Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu Menye Amegbetɔ o

Tsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu Menye Amegbetɔ o

 Tsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu Menye Amegbetɔ o

DZƆDZƆENYENYELƆ̃LA siwo le anyigba dzi godoo la srɔ̃ alesi woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu esime wokpe ta nyitsɔ laa le Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe si ƒe tanya enye “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” me. Mina míadzro hehenana ɖoɖowɔɖi si ŋudɔ wowɔ le takpekpe mawo me la me.

Wɔna siwo wotu ɖe Biblia dzi la xɔ ŋkeke etɔ̃ le takpekpe akpa gãtɔ me eye amesiwo te ŋu yi dukɔwo dome takpekpe tɔxɛwo la dee ŋkeke ene. Le ye katã me la, vavalawo se Ŋɔŋlɔawo me numedzodzro siwo wu 30 siwo ƒe ɖewoe nye nuƒo siwo na nyaselawo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu gade to ɖe edzi, nuteƒekpɔkpɔ siwo do ŋusẽ woƒe xɔse, wɔwɔfia siwo he susu yi alesi tututu woazã Biblia me gɔmeɖosewoe dzi, kple drama si me wodo blemawu le, si ɖe gbetɔame siwo ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo do goe fia la. Ne ède takpekpe siawo dometɔ aɖe la, ɖe manyo be nàdzro nuŋlɔɖi siwo nèwɔ la me esime nèle nyati sia xlẽm oa? Míeka ɖe edzi be ana nàgaɖo ŋku gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogboawo dzi eye nàkpɔ nufiame geɖe hã tso wo me.

Ŋkeke Gbãtɔ ƒe Tanya: ‘Yehowa, Wòe Dze be Nàxɔ Ŋutikɔkɔe’

Le hadzidzi kple gbedodoɖa megbe la, nuƒola gbãtɔ do dzaa na vavalawo katã vividodoɖeameŋutɔe kple nuƒo aɖe si te gbe ɖe susu vevi si ta wokpe ta ɖo dzi, si ƒe tanya enye: “Míekpe Ta be Míatsɔ Ŋutikɔkɔe Ana Mawu.” Nuƒolaa yɔ nya tso Nyaɖeɖefia 4:11 tsɔ te gbe ɖe takpekpea ƒe tanya bliboa dzi. Enumake eɖe nusi wòfia be woatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu me. Ezã Psalmowo ƒe agbalẽa tsɔ te gbe ɖe edzi be ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu lɔ ‘tadedeagu,’ ‘akpedada,’ kple ‘kafukafu’ ɖe eme.—Psalmo 95:6; 100:4, 5; 111:1, 2.

Akpa si kplɔe ɖo ƒe tanya enye “Yayratɔwoe Nye Amesiwo Tsɔa Ŋutikɔkɔe Naa Mawu.” Nuƒolaa he susu yi nya dodzidzɔname aɖe dzi. Esi wònye Yehowa Ðasefo siwo wu miliɔn adee le xexeame godoo le dukɔ 234 me ta la, woate ŋu agblɔ be amewo li siwo tsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa zã kple keli. (Nyaɖeɖefia 7:15) Gbebiabia Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu aɖewo siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe wɔm la nye nuƒo sia ƒe akpa si ŋu nyasela geɖe kpɔ dzidzɔ ɖo elabena ede dzo wo me.

Nuƒo si kplɔe ɖoe nye “Nuwɔwɔwo Ðea Gbeƒã Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe.” Togbɔ be ɣe, ɣleti, ɣletivi kple bubuawo nye nu maƒonuwo hã la, woɖea Mawu ƒe gãnyenye fiana hekpena ɖe mía ŋu be míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe beléle  lɔlɔ̃tɔe ŋu nadzi ɖe edzi. Woɖe esia me tsitotsito.—Yesaya 40:26.

Yometiti, tsitretsiɖeŋu, xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo, kple nuvɔ̃ ƒe nudzodzrowo doa Kristotɔ vavãwo ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔna. Eyata nyaselawo ɖo to nuƒo si nye “Zɔ le Fɔmaɖimaɖi Me” la moveviɖoɖotɔe. Nuƒolaa dzro Psalmo 26 lia ƒe kpukpuiawo me ɖekaɖekae hebia gbe Ðasefo sukuvi aɖe si nɔ te sesĩe le agbenyuinɔnɔ me dodokpɔ aɖe me kple ame bubu aɖe si nɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖe zãm ɖe modzakaɖeɖe si mesɔ o ŋu gake wòva wɔ afɔɖeɖe tsɔ kpɔ kuxia gbɔe. Ŋdi ƒe ɖoɖowɔɖia wu enu kple nuƒo tɔxɛ si ƒe tanya enye “Nyagblɔɖi Ŋutega Wɔdɔɖeamedziwo Doa Ŋusẽ Mí!” Nuƒolaa gblɔ nyagblɔɖila Daniel kple apostolo Yohanes kpakple Petro ƒe kpɔɖeŋuwo tsɔ fia be wonye amesiwo ƒe xɔse wotsɔ ŋutikɔkɔe nyagblɔɖi ŋutega siwo ku ɖe Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi kpakple eƒe dɔwɔwɔ ŋu do ŋusẽe. Esi nuƒola nɔ nu ƒom tso amesiwo anya ŋlɔ kpeɖodzi si me kɔ ƒã be nuwuɣia mee míele be ŋu la, egblɔ be: “Míele mɔ kpɔm vevie be amesiawo agatrɔ susu ɖe Kristo ƒe Fiaɖuƒeŋusẽ ŋutikɔkɔe me vava la ŋu eye woana woakpe ɖe wo ŋu woagaɖo gbɔgbɔmelãmesẽ me.”

Ŋdɔ me ƒe wɔnawo dze egɔme kple nuƒo si ƒe tanya enye “Yehowa Ðea Eƒe Ŋutikɔkɔe Fiaa Ðokuibɔbɔlawo.” Nuƒolaa ɖe alesi Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi le ɖokuibɔbɔ me, togbɔ be eyae nye Amesi ɖo kpo ɖe xexeame katã dzi hafi la fia. (Psalmo 18:35) Yehowa vea amesiwo nye ɖokuibɔbɔla vavãwo nu gake etsia tre ɖe amesiwo wɔa nu abe ɖokuibɔbɔlawoe wonye ene ne wole nu wɔm kple wo hatiwo alo amesiwo te wole la gake wɔa ŋlɔmi le amesiwo le wo te la ŋu ŋuti.—Psalmo 138:6.

Emegbe wodzro Biblia ƒe nyagblɔɖi aɖe me le nuƒo kpui siwo te gbe ɖe tanya si nye, “Amos ƒe Nyagblɔɖi—Nufiame si Le Eme na Míaƒe Ŋkekea” dzi la me. Nuƒola gbãtɔ gblɔ Amos ƒe kpɔɖeŋua tsɔ he susu yi agba si le mía dzi be míaxlɔ̃ nu amewo le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋu la dzi. Eƒe nuƒoa ƒe tanya enye “Gblɔ Mawu ƒe Nya la Kple Dzideƒo.” Nuƒola evelia bia be: “Ðe Yehowa ahe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ava nuwuwui le anyigba sia dzi gbaɖegbea?” Tanya si ŋu wòƒo nu le si nye, “Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃ Ame Vɔ̃ɖiwo” ɖee fia be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nɔa dzɔdzɔe ɣesiaɣi, womate ŋu asi le enu o, eye menye amesiame dzie wòvana o. Nuƒo kpui mamlɛtɔ ƒola he susu yi tanya si nye “Yehowa Dzroa Dziwo Me Kpɔna” la dzi. Amesiwo dina vevie be yewoadze Yehowa ŋu la awɔ ɖe nya siwo le Amos 5:15 dzi be: “Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui.”

Woate ŋu awɔ ahamuame abe wein si doa dzidzɔ na dzi ene ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu. Le nuƒo si nye “Ƒo Asa Na Ahatsunono ƒe Mɔ̃ La” me la, nuƒolaa yɔ ŋutilã me kple gbɔgbɔ me fɔku siwo le ahatsunono me, ne amea menoe mu o hã. Egblɔ gɔmeɖose aɖe si afia mɔ ame: Esi wònye ahamuame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi le vovovo le amesiame gome ta la, eƒe agbɔsɔsɔ ɖesiaɖe si akpɔ ŋusẽ ɖe wò ‘nunya vavã kple tamebubu ŋutete’ dzi la sɔ gbɔ akpa na wò.—Lododowo 3:21, 22.

Esi wònye míele ɣeyiɣi sesẽwo me ta la, nuƒo si kplɔe ɖo si nye, “Yehowa, ‘Míaƒe Sitsoƒe le Hiãɣi’” la fa akɔ na nyaselawo. Gbedodoɖa, gbɔgbɔ kɔkɔe, kple hati Kristotɔwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple kuxiwo.

Ŋkekea ƒe nuƒo mamlɛtɔ si nye, “‘Anyigba Nyui La’—Paradiso si Gbɔna ƒe Kpɔɖeŋu Sue Aɖee Wònye” ƒo ŋkekea ta kple nu dodzidzɔname ŋutɔ aɖe—agbalẽ yeye aɖe si me Biblia me anyigbatata geɖewo le! Eƒe tanya enye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða.’

Ŋkeke Evelia ƒe Tanya: ‘Miɖe Gbeƒã Eƒe Ŋutikɔkɔe Fia le Dukɔwo Dome’

Le ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dzodzro vɔ megbe la, woƒo takpekpea ƒe nuƒo kpui evelia si wotu ɖe tanya si nye ‘Na Yehowa ƒe Ŋutikɔkɔe Naklẽ to Dziwò abe Ahuhɔ̃e Ene’ dzi. Akpa gbãtɔ ku ɖe tanya si nye “To Nyanyuia Gbɔgblɔ le Afisiafi Me” ŋu eye wowɔ gbeadzi nuteƒekpɔkpɔ siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ ƒe wɔwɔfiawo le eme. Wowɔ tɔtrɔyi ƒe wɔwɔfia le nuƒo evelia me esime  nuƒolaa ƒo nu tso tanya si nye “To Motsyɔnu Ðeɖe Ða na Amesiwo Wogbã Ŋku na Me” ŋu. Gbebiame dodzidzɔname siwo ku ɖe gbeadzi nuteƒekpɔkpɔwo ŋu nɔ nuƒo kpui mamlɛtɔ si ƒe tanya enye “To Geɖe Wu Wɔwɔ Me le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Me” la me.

Wɔna ƒe akpa si kplɔe ɖo ƒe tanya enye “Wolé Fu Wo Dzodzro.” Gbebiame ʋãme siwo tso nuteƒewɔla siwo te ŋu lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi le tsitretsiɖeŋu me to Mawu ƒe ŋusẽ dzi nɔ nuƒo sia me.

Takpekpewo ƒe akpa si wokpɔa mɔ na vevie enye nyɔnyrɔxɔxɔ nuƒo si yome wonyrɔa amesiwo dze ɖe tsi me bliboe. Nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me nyea dzesi be ame tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe bliboe na Yehowa. Eyata tanyaa sɔ nyuie be: “Agbenɔnɔ Ðe Míaƒe Adzɔgbeɖeɖe Nu Hea Ŋutikɔkɔe Vɛ na Mawu.”

 Ŋdɔ me ƒe wɔna dze egɔme kple nuƒo aɖe si de ɖokui me dzodzro ƒe dzi ƒo, si ƒe tanya enye “Kristo ƒe Nukpɔsusu le Gãnyenye ŋu ƒe Amesinɔnɔ.” Nuƒolaa he nyaselawo ƒe susu yi nya vevi sia dzi: Gãnyenye tsoa Kristo ƒe ɖokuibɔbɔ sɔsrɔ̃ me. Eyata mele be Kristotɔ nadi agbanɔamedzinɔƒe le ame ŋutɔ ƒe ŋkɔxɔxɔ ta o. Ele be wòabia eɖokui be, ‘Ðe melɔ̃ be mawɔ kpekpeɖeŋudɔ si madze woakpɔ enumake oa?’

Ðeɖi te ŋuwò kpɔa? Ŋuɖoɖoa dze ƒã. Amesiame kpɔ ŋudzedze ɖe nuƒo si nye “Ðeɖi Tea Wo Ŋu Gake Womenaa Ta O” ŋu. Gbebiabia ame aɖewo siwo nye Ðasefowo ɣeyiɣi didi aɖee nye sia ɖee fia be Yehowa ate ŋu ‘ado ŋusẽ mí to eƒe gbɔgbɔ la dzi.’—Efesotɔwo 3:16.

Dɔmenyonyo nye nɔnɔme aɖe si womedzi mí kplii o gake wònye nusi wòle be míasrɔ̃. Wote gbe ɖe nya vevi sia dzi le akpa si nye ‘Miʋu Asi Me, Milɔ̃ Nunana Ame’ la me. Eye nuƒolaa bia nya aɖe si na wobua tame be: “Ðe míelɔ̃na faa be míazã miniti ʋɛ aɖewo le ŋkekea me anɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo, dɔnɔwo, blanuilélawo, alo amesiwo tsi akogo gbɔa?”

Nuƒo si nye “Kpɔ Nyuie le ‘Ame Tutɔwo ƒe Gbe’ Ŋu” he nyaselawo ƒe susu ŋutɔ. Nuƒo sia tsɔ Yesu yomedzelawo sɔ kple alẽ siwo ɖoa to eyama si nye “alẽkplɔla nyui la” ƒe gbe ko ke womeɖoa to ‘ame tutɔ’ siwo nye amegbetɔ siwo dzi Abosam kpɔ ŋusẽ ɖo la ‘ƒe gbe’ o.—Yohanes 10:5, 14, 27.

Ele be hadziha ƒe gbe nasɔ hafi woate ŋu ase woƒe haa gɔme. Be tadeagula vavãtɔ siwo le xexeame godoo nate ŋu atsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu la, ele be woawɔ ɖeka. Le esia ta la, nuƒo si nye “‘Mitsɔ Nusɔsɔe’ Kafu Mawui” na mɔfiame nyuiwo le alesi mí katã míate ŋu ado ‘gbegbɔgblɔ dzadzɛ’ la ahatsɔ ‘nusɔsɔe’ asubɔe ŋuti.—Zefanya 3:9.

Dzilawo, vevietɔ esiwo si vi matsimatsiwo le, kpɔ dzidzɔ blibo ɖe ŋkekea ƒe nuƒo mamlɛa si nye, “Mía Viwo—Domenyinu Xɔasie Wonye” ŋu. Woɖe axa 256-gbalẽ yeye aɖe ɖe go, si do dzidzɔ na nyaselawo ŋutɔ. Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ nye agbalẽ si akpe ɖe dzilawo ŋu woazã ɣeyiɣi ɖe gbɔgbɔmenu siwo me viɖe le ŋu ɖe wo vi siwo nye nunana si tso Mawu gbɔ la ŋu.

Ŋkeke Etɔ̃lia ƒe Tanya: ‘Miwɔ Nuwo Katã Hena Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe’

Wotsɔ gbɔgbɔ me ŋkuɖodzinya siwo le ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dze takpekpea ƒe ŋkeke mamlɛtɔ gɔmee. Ŋdi me wɔnawo ƒe akpa gbãtɔ gahe susu yi ƒomewo dzi ake. Nuƒo gbãtɔ si nye “Dzilawo, Mitu Miaƒe Ƒomea Ðo” la dzra nyaselawo ƒe dzi ɖo ɖe nuƒo siwo ava ɖe eyome ŋu. Esi nuƒolaa dzro agbanɔamedzi siwo le dzilawo dzi be woakpɔ woƒe ƒomewo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ me megbe la, eɖee fia be dzilawo  ƒe agbanɔamedzi vevitɔ enye be woakpɔ wo viwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ.

Nuƒola si kplɔe ɖo ƒo nu na ɖeviwo hedzro nyati si nye “Alesi Sɔhɛwo Le Yehowa Kafumee” me. Egblɔ be sɔhɛwo le abe “zãmu” ene elabena wosɔ gbɔ eye dzo si le wo me abe sɔhɛwo ene la faa dzi na ame. Edzɔa dzi na ame tsitsiwo be yewoawɔ dɔ kpli wo le Yehowa subɔsubɔ me. (Psalmo 110:3) Gbebiame dodzidzɔname siwo tso sɔhɛ siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui gbɔ la nɔ akpa sia me.

Biblia me drama siwo me wodo blemawuwo le nyea nutome gã takpekpewo ƒe akpa dodzidzɔname aɖe ɣesiaɣi eye enɔ takpekpe sia hã me. Drama si ƒe tanya enye “Ðaseɖiɖi Dzinɔameƒotɔe Togbɔ Be Wotsi Tre Ðe Mía Ŋu Hã” he susu yi Yesu yomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dzi. Menye modzakaɖenu dzro koe wònye o, ke vevietɔ wu la, nufiame nɔ eme. Nuƒo si kplɔ dramaa ɖo si nye “Ðe Gbeƒã Nyanyuia ‘Madzudzɔmadzudzɔe’” he susu yi drama la me nyati veviwo dzi.

Vavalawo katã nɔ mɔ kpɔm na Kwasiɖagbe ƒe wɔnawo ƒe akpa vevi aɖe si nye dutoƒonuƒo si ƒe tanya enye “Amekawoe Le Ŋutikɔkɔe Tsɔm na Mawu Egbea?” Nuƒolaa gblɔ alesi dzɔdzɔmeŋutinunya kple subɔsubɔhawo metsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o la ŋuti kpeɖodzi sẽŋuwo. Amesiwo ŋu eƒe ŋkɔ le, siwo nye amesiwo ɖea gbeƒã hefiaa nyateƒea tso Yehowa ŋu, koe le ŋutikɔkɔe tsɔm na eƒe ŋkɔa egbea.

Kwasiɖaa me Gbetakpɔxɔ me nusɔsrɔ̃ totoɖemee kplɔ dutoƒonuƒoa ɖo. Emegbe woƒo nuƒo mamlɛa si ƒe tanya enye “‘Miyi Edzi Mianɔ Ku Geɖe Tsem’ Hena Yehowa ƒe Ŋutikɔkɔe.” Nuƒolaa xlẽ tameɖoɖo kplikpaa aɖe si me nyati ewo le tsɔ ɖo nyaselawo katã ŋkume. Tameɖoɖo kplikpaa ku ɖe mɔ vovovo siwo dzi míato atsɔ ŋutikɔkɔe ana Yehowa, Wɔla la ŋu. Wotsɔ nusɔsɔe da asi ɖe edzi gblɔ “Ẽ” le takpekpe siwo katã wowɔ le xexeame godoo la me.

Aleae amesiame ƒe susu nɔ takpekpea ƒe tanya “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” ŋu esime takpekpea wu enui. Eye neva eme be to Yehowa ƒe gbɔgbɔ kple eƒe habɔbɔ si wokpɔna ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, míadi ɣesiaɣi be míatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu ke menye amegbetɔwo o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Dukɔwo Dome Takpekpewo

Wowɔ dukɔwo dome takpekpe siwo xɔ ŋkeke ene la le Afrika, Asia, Australia, Europa, kpakple Dziehe kple Anyiehe Amerika. Wokpe Ðasefowo tso xexeame ƒe akpa vovovowo va takpekpe siawo me. Esia na ‘dzidede ƒo na ame nɔewo’ yi edzi le amedzroawo kple amesiwo gbɔ wodze la dome. (Romatɔwo 1:12) Amesiwo nye xɔlɔ̃wo tsã gado go ake, eye wogadze xɔlɔ̃ yeyewo hã. Akpa tɔxɛ aɖe si nɔ dukɔwo dome takpekpeawo mee nye wɔna si ƒe tanyae nye “Nyatakakawo tso Duta.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Agbalẽ Yeye Siwo Kafua Mawu

Woɖe agbalẽ yeye eve ɖe go le “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Nutome Gã Takpekpeawo me. Akpa sesẽ aɖe le Biblia ƒe anyigbanɔnɔmetatagbalẽ si nye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ la ŋu eye axa 36 siwo me teƒe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ƒe anyigbatatawo kple fotowo dze le la le eme. Asiria, Babilon, Medo-Persia, Hela, kple Roma fiaɖuƒewo ƒe anyigbatata siwo le amadede vovovowo me le axa ɖesiaɖe. Anyigbatata bubu siwo ku ɖe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa kple Kristotɔnyenye ƒe takeke ŋu la dze le eme.

Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ nye axa 256-gbalẽ si me foto siwo ade 230 kloe dze le. Woate ŋu ase vivi le anyinɔnɔ zi geɖe kple ɖeviwo me le fotoawo ɖeɖe dzaa ko kpɔkpɔ me atsɔ aɖo nyabiabia siwo naa wobua tame siwo le agbalẽa me ŋu. Wotrɔ asi le agbalẽ yeye sia ŋu be wòakpe ɖe ɖeviwo ŋu woanɔ te ɖe Satana ƒe amedzidzedze, si ƒe taɖodzinu enye be wòagblẽ woƒe agbenyuinɔnɔ me nu.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Dutanyanyuigblɔlawo gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo do ŋusẽ vavalawo ƒe xɔse

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Nyɔnyrɔxɔxɔ nye akpa vevi aɖe le “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” takpekpeawo me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Ðeviwo kple tsitsiawo siaa kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia me dramawo ŋu