogbo siwo le mí Yehowa subɔlawo si be míakafui ahayra eyamae ŋu kpɔ. Míate ŋu awɔ esia le gbedodoɖa me ne nusi míexlẽ le eƒe Nya, Biblia me ʋã míaƒe dzi vevie. Míate ŋu ada akpe nɛ vevie tso dzime ke ahaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ne mɔ si nu Mawu wɔa nu kple eƒe amewo le ʋã mí alo ne eƒe nuwɔwɔ wɔnuku aɖe do dzidzɔ na mí. Míekafua Yehowa Mawu ne míedzro eƒe tameɖoɖowo me kple haxɔsetɔwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me alo le míaƒe dzeɖoɖowo me hã. Le nyateƒe me la, “nu nyui” siwo katã míewɔna be míatsɔ ado Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖe ŋgɔ la kafua Yehowa.—Mateo 5:16.

6 Dɔ nyui mawo tɔgbe siwo wowɔ nyitsɔ laa ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye tadeaguƒe gbogbo siwo Yehowa ƒe amewo tu le dukɔ dahewo me. Haxɔsetɔ siwo le dukɔ bubuwo me ƒe gakpekpeɖeŋue na wote ŋu wɔ dɔ siawo dometɔ geɖe. Kristotɔ bubu aɖewo na kpekpeɖeŋu to alesi wolɔ̃ faa zɔ mɔ yi teƒeawo be woate ŋu akpɔ gome le Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me. Eye dɔ vevi nyuitɔ kekeakee nye be woakafu Yehowa to gbeƒãɖeɖe eƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me. (Mateo 24:14) Abe alesi kpukpui mamlɛ siwo wu Psalmo 145 nu ɖee fia ene la, Dawid kpɔ ŋudzedze helɔ̃ ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi eye wòdo Eƒe fianyenye ɖe dzi. (Psalmo 145:11, 12) Ðe nèɖea ŋudzedzekpɔkpɔ ma tɔgbe fiana ɖe alesi Mawu ɖua dzi lɔlɔ̃tɔe la ŋua? Eye ɖe nèƒoa nu tso eƒe Fiaɖuƒea ŋu edziedzi na amewoa?

Mawu ƒe Gãnyenye Ŋuti Kpɔɖeŋuwo

7. Gblɔ susu vevi si tae wòle be woakafu Yehowa.

7 Psalmo 145:3 gblɔ susu vevi si tae wòle be woakafu Yehowa. Dawid dzi ha be: “Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, eƒe gãnyenye me dzodzro meli o.” Seɖoƒe mele Yehowa ƒe gãnyenye ŋu o. Amegbetɔwo mate ŋu adzro eme tsitotsito, ase egɔme, alo adzidzee o. Ke hã, Yehowa ƒe gãnyenye si seɖoƒe meli na o ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me dzodzro fifia aɖe vi na mí godoo.

8. Nukae xexeame godoo ɖe fia le Yehowa ƒe gãnyenye kple ŋusẽ ŋu?

8 Dze agbagba nàɖo ŋku zã si me nèkpɔ dziŋgɔli si me kɔ tseŋtseŋ la dzi. Ðe ɣletivi gbogbo siwo nɔ dzedzem le yame le vivitia me mewɔ nuku na wò oa? Ðe meʋã wò nèkafu Yehowa ɖe gãnyenye si le esi be wòwɔ dziƒonu mawo katã ta oa? Gake nusiwo nèkpɔ la nye ɣletivi siwo le ɣletivihatsotso si me míaƒe anyigbaa le la dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wobu akɔnta be ɣletivihatsotso biliɔn alafa ɖeka kple edzivɔe li, eye wo dometɔ etɔ̃ koe woate ŋu akpɔ bɔbɔe didiƒekpɔmɔ̃ mazãmazãe. Nyateƒee, ɣletivi kple ɣletivihatsotso manyaxlẽ gbogbo siwo ƒo ƒu wɔ xexeame godoo la ɖo kpe Yehowa ƒe nuwɔŋusẽ kple gãnyenye manyagblɔ la dzi.—Yesaya 40:26.

9, 10. (a) Yehowa ƒe gãnyenye ƒe akpa kawoe dze le Yesu Kristo gome? (b) Aleke wòle be Yesu ƒe tsitretsitsia nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe xɔse dzii?

9 De ŋugble le Yehowa ƒe gãnyenye ƒe akpa bubu aɖewo—esiwo ku ɖe Yesu Kristo ŋu kpɔ ko. Mawu ƒe gãnyenye dze le eƒe Vi la wɔwɔ me kple alesi wòzãe le ƒe gbogbo manyaxlẽ siwo me wònye Eƒe “dɔnunɔla” me. (Lododowo 8:22-31) Yehowa gaɖe eƒe lɔlɔ̃ gã la fia esime wòtsɔ eƒe Tenuvia na tafevɔsae ɖe ameƒomea ta. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16; Yohanes I, 2:1, 2) Eye ŋutikɔkɔe ŋutilã makumaku si Yehowa do na Yesu esi wòfɔe ɖe tsitre la nye nusi gɔme amegbetɔwo mate ŋu ase bliboe o.—Petro I, 3:18.

10 Yehowa ƒe gãnyenye wɔnukua ƒe akpa wɔdɔɖeamedzi geɖe dze le Yesu ƒe tsitretsitsia  me. Edze ƒã be Mawu gatsɔ nuwɔwɔ siwo wokpɔna kple esiwo womekpɔna o ŋuti nyatakaka siwo nɔ susume na Yesu hafi wòku la de susume nɛ ake. (Kolosetɔwo 1:15, 16) Esiawo dometɔ aɖewoe nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo, xexeame, anyigba wɔnu la, kpakple nu gbagbe ƒomevi vovovo siwo le míaƒe anyigba la dzi. Azɔ hã le nusiwo le dziƒo kple anyigba dzi siwo teƒe Via kpɔ ŋuti sidzedze blibo si nɔ esi do ŋgɔ na eƒe amegbetɔ zuzu tsɔtsɔ ganɛ megbe la, Yehowa gatsɔ nusiwo teƒe Yesu kpɔ le eƒe anyigba dzi nɔnɔ me hã kpe ɖe eŋu. Nyateƒee, Yehowa ƒe gãnyenye wɔnukua dze le Yesu ƒe tsitretsitsia me. Gawu la, nu gã ma nye kpeɖodzi be woate ŋu afɔ ame bubuwo hã ɖe tsitre. Ele be esia nado ŋusẽ míaƒe xɔse be Mawu agbɔ agbe ame miliɔn nane siwo le eƒe susu debliboa me.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 17:31.

Dɔ Wɔnukuwo Kple Ŋusẽdɔwo

11. Dɔ gã ka gɔmee Yehowa dze le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi?

11 Tso esime wofɔ Yesu ɖe tsitre la, Yehowa gayi edzi le dɔ gã wɔnuku gbogbo bubuwo wɔm. (Psalmo 40:6) Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Yehowa ɖo dukɔ aɖe, si nye “Mawu ƒe Israel,” si me tɔwoe nye Kristo ƒe nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na la anyi. (Galatiatɔwo 6:16) Nukutɔe la, gbɔgbɔmedukɔ yeye sia keke ta ɖo xexe si nɔ anyi ɣemaɣi ƒe afisiafi. Togbɔ be xɔsegbegbe si va he Kristodukɔa vɛ le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe nɔ anyi hã la, Yehowa yi edzi wɔ nukudɔ geɖewo be yeatsɔ aɖo kpe yeƒe tameɖoɖowo me vava dzii.

12. Nuka dzie alesi wote ŋu ɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ vevi siwo katã le anyigba dzi me egbea la ɖoa kpee?

12 Le kpɔɖeŋu me, wokpɔ Biblia bliboa ta eye emegbe wova ɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ vevi siwo katã le anyigba dzi egbea me. Enuenu la, woɖea Biblia gɔme le nɔnɔme sesẽwo me kple le ɣeyiɣi si me Satana ƒe dɔtsɔlawo tsɔa ku doa ŋɔdzi na amee la me. Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, Biblia gɔmeɖeɖe ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,000 me mate ŋu akpɔ dzidzedze ne menye Mawu, Yehowa si ƒe gãnyenye wɔ nuku ƒe lɔlɔ̃nue wònye o!

13. Tso ƒe 1914 me la, aleke Yehowa ɖe eƒe gãnyenye fia le eƒe Fiaɖuƒea ƒe tameɖoɖowo gome?

13 Yehowa ƒe gãnyenye dze le eƒe tameɖoɖo siwo ku ɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, eɖo Via, Yesu Kristo zi dzi le ƒe 1914 me, wòzu Fia si le dziƒo. Le ema megbe kpuie la, Yesu tso ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. Wonya wo ɖa tso dziƒo wova tsi anyigba ƒe nutowo me, afisi wole lalam le be woatsɔ yewo aƒu gbe ɖe aʋli me. (Nyaɖeɖefia 12:9-12; 20:1-3) Tso ɣemaɣi ke la, Yesu yomedzela amesiaminawo to yometiti geɖe me. Gake Yehowa lé wo ɖe te le Kristo ƒe anyinɔɣi makpɔmakpɔ sia me.—Mateo 24:3; Nyaɖeɖefia 12:17.

14. Dɔ wɔnuku kae Yehowa wɔ le ƒe 1919 me, eye nukae do tso esia eme?

14 Le ƒe 1919 me la, Yehowa gawɔ dɔ wɔnuku bubu aɖe si ɖe eƒe gãnyenye fia. Wogbugbɔ ɖo Yesu yomedzela amesiamina, siwo wode gbɔgbɔ me dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme me la te. (Nyaɖeɖefia 11:3-11) Tso ƒe siwo kplɔe ɖo me la, amesiaminawo le gbeƒã ɖem Dziƒofiaɖuƒe si woɖo anyi ŋuti nyanyuia dzonɔamemetɔe. Woƒo  amesiamina mamlɛawo nu ƒu be woƒe xexlẽme si nye 144,000 la nade keŋkeŋ. (Nyaɖeɖefia 14:1-3) Eye to Kristo yomedzela amesiaminawo dzi la, Yehowa le “anyigba yeye,” si nye amegbetɔƒome dzɔdzɔe la ɖom anyi. (Nyaɖeɖefia 21:1) Gake nukae adzɔ ɖe “anyigba yeye” la dzi esi amesiamina wɔnuteƒewo katã gbɔna dziƒo yi ge?

15. Dɔ kae Kristotɔ amesiaminawo le ŋgɔ xɔm na, eye nukae do tso eme?

15 Le ƒe 1935 me la, nyati vevi aɖewo dze le magazine sia ƒe Eŋlisigbe me tata si nye August 1 kple August 15 me siwo dzro “ameha gã,” siwo woyɔ le Nyaɖeɖefia ta 7 me la me. Kristotɔ amesiaminawo tsɔ veviedodonu dze hatitadeagula siawo didi gɔme le dukɔ sia dukɔ, to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me be woava de ha kple yewo. “Ameha gã” sia atsi agbe le “xaxa gã” si gogo la me, eye woƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe mavɔ le Paradiso me eye woanye “anyigba yeye” la me tɔwo tegbee. (Nyaɖeɖefia 7:9-14) Le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si Kristotɔ amesiaminawo le ŋgɔ xɔm na ta la, agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ va su ame siwo wu miliɔn ade si fifia. Amekae wòle be woatsɔ dɔ mawo ƒe dzidziɖedzi ŋuti kafukafu ana le ɣeyiɣi si me Satana kple eƒe xexe gblẽku sia le tsitretsiɖeŋu hem vɛ la me? (Yohanes I, 5:19) Yehowa ɖeka koe ate ŋu awɔ esiawo katã to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi.—Yesaya 60:22; Zaxarya 4:6.

Yehowa ƒe Ŋutikɔkɔe ƒe Atsyɔ̃ Kple Bubu

16. Nukatae amegbetɔwo mate ŋu akpɔ ‘Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃ kple bubu’ ŋutɔŋutɔ o?

16 Aleke kee Yehowa ƒe ‘dɔ wɔnukuwo’ kple ‘ŋusẽdɔwo’ ɖale o, womaŋlɔ wo be gbeɖe o. Dawid ŋlɔ be: “Woakafu wò dɔwɔwɔwo tso dzidzime yi dzidzime, eye woaɖe gbe ƒã wò nutsuwɔwɔwo. Made ŋugble le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyoawo kple wò nukunuwɔwɔwo ŋu. Wò nuwɔwɔ dziŋɔwo ƒe ŋusẽ ŋu woaƒo nu le; maxlẽ nya afia le wò nutsuwɔwɔwo ŋu.” (Psalmo 145:4-6) Ke hã, ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃ si le Yehowa ŋu ƒe agbɔsɔsɔ kae Dawid ate ŋu anya esi ‘Mawu nye Gbɔgbɔ,’ eye amegbetɔwo mate ŋu akpɔe kple ŋku o?—Yohanes 1:18; 4:24.

17, 18. Aleke Dawid wɔ te ŋu tu ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖeɖe fia ɖe ‘Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃ kple bubu’ ŋu ɖo?

17 Togbɔ be Dawid mate ŋu akpɔ Mawu ŋutɔŋutɔ o hã la, mɔ vovovowo li si dzi wòate ŋu ato  adzi eƒe bubudede Yehowa ŋu ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu axlẽ Ŋɔŋlɔawo me ŋutinya si ku ɖe Mawu ƒe ŋusẽdɔwo ŋu, abe tsiɖɔɖɔ tsɔtsɔ tsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi aɖe ene. Anɔ eme be Dawid srɔ̃ nu tso alesi Mawu ɖi gbɔ Egipte alakpamawuwo esime woɖe Israel-viwo tso Egiptetɔwo ƒe kluvinyenye me ŋu. Nudzɔdzɔ mawo ɖoa kpe Yehowa ƒe bubu kple gãnyenye dzi.

18 Edze ƒã be menye Ŋɔŋlɔawo xexlẽ ɖeɖekoe na Dawid tu ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖeɖe fia ɖe Mawu ƒe ganyenye ŋu ɖo o, ke ŋugbledede le wo ŋu hãe. Le kpɔɖeŋu me, anɔ eme be ede ŋugble le nusi dzɔ esime Yehowa tsɔ Sea na Israel-viwo ŋu. Dzi ɖe gbe, dzi ke dzo, alilikpowo bla kɔtɔɔ, eye wonɔ lãdzowo kum sesĩe. Sinai-toa ʋuʋu eye dzudzɔ tu. Israel-vi siwo ƒo ƒu ɖe toa gɔme se ‘Nya alo Se Ewoawo’ le dzo bibi kple alilikpododo la me esime Yehowa nɔ nu ƒom to mawudɔla si nɔ eteƒe la dzi. (Mose V, 4:32-36; 5:22-24; 10:4; Mose II, 19:16-20; Dɔwɔwɔwo 7:38, 53) Yehowa ƒe gãnyenye ɖeɖe fia kae nye esi! ‘Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃ kple bubu’ aʋã amesiwo lɔ̃a Mawu ƒe Nya la hedea ŋugble le nudzɔdzɔ siawo ŋu la godoo. Nyateƒee, egbea la Biblia blibo la katã si me ŋutikɔkɔe ŋutega wɔdɔɖeamedzi siwo ku ɖe Yehowa ƒe gãnyenye ŋu le la le mía si.—Xezekiel 1:26-28; Daniel 7:9, 10; Nyaɖeɖefia ta 4.

19. Nukawoe ana alesi míekpɔa ŋudzedze ɖe bubu si le Yehowa ŋu nade to ɖe edzi?

19 Anɔ eme be se siwo Mawu de na Israel-viwo sɔsrɔ̃e nye mɔ bubu si na bubu si le Mawu ŋu wɔ dɔ ɖe Dawid dzi le. (Mose V, 17:18-20; Psalmo 19:8-12) Toɖoɖo Yehowa ƒe sewoe na bubu nɔ Israel-viwo ŋu eye wòna woto vovo tso dukɔ bubu me tɔwo gbɔ. (Mose V, 4:6-8) Abe alesi wònɔ le Dawid gome ene la, Ŋɔŋlɔawo xexlẽ edziedzi, ŋugbledede vevie le wo ŋu, kpakple wo sɔsrɔ̃ veviedodotɔe ana alesi míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe bubu ŋu nadzi ɖe edzi.

Yehowa ƒe Nɔnɔme Nyuiwo De Ŋgɔ Loo!

20, 21. (a) Yehowa ƒe gãnyenye ŋuti nɔnɔme kawoe Psalmo 145:7-9 kafu? (b) Ŋusẽ kae Mawu ƒe nɔnɔme siwo woyɔ le afisia kpɔna ɖe amesiwo katã lɔ̃nɛ la dzi?

20 Abe alesi míekpɔe ene la, Psalmo 145 ƒe kpukpui ade gbãtɔawo gblɔ susu vevi siwo tae wòle be woakafu Yehowa ɖe eƒe gãnyenye si me manya dzro tsitotsito o ta. Kpukpui 7 vaseɖe 9 kafu Mawu ƒe gãnyenye to alesi wòƒo nu tso eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋui me. Dawid dzi ha be: “Woaɖe wò nyuiwɔwɔ gãwo ƒe ŋkuɖoɖodzi afia, eye woatso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti. Amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, medoa dziku kabakaba o, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ. Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.”

21 Le afisia la, Dawid ƒo nu tso Yehowa ƒe dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye—siwo nye nɔnɔme siwo Satana Abosam tɔ gbee la ŋu gbã. Ŋusẽ kae nɔnɔme mawo kpɔna ɖe amesiwo katã lɔ̃a Mawu eye wobɔbɔna ɖe eƒe dziɖulanyenye te la dzii? Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ si dzi Yehowa tona ɖua dzi lae nana esubɔlawo kpɔa dzidzɔ ale gbegbe be womate ŋu adzudzɔ ekafukafu gbeɖe o. Gawu la, Yehowa nyoa dɔme na “amewo katã.” Míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be esia akpe ɖe ame geɖe bubuwo ŋu be woatrɔ dzime eye woava zu Mawu vavã la subɔlawo hafi wòatsi megbe.—Dɔwɔwɔwo 14:15-17.

22. Aleke Yehowa wɔa nu ɖe esubɔlawo ŋui?

 22 Dawid gade asixɔxɔ nɔnɔme siwo ŋu Mawu ŋutɔ ƒo nu le esime “[Wòto Mose ŋuti] yi heɖe gbe ƒã bena: Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ” hã ŋu. (Mose II, 34:6) Eyatae Dawid te ŋu gblɔ be: “Amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, medoa dziku kabakaba o, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ.” Togbɔ be Yehowa ƒe gãnyenye me dzodzro tsitotsito meli o hã la, edea bubu esubɔla amegbetɔwo ŋu to alesi wòwɔa nu ɖe wo ŋu tufafatɔe me. Ekpɔa nublanui na ame geɖe ŋutɔ eye wòlɔ̃na faa be yeatsɔ nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo ƒe nuvɔ̃wo ake wo to Yesu ƒe tafevɔsa dzi. Yehowa gbɔa dzi blewu hã, elabena enaa mɔnukpɔkpɔ esubɔlawo be woaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo ate ŋu anye mɔxenu na wo be woagage ɖe nuɖoanyi yeyea me o la dzi.—Petro II, 3:9, 13, 14.

23. Nɔnɔme xɔasi ka ŋue míade ŋugble le le nyati si gbɔna me?

23 Dawid kafu Mawu ƒe amenuveve alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃. Le nyateƒe me, Psalmo 145 ƒe akpa mamlɛa ƒo nu tso alesi Yehowa ɖea nɔnɔme sia fiana kple alesi esubɔla wɔnuteƒewo wɔa nu ɖe amenuveve ŋui la ŋu. Míadzro nya sia me le nyati si gbɔna me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Mɔnukpɔkpɔ kawoe li be míakafu Yehowa ‘ŋkekea katãa?’

• Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be Yehowa ƒe gãnyenye me dzodzro meli o?

• Aleke míawɔ atu ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖeɖe fia ɖe ŋutikɔkɔe kple bubu si le Yehowa ŋu ɖo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ɣletivihatsotso siwo le xexeame godoo ɖea Yehowa ƒe gãnyenye fiana

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of Anglo-Australian Observatory, photograph by David Malin

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Aleke woɖe Yehowa ƒe gãnyenye fia le Yesu Kristo gomee?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Esi Israel-viwo xɔ Sea le Sinai-toa dzi la, wokpɔ ŋutikɔkɔe kple bubu si le Yehowa ŋu ƒe kpeɖodzi