Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Woƒe Numegbe Ði Hoo Le Anyigba Blibo La Katã Dzi”

“Woƒe Numegbe Ði Hoo Le Anyigba Blibo La Katã Dzi”

 “Woƒe Numegbe Ði Hoo Le Anyigba Blibo La Katã Dzi”

‘Miwɔ dukɔwo katã me tɔwo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.’​—MATEO 28:19.

1, 2. (a) Dɔ kae Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo? (b) Nukatae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo te ŋu wɔ dɔ geɖe nenema gbegbe ɖo?

ESI wòsusɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ko ne Yesu nalia ayi dziƒo la, ede dɔ aɖe asi na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ na wo be: ‘Miwɔ dukɔwo katã me tɔwo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.’ (Mateo 28:19) Dɔ gã aɖee nye ema vavã!

2 Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, nusrɔ̃la siwo anɔ 120 xɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si va wo dzi eye wodze dɔ si wode asi na wo wɔwɔ gɔme nɔ gbɔgblɔm na amewo be Yesu enye Mesia si wonɔ mɔ kpɔm na tso gbaɖegbe ke la, amesi dzi woato akpɔ xɔxɔ. (Dɔwɔwɔwo 2:1-36) Aleke ƒuƒoƒo sue sia ate ŋu ava akpe “dukɔwo katã” ɖoe? Le amegbetɔwo gbɔ la, womate ŋu awɔ esia o, ke le “Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.” (Mateo 19:26) Yehowa ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu, eye wokpɔ nuwɔwɔ kpata ƒe vevienyenye dze sii. (Zaxarya 4:6; Timoteo II, 4:2) Eyata le ƒe ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, apostolo Paulo te ŋu gblɔ be wonɔ gbeƒã ɖem nyanyuia na “nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”—Kolosetɔwo 1:23.

3. Nukae vu tsyɔ Kristotɔ akuakua siwo nye “luawo” dzi?

3 Le ƒe alafa gbãtɔ ƒe akpa gãtɔ me la, tadedeagu vavãtɔ yi edzi keke ta. Ke hã, Yesu gblɔ alesi Satana ava do “gbe wuwluiwo” eye woavu atsyɔ Kristotɔ vavã siwo nye “luawo” dzi ƒe alafa geɖe vaseɖe nuŋeɣi ŋu nya ɖi. Le apostoloawo ƒe ku megbe la, nya sia va eme.—Mateo 13:24-39.

Dzidziɖedzi Kabakaba Egbea

4, 5. Dɔ ka wɔwɔ gɔmee Kristotɔ amesiaminawo dze tso ƒe 1919 me, eye nukatae esia nye dɔ gã ŋutɔ dze ŋgɔ wo?

4 Le ƒe 1919 me la, ɣeyiɣia de be woama Kristotɔ akuakua siwo nye luawo ɖa tso gbe wuwluiawo gbɔ. Kristotɔ amesiaminawo nya be Yesu ƒe dɔ gã si wòbia be woawɔ la nu meva yi o. Woxɔe se vevie be yewole “ŋkeke mamlɛawo” me eye wonya Yesu ƒe nyagblɔɖia nyuie be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Timoteo II, 3:1; Mateo 24:14) Ẽ, wonya be dɔ geɖe li woawɔ.

5 Ke hã, abe alesi wònɔ na nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe 33 M.Ŋ. me ene la, dɔ gã aɖe ŋutɔe dze ŋgɔ Kristotɔ amesiaminawo. Wo dometɔ akpe ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi le dukɔ ʋɛ aɖewo ko me. Alekee woate ŋu aɖe gbeƒã nyanyuia “le xexe blibo la katã me?” Ðo ŋku edzi be amewo ƒe xexlẽme le anyigba dzi dzi ɖe edzi tso miliɔn 300 lɔƒo le Kaisarowo ŋɔli va ɖo biliɔn 2 kloe le  xexemeʋa gbãtɔ megbe. Eye ayi edzi adzi ɖe edzi kabakaba le ƒe alafa 20 lia ma me.

6. Ŋgɔyiyi kae wowɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me le ƒe 1930-awo me?

6 Ke hã, abe alesi ƒe alafa gbãtɔ me nɔviwo wɔe ene la, Yehowa subɔla amesiaminawo tsɔ Yehowa dzixɔse blibo dze dɔa wɔwɔ gɔme, eye eƒe gbɔgbɔ nɔ kpli wo. Kaka ƒe 1930–awo ƒe domedome naɖo la, nyanyuigblɔla 56,000 ɖe gbeƒã Biblia me nyateƒea le dukɔ 115 me. Dɔ gbogbo aɖee nye ma wowɔ, gake dɔ geɖe gali woawɔ.

7. (a) Dɔ gã yeye kae dze ŋgɔ Kristotɔ amesiaminawo? (b) Esi ‘alẽ bubuawo’ va kpe ɖe wo ŋu la afikae wowɔ nuƒoƒoƒudɔa va ɖoe fifia?

7 Emegbe “ameha gã” si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 7:9 ŋuti gɔmesese deto na Kristotɔ veviedonulawo gakpɔ dɔ gã yeye si le wo ŋgɔ, si ganye ŋugbedodo be amesiawo ava do alɔ wo la dze sii. Ele be woaƒo xɔsetɔ ‘alẽ bubuawo,’ siwo mele xexlẽme o, siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la nu ƒu “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Yohanes 10:16) Amesiawo ‘asubɔ Yehowa zã kple keli.’ (Nyaɖeɖefia 7:15) Ema fia be woakpe asi ɖe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa ŋu. (Yesaya 61:5) Le esia ta dzi dzɔ Kristotɔ amesiaminawo be nyanyuigblɔlawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso akpe nanewo va zu miliɔn nanewo emegbe. Le ƒe 2003 me la, ame agbɔsɔsɔ yeye si nye 6,429,351 ye kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me—wo dometɔ akpa gãtɔ nye ameha gã la me tɔwo. * Dzi dzɔa Kristotɔ amesiaminawo ɖe kpekpeɖeŋu sia ta, eye dzi dzɔa alẽ bubuawo ɖe mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woakpe ɖe wo nɔvi amesiaminawo ŋu la ta.—Mateo 25:34-40.

8. Alekee Yehowa Ðasefowo wɔ nui le ame teteɖeanyi si me woto me le xexemeʋa evelia ŋɔli?

8 Esi luawo ƒe ha la gadze ake la, Satana ho aʋa sesẽ aɖe ɖe wo ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:17) Alekee wòwɔ nui esime ameha gã la te dzedze? Ewɔ nu le ŋutasesẽ vɔ̃ɖi me! Ðe míake ɖi be menye eyae nɔ megbe na tadedeagu dzadzɛ dzidzedze le xexeame katã le xexemeʋa evelia me o? Kristotɔwo to ameteteɖeanyi geɖe me le aʋawɔla akpa eveawo katã gbɔ. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo kpe dodokpɔ vɔ̃ɖiwo ƒe fu, wo dometɔ aɖewo ku ɖe woƒe xɔse ta. Ke hã, wotsɔ woƒe nuwɔna ɖe hakpala ƒe seselelãme fia be: “Mawu ana be, makafu yeƒe nya la; Mawu ŋu maɖo ŋu ɖo, nyemavɔ̃ o, nuka ŋutilã awɔm ma?” (Psalmo 56:5; Mateo 10:28) Esi Yehowa ƒe gbɔgbɔ do ŋusẽ Kristotɔ amesiaminawo kple alẽ bubuawo la, wonɔ tsitre sesĩe ɖekae. (Korintotɔwo II, 4:7) Esia na “mawunya la keke ta.” (Dɔwɔwɔwo 6:7) Esime aʋa la dze egɔme le ƒe 1939 me la, Kristotɔ wɔnuteƒe 72,475 bu akɔnta be yewokpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ke hã, akɔntabubu siwo dzi asi te ŋu su le ƒe 1945, si me aʋaa ke, la ɖee fia be Ðasefo veviedonula 156,299 nɔ nyanyuia kakam. Aleke gbegbe woɖu Satana dzii enye esi!

9. Suku yeye kawoe woɖe gbeƒãe le Xexemeʋa II wɔɣi?

9 Eme kɔ ƒã be zitɔtɔ si nɔ anyi le xexemeʋa evelia wɔɣi mena Yehowa subɔlawo ke ɖi le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ade goe ŋu o. Le nyateƒe me la, esime aʋa ɖo eƒe sesẽaƒe le ƒe 1943 me la, woɖe gbeƒã suku yeye eve. Ðeka si woyɔna azɔ be Teokrasi Subɔsubɔ Suku la, nye esi ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo be woawɔ le hamewo katã me atsɔ ana hehe Ðasefo ɖesiaɖe be wòate ŋu aɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo. Evelia si nye Gbetakpɔxɔ  Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku la, nye esi woatsɔ ana hehe dutanyanyuigblɔlawo be woava do alɔ gbeƒãɖeɖedɔa le duta. Ẽ, kaka aʋaa nake mlɔeba la, Kristotɔ vavãwo dzra ɖo na dɔ geɖe wɔwɔ.

10. Aleke Yehowa ƒe amewo ɖe dzonɔameme fia le ƒe 2003 mee?

10 Eye wowɔ dɔ nukutɔe ale gbegbe! Hehe si amesiame—sɔhɛwo kple ame tsitsiwo, dzilawo kple ɖeviwo, amesiwo si lãmesẽ mele o gɔ̃ hã—xɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me na wokpɔ gome le dɔ gã si Yesu de asi na wo wɔwɔ me eye woyi edzi le ewɔm. (Psalmo 148:12, 13; Yoel 2:28, 29) Le ƒe 2003 me la, le mama dedie nu ame 825,185 sɔŋ ɖe dzotsɔtsɔ ɖe nu ŋu fia hewɔ mɔɖeɖedɔa va ɖo ɣeyiɣi aɖe alo yi edzi le ewɔm. Le ƒe ma ke me la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo 1,234,796,477 tsɔ ƒo nui na amewo ku ɖe Fiaɖuƒenyanyuia ŋu. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe amewo ƒe dzonɔamemea ŋu nyateƒe!

Le Dutanyigbawo Dzi

11, 12. Kpɔɖeŋu kawoe ɖe dutanyanyuigblɔlawo ƒe dɔ nyuiwo fia?

11 Le ƒe gbogbo siwo va yi me la, Gilead sukunuwulawo kple Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku si woɖo nyitsɔ laa nuwulawo wɔ dɔ etɔxɛe. Le kpɔɖeŋu me, le Brazil la, gbeƒãɖela siwo mede 400 o ye nɔ anyi esime dutanyanyuigblɔla gbãtɔwo va ɖo le ƒe 1945 me. Dutanyanyuigblɔla siawo kple esiwo va ɖe wo yome wɔ dɔ aduadu kple wo nɔvi Braziltɔ veviedonulawo, eye Yehowa yra ɖe woƒe agbagbadzedzea dzi ale gbegbe. Aleke gbegbee wòvivina na amesiwo katã ɖoa ŋku gɔmedzeɣi mawo dzi enye si be woase be wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 607,362 le Brazil le ƒe 2003 me!

12 Bu Japan ŋu kpɔ. Do ŋgɔ na xexemeʋa evelia la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela alafa ɖeka lɔƒoe nɔ dukɔa me. Le aʋa ŋɔlia la yometiti ŋutasesẽtɔe na gbeƒãɖelawo dzi ɖe kpɔtɔ, eye kaka aʋaa nake la, Ðasefo ʋɛ aɖewo koe ganɔ agbe le gbɔgbɔ kple ŋutilã me. (Lododowo 14:32) Dzi dzɔ nuteƒewɔla kpɔɖeŋunyuiɖola ʋɛ mawo le ƒe 1949 me vavã be woaxɔ dutanyanyuigblɔla 13 gbãtɔ siwo xɔ hehe tso Gilead, eye dutanyanyuigblɔlawo ƒe dzi trɔ ɖe wo nɔvi Japantɔ amedzrowɔlawo ƒe dzonɔamemea ŋu. Le ƒe 50 kple edzivɔwo megbe, le ƒe 2003 me la, Japantɔwo bu gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ si nye 217,508! Yehowa yra eƒe amewo geɖe ŋutɔ le dukɔ ma me vavã. Woxɔ nyatakaka sia tɔgbewo tso dukɔ bubu geɖewo me. Amesiwo te ŋu ɖe gbeƒã le dutanyigbawo dzi la wɔ akpa vevi aɖe le nyanyuia kaka me, ale be le ƒe 2003 me la, wosee le dukɔwo, ƒukpowo kple anyigbamama 235 me le xexeame godoo. Ẽ, ameha gã la le dodom tso “dukɔ sia dukɔ” me.

‘Tso To Sia To Kple Du Sia Du Kple Gbegbɔgblɔ Sia Gbegbɔgblɔ Me’

13, 14. Mɔ ka nue Yehowa ɖee fia le be viɖe le gbeƒãɖeɖe nyanyuia le ‘gbegbɔgblɔwo katã’ me ŋu?

13 Nukunu gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe be nusrɔ̃lawo wɔ le gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔtsɔ si ami na wo megbe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi enye nuƒoƒo le gbegbɔgblɔwo me na amesiwo va ƒo ƒu. Anɔ eme be amesiwo katã ɖo to wo la nye amesiwo se dukɔwo dome gbegbɔgblɔ aɖe, ɖewohĩ Helagbe. Esi wonye “ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu” ta la, anye be wote ŋu sea subɔsubɔ si wowɔna ɖe Hebrigbe me le gbedoxɔa me la gɔme. Gake nyaa gaʋã wo ɖe edzi esime wose nyanyuia le woa ŋutɔwo degbe me.—Dɔwɔwɔwo 2:5, 7-12.

14 Egbea hã la, wowɔa gbeƒãɖeɖedɔa le  gbegbɔgblɔ geɖewo me. Menye dukɔ sia dukɔ me ko ŋue wogblɔe ɖi le be ameha gã la atso o ke boŋ woatso “to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ” hã me. Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la Yehowa gblɔe ɖi to Zaxarya dzi be: ‘Ŋutsu ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo kãta me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.’ (Zaxarya 8:23) Togbɔ be gbegbɔgblɔwo ƒe nunana megale Yehowa Ðasefowo si o hã la, wonya viɖe si le nufiafia amewo le woa ŋutɔwo degbe me ŋu.

15, 16. Aleke dutanyanyuigblɔlawo kple bubuawo kpɔ gbeƒãɖeɖe le afisi wonɔ ƒe gbegbɔgblɔ me kuxiwo gbɔe?

15 Nyateƒee, gbegbɔgblɔ ʋɛ aɖewo li wodona le afisiafi kloe egbea, abe Eŋlisigbe, Fransegbe, kple Spaingbe ene. Ke hã, amesiwo ʋu le wo de be yewoaɖasubɔ le dukɔ bubuwo me la dzea agbagba srɔ̃a afimatɔwo ƒe gbe be woate ŋu ana ‘amesiwo dze hena agbe mavɔ kpɔkpɔ’ la nate ŋu ase nyanyuia bɔbɔe wu. (Dɔwɔwɔwo 13:48) Esia te ŋu nyea dɔ sesẽ. Esime nɔvi siwo le Anyiehe Pacific dukɔ si nye Tuvalu dzi hiã na agbalẽwo le woa ŋutɔwo degbe me la, dutanyanyuigblɔlawo dometɔ ɖeka tsɔe ɖo eɖokui dzi be yeakpɔ egbɔ. Esi nyagɔmeɖegbalẽ aɖeke menɔ anyi o ta la, ete Tuvalugbe me nyawo nuƒoƒoƒu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova ta agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi * ɖe Tuvalugbe me. Esime dutanyanyuigblɔlawo ɖo Curaçao la, Biblia-srɔ̃gbalẽ kple nyagɔmeɖegbalẽ aɖeke menɔ Papiamentogbe si wodona le afima me o. Masɔmasɔ nɔ alesi woaŋlɔ gbea ŋutɔ hã ŋu fũ. Ke hã, le dutanyanyuigblɔlawo ƒe afima nɔnɔ ƒe eve ko megbe la, wote ŋu ta Kristotɔwo ƒe Biblia me trakt gbãtɔ ɖe gbe ma me. Egbea Papiamento nye gbe 133 siwo me wotaa Gbetakpɔxɔ ɖo kple Eŋlisigbe me tɔa le ɣeyiɣi ɖeka me la dometɔ ɖeka.

16 Le Namibia la, dutanyanyuigblɔla gbãtɔawo mekpɔ Ðasefo aɖeke si nye dukɔa me tɔ si aɖe gbe gɔme o. Gawu la, nya siwo míezãna tsɔ ɖea nu me zi geɖe, abe nya “deblibo” ene, menɔ afimatɔwo ƒe gbe aɖe, si nye Nama, me o. Dutanyanyuigblɔla aɖe ka nya ta be: “Sukunufiala siwo le Biblia srɔ̃m koŋue nye amesiwo mezãna le gbegɔmeɖeɖe me. Esi nyateƒea ŋuti sidzedze sue aɖe koe su wo si ta la, ele be manɔ wo gbɔ akpɔ egbɔ be nyafɔkpe ɖesiaɖe sɔ.” Ke hã, wova ɖe trakt si nye Agbe Nɔnɔ le Xexeme Yeye Me ɖe Namibiagbe ene me mlɔeba. Egbea, wotaa Gbetakpɔxɔ ɣesiaɣi ɖe Kwanyama kple Ndonga gbe siwo wodona le afima me.

17, 18. Kuxi kawo gbɔ kpɔmee wole le Mexico kple dukɔ bubuwo me?

17 Le Mexico la, gbe si wodona koŋue nye  Spaingbe. Gake do ŋgɔ na Spaintɔwo ƒe afima ɖoɖo la, wodoa gbe geɖe le afima, eye wogadoa wo dometɔ aɖewo kokoko. Eyata fifia la wotaa Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ ɖe Mexicotɔwo ƒe gbegbɔgblɔ adre me tsɔ kpe ɖe Mexicotɔwo ƒe Tokunɔgbe hã ŋu. Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ si wota ɖe Mayagbe mee nye agbalẽ gbãtɔ si wota ɖe Amerika India tɔwo ƒe gbe me ɣleti sia ɣleti. Le nyateƒe me la Mayatɔwo, Aztektɔwo kple bubuawo le Fiaɖuƒegbeƒãɖela 572,530 siwo le Mexico la dome.

18 Le ƒe siawo me la, ame geɖewo si yi dutanyigbawo dzi abe sitsoƒedilawo ene, alo woʋu yi le ganyawo ta. Esia wɔe be wodoa go dutagbedola gbogbo aɖewo le dukɔ geɖewo me fifia. Yehowa Ðasefowo lɔ̃ faa be yewoakpe ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le Italy la, hamewo kple ƒuƒoƒowo le gbegbɔgblɔ 22 bubuwo hã me kpe ɖe Italygbe tɔwo ŋu. Be nɔviawo nate ŋu aɖe gbeƒã na gbe bubu dolawo la, wowɔ ɖoɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo geɖe ŋu nyitsɔ laa be woatsɔ afia gbegbɔgblɔ 16, siwo dome Italy Tokunɔgbe hã le. Le dukɔ bubu geɖewo me la, Yehowa Ðasefowo le agbagba sia tɔgbe ke dzem be woakpe ɖe ame gbogbo siwo ʋu va le wo dome la ŋu. Ẽ, to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, ameha gã la le dodom tso gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.

“Le Anyigba Blibo la Katã Dzi”

19, 20. Paulo ƒe nya kawoe le eme vam le mɔ ɖedzesi aɖe nu? Ðe eme.

19 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Alo ɖe womesee o mahã? Ẽ, vavãe! Woƒe numegbe ɖi hoo le anyigba blibo la katã dzi, eye woƒe nyawo de xexeame ƒe seƒewo ke.” (Romatɔwo 10:18) Ne aleae wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me la, aleke wòhele eme vam ŋutɔŋutɔ geɖe wu egbeae nye si! Ame miliɔn geɖe—ɖewohĩ enye esi womekpɔ kpɔ le ŋutinya me o—le gbɔgblɔm be: “Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi, eye eƒe kafukafu anɔ nunye me ɖaa.”—Psalmo 34:2.

20 Gawu la, dɔa mele to yim o. Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme yi edzi le dzidzim ɖe edzi. Wole ɣeyiɣi geɖe wu zãm ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Wowɔa tɔtrɔyi miliɔn geɖewo kple Biblia-nusɔsrɔ̃ akpe geɖewo. Eye ame yeye geɖe wu le ɖe tsɔm le eme. Le ƒe si va yi me la, ame agbɔsɔsɔ yeye siwo nye 16,097,622 ye de Yesu ƒe Ŋkuɖodzia. Eme kɔ ƒã be dɔ geɖe gali woawɔ. Mina míayi edzi asrɔ̃ mía nɔvi siwo nɔ te sesĩe le yometiti sesẽ me ƒe kpɔɖeŋu. Eye mina míaɖe dzonɔameme si nɔ mía nɔvi siwo katã tsɔ wo ɖokui na le Yehowa subɔsubɔ me tso keke ƒe 1919 me ke me la afia. Mina míayi edzi awɔ ɖe hakpala la ƒe haxea dzi be: “Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!”—Psalmo 150:6.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Kpɔ ƒe sia ƒe akɔntabubu ɖa le magazine sia ƒe axa 18 vaseɖe 21.

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Dɔ ka gɔmee nɔviawo dze tso ƒe 1919 me, eye nukatae wònye dɔ gã dze ŋgɔ wo?

• Amekawo nue woƒo ƒu be woakpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

• Dɔ nyui kawoe dutanyanyuigblɔlawo kple ame bubu siwo le subɔsubɔm le duta la wɔ?

• Kpeɖodzi kae nàte ŋu ayɔ atsɔ afia be Yehowa le eƒe amewo ƒe dɔa yram egbea?

[Biabiawo]

 [Nyaɖoɖo si le 18-21]

2003 SERVICE YEAR REPORT OF JEHOVAH’S WITNESSES WORLDWIDE

 (See bound volume)

[Nɔnɔmetata siwo le axa 14, 15]

Zitɔtɔ si xexemeʋa evelia he vɛ mewɔe be Kristotɔwo ke ɖi be gbeƒãɖeɖe nyanyuia maganya wɔ o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Teƒe si wó la: U.S. Navy photo; bubuawo: U.S. Coast Guard Photo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Ameha gã la atso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me