Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Woaka Ðe Amesiame Ko Dzia?

Ðe Wòle Be Woaka Ðe Amesiame Ko Dzia?

 Ðe Wòle Be Woaka Ðe Amesiame Ko Dzia?

LE Berlin-gli la ƒe mumu le ƒe 1989, megbe la, nya ɣaɣla vevi aɖewo dze go. Le kpɔɖeŋu me, Lydia * va kpɔe dze sii be esime Socialist dziɖuɖua nɔ East Germany la, Stasi, alo Dukɔa ƒe Adzamekpovitɔwo ƒe Dɔwɔha, wɔ yeƒe agbenɔnɔ ŋuti nuŋlɔɖi aɖewo. Ne nuŋlɔɖi sia ŋutinya sese wɔ nuku na Lydia hã la, nusi na wòlulu wu enye esi wòse amesi nɔ eŋuti nyatakakawo nam Stasi la—eyae nye srɔ̃aŋutsu. Amesi dzi wòle be wòaka ɖo bliboe hafi lae trɔ eta.

London ƒe The Times ka nya ta be, Robert nye aƒetɔ tsitsi wɔame aɖe si “dea bubu tɔxɛ eƒe ɖɔkta ŋu hekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu eye wòka ɖe edzi ŋutɔ.” Wogblɔ le ɖɔkta la ŋu be “eƒe dɔme nyo eye wòsea veve ɖe ame nu.” Emegbe Robert ku kpata. Dzidɔ alo tutudɔ ye wuia? Ao. Kɔdzimegãwo ƒo nya ta be ɖɔkta la yi ɖasrã Robert kpɔ le eƒeme eye wòdo abi vɔ̃ɖi aɖe nɛ le Robert kple eƒe ƒomea ƒe manyamanya me. Edze ƒã be amesi dzi Robert ka ɖo bliboe ye wui.

Wogblẽ nu le Lydia kple Robert siaa ŋu vevie, eye emetsonuawo dzi ŋɔ ŋutɔ. Le go bubuwo me la, emetsonuawo medzia ŋɔ nenema gbegbe o. Ke hã, be amesi dzi míeka ɖo natrɔ mí ato eme la menye nu yeye o. Nyatakaka aɖe si Germany ƒe numekuku habɔbɔ xɔŋkɔ, Allensbacher Jahrbuch der Demoskopie 1998-2002, ta ɖee fia be amesiwo wobia gbee dometɔ 86 le alafa me gblɔ be amesiwo dzi yewoka ɖo la trɔ yewo to eme. Ðewohĩ wò hã èto nɔnɔme ma tɔgbe me kpɔ. Eyata mele be wòawɔ nuku na mí be Switzerlantɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Neue Zürcher Zeitung ka nya ta le ƒe 2002 me be “ƒe geɖee nye sia si kakaɖedzi akuakua si nɔa amewo dome ƒomedodo me la dzi le ɖeɖem kpɔtɔ ŋutɔ le Ɣetoɖoƒedukɔwo ƒe asitsaduwo me” o.

Wotunɛ Ðo Ʋɛʋɛʋɛ, Gake Edome Gblẽna Kaba

Nukae nye kakaɖeamedzi? Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe egɔme be, be woaka ɖe ame bubuwo dzi fia be “woaxɔe ase be wotoa nyateƒe heɖia anukware eye be womaɖoe koŋ awɔ nane si agbã dzi na ame o.” Wotua kakaɖedzi ɖo ʋɛʋɛʋɛ gake eme ate ŋu agblẽ kaba ŋutɔ. Esi ame geɖe se le wo ɖokui me be wogblẽ yewoƒe kakaɖedzi me ta la, ɖe wòwɔ nuku be amewo hena ɖe megbe be woaka ɖe amewo dzia? Numekuku aɖe me tsonu si woɖe gbeƒãe le Germany le ƒe 2002 me ɖee fia be “sɔhɛ siwo mede 1 le 3 me o koe ka ɖe amewo dzi ŋutɔŋutɔ.”

Ðewohĩ míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe míate ŋu aka ɖe ame aɖe dzi ŋutɔŋutɔa? Ðe wòade mía dzi be míaka ɖe ame aɖe si ate ŋu ava do ŋukpe mí la dzia?’

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Numekuku aɖe ɖee fia be amesiwo wobia gbee dometɔ 86 le alafa me gblɔ be amesiwo dzi yewoka ɖo la trɔ yewo to eme