Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wode Dzi Ƒo na Gilead Sukunuwulawo be Woaƒo Nu tso “Nu Dzɔtsuwo” Ŋu

Wode Dzi Ƒo na Gilead Sukunuwulawo be Woaƒo Nu tso “Nu Dzɔtsuwo” Ŋu

Wode Dzi Ƒo na Gilead Sukunuwulawo be Woaƒo Nu tso “Nu Dzɔtsuwo” Ŋu

AME 6,635 si nye agbɔsɔsɔ nyui aɖe tso dukɔ 52 mee nɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 115 lia ƒe sukunuwuwɔnaa wɔƒe le September 13, 2003, dzi.

Wose Biblia me dzideƒonamenya si wona sukuvi 48 siwo nɔ klass la be woayi aɖagblɔ “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” na amewo le dukɔ 17 me. (Dɔwɔwɔwo 2:11) Dukɔ mawo mee sukua nuwulawo ayi aɖawɔ woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le.

Le Stephen Lett, amesi nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ eye wònɔ zi me na sukunuwuwu ƒe wɔnaa, ƒe ŋgɔdonyawo me la, eɖo ŋku edzi na sukuviawo be: “Ne miedzo yi miaƒe dɔdasiawo wɔƒe, afika kee mieɖayi loo alo nɔnɔme ka mee miaɖa ɖo o, amesiwo le megbe na mi la sɔ gbɔ wu amesiwo atsi tre ɖe mia ŋu.” Nɔviŋutsu Lett he sukuviawo ƒe susu yi Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia ta 6 me nyawo dzi be woate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu kple mawudɔla gbogboawo ƒe kpekpeɖeŋu ŋu esime wole gbeƒã ɖem “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo.” (Fiawo II, 6:15, 16) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dze ŋgɔ tsitretsiɖeŋu kple ɖekematsɔleme le woƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa me, eye Kristotɔ dutanyanyuigblɔlawo dzea ŋgɔ nɔnɔme siawo tɔgbe egbea. Gake woate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu kpakple Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔa ƒe kpekpeɖeŋu ŋu.—Psalmo 34:8; Mateo 24:45.

Miƒo Nu tso “Mawu ƒe Nu Dzɔtsuwo” Ŋu

Le zimenɔlaa ƒe ŋgɔdonyawo megbe la, Harold Corkern si le United States Alɔdzekɔmitia me ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Mɔkpɔkpɔ Ðɔʋuwo—Nusi Nana Wokpɔa Dzidzɔ Kple Dzidzedze le Subɔsubɔdɔa Me.” Nɔviŋutsu Corkern gblɔ be mɔkpɔkpɔ siwo mevaa eme o la nana mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame, abe alesi Lododowo 13:12 ɖee fiae ene. Gake nusi hea mɔkpɔkpɔbuɖeame vɛ zi geɖee nye mɔkpɔkpɔ maɖɔʋu siwo mevaa eme o la ƒe amesinɔnɔ. Ehiã be nukpɔsusu ɖɔʋu si da sɔ nanɔ sukuviawo si ɖe woa ŋutɔwo kple ame bubuwo ŋu. Ele be woakpɔ mɔ be yewoawɔ vodada aɖewo, gake mele be esiawo nana woase veve agbɔ eme esime wole agbagba dzem be yewoakpe ɖe amewo ŋu be woase “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” gɔme o. Nɔviŋutsu Corkern de dzi ƒo na dutanyanyuigblɔla yeyeawo be woaɖo ŋu ɖe Yehowa, ‘amesi ɖoa eteƒe na amesiwo dinɛ vevie,’ ŋu.—Hebritɔwo 11:6.

Amesi kplɔe ɖoe nye Daniel Sydlik, si nye Dziɖuhaa me tɔ, amesi ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Kristotɔwo ƒe Mɔkpɔkpɔ la—Nukae Wònye?” Egblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ nye nɔnɔme nyui aɖe si wòle be wòanɔ Kristotɔ si. Enye nudzɔdzɔewɔwɔ ƒe dzidzenu aɖe si naa ƒomedodo si sɔ va nɔa ame kple Mawu dome. Manya wɔ be mɔkpɔkpɔ ma nanɔ amesi menye Kristotɔ o si abe alesi wòle mía si ene o.” Nɔviŋutsu Sydlik yi edzi ƒo nu tso Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa ƒe akpa vovovo si kpena ɖe ame ŋu be woyia edzi kpɔa ŋgɔgbe tẽ le agbemekuxiwo me ŋu. “Ne mɔkpɔkpɔ le mía si la, míate ŋu atsɔ moveviɖoɖo kple aʋadziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ akpe akɔ kple gbesiagbegbenɔnɔ.” Kristotɔ ƒe mɔkpɔkpɔ kpena ɖe eŋu be wòbua Yehowa be enye Mawu si si tameɖoɖowo le eye wòkpɔa dzidzɔ le esubɔsubɔ me.—Romatɔwo 12:12.

Wallace Liverance, si nye Gilead Sukua ƒe ŋkɔŋlɔla, de dzi ƒo na sukuviawo be ‘Woazɔ le Gbɔgbɔ Me.’ (Galatiatɔwo 5:16) Eɖe alesi wòsusɔ vie ko ne Barux, si nye agbalẽŋlɔla na Yeremya, natra tso zɔzɔ le gbɔgbɔ me la me. Ɣeaɖeɣi la, nu va te Barux ŋu ale gbegbe be wòte nu gãwo didi. (Yeremya 45:3, 5) Emegbe Nɔviŋutsu Liverance gblɔ be ame aɖewo trɔ le Yesu yome eye wogbe nyateƒe si tso gbɔgbɔ me, si hiã vevie hena agbekpɔkpɔ la. Elabena womese nusi fiam wònɔ la gɔme o, eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo le esi nusi wonɔ mɔ kpɔm na le ŋutilã me ɣemaɣi meva eme na wo o ta. (Yohanes 6:26, 27, 51, 66) Nukae dutanyanyuigblɔlawo, amesiwo ƒe dɔe nye be woahe amewo ƒe susu ɖe Wɔla la kple eƒe tameɖoɖowo ŋu, ate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi siawo me? Ede dzi ƒo na sukuviawo be woagatsɔ susu aɖo ɖoƒekɔkɔdidi, bubu si amewo ade wo ŋu xɔxɔ, alo teokrasi dɔdasiwo zazã atsɔ akpɔ woa ŋutɔwo ƒe viɖewo ŋu o.

“Nunalae Nànye loo alo Nuxɔlae Nànyea?” ye nye biabia si Gilead nufiala Mark Noumair fɔ ɖe te. Etu eƒe nyawo ɖe Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:2 dzi, afisi wokafu Israel-viwo dometɔ aɖewo le ɖe wo ɖokui tsɔtsɔ na ɖokuitɔmadimaditɔe be yewoanɔ Barak ƒe asrafowo me ta. Ekafu Gilead sukuviawo ɖe nɔnɔme si woɖe fia le wɔwɔ ɖe Barak Gãtɔ, Yesu Kristo, ƒe yɔyɔ dzi be woava ƒo wo ɖokui ɖe gbɔgbɔmeʋa la wɔwɔ me geɖe wu ta. Ele be Kristo ƒe asrafowo natsi dzi ɖe amesi de dɔ asi na wo la ŋudzedze ŋu. Nɔviŋutsu Noumair na sukuviawo nya be: “Ne míenya te susu ɖoɖo mía ɖokuiwo ŋudzedze ŋu ko la, aʋawɔwɔ kple futɔa nu tsona. . . . Menye ɖokuiwò tae nèle dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm ɖo o. Yehowa, eƒe dziɖulanyenye, kple eƒe lɔlɔ̃nu ƒe emevava tae. Míewɔa dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kple didi be Yehowa nana dzi nadzɔ mí ta o, míesubɔnɛ le esi míelɔ̃e ta.”—Timoteo II, 2:4.

Gilead nufiala Lawrence Bowen nɔ zi me eye wodzro akpa si nye “Wɔ Wo Kɔkɔe le Nyateƒe la Me.” (Yohanes 17:17) Egblɔ be klass 115 lia me tɔwo nye Mawu subɔla siwo ŋu wokɔ. Esime wonɔ sukua la, wokpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me hã henɔ nyateƒea lɔ̃la dzianukwaretɔwo dim. Abe alesi Yesu kple eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo wɔe ene la, sukuviawo meƒo nu le woa ‘ŋutɔwo ƒe ŋusẽ nu o.’ (Yohanes 12:49, 50) Wotsɔ dzonɔameme gblɔ nyateƒenya si tso gbɔgbɔ me, si naa agbe la. Nudzɔdzɔ siwo sukuviawo gbugbɔgawɔ fia kple woƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖe ŋusẽ nyui si Biblia kpɔ ɖe amesiwo gbɔ woyi dzi la fia.

Aɖaŋuɖoɖowo Kple Nuteƒekpɔkpɔwo De Dzi Ƒo

Anthony Pérez kple Anthony Griffin, siwo le United States alɔdzedɔwɔƒea ƒe Subɔsubɔdɔdzikpɔƒea, bia gbe Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo. Ŋutsu siawo gblɔ kuxi siwo dutanyanyuigblɔla yeyewo dzea ŋgɔe eye woɖo aɖaŋu nyui siwo tso woa ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me. Kuxi siawo dometɔ aɖewoe nye dekɔnuwo ƒe masɔmasɔ, xexeame ƒe akpa siwo dzoxɔxɔ nɔna ƒe bliboa, alo subɔsubɔ kple dunyahehe ƒomevi siwo to vovo tso esi ma sukuviawo. Nukae ate ŋu akpe ɖe dutanyanyuigblɔla yeyewo ŋu woanɔ te ɖe nuto yeye si me woyi la nu? Lɔlɔ̃ na Yehowa, lɔlɔ̃ na ameawo, megbe makpɔmakpɔ, kple nuwɔwɔ le dzigbɔɖeanyi me. Alɔdzekɔmiti me tɔwo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ƒe alafa geɖee amesiwo dome míele dɔa wɔm le la tsɔ nɔ afima do ŋgɔe na mí. Míate ŋu anɔ afima ahatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu godoo. Ɣesiaɣi si míado go kuxiwo la, míebua wo be wonye mɔnukpɔkpɔ siwo akpe ɖe mía ŋu be míatu míaƒe nɔnɔme ɖo. Nɔ gbedodoɖa dzi eye nàɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ŋu, eye àkpɔ Yesu ƒe nya siwo wògblɔ be, ‘Meli kpli mi’ la ƒe nyateƒenyenye.”—Mateo 28:20.

Samuel Herd, si nye Dziɖuhaa me tɔ, ƒo wɔnaa ta kple eƒe nuƒo si nye, “Miyi Edzi Míanɔ Nu Ƒom tso Mawu ƒe Nu Dzɔtsuwo Ŋu.” Gbɔgbɔ kɔkɔea si wokɔ ɖi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi do ŋusẽ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woaƒo nu tso “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” ŋu. Nukae ate ŋu akpe ɖe dutanyanyuigblɔla yeyewo ŋu egbea be woatsɔ dzonɔameme ma ke tɔgbe aƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu? Gbɔgbɔ kɔkɔe ma kee. Nɔviŋutsu Herd de dzi ƒo na sukunuwulawo be ‘woaxɔ dzo le gbɔgbɔ la me,’ be dzi nanɔ wo dzɔm ɖe woƒe dɔdasia ŋu eye woagaŋlɔ hehe si wona wo la be gbeɖe o. (Romatɔwo 12:11) Nɔviŋutsu Herd gblɔ be: “Biblia nye Mawu ƒe nu dzɔtsu aɖe. Migabu asixɔxɔ si le eŋu la nu tsɛe o. Eƒe gbedasi le agbe. Enye nu vevi le nuwo gbɔ kpɔkpɔ me. Mizãe míatsɔ aɖɔ nuwo ɖoe le míaƒe agbe me. Mina wòatrɔ alesi miebua tamee. Midzɔ miaƒe tamebubu ŋutete ŋu to Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃, exexlẽ, kple ŋugbledede le eŋu me . . . Miɖoe miaƒe taɖodzinu kple tameɖoɖo kplikpaa be yewoazã hehe si miexɔ le Gilead atsɔ ayi edzi anɔ nu ƒom tso ‘Mawu ƒe nu dzɔtsuwo’ ŋu.”

Le gbedoname siwo woxɔ tso xexeame ƒe akpa vovovowo xexlẽ kple ɖaseɖigbalẽwo mama vɔ megbe la, sukunuwulawo dometɔ ɖeka xlẽ lɛta aɖe si sukuviawo ŋlɔ tsɔ ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe hehe si woxɔ ŋu. Emegbe Nɔviŋutsu Lett tsɔ Kronika II, 32:7 kple Mose V 20:1, 4 ƒo wɔnaa tae nyuie. Le eƒe nyataƒonyawo tɔtɔ ɖe eƒe ŋgɔdonyawo nu me la, ewu enu be: “Eyata sukunuwula lɔlɔ̃tɔwo, miɖo ŋku edzi be esi miedze mɔ yina, esi mieɖo ta gbɔgbɔmeʋaa wɔƒe le miaƒe dɔdasi yeyeawo me la, Yehowa anɔ kpli mi. Migaŋlɔ be gbeɖe o be amesiwo le megbe na mi la sɔ gbɔ wu amesiwo tsi tre ɖe mia ŋu.”

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 7

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 17

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 33.7

Ƒe si wotsɔ le nyateƒea me le mama didie nu: 17.8

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama didie nu: 13.5

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 115 lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Brown, T.; Goller, C.; Hoffman, A.; Bruzzese, J.; Trahan, S. (2) Smart, N.; Cashman, F.; Garcia, K.; Lojan, M.; Seyfert, S.; Gray, K. (3) Beckett, M.; Nichols, S.; Smith, K.; Gugliara, A.; Rappenecker, A. (4) Gray, S.; Vacek, K.; Fleming, M.; Bethel, L.; Hermansson, T.; Hermansson, P. (5) Rappenecker, G.; Lojan, D.; Dickey, S.; Kim, C.; Trahan, A.; Washington, A.; Smart, S. (6) Goller, L.; Burghoffer, T.; Gugliara, D.; Nichols, R.; Washington, S.; Kim, J. (7) Beckett, M.; Dickey, J.; Smith, R.; Garcia, R.; Hoffman, A.; Seyfert, R.; Brown, H. (8) Fleming, S.; Bruzzese, P.; Burghoffer, W.; Bethel, T.; Cashman, J.; Vacek, K.