Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyɔnu Siwo Do Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe dzi

Nyɔnu Siwo Do Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe dzi

 Nyɔnu Siwo Do Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe dzi

“Yehowa naɖo wò nuwɔwɔ teƒe na wò, eye fetu didie le Yehowa, . . . gbɔ na wò.”—RUT 2:12.

1, 2. Aleke ŋugbledede le nyɔnu siwo do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi ƒe Biblia me kpɔɖeŋuwo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

MAWUVƆVƆ̃ na nyɔnu eve gbe toɖoɖo Farao aɖe. Xɔse ʋã gbolo aɖe wòde eƒe agbe afɔku me tsɔ kpɔ Israel-vi ŋkutsala eve ta. Aɖaŋudzedze kple ɖokuibɔbɔ kpe ɖe nyɔnu aɖe ŋu woxɔ ame geɖewo ɖe agbe eye woxe mɔ na Yehowa ƒe amesiamina be wòagaɖi ʋufɔ o. Yehowa Mawu dzixɔse kple amedzrowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ ʋã ahosi kple vidada aɖe be wòtsɔ eƒe nuɖuɖu si susɔ na Mawu ƒe nyagblɔɖila. Esiawo nye nyɔnu siwo do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi le Ŋɔŋlɔawo me ƒe kpɔɖeŋu gbogboawo dometɔ ʋɛ aɖewo ko.

2 Alesi Yehowa wɔ nu ɖe nyɔnu siawo ŋui kple yayra si wòhe vɛ na wo ɖee fia be nusiwo dzea eŋu wu ɖesiaɖee nye gbɔgbɔmenɔnɔme siwo le vevie wu ŋutsu alo nyɔnu nyenye. Le egbexexe si me ŋutilãmenudidiwo bɔ ɖo la, gbɔgbɔmemenyenye tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ nyea kuxi. Gake woate ŋu akpɔ kuxi ma gbɔ abe alesi nyɔnu mawuvɔ̃la miliɔn geɖe siwo nye Mawu ƒe amewo ƒe akpa gã aɖe egbea le eɖem fiae ene. Nyɔnu Kristotɔ siawo srɔ̃a xɔse, aɖaŋudzedze, amedzrowɔwɔ, kple nɔnɔme nyui bubu siwo nyɔnu mawuvɔ̃la siwo ŋkɔ woyɔ le Biblia me ɖe fia. Nyateƒee, Kristotɔ ŋutsuwo hã dina be yewoaɖe nɔnɔme si nyɔnu kpɔɖeŋunyuiɖola siwo nɔ anyi le blema ɖe fia la afia. Be míakpɔ alesi míate ŋu awɔ esia ade goe la, mina míadzro Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe nyɔnu siwo míeyɔ le gɔmedzedzea me ŋu ayi ŋgɔ vie.—Romatɔwo 15:4; Yakobo 4:8.

Nyɔnu Siwo Gbe Toɖoɖo Farao Aɖe

3, 4. (a) Nukatae Sifra kple Pua gbe toɖoɖo Farao esime wode se be woawu Israel-ŋutsuvi yeye ɖesiaɖe si woadzi? (b) Aleke Yehowa ɖo eteƒe na vixela eveawo le woƒe dzinɔameƒo kple mawuvɔvɔ̃ ta?

3 Le ʋɔnu si woɖi le Nuremberg, le Germany, le Xexemeʋa II megbe la, ame geɖe siwo wobu fɔe ɖe ame gbogbo aɖewo wuwu ta la dze agbagba be yewoado taflatse ɖe hlɔ̃ siwo wodo la ta to wo ɖokui ta ʋiʋli be ɖeko yewole agbagba dzem be yewoawɔ se dzi me. Azɔ tsɔ amesiawo sɔ kple Israel-vi vixela eve, Sifra kple Pua, siwo nɔ blema Egipte le Farao ŋutasẽla aɖe si ŋkɔ womeyɔ o la ƒe dziɖuɣi me kpɔ. Esi Hebritɔwo ƒe dzidziɖedzi do ŋɔdzi na Farao ta la, ede se na vixela eveawo be woakpɔ egbɔ be wowu Hebri-ŋutsuvi yeye ɖesiaɖe si woadzi. Aleke nyɔnuawo wɔ nu ɖe sedede vɔ̃ɖi sia nui? ‘Womewɔ se, si Egipte-fia de na wo la dzi o, boŋ wona ŋutsuviawo nɔ agbe.’ Nukatae nyɔnu siawo mevɔ̃ na amegbetɔ o? Elabena ‘wovɔ̃ Mawu vavã la.’—Mose II, 1:15, 17; Mose I, 9:6.

4 Ẽ, vixelawo si Yehowa tso, eye eya hã ɖee fia be yenye “akpoxɔnu” na wo eye wòkpɔ wo ta tso Farao ƒe dziku me. (Samuel II, 22:31; Mose II, 1:18-20) Gake Yehowa ƒe yayra metɔ ɖe afima o. Ena Sifra kple Pua ŋutɔwo dzi vi geɖe. Ede bubu nyɔnu siawo ŋu gɔ̃ hã be woŋlɔ woƒe ŋkɔwo kple woƒe nuwɔnawo ɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me be dzidzime siwo ava le etsɔme naxlẽ, ke Farao ma ya ƒe ŋkɔ bu tegbee.—Mose II, 1:21; Samuel I, 2:30b; Lododowo 10:7.

5. Aleke nyɔnu Kristotɔ geɖe siwo li egbea ɖe Sifra kple Pua ƒe nɔnɔme ma ke fiae, eye aleke Yehowa aɖo eteƒe na woe?

 5 Ðe nyɔnuwo li abe Sifra kple Pua ene egbea? Ẽ, Woli! Ƒe sia ƒe la, nyɔnu siawo ƒomevi akpe geɖewo ɖea gbeƒã Biblia ƒe xɔxɔgbedasia le dukɔ siwo me “fia ƒe sedede” xe mɔ ɖe enu le, ale wodea woƒe ablɔɖe alo agbe gɔ̃ hã afɔku me. (Hebritɔwo 11:23; Dɔwɔwɔwo 5:28, 29) Esi lɔlɔ̃ na Mawu kple havi ʋã nyɔnu kalẽtɔ siawo ta la, womeɖea mɔ ame aɖeke xea mɔ na wo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe nyanyuia gbɔgblɔ na ame bubuwo me o. Aleae nyɔnu Kristotɔ geɖewo kua kutri le tsitretsiɖeŋu kple yometiti me. (Marko 12:30, 31; 13:9-13) Abe alesi wònɔ le Sifra kple Pua gome ene la, Yehowa nya nyɔnu tɔxɛ dzinɔameƒotɔ siawo ƒe dɔwɔwɔwo nyuie, eye wòaɖe eƒe lɔlɔ̃ afia wo to woƒe ŋkɔwo ŋɔŋlɔ ɖe “agbegbalẽa” me me, ne wonya do dzi vaseɖe nuwuwu ko.—Filipitɔwo 4:3; Mateo 24:13.

Amesi Nye Gbolo Tsã Do Dzidzɔ na Yehowa ƒe Dzi

6, 7. (a) Nukae Raxab nya tso Yehowa kple eƒe amewo ŋu, eye aleke sidzedze sia wɔ dɔ ɖe edzii? (b) Aleke Mawu ƒe Nya de bubu Raxab ŋui?

6 Le ƒe si nye 1473 D.M.Ŋ. me la, gbolo aɖe si woyɔ be Raxab nɔ Kanaantɔwo ƒe du si nye Yerixo me. Anɔ eme be Raxab nya nu tso nudzɔdzɔwo ŋu nyuie. Esime Israel-vi ŋkutsala eve sii tso le eƒeme la, ete ŋu gblɔ Israel ƒe ʋuʋu tso Egipte nukutɔe la ŋu nya vevi aɖewo na wo, togbɔ be esia dzɔ ƒe 40 do ŋgɔ hã! Israel-viwo ƒe Amori-fia Sixon kple Og siwo dzi woɖu eteƒe medidi kura o la hã nɔ nyanya me nɛ. De dzesi alesi sidzedze ma wɔ dɔ ɖe edzii. Egblɔ na ŋkutsalawo be: “Menyae bena, Yehowa le anyigba la tsɔ ge na mi, . . . elabena Yehowa, mia Mawu, enye Mawu le dziƒo afimɛ kple anyigba dzi afii.” (Yosua 2:1, 9-11) Ẽ, nusi Raxab srɔ̃ ku ɖe Yehowa kple nusi wòwɔ na Israel-viwo ŋu de dzi gbɔ nɛ eye wòna wòxɔ edzi se.—Romatɔwo 10:10.

7 Raxab ƒe xɔse ʋãe wòwɔ nu ɖe enu. Exɔ Israel-vi ŋkutsalawo “le ŋutifafa me,” eye wòwɔ ɖe alesi wòakpɔ xɔxɔ ƒe mɔfiamea si wonɛ dzi esime Israel dze Yerixo dzi. (Hebritɔwo 11:31; Yosua 2:18-21) Ðikeke aɖeke  mele eme o be Raxab ƒe xɔsedɔwɔwɔwo do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, elabena eʋã Kristotɔ nusrɔ̃la Yakobo wòŋlɔ eƒe ŋkɔ kpe ɖe Abraham, Mawu xɔlɔ̃, tɔ ŋu be wòanye kpɔɖeŋu na Kristotɔwo woasrɔ̃. Yakobo ŋlɔ bena: “Nenema ke Raxab, gbolo la hã, ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia nɛ, le esi wòxɔ ame dɔdɔwo, eye wòna woto mɔ bubu dzo la ŋuti o mahã?”—Yakobo 2:25.

8. Aleke Yehowa yra Raxab ɖe eƒe xɔse kple toɖoɖo ta?

8 Yehowa ɖo eteƒe na Raxab le mɔ geɖe nu. Le go ɖeka me la, ekpɔ woa kple amesiwo katã va sii tso le eƒeme—siwo nye “fofoa ƒe me tɔwo kple eƒometɔwo”—ta nukutɔe. Emegbe ena amesiawo nɔ “Israel dome,” afisi wòle be woabu wo dumeviwoe le. (Yosua 2:13; 6:22-25; Mose III, 19:33, 34) Gake mese ɖe afima o. Yehowa gatsɔ bubu si nye Yesu Kristo mama nyenye yra Raxab. Amenuveve gã ka gbegbee nye si woɖe fia ame si nye Kanaantɔ trɔ̃subɔla tsã! *Psalmo 130:3, 4.

9. Aleke Yehowa ƒe nɔnɔme ɖe Raxab kple nyɔnu Kristotɔ aɖewo ŋu le ƒe alafa gbãtɔ me ate ŋu anye dzideƒo na nyɔnu aɖewoe egbea?

9 Abe alesi Raxab wɔe ene la, nyɔnu Kristotɔ siwo nɔ anyi tso ƒe alafa gbãtɔ me vaseɖe egbetɔwo dzi dometɔ aɖewo ɖe asi le agbegbegblẽnɔnɔ ŋu be woadze Mawu ŋu. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Wo dometɔ aɖewo anya tsi le nuto siwo sɔ kple blema Kanaan, siwo me agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖo eye wobunɛ be esɔ la me. Ke hã xɔse si wotu ɖe Ŋɔŋlɔa me sidzedze vavãtɔ dzi ʋã wo wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. (Romatɔwo 10:17) Eyata woate ŋu agblɔ le nyɔnu siawo ŋu be “ŋu mekpe Mawu le wo ŋuti be, woyɔe be woƒe Mawu o.” (Hebritɔwo 11:16) Bubudedeameŋu ka gbegbee nye si!

Woyrae ɖe Eƒe Aɖaŋudzedze Ta

10, 11. Nɔnɔme kae do mo ɖa le Nabal kple Dawid dome si ʋa Abigail be wòaɖe afɔ aɖe?

10 Nyɔnu wɔnuteƒe geɖe siwo nɔ anyi le blema ɖe aɖaŋudzedze fia le mɔ tɔxɛ aɖewo nu, si wɔe be wonye viɖenu xɔasi aɖe na Yehowa ƒe amewo. Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Abigail, amesi nye Israel-vi kesinɔtɔ anyigbatɔ Nabal srɔ̃. Abigail ƒe aɖaŋudzedze na wòxɔ amewo ɖe agbe eye wòxe mɔ ɖe Dawid, si gbɔna Israel-fia nye ge la be meɖi ʋufɔ o. Míate ŋu axlẽ Abigail ƒe ŋutinya le Samuel I, ta 25.

11 Ŋutinyaa dze egɔme be Dawid kple eyomedzelawo ƒu asaɖa anyi ɖe Nabal ƒe lãhawo gbɔ, eye wokpɔ wo ta zã kple keli naneke maxɔmaxɔe ɖe dɔmenyonyo na wo nɔvi Israel-vi Nabal ta. Esi nuɖuɖu nɔ vɔvɔm le Dawid si la, edɔ ɖekakpui ewo ɖe Nabal gbɔ be woaɖabia nuɖuɖui. Mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na Nabal fifia be wòaɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Dawid ŋu afia ahade bubu eŋu abe Yehowa ƒe amesiamina ene. Gake Nabal wɔ nusi to vovo kuraa.  Etsɔ dziku helĩhelĩ dzu Dawid eye wonya ɖekakpuiawo dzoe asiƒuƒlui. Esi Dawid se nya siawo la, eƒo ŋutsu 400 siwo bla aʋakpa nu ƒu eye woho be woaɖabia hlɔ̃. Abigail va se srɔ̃a ƒe gbedadaɖeamegbɔa eye wòwɔ kaba le aɖaŋudzedze me heɖo nuɖuɖu gbogbo aɖe ɖa be woatsɔ wo afa dzii na Dawid. Emegbe eya ŋutɔ hã yi Dawid gbɔ.—kpukpui 2-20.

12, 13. (a) Aleke Abigail ɖe aɖaŋudzedze kple nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple eƒe amesiamina fiae? (b) Nukae Abigail wɔ esi wotrɔ yi aƒeme, eye nukae dzɔ?

12 Esi Abigail do go Dawid la, alesi wòtsɔ ɖokuibɔbɔ bia nublanuikpɔkpɔe la ɖe bubu deto si nɔ esi na Yehowa ƒe amesiamina la fia. Egblɔ be: “Yehowa ana nye aƒetɔ ƒe aƒe nali ke, elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nye aƒetɔ le,” eye wògblɔ kpee be Yehowa atsɔ Dawid aɖo amegãe ɖe Israel nu. (kpukpui 28-30) Le ɣemaɣi ke me la, Abigail ɖe dzinɔameƒo fia gblɔ na Dawid be ne meɖu eɖokui dzi o la, ana wòava ɖe hlɔ̃fe. (kpukpui 26, 31) Abigail ƒe ɖokuibɔbɔ, bubu deto, kple nuŋububu nyuie na Dawid nyɔ le eɖokui me. Eɖo eŋu be: “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si dɔ wò ɖa nèva kpem egbe! Woakafu wò nunya, eye woakafu wò, amesi xe mɔ nam egbe be, nyemagaɖe hlɔ̃fe . . . o!”—Kpukpui 32, 33.

13 Esi Abigail trɔ yi aƒeme la, etsɔ dzinɔameƒo di be yeana ye srɔ̃a nanya be yetsɔ nunana aɖewo yi na Dawid. Gake kaka wòava ɖo la ‘emu aha vlevlevle.’ Eyata elala vaseɖe esime eƒe mo kɔ eye wògblɔe nɛ. Aleke Nabal wɔ nui? Eƒe dzi fa ɖe dɔme nɛ ale gbegbe be nusi woate ŋu ayɔ be lãmetutudɔ dze edzi. Le ŋkeke ewo megbe la, Mawu ƒoe wòku. Esi Dawid se be Nabal ku la edo srɔ̃ɖeɖe ƒe nya ɖe Abigail, amesi dze ƒã be eƒe nu wɔ nuku nɛ eye wòbunɛ vevie la gbɔ. Abigail lɔ̃ ɖe Dawid ƒe nyaa dzi.—Kpukpui 34-42.

Ðe Nàte Ŋu Anɔ abe Abigail Enea?

14. Abigail ƒe nɔnɔme kawoe míadi be míatu ɖo vevie?

14 Ðe nèkpɔ nɔnɔme aɖewo le Abigail me si wò—ŋutsu alo nyɔnu—nàdi be yeatu ɖo veviea? Ðewohĩ èdi vevie be yeawɔ nu aɖaŋudzedzetɔe kple nunyatɔe ne kuxiwo do mo ɖa. Alo ɖewohĩ èdina be yeaƒo nu le dziɖeɖi kple tufafa me ne ame bubu siwo dome nèle ƒe nyawo le sesẽm. Ne alea wòle la, ɖe manyo be nàdo gbe ɖa na Yehowa tso eŋu oa? Edo ŋugbe be yeana nunya, nugɔmesese, kple tamebubu ŋutete amesiwo katã ‘biana le xɔse me.’—Yakobo 1:5, 6; Lododowo 2:1-6, 10, 11.

15. Nɔnɔme kawo me koŋue wòle vevie be nyɔnu Kristotɔwo naɖe nɔnɔme siwo Abigail ɖe fia la afia le?

15 Nɔnɔme nyui siawo le vevie vevietɔ ne nyɔnu aɖe srɔ̃ si gbɔ wòle la nye dzimaxɔsetɔ si metsɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo vevie o alo mebunɛ kuraa o. Ðewohĩ enoa ahatsu. Mɔkpɔkpɔ li be ŋutsu siawo ava trɔ nɔnɔme. Wo dometɔ geɖe wɔe nenema—zi geɖe la gbɔgbɔ fatu, bubu deto, kple agbenɔnɔ dzadzɛ si wo srɔ̃nyɔnuwo ɖe fia tae.—Petro I, 3:1, 2, 4.

16. Nɔnɔme ka ke mee nyɔnu Kristotɔ ɖale le aƒea me o, aleke wòaɖee afiae be woa kple Yehowa ƒe ƒomedodo le vevie na ye wu ɖesiaɖe?

16 Kuxi ka ke mee wòahiã be nàdo dzi le le aƒea me o, ɖo ŋku edzi be Yehowa li akpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi. (Petro I, 3:12) Eyata dze agbagba be nàdo ŋusẽ ɖokuiwò le gbɔgbɔ me. Do gbe ɖa nàbia nunya kple dzi fatu. Ẽ, te ɖe Yehowa ŋu to Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi, gbedodoɖa, ŋugbledede, kple hadede kple hati Kristotɔwo me. Abigail srɔ̃ ƒe gbɔgbɔmememanyemanye mekpɔ ŋusẽ ɖe Abigail ƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple eƒe nɔnɔme ɖe eƒe amesiamina ŋu dzi o. Gɔmeɖose dzɔdzɔe dzie wònɔ te ɖo wɔ nu. Le aƒe siwo me srɔ̃ŋutsuwo nye mawusubɔla kpɔɖeŋunyuiɖola le gɔ̃ hã la, nyɔnu Kristotɔ dea dzesii be ele be yeayi edzi awɔ dɔ vevie atu yeƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo ahalé eme ɖe  asi. Nyateƒee, agba le srɔ̃ŋutsua dzi le Ŋɔŋlɔa nu be wòakpɔ srɔ̃anyɔnu ƒe gbɔgbɔ kpakple ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ, gake nyɔnua ŋutɔe ‘atsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanya awɔ eƒe xɔxɔdɔ lae.’—Filipitɔwo 2:12; Timoteo I, 5:8.

Exɔ “Nyagblɔɖila ƒe Fetu”

17, 18. (a) Dodokpɔ tɔxɛ ka mee wodo Zarpat-hosi la ƒe xɔse kpɔ le? (b) Aleke ahosia wɔ nu ɖe nusi Eliya bia la nui, eye aleke Yehowa ɖo eteƒe nɛ ɖe esia tae?

17 Alesi Yehowa tsɔ ɖe le eme na ahosi dahe aɖe le nyagblɔɖila Eliya ŋɔli ɖee fia be ekpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo doa alɔ tadedeagu vavãtɔ to wò ɖokui kple nunɔamesiwo tsɔtsɔ na me ŋu vevie. Le kuɖiɖi didi aɖe si nɔ anyi le Eliya ƒe ŋkekea me ta la, dɔwuame ɖe fu na ame geɖe siwo dometɔ aɖewo nye ahosi aɖe kple via ŋutsu siwo nɔ Zarpat. Esime nu mamlɛtɔ koe kpɔtɔ woaɖu la, amedzro aɖe va dze wo—Eliya nyagblɔɖila lae. Ebia nane si wɔ moya. Togbɔ be enya nyɔnua ƒe kuxi hã la, ebiae be wòatsɔ wɔ kple ami mamlɛa atɔ “tatali vi aɖe” na ye. Gake egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ esi: Wɔ ze la maɖi gbɔlo o, eye ami, si le goea me la, mavɔ o, vaseɖe esime Yehowa nana tsi nagadza ɖe anyigba dzi.”—Fiawo I, 17:8-14.

18 Aleke nàwɔ nui ɖe biabia tɔxɛ sia nui? Zarpat-hosi la, si anɔ eme be enya Eliya be enye Yehowa ƒe nyagblɔɖila la, “yi ɖawɔ abe alesi Eliya gblɔ ene.” Aleke Yehowa wɔ nu ɖe eŋu ɖe eƒe amedzrowɔwɔ ta? Ena nuɖuɖu nyɔnua, via, kple Eliya to nukumɔ nu le kuɖiɖia me. (Fiawo I, 17:15, 16) Ẽ, Yehowa na Zarpat-hosi la “nyagblɔɖila ƒe fetu,” togbɔ be menye Israel-vie wònye o hã. (Mateo 10:41) Mawu ƒe Vi la hã de bubu ahosi sia ŋu esime wòyɔe be enye kpɔɖeŋunyuiɖola le wo detɔwo xɔsemanɔsitɔwo ƒe ŋkume le Nazaret.—Luka 4:24-26.

19. Mɔ kawo nue nyɔnu Kristotɔ geɖe ɖea Zarpat-hosi la ƒe gbɔgbɔ fiana le egbea, eye aleke Yehowa bua amesiawoe?

19 Nyɔnu Kristotɔ geɖe ɖea ahosi si tso Zarapat la ƒe gbɔgbɔ fiana egbea. Le kpɔɖeŋu me, kwasiɖa ɖesiaɖe la, nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo media wo ɖokui tɔ o—siwo dometɔ geɖe da ahe eye ƒomegbawo le wo dzi la—wɔa amedzro na dzikpɔlamɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo. Bubuwo ɖua nu kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo le wo gbɔ, wokpena ɖe amesiwo hiã tu ŋu, alo le go aɖewo me la wotsɔa wo ɖokui kple woƒe nunɔamesiwo nana tsɔ doa alɔ Fiaɖuƒedɔa. (Luka 21:4) Ðe Yehowa dea dzesi vɔsa mawoa? Edea dzesii vevie! “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be,  wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.”—Hebritɔwo 6:10.

20. Nukawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

20 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, mɔnukpɔkpɔ su nyɔnu mawuvɔ̃la geɖewo si wosubɔ Yesu kple eƒe apostolowo. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro alesi nyɔnu siawo do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzie me, eye míalé ŋku ɖe nyɔnu siwo li egbea siwo subɔa Yehowa le ɣeyiɣi sesẽ me gɔ̃ hã kple dzi blibo ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Yesu ƒe dzidzime si Mateo ŋlɔ ɖi la yɔ nyɔnu ene ƒe ŋkɔwo—Tamar, Raxab, Rut, kple Maria. Wode bubu wo katã ŋu vevie le Mawu ƒe Nya me.—Mateo 1:3, 5, 16.

Numetoto

• Aleke nyɔnu siawo do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzii?

• Sifra kple Pua

• Raxab

• Abigail

• Zarpat-hosi la

• Aleke ŋugbledede le nyɔnu siawo ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu akpe ɖe mía ŋutɔwo ŋui? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Nyɔnu nuteƒewɔla geɖewo subɔ Mawu eye womevɔ̃ “fia ƒe sedede la o”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nukatae Raxab nye amesiwo si xɔse le ƒe kpɔɖeŋunyuiɖola?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Abigail ƒe nɔnɔme siwo wòɖe fia kae nàdi be yeasrɔ̃?

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nyɔnu Kristotɔ geɖe siwo li egbea la ɖea gbɔgbɔ si blema Zarpat-hosi la ɖe fia la fiana