Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hiãtɔwo Gale Ko Ðom Ðe Edzi

Hiãtɔwo Gale Ko Ðom Ðe Edzi

 Hiãtɔwo Gale Ko Ðom Ðe Edzi

“Dukɔ aɖeke me tɔwo mate ŋu anɔ dzidzedze kple dzidzɔ kpɔm ne woƒe akpa gãtɔ nye ame dahewo eye woƒe nu wɔ nublanui o.”

GANYAŊUNUNYALA Adam Smith ye gblɔ nya ma va yi le ƒe alafa 18 lia me. Ame geɖewo xɔe se be nya si wògblɔ la ƒe nyateƒenyenye le dzedzem egbea gɔ̃ hã wu. Vovototo si le kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo dome va le dzedzem ƒã wu. Le Philippines la, dukɔa me tɔ ɖeka le etɔ̃ me ƒe gbeɖekafetu mede (United States) dɔlar ɖeka o, gake wònye fetu si amesiwo le kesinɔdukɔwo me kpɔna le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo me zi geɖe. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Human Development Report 2002 tɔ gblɔ be “xexeame katã ƒe kesinɔtɔwo 5 le alafa me ƒe fetu sɔ gbɔ zi gbɔ zi 114 wu xexeame katã ƒe hiãtɔ 5 le alafa me tɔ.”

Esime ame aɖewo le nɔnɔme deamedzi me vaseɖe afi aɖe la, ame gbogbo aɖewo nye amesiwo le ame aɖewo ƒe anyigba dzi mɔmabiamabiae, eye wotua aɖakagoxɔwo ɖe afisiafi si wokpɔ. Ame aɖewo mekpɔe alea gɔ̃ hã o; ablɔ dzie wonɔna eye agbalẽgo alo aŋe kakɛ aɖe ko dzie womlɔna. Wo dometɔ geɖe kua kutri toa mɔ sia mɔ nu si woate ŋui—wotsana le aɖukpowo dzi, nɔa agba kpekpewo tsɔm, alo nɔa nusiwo woagate ŋu azã ake la fɔm da ɖe kekewo dzi.

Menye dukɔ madeŋgɔwo me koe wokpɔa kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo dome vovototoa le o gake, abe alesi Xexeame Katã ƒe Gadzraɖoƒegã gblɔe enea, “‘teƒe suesue siwo hiãkame le la’ bɔ ɖe dukɔ ɖesiaɖe me.” Tso Bangladesh va ɖo United States la, aleke kee kesinɔtɔwo ɖale afimae o, ame aɖewo li siwo kua kutri be yewoakpɔ nane aɖu alo akpɔ xɔ anɔ eme. The New York Times yɔ United States ƒe Amewo ƒe Xexlẽme Dzikpɔƒea ƒe akɔntabubu si nye ƒe 2001 tɔ tsɔ fia be ʋe si le kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo dome le kekem ɖe edzi. Egblɔ be: “Dukɔa ƒe kesinɔtɔ gãtɔwo kekeake atɔ̃ kpɔ ga si woazã ɖe aƒedzikpɔkpɔ ŋu 50 le alafa me le ƒe si va yi me . . . Amesiwo nye hiãtɔwo kekeake atɔ̃ kpɔ 3.5 le alafa me.” Aleae nɔnɔmea le alo vloe wu le dukɔ bubuwo mee. Xexeame Katã ƒe Gadzraɖoƒegã ƒe akɔntabubu ɖee fia be ga si  nu anyigbadzinɔlawo 57 le alafa me nɔa agbe ɖo gbeɖeka la mede dɔlar 2 o.

Nusi gagblẽ nyaa ɖe edzi kura enye be, le ƒe 2002 me la, nyatakaka si ku ɖe dumegãwo ƒe gakpɔkpɔ to mɔ fitifiti nu ɖe fu na ame geɖe. Ne menye nugbegblẽwɔwɔ si dze gaglã aɖekee wowɔ o hã la, ame geɖewo se le wo ɖokui me abe alesi Fortune magazine gblɔe ene be “amegã siawo nɔ kesinɔnu gbogbo aɖewo kpɔm le nuku mɔ aɖe nu si nana ameawo ɖia vo.” Nusi le edzi yim le xexeame ŋu bubu na wowɔna na ame aɖewo yaa be aleke eme akɔe ne ame aɖewo kpɔna ga gbogbo alea gbegbe, siwo anɔ dɔlar gbogbo aɖewo esime ame aɖewo da ahe.

Ðe Hiãkame Anɔ Anyi Ðaa?

Menye ɖe míedi be míagblɔ be ame aɖeke mele naneke wɔm le hiãtɔwo ƒe kuxiawo ŋu o. Dziɖuɖumegã nyuidinamelawo kple kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo wɔ ɖoɖowo be woatrɔ asi le nɔnɔmea ŋu. Ke hã, nusiwo le dzɔdzɔm gaɖea dzi le ame ƒo kokoko. Agbalẽ si nye Human Development Report 2002 gblɔ be, “dukɔ geɖewo da ahe ɖe edzi wu ƒe 10, 20, eye le ɖewo gome la, ƒe 30 siwo va yi,” togbɔ be wodze agbagba nyui geɖewo hã.

Ðe esia fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke mele hiãtɔwo si oa? Míekpe wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo ne nàkpɔ aɖaŋu nyui aɖewo si ate ŋu akpe ɖe ame ŋu fifia kple egbɔkpɔnu aɖewo siwo manya susu tsã o.