Susu Si Koŋ ta Wòle Be Nàxɔ Ase
Susu Si Koŋ ta Wòle Be Nàxɔ Ase
AGBALẼ si nye 31 Reasons Why Young People Leave the Church (Susu 31 Siwo Ta Sɔhɛwo Le Dodom le Sɔleme) si wota le Korea gblɔ be ame geɖe dzudzɔ sɔlemedede elabena womete ŋu le ŋuɖoɖo ŋutɔŋutɔ kpɔm na woƒe biabiawo o. Le kpɔɖeŋu me, wobiana be: ‘Nukata amesiwo xɔ Mawu dzi se la kpea fu?’ eye ‘Nukata wòle be míalɔ̃ ɖe nusianu si sɔlemewo fia dzi evɔ nufiafiaawo dometɔ geɖe tɔtɔa ame eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu?’
Esi ŋuɖoɖo siwo hakplɔlawo na ɖe dzi le ame geɖe ƒo ta la, woƒo nya ta be ŋuɖoɖo ŋutɔ aɖeke mele Biblia me o. Nusi dona tsoa subɔsubɔhakplɔlawo ƒe numeɖeɖe si nɔ te ɖe woawo ŋutɔ ƒe nukpɔsusu dzi me zi geɖe enye Mawu kple Biblia gɔmemasemase nyuie alo wo gbegbe gɔ̃ hã.
Nu mae dzɔ ɖe Abel, si wonyi le Luthertɔwo ƒe ƒome aɖe me le South Africa, dzi. Eɖo ŋku edzi be: “Sɔlemea fia nu be Mawue ‘kplɔ’ amesiame si ku la dzoe. Nyemete ŋu se nusita lɔlɔ̃ ƒe Mawu ‘akplɔ’ dzilawo adzoe le wo viwo gbɔ la gɔme o. Le Afrika kɔƒenuto si me metsi le la, míewua koklonɔ o negbe ɖe viawo tsi hafi ko. Ne míede dzesii be nyinɔ aɖe fɔ fu la, míehea ewuwu ɖe megbe vaseɖe esime wòdzi vi eye wòtso no nɛ. Nyemete ŋu se nusita Mawu lɔ̃ame mate ŋu awɔ nu ɖe amegbetɔwo ŋu le mɔ ma ke nu o la gɔme o.”
Ðikeke mawo tɔgbe nɔ Canadatɔ Aram hã me. Egblɔ be: “Fofonye ku esime mexɔ ƒe 13. Le kunuwɔwɔa me la, subɔsubɔhakplɔla
xɔŋkɔ aɖe ɖe eme be Mawue di be fofonye naku ale be wòate ŋu ate ɖe Mawu ŋu wu le dziƒo. Egblɔ be: ‘Mawu kplɔa ame nyuiwo dzonae, elabena Mawu lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.’ Nyemete ŋu se nusita Mawu anye ɖokuitɔdila nenema gbegbe la gɔme o.”Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abel kple Aram va do go Yehowa Ðasefowo, wosrɔ̃ Biblia kpli wo, eye mlɔeba wokpɔ ŋuɖoɖo na woƒe biabiawo. Wotu lɔlɔ̃ na Mawu kple xɔse sẽŋu ɖo ɖe eyama me. Mlɔeba la, wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa heva zu esubɔla wɔnuteƒewo.
Sidzedze Vavãtɔ—Nu Vevi le Mawu Dzixɔxɔse Me
Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔ siawo me? Wofia mí be Biblia me sidzedze vavãtɔ le vevie le Mawu dzixɔxɔse me. Apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ blemadu si nye Filipi me be: “Esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nanɔ agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me.” (Filipitɔwo 1:9) Le afisia la, Paulo te gbe ɖe edzi be lɔlɔ̃ na Mawu kple haxɔsetɔwo do ƒome kplikplikpli kple Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ kpakple nusi nye eƒe lɔlɔ̃nu la gɔmesese.
Susu le esia me, elabena nu gbãtɔ si hiã le ŋuɖoɖo ɖe ame aɖe ŋu kple kaka ɖe edzi mee nye sidzedze amea—zi alesi nèdze sii nyuie la, zi nenemae nàɖo ŋu ɖe eŋu geɖe wui. Nenema kee sidzedze vavãtɔ hiã be wòaʋã wò nàxɔ Mawu dzi ase. Paulo gblɔ be: “Xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.” (Hebritɔwo 11:1) Mawu dzixɔxɔse esi Biblia me sidzedze vavãtɔ mesu ame si o sɔ kple fefe si me ɖeviwo tsɔa spaa ƒoa ƒu tua xɔe. Yaƒoƒo vi aɖe gɔ̃ hã ana wòamu.
Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖowo na nyabiabiawo abe esi tɔtɔ Abel kple Aram ɣeyiɣi didi aɖe ene, si nye, Nukatae amewo kuna? Biblia ɖe eme be, “to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Amewo tsina kua amegã hekuna, menye le esi Mawu kplɔa wo be woava nɔ ye gbɔ ta o, ke boŋ esi Adam wɔ nuvɔ̃ ta. (Mose I, 2:16, 17; 3:6, 17-19) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia ɖe mɔkpɔkpɔ vavã si Yehowa Mawu na la fia. To Via Yesu Kristo dzi la, ena tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ ameƒome wɔnuvɔ̃ la.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.
Amesiwo Yesu fɔ va agbe me ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia ƒe nuŋlɔɖia me be wòakpe ɖe mía ŋu míase nyateƒe si ku ɖe tsitretsitsia ŋu gɔme. (Luka 7:11-17; 8:40-56; Yohanes 11:17-45) Ne èle Biblia me nuŋlɔɖi siawo xlẽm la, kpɔ dzidzɔ kple aseyetsotso si wòanye na amesiwo wofɔ ɖe tsitre la xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ɖa. De dzesii hã be eʋã wo wokafu Mawu hexɔ Yesu dzi se.
Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ma tɔgbe ke ɖe amewo dzi egbea. Nyabiabia vevi siwo ame geɖe mekpɔ ŋuɖoɖo vavã aɖeke na tsã o la na wotɔtɔ, wòzu agba kple nuɖiaɖia gɔ̃ hã na woƒe xɔse. Gake esi wova srɔ̃ Biblia la, wokpɔ ŋuɖoɖoawo eye esia trɔ woƒe agbe keŋkeŋ.
Lɔlɔ̃ na Mawu—Susu Vevi si Ta Míasubɔe
Togbɔ be sidzedze vavãtɔ le vevie le Mawu dzixɔxɔse me hã la, nu geɖe wu gahiã ne wòaʋã mí míaɖo toe ahasubɔe. Esime wobia Yesu be sedede kae nye vevitɔ tso Mawu gbɔ hã la, egblɔ be: “Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.” (Marko 12:30) Ne ame aɖe lɔ̃ Mawu le alesi Yesu gblɔe nu la, alɔ̃ faa be yeaɖo toe, ahasubɔ Eyama. Ðe wòle alea le gowòmea?
Rachel si le subɔsubɔm abe dutanyanyuigblɔla ene le Korea ƒe geɖe enye sia la gblɔ nusita wòxɔ se alea: “Mebua tame le Yehowa ƒe dɔmenyonyo na eƒe nuwɔwɔwo, eƒe tsɔtsɔke le nuwɔwɔ kple eƒe amewo me, kple eƒe didi be
eme nanyo na mí to nusiwo wòdi tso mía si gbɔgblɔ na mí me la ŋu. Nusiawo katã na nye lɔlɔ̃ na Mawu tsi ɖe edzi. Eye lɔlɔ̃ ma na medi be masubɔe.”Martha, si nye ahosi le Germany, subɔ Yehowa ƒe 48 sɔŋ. Egblɔ be: “Nukata mele Yehowa subɔm? Esi melɔ̃e tae. Fiẽ sia fiẽ la, meƒoa nu na Yehowa le gbedodoɖa me hegblɔa alesi gbegbe medaa akpee ɖe eƒe nunanawo, vevietɔ tafevɔsa la tae la nɛ.”
Ẽ, lɔlɔ̃ na Mawu na míedina be míasubɔe tso dzime. Gake aleke wowɔna tua lɔlɔ̃ sia ɖoe? Nu vevitɔ si ʋãa ame be wòatu lɔlɔ̃ na Mawu ɖoe nye ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖeɖe fia ɖe lɔlɔ̃ si wòɖe fia mí ŋu. De dzesi ŋkuɖodzinya lédziname sia si tso Biblia me be: “Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃. Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me. Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo míelɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.”—Yohanes I, 4:8-10.
Èkpɔ alesi gbegbe lɔlɔ̃ ma loloea? Wò ya tsɔe be tsi be yealé wò le tɔsisi aɖe me eye ame aɖe de eƒe agbe afɔku me heɖe wò. Ðe nàŋlɔ amea bea, alo àkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ahada akpe nɛ vevie? Ðe màlɔ̃ faa be yeawɔ nusianu si yeate ŋui la nɛ oa? Nu bubu aɖeke meli míate ŋu atsɔ asɔ kple lɔlɔ̃ gã si Mawu ɖe fia le Via, Yesu Kristo, tsɔtsɔ na abe tafevɔsa ene me o. (Yohanes 3:16; Romatɔwo 8:38, 39) Ne Mawu ƒe lɔlɔ̃ ʋã wò dzi la, ana nàlɔ̃e ahasubɔe tso dzi blibo me.
Yayra Siwo Nàkpɔ Fifia Kple le Etsɔme
Togbɔ be lɔlɔ̃ na Mawu enye susu vevitɔ si ta míewɔa eƒe lɔlɔ̃nu hã la, eganye akɔfaname be míanyae be Mawu ɖoa eteƒe na amesiwo subɔnɛ. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Hebritɔwo 11:6.
Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.”—Mawu yraa amesiwo lɔ̃nɛ heɖoa toe vavã. Esi ame geɖe wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ta la, wova le lãmesẽ me nyuie wu. (Lododowo 23:20, 21; Korintotɔwo II, 7:1) Amesiwo wɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi le anukwareɖiɖi kple veviedodo le dɔwɔwɔ me ƒe dɔtɔwo kana ɖe wo dzi eye esia naa wonɔa dedie wu le ganyawo gome. (Kolosetɔwo 3:23) Esi Mawu subɔlawo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ta la, wokpɔa susu ƒe akɔdzeanyi le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. (Lododowo 28:25; Filipitɔwo 4:6, 7) Ƒo wo katã ta la, wotsɔa kakaɖedzi kpɔa mɔ na agbe mavɔ ƒe yayrawo le anyigba dzi Paradiso si gbɔna me.—Psalmo 37:11, 29.
Alekee amesiwo xɔa Yehowa ƒe yayrawo sena le wo ɖokui me ɖe eyama ŋu? Jacqueline, si nye Kristotɔ aɖe si le Canada ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ŋu gblɔ ale: “Enaa nunana wɔnukuwo mí ɣesiaɣi eye ena mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le mí hena agbe mavɔ nɔnɔ.” Abel, si ŋu nya míese do ŋgɔ, ɖɔ eƒe seselelãmewo ale: “Agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ nye nusi ŋu nya nyemese kpɔ do ŋgɔ o eye mele mɔ kpɔm nɛ vevie. Gake ne ɖe Paradiso aɖeke meli o gɔ̃ hã la, anye dzidzɔ nam kokoko be maɖe nye lɔlɔ̃ na Mawu afia to esubɔsubɔ me.”
Xɔse Vavãtɔ Ate Ŋu Asu Wò Hã Asiwò
Biblia gblɔ be: ‘Yehowa Zebaot drɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe, edoa ayikuwo kple dziwo kpɔna.’ (Yeremya 11:20) Ẽ, Yehowa dzroa míaƒe ememe ke kpɔna. Ele be amesiame nadzro nusi ʋãe wòxɔ Mawu dzi se la me akpɔ. Ðewohĩ alakpa dzixɔsewo kple nufiafia aɖewo siwo míexɔ se tso Mawu ŋu tsã la na míewɔ nu gbegblẽwo. Gake Biblia me sidzedze vavãtɔ ate ŋu ana ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Wɔla, Yehowa Mawu, dome.—Timoteo I, 2:3, 4.
Yehowa Ðasefowo to woƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple amewo femaxee ƒe ɖoɖoa dzi le kpekpem ɖe amewo ŋu be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si. (Mateo 28:20) Ame geɖe siwo xɔ kpekpeɖeŋu sia va lɔ̃ Mawu hetu xɔse vavã ɖo ɖe eyama me. To Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, ‘nunya vavã kple tamebubu ŋutete’ va su wo si si kpena ɖe wo ŋu be ‘woalé woƒe mɔ atsɔ dedie’ le afɔku ŋkeke siawo me. (Lododowo 3:21-23) Ƒo wo katã ta la, etsɔme mɔkpɔkpɔ “si li dedie, eye wòsesẽ” la va su wo si fifia. (Hebritɔwo 6:19) Xɔse vavãtɔ ate ŋu asu wò hã asiwò be nàxɔ yayra siawo.
[Aɖaka si le axa 6]
Nyabiase Ðefuname Siwo Hiã Ŋuɖoɖo
“Esime menɔ atikewɔwɔ ƒe hehe xɔm le kɔdzi la, mekpɔ nunyuiwɔla geɖe siwo nɔ nu xam le dɔléle kple afɔkuwo ta. Ne Mawu aɖe li la, ke nukatae nusiawo dzɔna? Ðe mawusubɔsubɔ nye mɔ aɖe si dzi woato akpɔ susu ƒe akɔdzeanyi ko evɔa?”—Korea ŋutsu aɖe si nye Presbiteriatɔ tsã.
“Mebiaa ɖokuinye zi geɖe ne fofonye, si nye ahanomunɔtɔ la yi dzomavɔ me loo alo dziƒo. Ku kple dzomavɔ nufiafia la doa ŋɔdzi nam. Nyemete ŋu se alesi Mawu lɔ̃ame aɖo ame aɖe ɖe dzomavɔ me be wòakpe fu tegbee la gɔme o.”—Brazil nyɔnu aɖe si nye Katolikotɔ tsã.
“Mɔkpɔkpɔ kae li na anyigba la kple ameƒomea le etsɔ si gbɔna me? Aleke wòate ŋu adzɔe be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee? Aleke ameƒomea awɔ akpɔ ŋutifafa vavã?”—Germany ŋutsu aɖe si nye Katolikotɔ tsã.
“Susu aɖeke menɔ gbugbɔgadzɔ nufiafia la me nam o. Lãwo medea ta agu o, eyata ne le susu aɖe ta ègbugbɔ gadzɔ va zu lã be nàtsɔ axe fe ɖe nuvɔ̃ siwo nèwɔ va yi ta la, aleke nàte ŋu awɔ tɔtrɔ ahawɔ ŋgɔyiyi le nɔnɔme ma mee?”—South Africa ŋutsu aɖe si nye Hindutɔ tsã.
“Konfusiotɔwo ƒe ƒome aɖe mee menɔ tsi eye mekpɔa gome le kɔnu siwo wowɔna hena mía tɔgbui kukuwo ƒe gbɔɖeme me. Ne mele vɔsakplɔa ɖom hebɔbɔ ta le egbɔ la, mebiaa ɖokuinye ne tɔgbui kukuwo va ɖua nua hekpɔnɛ be míebɔbɔ de ta agu na yewo.”—Korea ŋutsu aɖe si nye Konfusiotɔ tsã.
Amesiawo katã va kpɔ ŋuɖoɖo na woƒe biabiawo esime wosrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo.