Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyanyuia Le Ku Tsem le São Tomé Kple Príncipe

Nyanyuia Le Ku Tsem le São Tomé Kple Príncipe

Nyanyuia Le Ku Tsem le São Tomé Kple Príncipe

ÐEWOHĨ ame akpa gãtɔ mese nu tso São Tomé kple Príncipe ŋu kpɔ o. Zi geɖe la, womedoa boblo ƒukpo siawo le mɔkekeɖuƒe-gbalẽwo me o. Le xexeame katã ƒe anyigbatata dzi la, wodzena abe kekuiwo ene le Guinea Ƒukɔmea le Afrika ƒe ɣetoɖoƒe ƒuta gome, eye São Tomé te ɖe anyigbamemaflia ŋu tututu, ke Príncipe ya le dzieheɣedzeƒe gome vie. Alesi tsi dzana kple alesi tsi nɔa yamee wɔe be ave damawo xɔ to siwo ƒe kɔkɔme wu meta 2,000 la katã dzi.

Amedzrowɔla, vividoɖeameŋula, siwo tso Afrika kple Europa va tsaka si na be woƒe dekɔnuwo hã tsaka lae le ƒukponyigba xɔdzo siawo, siwo atsiaƒua ƒo xlãe eye detiwo le woƒe ƒutawo la dzi. Ame 170,000 siwo le wo dzi la ƒe dɔ vevitɔ enye kokoo ɖoɖo ɖe duta, alo agbledede kple lãɖeɖe. Le ƒe siawo me la, ŋkeke ɖeka ƒe nuɖuɖukpɔkpɔ gɔ̃ hã va zu kuxi.

Gake nane dzɔ le ƒe 1990-awo me si wɔ dɔ ɖe ƒukponyigba siawo siwo dzi nɔlawo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la dzi vevie. Le June 1993 me la, São Tomé kple Príncipe dziɖuɖua de Yehowa Ðasefowo agbalẽ me le se nu, si he kuxi siwo me Yehowa Ðasefowo to ɣeyiɣi didi aɖe le ƒukpo siawo dzi la va nuwuwui.

Nuku Siwo Woƒã le Nɔnɔme Sesẽwo Me

Edze abe ƒe 1950-awo ƒe gɔmedzedzee Ðasefo gbãtɔ va dukɔ sia me ene esime woɖo gamenɔlawo tso Portugaltɔwo ƒe dutanyigba siwo le Afrika ɖe dɔwɔsaɖawo me le ƒukpo siawo dzi. Wonya Ðasefoa, si nye Afrikatɔ mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla la tso Mozambique kple susu be enɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le dukɔ ma me ta. Ðasefo ɖeka hɔ̃ sia wɔ dɔ moveviɖoɖotɔe, eye le ɣleti ade me la, amesiwo ade 13 va nɔ gome kpɔm le nyanyuia kaka me. Emegbe Ðasefo bubu siwo wonya nenema ke tso Angola hã va. Le woƒe gamenɔɣi la, wowɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ gblɔ nyanyuia na nutoa me tɔwo.

Kaka ƒe 1966 naɖo la, nɔvi siwo katã wode gaxɔ me le São Tomé la trɔ yi wo dedukɔwo me le Afrika. Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo sue si wogblẽ ɖe megbe la yi dɔ dzi dzinɔameƒotɔe. Woti wo yome, ƒo wo, hede wo gaxɔ me le esi wokpena ɖekae srɔ̃a Biblia ta, eye ame aɖeke menɔe asrã wo kpɔ alo ade dzi ƒo na wo o. Dukɔa xɔ ɖokuisinɔnɔ tso Portugal si le ƒe 1975 me, eye ʋɛʋɛʋɛ la, Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒe kuwo te tsetse.

Dzidziɖedzi Kple Xɔtutu

Le ɣleti si tututu me wode Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo agbalẽ me le se nu le ƒe 1993 me la, woƒe agbɔsɔsɔ si ƒo ɖesiaɖe tae nye 100. Le ƒe ma ke me la, mɔɖela veviwo tso Portugal va. Agbagba si wodze be yewoasrɔ̃ Portugaltɔwo ƒe Creolegbe la lé dzi na dua me tɔwo ale gbegbe. Emegbe anyigba didi be woatu Fiaɖuƒe Akpata ɖe edzi va nye nu vevitɔ na wo. Esi nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Maria se nya sia la, etsɔ anyigba si dzi wòtso aƒe sue aɖe ɖo la ƒe afã na. Anyigba la lolo ŋutɔ na Fiaɖuƒe Akpata gã aɖe tutu. Maria menya be anyigba sia nɔ ŋu biãm na aƒetsola nugãdilawo o le esi eƒe ƒometɔ aɖeke mele agbe o ta. Gbeɖeka la, asitsala bubume aɖe va ɖo dze kple Maria.

Exlɔ̃ nui be: “Nya si sem mele le ŋuwò la mevivi o! Mese be etsɔ wò anyigbaa na. Mènya be esi anyigbaa le dugã me ta la ana wòaxɔ ho gbogbowo oa?”

Maria biae be: “Ne metsɔ anyigbaa na wò la, ho nenie nanam?” Esi ŋutsua meɖo eŋu o la, Maria yi edzi be: “Ne ètsɔ ga siwo katã le xexeame nam gɔ̃ hã la, made o elabena ga mate ŋu aƒle agbe o.”

Ŋutsua bia be: “Vi mele asiwò o ɖe, alo?”

Be Maria natso dzeɖoɖoa dzi la, egblɔ be: “Yehowa tɔe anyigbaa nye. Eɣee nam ƒe geɖe, eye metrɔ eƒe nu nɛ azɔ. Mele mɔ kpɔm be mava nɔ agbe tegbee.” Emegbe ebia ŋutsua be: “Agbe mavɔ mele asiwò nanam o ɖe, alo?” Ŋutsua trɔ dzo kɔ̃ nya aɖeke magblɔmagblɔe.

Nusi va do tso emee nye be nɔvi bibi siwo tso Portugal va na kpekpeɖeŋu wotu dziƒoxɔ tuɖedzi eve. Xɔtexɔ, Fiaɖuƒe Akpata si me lolo, kple dzeƒe le eŋu. Sukuxɔ siwo me woawɔ hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple mɔɖelawo ƒe sukuwo le hã le eme. Hame eve wɔa woƒe kpekpewo le eme, si na wòzu tadedeagu dzadzɛ ŋuti nusrɔ̃ƒe nyui aɖe le dugãa me.

Hame aɖe si me gbeƒãɖela veviedola 60 le la le Mé-Zochi. Esi wònye Fiaɖuƒe Akpata si nye agbadɔ aɖe si wotu ɖe akɔɖutiwo me tee wowɔa kpekpewo le ta la, eva dze ƒã be wohiã na Fiaɖuƒe Akpata si sɔ. Wogblɔ nya sia na dugã me xɔdzikpɔlawo, eye dumegã veveseɖeamenulawo na anyigba nyui aɖe wo ɖe mɔ gã to. To nɔvi siwo tso Portugal ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, wozã ɣeyiɣi kpui ƒe xɔtumɔnua tsɔ tu Fiaɖuƒe Akpata nyui aɖe le ɣleti eve me. Ewɔ nuku na nutoa me tɔwo ale gbegbe. Swedentɔ xɔtuɖaŋudɔwɔla aɖe si le dua me ƒe nu ku esime wòkpɔ alesi nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le dɔa wɔmee. Egblɔ be “Ewɔ nuku ŋutɔ! Yehowa Ðasefowo le ɣeyiɣi kpui ƒe xɔtumɔnu zãm le Mé-Zochi du sia me! Aleae wòle be míawɔ míaƒe dɔwoe.” Wokɔ Fiaɖuƒe Akpataa ŋu le June 12, 1999 dzi, eye ame 232 ye de. Akpataa va zu nukpɔkpɔ na amedzro siwo vaa Mé-Zochi dua me.

Takpekpe Ðedzesi Aɖe

Nudzɔdzɔ si ɖe dzesi le Yehowa Ðasefo siwo le São Tomé kple Príncipe gomee nye ŋkeke etɔ̃ “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le January 1994 me—si nye takpekpe gã gbãtɔ si wowɔ kpɔ le ƒukpo siawo dzi. Takpexɔ nyuitɔ kekeake si me yafamɔ̃ le le dukɔa me mee wowɔe le. Àte ŋu akpɔ alesi Fiaɖuƒegbeƒãɖela 116 la kpɔ dzidzɔe esime ame 405 va takpekpea si nye zi gbãtɔ si wokpɔ Biblia me drama eye woɖe agbalẽwo ɖe go na wo la le susu mea? Ƒuta siwo nɔa anyigba xɔdzo dzi tɔgbee nye afisi wona nyɔnyrɔ adzɔgbeɖela 20 la le.

Nu yeye si he ame akpa gãtɔ ƒe susu enye akɔtagbalẽvi tɔxɛ si takpekpea valawo kpla. Amedzro 25 siwo tso Portugal kple Angola va takpekpea na wòɖi dukɔwo dome takpekpe. Kristotɔwo ƒe vividoɖeameŋu si me lɔlɔ̃ le ɖo wo dome enumake, eye aɖatsi nɔ gegem le mo na ame geɖe le wɔnaa ƒe akpa mamlɛa me esime wodo hedenyuie na wo nɔewo.—Yohanes 13:35.

Nyadzɔdzɔŋlɔlawo tso Dukɔa ƒe Radiodɔwɔƒea va eye wobia gbe takpekpea dzikpɔla. Wogbugbɔ ƒo nuƒo siwo wolé ɖe kasɛt dzi dometɔ geɖe ƒe akpa aɖewo le radio dzi. Enye nudzɔdzɔ ɖedzesi nyateƒe, eye wòna Ðasefo wɔnuteƒe siwo sa ɖe aga ɣeyiɣi didi la se le wo ɖokui me be yewote ɖe Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna la ŋu kplikplikpli wu.

Kutsetse Hena Yehowa ƒe Kafukafu

Ne Fiaɖuƒegbedasia tse ku la, ena wonɔa agbe nyui si hea kafukafu kple bubu vɛ na Yehowa. (Tito 2:10) Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe kpɔ dzidzɔ ɖe nusi srɔ̃m wònɔ le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ me la ŋu. Gake fofoa gbe nɛ be megade hamea ƒe kpekpewo o. Esi wòɖe vevienyenye si le Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu kple eƒe didi be yeanɔ dedem me nɛ bubutɔe la, enyae le aƒea me enumake. Anye be ebu be ɖevia awɔ nu abe ɖevi bubuawo ene—aʋu aɖatsi ŋutsu aɖe si akpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ la ŋu. Esi fofoa se be ele agbe nyui nɔm abe Kristotɔ ene eye medea ŋutsuha o la, eʋãe be wògaxɔe ɖe aƒea me hena ablɔɖee be wòasubɔ Yehowa.

Kpɔɖeŋu bubu ku ɖe haƒoha aɖe ƒe ŋgɔnɔla ŋu. Agbegbegblẽ si nɔm wònɔ la wɔe be dzi va ɖe le eƒo. Esime wònɔ tameɖoɖo si le agbe ŋu dim la, Ðasefoawo do goe. Esi wote agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo nu la, eŋunya ɖi hoo le dua me. Eteƒe medidi o ekpɔe be ehiã be yeatso hadede manyomanyowo katã me. (Korintotɔwo I, 15:33) Emegbe eɖe afɔ vevi si nye nyɔnyrɔxɔxɔ tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii.

Sɔhɛ geɖewo nɔ subɔsubɔha vavãtɔ dim. Woƒe didi sia na wowɔ numedzodzrowo kple mawunyagblɔlawo ƒe ƒuƒoƒo geɖewo ƒe ŋgɔnɔlawo, gake ɖeko wòtɔtɔa wo heɖea dzi le wo ƒo ɖe edzi. Esia wɔe be wova zu gbevuwo kple amesiwo ɖua fewu le subɔsubɔha ƒomevi ɖesiaɖe ŋuti.

Gbeɖeka, Yehowa Ðasefo aɖe, si nye dutanyanyuigblɔla la yina Biblia srɔ̃ ge kple ame aɖe eye wòto afisi sɔhɛ siawo le. Sɔhɛawo di be dutanyanyuigblɔla la naɖo biabia aɖewo ŋu eye wokplɔe yi xɔ godo, eye wona zikpui sue aɖee be wòanɔ anyi ɖe edzi. Nusi kplɔe ɖo emegbe enye be wobiae biabia siwo ku ɖe luʋɔ, dzomavɔ, dziƒogbenɔnɔ, kple xexeame ƒe nuwuwu ŋuti tre ɖe enu. Ðasefoa ɖo woƒe biabia siawo katã ŋu tso Biblia si ƒuƒoƒoa ƒe ŋgɔnɔlaa ɣe nɛ la me. Le gaƒoƒo ɖeka megbe la, ŋgɔnɔla la, si ŋkɔe nye Law, gblɔ na dutanyanyuigblɔla la bena: “Esi míekpe wò be nàva ɖo biabiawo ŋu la, míaƒe tameɖoɖoe nye be míaɖu fewu le ŋuwò, abe alesi míewɔ na subɔsubɔha bubu me tɔwo ene. Míebu be ame aɖeke mate ŋu aɖo biabia mawo ŋu o. Gake èɖo wo ŋu, eye Biblia ɖeɖe dzaa koe nèzã tsɔ ɖo wo ŋui! Gblɔe nam, aleke mawɔ asrɔ̃ nu geɖe tso Biblia ŋu?” Wote Biblia sɔsrɔ̃ kple Law, eye eteƒe medidi o ete kpekpewo dede. Le esia megbe kpuie la, edo go le ƒuƒoƒoa me heɖe asi le ŋutasesẽnuwɔwɔ ŋu. Kaka ƒe ɖeka nava yi la, etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ. Fifia la, enye subɔsubɔdɔwɔla.

Dekɔnu si va ƒo ke ɖe to sesĩe enye be ŋutsu kple nyɔnu nɔa wo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖe le se nu. Ame geɖewo nɔa wo nɔewo gbɔ ƒe geɖe, eye wodzia viwo. Esesẽ na wo be woalɔ̃ ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu si le nyaa ŋu dzi. Enye nudodzidzɔname be míakpɔ alesi Mawu ƒe Nyaa kpe ɖe ame aɖe ŋu wòɖu kplamatsedonu sia dzii.—Korintotɔwo II, 10:4-6; Hebritɔwo 4:12.

Antonio kpɔe dze sii be ele be yeade yeƒe srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me le se nu eye wòɖoe be yeawɔ esia ne yeɖe bli le agble dzi si nye esime ga aɖe asu ye si yeatsɔ awɔ srɔ̃ɖeɖeae. Le zã si do ŋgɔ teti na blia ɖeɖe me la, fiafiwo va fi eƒe agblemenuwo. Eɖoe be yealala akpɔ agblemenu siwo yeaɖe le ƒe si akplɔe ɖo sinu, gake wogafii ake. Esi Antonio gado kpo gakpɔkpɔ na eƒe srɔ̃kpekpea ake la, eva dze si amesi tututu le tsitre tsim ɖe eŋu. Egblɔ be: “Satana magaba ham azɔ o. Meɖaɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ loo nyemeɖa ɖoe o, maɖe srɔ̃ le ɣleti ɖeka kple afã me!” Eye wòɖee hã, gake nukutɔe la, wo xɔlɔ̃wo na koklowo, kpakpaxewo, kple gbɔ̃ wo be woatsɔ aɖo kplɔ̃ae. Le woƒe srɔ̃ɖeɖea dede agbalẽ me megbe la, Antonio kple srɔ̃a—tsɔ kpe ɖe wo vi ade ŋu—xɔ nyɔnyrɔ wònye woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe dzesi.

Mitrɔ Ðe Príncipe Ƒukpoa Ŋu

Nutome sue dzikpɔla kple mɔɖela siwo tso São Tomé la yina ɖasrãa Príncipetɔ 6,000 la kpɔna ɣeaɖewoɣi le ƒe siawo me. Ƒukpoa dzi nɔlawo wɔa amedzro ŋutɔ eye wodina vevie be yewoase Ðasefoawo ƒe nyawo. Esi ŋutsu aɖe xlẽ trakt aɖe si mɔɖelaawo nɛ vɔ megbe la, edi wo yomemɔ le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi hebia be yeakpe ɖe wo ŋu be woama trakt bubuwo akpee. Mɔɖelaawo ɖe eme nɛ be yewoƒe dɔe wònye, gake ŋutsua te tɔ ɖe edzi be yeakplɔ wo ɖo tso aƒeme yi aƒeme ale be yeaɖe wo afia aƒemenɔlawo ne woaɖo to wo nyuie. Mlɔeba la, ŋutsua kafu mɔɖelawo ɖe dɔ vevi si wɔm wole la ta hetrɔ le wo yome.

Le ƒe 1998 me la, mɔɖela eve tso São Tomé ʋu yi Príncipe, eye eteƒe medidi o wonɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple ame 17. Dɔa yi edzi nɔ ta kekem, eye eteƒe medidi o ame 16 dea Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒea le mama dedie nu, eye ame 30 kple edzivɔwo va sea dutoƒonuƒoa. Wotsɔ alesi wòhiãe be kpekpeƒe nanɔ yewo si la ɖo dugã me xɔdzikpɔlawo ŋkume, eye dzidzɔtɔe la, wona anyigba wo be woatu Fiaɖuƒe Akpata. São Tomé nɔviwo tsɔ wo ɖokui na ɖatu Fiaɖuƒe Akpata sue aɖe si me xɔwo le na mɔɖela vevi eve.

Ðikeke aɖeke mele eme o be, nyanyuia le ku geɖe tsem hele dzidzim ɖe edzi le ƒukpo saɖeaga siawo dzi. (Kolosetɔwo 1:5, 6) Le January 1990 me la, gbeƒãɖela 46 ye nɔ São Tomé kple Príncipe. Le ƒe 2002 ƒe subɔsubɔƒea me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme si ƒo ɖesiaɖe ta la ɖo 388! Gbeƒãɖelawo ƒe alafa memama 20 kple edzivɔwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm, eye wole aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo ade 1,400 wɔm. Ƒe 2001 ƒe Ŋkuɖodzia valawo ƒe xexlẽme ɖo agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si nye 1,907. Ẽ, le ƒukponyigba xɔdzo siawo dzi la, Yehowa ƒe nya le ŋgɔ yim tẽ kple du eye wole eŋu kɔm.—Tesalonikatɔwo II, 3:1.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 12]

Radio Dzi Wɔna Xɔŋkɔwo

Agbalẽ si ŋu wokpɔa dzidzɔ ɖo vevie le ƒukpo siawo dzi enye Questions Young People Ask—Answers That Work. * Kwasiɖa eve ɖesiaɖe la, wowɔa miniti 15 ƒe wɔna aɖe si wotsɔ ŋkɔ sia na la le Dukɔa ƒe Radio dzi. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònyena be woase wɔnaa dzikpɔla la nabia be, “Sɔhɛwo, aleke miawɔ anya nenye lɔlɔ̃ akuakuae loo alo fiẽŋufiẽŋuie?” eye emegbe wòaxlẽ agbalẽa ƒe akpa aɖe! (Kpɔ ta 31.) Wɔna sia tɔgbe bubu aɖe hã dzroa agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. * me nya aɖewo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 33 Yehowa Ðasefowoe ta wo.

^ mm. 33 Yehowa Ðasefowoe ta wo.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ si wotu le São Tomé le ƒe 1994 me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

1. Fiaɖuƒe Akpata si wotsɔ ɣeyiɣi kpui aɖe tu le Mé-Zochi

2. Wowɔ nutome gã takpekpe ɖedzesi la le takpexɔ sia me

3. Nyɔnyrɔxɔla kpɔdzidzɔwo le takpekpea me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]

Anyigbatata: Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.