Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameka ƒe Ŋugbedodowo Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?

Ameka ƒe Ŋugbedodowo Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?

 Ameka ƒe Ŋugbedodowo Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?

“EƑE ŋugbedodowo sẽ ŋu abe alesi eya ŋutɔ nɔ ene; gake eƒe nuwɔna mele ɖeke me o abe alesi eya ŋutɔ le fifia ene.”—King Henry the Eighth, si William Shakespeare ŋlɔ.

Ŋugbedodo sẽŋu si Shakespeare wɔnɛ nye esi Englandtɔwo ƒe papatenɔla Thomas Wolsey, amesi ƒo eɖokui ɖe dunyahehe me vevie le England le ƒe alafa 16 lia me do. Ame aɖewo agblɔ be Shakespeare ƒe nuɖɔɖɔa sɔ kple ŋugbedodo siwo yewo sena egbea ƒe akpa gãtɔ. Enuenu la wodoa ŋugbe gbogbo aɖewo na amewo gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko dzie wowɔna ɖo. Eyata míate ŋu ase susu si ta wokea ɖi ŋugbedodo ɖesiaɖe gɔme na wo bɔbɔe.

Amebeble Bɔ

Le kpɔɖeŋu me, le aʋa vɔ̃ɖi si Balkantɔwo wɔ le ƒe 1990 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dedienɔnɔ Ŋuti Ðaŋuɖoha ɖe gbeƒã Bosnia du Srebrenica be enye “dedienɔƒe.” Dukɔ siwo le habɔbɔ ma me bu ŋugbedodo ma abe esi ŋu kakaɖedzi le ene. Moslemtɔ akpe geɖe siwo nye sitsoƒedila siwo nɔ Srebrenica susui alea. Gake mlɔeba la wova kpɔe be dedienɔnɔ ƒe ŋugbedodoa nye dzodzro. (Psalmo 146:3) Le July, 1995 me la ɖeko asrafo amedzidzelawo va nya Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe asrafowo ɖa bɔbɔe hexɔ dua. Wobu mo na Moslemtɔ 6,000 kple edzivɔ, eye wowu Moslemetɔ siwo nye dumevi dzrowo 1,200 ya teti.

Ŋugbedodowo dzi mawɔmawɔ xɔ aƒe ɖe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me. Ame geɖewo sena le wo ɖokui me be woto “boblododo ƒe alakpa kple amefuflu nuwɔna gbogbo” siwo woƒona ɖe yewo nu egbea dzi ba yewo. “Dunyahela akpe geɖewo ƒe ŋugbedodo dzi mawɔmawɔ” na dzi ɖe le wo ƒo. (The New Encyclopædia Britannica, Babla 15, axa 37) Subɔsubɔhakplɔla siwo dzi woka ɖo siwo do ŋugbe be yewoalé be na woƒe alẽhawo la wɔa ŋukpenanu vloetɔ kekeake ɖe wo ŋu. Le agbalẽsɔsrɔ̃ kple atikewɔwɔ me nya—siwo wobuna dɔ siwo koŋ me woɖea nublanuikpɔkpɔ fiana amewo le—me gɔ̃ hã la, ame aɖewo wɔ nu tovo eye woba amesiwo le woƒe dzikpɔkpɔ te alo wu wo gɔ̃ hã. Eyata mewɔ nuku o be Biblia la xlɔ̃ nu mí be míagaxɔ nya sia nya dzi se o!—Lododowo 14:15.

 Ŋugbedodo Siwo Dzi Wowɔna Ðo

Ele eme baa be ame geɖewo wɔna ɖe woƒe nyawo dzi, eye ɣeaɖewoɣi la wotsɔa woƒe nu veviwo saa vɔ ɖe eta. (Psalmo 15:4) Woƒe nyawo nye woƒe atamkaka eye wowɔa edzi. Ame bubuwo hã dina vevie be yewoalé yewoƒe ŋugbedodowo me ɖe asi kple tameɖoɖo nyuitɔ kekeake. Wonɔa klalo be yewoawɔ ɖe yewoƒe ŋugbedodowo dzi gake ɖeko wògloa wo. Nuɖiɖeamewo ate ŋu agblẽ tameɖoɖo nyuitɔ kekeakewo gɔ̃ hã me.—Nyagblɔla 9:11.

Aleke kee wòɖale o, nyateƒea enye be esesẽna ŋutɔ na ame geɖewo be woaxɔ amesiame ƒe ŋugbedodowo dzi ase. Eyata biabia fɔ ɖe te be: Ðe ŋugbedodo aɖewo li siwo dzi míate ŋu aka ɖoa? Ẽ. Míate ŋu aka ɖe ŋugbedodo siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia me la dzi. Ðe manyo be nàdzro nya si nyati si kplɔe ɖo gblɔ ku ɖe nya sia ŋu me oa? Àva ƒo nya ta abe alesi ame miliɔn geɖe ƒo nya tae ene be woate ŋu aka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi nyateƒe.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

AP Photo/Amel Emric