Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia—Alesi Biblia Trɔ Ŋutsu Siae

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia—Alesi Biblia Trɔ Ŋutsu Siae

“Mite Ðe Mawu Ŋu, Eye Wòate Ðe Mia ŋu”

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia​—Alesi Biblia Trɔ Ŋutsu Siae

HADZIDZI zu nu vevitɔ kekeake le Rolf-Michael ƒe agbe me. Eva zu kluvi na atikevɔ̃ɖizazã. Ðekakpui sia si le Germany la noa aha ale gbegbe eye wòzã atikevɔ̃ɖi siwo nye LSD, cocaine, hashish, kple tagbɔtɔtɔtike bubuwo megbemakpɔmakpɔe.

Gbeɖeka wolé Rolf-Michael esime wònɔ agbagba dzem be yeatsɔ atikevɔ̃ɖi agbã dee ayi Afrika-dukɔ aɖe me eye wodee mɔ dzinu 13. Eƒe mɔmenɔnɔa na wòkpɔ ɣeyiɣi bu tame tso taɖodzinu si tututu le agbe ŋu la ŋuti.

Ɣeyiɣi aɖee nye ma si Rolf-Michael kple srɔ̃a, Ursula, di taɖodzinu si le agbe ŋu hedi nyateƒea do kpoe. Togbɔ be yeaɖi Kristo-sɔlemehawo ƒe nuwɔna ɖe dzi le wo ƒo hã la, wodi vevie be yewoanya Mawu. Gake nyabiasewo nɔ wo si siwo womekpɔ ŋuɖoɖo fadziname na tso subɔsubɔha vovovoawo gbɔ o. Gawu la, subɔsubɔha siawo mekpɔ ŋusẽ gobi aɖeke ɖe wo dzi be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ o.

Mlɔeba la, Rolf-Michael kple Ursula va ke ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Esi wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, nuxlɔ̃ame si nye, “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu,” wɔ dɔ ɖe Rolf-Michael dzi vevie. (Yakobo 4:8) Eɖoe be ‘yeaɖe amenyenye xoxo si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ nu la ɖa eye yeado amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.’​—Efesotɔwo 4:22-24.

Aleke Rolf-Michael te ŋu wɔ do amenyenye yeyea? Wofiae le Biblia me be ‘to sidzedze vavãtɔ’ dzi la, woate ŋu awɔ ame ƒe amenyenye ‘yeyee le Amesi wɔe, si nye Yehowa Mawu, la ƒe nɔnɔme nu.’​—Kolosetɔwo 3:9-11.

Esi sidzedze vavãtɔ va nɔ Rolf-Michael si sum la, edi be yeanɔ agbe wòasɔ ɖe gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya me nu. (Yohanes 17:3) Menɔ bɔbɔe na Rolf-Michael be wòaɖe asi le atikevɔ̃ɖizazãa ŋu o, gake ekpɔ alesi gbegbe wòle vevie be yeate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me ahaxɔ kpekpeɖeŋu tso egbɔ dze sii. (Yohanes I, 5:14, 15) Hadede kplikplikpli kple amesiwo nye Yehowa Ðasefowo xoxo eye wole agbagba dzem be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu hã kpe ɖe eŋu.

Nusi hã kpe ɖe Rolf-Michael ŋue nye enyanya be xexeame nu va yina eye be amesiwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la anɔ anyi ayi ɖe mavɔmavɔ me. Ekpe ɖe eŋu be metia lɔlɔ̃ na xexeame si nye nusi anɔ anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko o, ke boŋ wòtia yayra mavɔ si tsoa ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Mawu lɔ̃ame, Yehowa, me. (Yohanes I, 2:15-17) Lododowo 27:11 me nya siwo gblɔ be “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye” la wɔ dɔ ɖe Rolf-Michael dzi ale gbegbe. Egblɔ akpedadatɔe be: “Mawunyakpukpui sia fia alesi gbegbe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ de toe mí, elabena ena mɔnukpɔkpɔ amegbetɔwo be woana yeƒe dzi nakpɔ dzidzɔ.”

Abe Rolf-Michael, srɔ̃a, kple wo vi etɔ̃awo ene la, Biblia ƒe gɔmeɖosewo tsɔtsɔ wɔ dɔe ɖe vi na ame akpe alafa geɖewo. Àte ŋu akpɔ amesiawo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le xexeame godoo. Gake nublanuitɔe la, wokaa aʋatso ɖe Ðasefowo si le dukɔ aɖewo me be wonye kɔmama si ŋu ŋɔdzi le, si gbãa ƒomewo. Rolf-Michael ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖo kpe edzi be mele alea o.—Hebritɔwo 4:12.

Rolf-Michael gblɔ be Mateo 6:33 me nyawo, siwo xlɔ̃ nu mí be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ye nye mɔfiati na yewoƒe ƒomea. Wo kple woƒe ƒomea wodaa akpe na Yehowa ŋutɔ ɖe dzidzɔ si kpɔm wole le woƒe ƒomegbenɔnɔ me abe Kristotɔwo ene ta. Woƒe seselelãme wɔ ɖeka kple hakpala la tɔ, amesi dzi ha be: “Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?”​—Psalmo 116:12.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Mawu na mɔnukpɔkpɔ amegbetɔwo be woana yeƒe dzi nakpɔ dzidzɔ

[Aɖaka si le axa 9]

Biblia ƒe Gɔmeɖosewo Wɔa Dɔ

Biblia ƒe gɔmeɖose siwo kpe ɖe ame geɖe ŋu woɖe asi le numame wuamewo ŋu dometɔ aɖewo enye si:

Mi amesiwo lɔ̃a Yehowa la, milé fu vɔ̃!” (Psalmo 97:10) Ne amewo va kpɔ alesi gbegbe nuwɔna siwo hea ku vɛ na ame nye nugbegblẽe eye wova srɔ̃ fuléle wo ŋutɔŋutɔ la, enɔa bɔbɔe na wo be woawɔ nusi dze Mawu ŋu.

“Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Be nàte ŋu agbe atikevɔ̃ɖiwo kple numame gbegblẽ bubuwo la, ehiã be nàtia wò zɔhɛwo nyuie. Xɔlɔ̃dzedze Kristotɔ siwo akpe ɖe ame ŋu woanɔ agbe ɖe ame ƒe tameɖoɖo kplikpaa nu la ɖea vi ŋutɔŋutɔ.

“Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Womate ŋu atsɔ dzime kple tamesusu ƒe ŋutifafa sia asɔ kple atikevɔ̃ɖi alo nu bubu aɖeke o. Eye ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me kpena ɖe ame ŋu wònɔa te ɖe kuxiwo nu atikevɔ̃ɖiwo mazãmazãe.