Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Migavɔ̃ O, Eye Dzika Megatso Mia Ƒo O”

“Migavɔ̃ O, Eye Dzika Megatso Mia Ƒo O”

 “Migavɔ̃ O, Eye Dzika Megatso Mia Ƒo O”

“Migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o. . . . Yehowa li kpli mi.”​—KRONIKA II, 20:17.

1. Ŋusẽ kae nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ kpɔ ɖe amewo dzi, eye nukatae gɔmesese le eŋu be vɔvɔ̃ naɖo amewo?

NUVLOWƆLAWO ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ! Nya sia sese ɖeɖe dzaa naa vɔvɔ̃ ɖoa ame, eye wònaa amewo dea vovo ge le wo ɖokui me doa kpoe. Enaa ŋɔdzi léa amewo, woléa blanui, hedoa dziku. Eye enye nya si fiaa nusi ame geɖe le vɔvɔ̃m na be ayi edzi anɔ dzɔdzɔm ɖe ameƒomea dzi le ƒe geɖe siwo gbɔna me. Nyateƒe si wònye be dukɔ aɖewo le avu wɔm kple ŋɔdzinuwɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe ƒe geɖe enye esia gake womele ta kpɔm nɛ tututu o la na gɔmesese le eŋu be vɔvɔ̃ naɖo amewo alea.

2. Aleke Yehowa Ðasefowo sena le wo ɖokui me ku ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ƒe kuxia ŋu, eye biabia kawoe fɔ ɖe te?

2 Ke hã susu nyui aɖe li si ta wòle be dzi nanɔ mía ƒo. Mɔkpɔkpɔ nyui le Yehowa Ðasefowo, amesiwo le gbeƒã ɖem dzonɔamemetɔe le dukɔ 234 me le xexeame godoo la si wòɖe dzesi. Le esi woavɔ̃ be womate ŋu aɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ɖa gbeɖe o teƒe la, kakaɖedzi le wo si be woaɖee ɖa—eye woaɖee ɖa kpuie hã. Ðe  wòsɔ be woƒe mɔkpɔkpɔ sia nanɔ wò hã asiwòa? Amekae ate ŋu aɖe xexeame tso afɔku sia me dzidzedzetɔe, eye aleke wòava emee? Esi wònye be woanya wɔ nu vlo aɖe tɔgbe ɖe mí katã ŋu kpɔ ta la, anyo be míadzro nusita mɔkpɔkpɔ nyui li ɖo me.

3. Dzikatsoƒoenu kawoe li, eye nya kae wogblɔ ɖi ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu?

3 Egbea la, amewo vɔ̃na eye dzika tsoa wo ƒo le susu vovovowo ta. Bu ame gbogbo siwo megate ŋu kpɔa wo ɖokui dzi o le tsitsi ta, kple amesiwo le ku ɖim le dɔléle siwo womete ŋu dana o ta, kpakple ƒome siwo le dagbadagbam be woakpɔ agbemenuhiahiãwo gbɔ la ŋu kpɔ ko. Le nyateƒe me la, bu alesi womate ŋu aka ɖe nusi ava dzɔ le agbe me dzi o la ŋu kpɔ! Edze abe afɔkuwo dzɔna kpata alo be dzɔgbevɔ̃e ɖina ɖe ame le afisiafi ene, eye wòate ŋu agblẽ míaƒe nu vevi ɖesiaɖe dome. Vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsi siawo, kpakple mía ŋutɔwo ƒe kuxi gbogbowo, tsɔ kpe ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame ŋu, na míaƒe ɣeyiɣia nye esi tututu ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe, be: “Nya esia bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o.”—Timoteo II, 3:1-3.

4. Mɔkpɔkpɔ nyui kae dze le nya vɔ̃e si wogblɔ ɖi le Timoteo II, 3:1-3 la me?

4 Togbɔ be nya vɔ̃woe dze le mawunyakpukpui sia me hã la, eganaa mɔkpɔkpɔ ame hã. De dzesii be Satana ƒe egbegbe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” mee ɣeyiɣi vɔ̃awo ava le. Esia fia be ɖeɖe tu aƒe eye eteƒe madidi o, Mawu ƒe Fiaɖuƒe debliboa ƒe dziɖuɖu si Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia la, ava xɔ ɖe xexemenuɖoanyi vɔ̃ɖia teƒe. (Mateo 6:9, 10) Fiaɖuƒe mae nye Mawu ƒe dziƒodziɖuɖu si ŋu nyagblɔɖila Daniel gblɔ le be “matsrɔ̃ akpɔ gbeɖe o,” ke boŋ “agbã [amegbetɔwo ƒe] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Kristotɔwo ƒe Akpaɖekedzimademade Kple Ŋɔdzinuwɔwɔ ƒe Nya La

5. Aleke dukɔwo tso ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ si vɔ̃m wole ŋu nyitsɔ laae?

5 Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia si nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ na ame akpe geɖe ƒe agbe tsrɔ̃. Amewo va le ŋudzɔ ɖe afɔku sia ŋu wu le xexeame godoo le New York City kple Washington, D.C., dzidzedze le September 11, 2001, megbe. Le esi ŋɔdzinuwɔwɔ do gã ɖe edzi hekeke ta ɖe xexeame ƒe akpa sia akpa ta la, dukɔwo le xexeame godoo tso kaba hewɔ ɖeka be yewoaho aʋa ɖe eŋu. Le kpɔɖeŋu me, le nyadzɔdzɔ siwo wogblɔ le December 4, 2001, ƒe nya nu la, “dutadudɔnunɔla siwo tso dukɔ 55 me le Europa, Dziehe Amerika, kple Titina Asia katã lɔ̃ ɖe tameɖoɖo aɖe dzi” be yewoaƒo takpli awɔ dɔ ɖekae. United States srafomegã aɖe kafu nuwɔna sia be enye “ŋusẽ yeye dodo” aʋa si woho ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ŋu. Eteƒe medidi o, ame miliɔn geɖe va tsɔ ɖe le nusi The New York Times Magazine yɔ be “aʋa gã aɖe ƒe gɔmedzedze” me vevie. Alesi aʋa ma ava yii nye nusi míada ŋku ɖi ava kpɔ emegbe. Gake nusi ava do tso aʋa ma si woho ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ŋu me la na vɔvɔ̃ ɖo ame geɖe eye wotsi dzimaɖi, gake mele alea le amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu ya gome o.

6. (a) Nukatae wòasesẽ na ame aɖewo ɣeaɖewoɣi be woalɔ̃ ɖe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade si me Yehowa Ðasefowo lé ɖe asi dzi? (b) Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo na eyomedzelawo le dunyahenyawo me?

 6 Wonya Yehowa Ðasefowo nyuie be womedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o. Togbɔ be ame geɖe alɔ̃ ɖe akpaɖekedzimademade si me wolé ɖe asi dzi le ŋutifafaɣiwo hã la, womegadina be yewoase nya sia ne nɔnɔme bubu kura do mo ɖa o. Zi geɖe la, vɔvɔ̃ kple alesi womate ŋu aka ɖe nusi ava dzɔ le aʋa megbe dzi o la nyɔa dulɔlɔ̃ ƒe seselelãme sesẽ aɖe ɖe amewo me. Esia ate ŋu ana nusita woagbe dunyahehabɔbɔ xɔŋkɔ aɖe yomenɔnɔ la gɔmesese nasesẽ na ame aɖewo. Ke hã Kristotɔ vavãwo nya be ele be yewoawɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi be woaganye ‘xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 15:19; 17:14-16; 18:36; Yakobo 4:4) Esia bia be woalé akpaɖekedzimademade me ɖe asi le dunyahehe alo hadome nyawo me. Yesu ŋutɔ ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi. Ne míebu nunya deblibo kple ŋutete tɔxɛ si le esi ŋu la, anye ne ate ŋu awɔ nane si ana amewo ƒe nɔnɔme nanyo ɖe edzi wu le eŋɔli hafi. Gake egbe eɖokui ƒoƒo ɖe dunyahehewo me. Le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze la, egbe Satana ƒe nunana si wòtsɔ ɖo eŋkume be wòava zu xexeame fiaɖuƒewo katã dziɖula la enumake. Emegbe eɖoe kplikpaa ƒo asa na agbagba si amewo dze be woaɖoe fiae.—Mateo 4:8-10; Yohanes 6:14, 15.

7, 8. (a) Nukae Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade le dunyahehe me mefia o, eye nukatae? (b) Aleke Romatɔwo 13:1, 2 meɖe mɔ ɖe gomekpɔkpɔ le aglãdzedze nuwɔna me ɖe dziɖuɖu ŋu la ŋu o?

7 Mele be woase Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade si wotia la gɔme bubui be wodea nuvlowɔwɔ dzi alo be wometsɔ ɖeke le eme o. Esia wɔwɔ atsi tre ɖe gbɔgblɔ be yewonye “lɔlɔ̃ kple ŋutifafa Mawu” ƒe subɔlawo ŋu. (Korintotɔwo II, 13:11) Wonya alesi Yehowa bua nuvlowɔwɔe. Hakpala la ŋlɔ be: “Yehowa doa ame dzɔdzɔe [kple ame vɔ̃ɖi siaa, NW] kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.” (Psalmo 11:5) Woɖoa ŋku nya si Yesu gblɔ na apostolo Petro hã dzi be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.”—Mateo 26:52.

8 Togbɔ be ŋutinya ɖee fia eme kɔ ƒã be aʋatso Kristotɔwo zã “yi la” zi geɖe hã la, mele alea le Yehowa Ðasefowo ya gome o. Woɖea wo ɖokui ɖa tso nuwɔna ma tɔgbewo me. Ðasefoawo wɔna ɖe nuxlɔ̃ame si le Romatɔwo 13:1, 2 dzi, si gblɔ be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na [alo dziɖulawo]. Elabena dziɖuɖu aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi. Eyata amesi ke dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, etsia tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti; ke amesiwo dzea aglã la, woakpɔ woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.”

9. Mɔ eve kawo nue Yehowa Ðasefowo tsia tre ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ŋu le?

9 Gake esi ŋɔdzinuwɔwɔ vɔ̃ɖi alea gbegbe ɖe, ɖe mele be Yehowa Ðasefowo nawɔ nane atsɔ atsi tre ɖe eŋu oa? Ẽ, ele be woawɔ nane eye wole ewɔm. Gbã la, woawo ŋutɔ womewɔa ŋɔdzinu sia tɔgbe aɖeke o. Evelia, wofiaa Kristotɔwo ƒe gɔmeɖose amewo, si dzi ne wowɔ ɖo la, womakpɔ gome le ŋutasẽnuwɔna ƒomevi aɖeke me o. * Le ƒe si va yi me la, Ðasefowo zã gaƒoƒo 1,202,381,302 tsɔ kpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ sia. Esia menye ɣeyiɣi gbegblẽ kura o, elabena dɔ sia wɔwɔ na be ame 265,469 xɔ nyɔnyrɔ va zu Yehowa Ðasefowo tsɔ ɖee fia le dutoƒo be yewotsri nuvlowɔwɔ keŋkeŋ.

10. Mɔkpɔkpɔ kawoe li be woaɖe nuvlowɔwɔ ɖa le egbexexea me?

10 Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa Ðasefowo nya be yewo ŋutɔ yewomate ŋu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le xexeame o. Esia tae wotsɔ woƒe ŋuɖoɖo katã da ɖe amesi ko ate ŋui—Yehowa Mawu—dzi ɖo. (Psalmo 83:19) Togbɔ be amegbetɔwo atso anukwareɖiɖi me awɔ wo tɔ sinu hã la, womate ŋu aɖe nuvlowɔwɔ ɖa o. Biblia-ŋlɔla si gbɔgbɔ  ʋã xlɔ̃ nu mí ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia, si nye “ŋkeke mamlɛawo,” ŋu be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.” (Timoteo II, 3:1, 13) Ne míebu eŋu le go sia me la, asesẽ ŋutɔ be amegbetɔwo naɖu aʋa si woho ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu la dzi. To vovo na esia la, míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi be ava ɖe nuvlowɔwɔ ɖa keŋkeŋ tegbee.—Psalmo 37:1, 2, 9-11; Lododowo 24:19, 20; Yesaya 60:18.

Womevɔ̃na Amedzidzedze si Gbɔna O

11. Afɔ kawoe Yehowa ɖe xoxo be yeaɖe nuvlowɔwɔ ɖa?

11 Esi ŋutifafa ƒe Mawu la tsri nuvlowɔwɔ ta la, míate ŋu akpɔ nusita wòwɔ ɖoɖo be yeatsrɔ̃ amesi gbɔ wòdzɔ tso, si nye Satana Abosam. Le nyateƒe me la, Ena mawudɔlagã Mixael—Kristo Yesu, si nye Mawu ƒe Fia yeye si le dzi ɖum—ɖu Satana dzi wònye vlodoame nɛ. Biblia ƒo nu tso eŋu alea: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.”—Nyaɖeɖefia 12:7-9.

12, 13. (a) Nukae ɖe dzesi le ƒe 1914 ŋu? (b) Nya kae Xezekiel gblɔ ɖi ku ɖe amesiwo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi vam ŋu?

12 Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu kple xexemenudzɔdzɔwo siaa ɖo kpe ƒe 1914 dzi be enye ɣeyiɣi si aʋa ma dzɔ le dziƒo. Tso ɣemaɣi la, xexeame ƒe nɔnɔme yi edzi le gbegblẽm ɖe edzi. Nyaɖeɖefia 12:12 ɖe eme be: “Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”

13 Eme kɔ ƒã be Mawu ƒe subɔla amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ “alẽ bubuawo” koŋue Abosam tɔ ŋkui. (Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 12:17) Madidi o tsitretsiɖeŋu sia aɖo eƒe sesẽaƒe ne Abosam ho aʋa vɔ̃ɖitɔe ɖe amesiwo katã le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi ƒe akpa dzi eye woɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋuti. Woƒo nu tso eƒe ŋutete katã si wòatsɔ adze wo dzii ŋu le Xezekiel ta 38 be enye ‘Gog si tso Magog’ ƒe amedzidzedze.

14. Ametakpɔkpɔ kawo mee Yehowa Ðasefowo kpɔ viɖe le va yi, eye ɖe wòanɔ alea ɣesiaɣia?

14 Tso esime wonya Satana tso dziƒo la, wokpɔ Mawu ƒe amewo ta ɣeaɖewoɣi le Satana ƒe amedzidzedzewo me to dunyahedziɖula aɖewo ƒe agbagbadzedze dzi, abe alesi woƒo nu tso eŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me le Nyaɖeɖefia 12:15, 16 ene. Gake Biblia ɖee fia be amegbetɔwo ƒe habɔbɔ aɖeke matso be yeaxɔ na amesiwo ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu le Satana ƒe amedzidzedze mamlɛtɔa ya me o. Ðe wòle be esia nana Kristotɔwo navɔ̃ alo dzika natso wo ƒoa? Kura o!

15, 16. (a) Mɔkpɔkpɔ nyui kae Yehowa ƒe dzideƒonamenya siwo wògblɔ na eƒe amewo le Yosafat ŋɔli la na Kristotɔwo egbea? (b) Kpɔɖeŋu kae Yosafat kple ameawo ɖo na Mawu subɔlawo egbea?

15 Mawu anɔ megbe na eƒe amewo godoo  abe alesi tututu wòwɔe na eƒe kpɔɖeŋu dukɔa le Fia Yosafat ŋɔli ene. Míexlẽe be: “Miƒu to anyi, mi Yuda blibo la kple Yerusalem-nɔlawo kpakple wò fia Yosafat! Ale Yehowa le gbɔgblɔm na mi enye si: Migavɔ̃ o, eye ameha gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabena aʋa la menye miaƒe nya o, ke boŋ Mawu tɔe. . . . Miele asi de ge aʋa la me o, ke boŋ mitsi tre ɖi, ne miakpɔ, alesi Yehowa le xɔxɔ ge na mi! Yuda kple Yerusalem, migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o! Etsɔ la miho ɖe wo ŋu, Yehowa li kpli mi.”—Kronika II, 20:15-17.

16 Wode dzi ƒo na Yudatɔwo be mehiã be woade asi aʋa la me o. Nenema ke ne Gog si tso Magog tso ɖe Mawu ƒe amewo ŋu la, womatsɔ tu be yewoaʋli yewo ɖokui ta o. Ke boŋ ‘woatsi tre ɖi akpɔ alesi Yehowa le xɔxɔ ge na woe.’ Nyateƒee, tsitrenɔnɔ mefia dɔ aɖeke mawɔmawɔ kura o, abe alesi Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le Yosafat ŋɔli hã menɔ anyi kpoo o ene. Míexlẽe be: “Tete Yosafat de ta agu, eye Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo de ta agu ɖe Yehowa ŋku me, eye wodo gbe ɖa na Yehowa. . . . Tete [Yosafat] ɖo aɖaŋu kple dukɔ la be, ne woho la, yeaɖo Yehowa ƒe hadzilawo, siwo ɖoa atsyɔ̃ kɔkɔe hedzia kafukafuha la, akpablalawo ŋgɔ, eye woanɔ ha dzim be: Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee!” (Kronika II, 20:18-21) Ẽ, esi futɔwo ho ɖe wo ŋu gɔ̃ hã la, woyi edzi dzi kafukafuha na Yehowa dzonɔamemetɔe. Esia nye kpɔɖeŋu na Yehowa Ðasefowo be woasrɔ̃ ne Gog ho aʋa ɖe wo ŋu.

17, 18. (a) Dzideƒo kae le Yehowa Ðasefowo si le Gog ƒe amedzidzedze ŋu nya la me? (b) Ŋkuɖodzinya kae wona Kristotɔ sɔhɛwo nyitsɔ laa?

17 Vaseɖe ɣemaɣi—kple ne Gog ƒe amedzidzedzea dze egɔme gɔ̃ hã la—Yehowa Ðasefowo ayi dzi anɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ta ʋlim. Woayi dzi akpɔ ŋusẽdodo kple ametakpɔkpɔ le hadede kple hame siwo wu 94,600 siwo le xexeame godoo me. (Yesaya 26:20) Mɔnukpɔkpɔ nyui kae nye si wònye na mí be míatsɔ dzideƒo akafu Yehowae! Mɔkpɔkpɔ na Gog ƒe amedzidzedze si gbɔna kpuie la mena vɔvɔ̃ ɖoa wo wogbugbɔna ɖe megbe kura o. Ke boŋ eʋãa wo be woayi edzi adzi woƒe kafukafuvɔsa ɖe edzi alesi woate ŋui.—Psalmo 146:2.

18 Sɔhɛ akpe geɖe siwo le xexeame godoo la le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm dzinɔameƒotɔe tsɔ le nɔnɔme nyui sia ɖem fia. Be woate gbe ɖe agbemɔ sia tiatia ƒe vevienyenye  dzi la, woɖe trakt si nye Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ? ɖe go le ƒe 2002 ƒe nutome gã takpekpea me. Kristotɔ sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa da akpe ɖe ŋkuɖodzinya mawo siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la ta.—Psalmo 119:14, 24, 99, 119, 129, 146.

19, 20. (a) Nukatae susu aɖeke meli si ta Kristotɔwo avɔ̃ alo ana dzika natso wo ƒo o? (b) Nukae nusɔsrɔ̃nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe mía ŋu míawɔ?

19 Togbɔ be xexeame ƒe nɔnɔmewo le alea hã la, mele be Kristotɔwo navɔ̃ alo dzika natso wo ƒo o. Wonya be madidi o Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ava ɖe nuvlowɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe ɖa tegbee. Wokpɔa akɔfafa hã le nyanya be woafɔ ame geɖe siwo ku le nu vlo si wowɔ ɖe wo ŋu ta ɖe tsitre. Esime esia anye mɔnukpɔkpɔ na ame aɖewo zi gbãtɔ be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la, anye mɔnukpɔkpɔ na ame bubuwo be woayi woƒe ɖokuitsɔtsɔna ƒe subɔsubɔdɔ dzi na eyama.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

20 Abe Kristotɔ vavãwo ene la, míekpɔa ŋudzedze ɖe alesi wòhiã be míalé Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ƒe nya la me ɖe asi ŋu eye míeɖoe kplikpaa be míayi edzi awɔe nenema. Míedi be míayi dzi alé mɔkpɔkpɔ wɔnuku si nye be, ‘míatsi tre ɖi akpɔ alesi Yehowa le xɔxɔ ge na míi’ la me ɖe asi. Nyati si kplɔe ɖo agado ŋusẽ míaƒe xɔse esi wòana míanya alesi egbegbe nudzɔdzɔwo na Biblia me nyagblɔɖiwo me gale kɔkɔm ɖe edzii.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Be nàkpɔ amesiwo dzudzɔ nuvlowɔwɔ be woate ŋu ava zu Ðasefowo ƒe kpɔɖeŋuwo la, kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, March 22, 1990, axa 21; August 8, 1991, axa 18; kple Gbetakpɔxɔ, January 1, 1996, axa 5; August 1, 1998, axa 5.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukata mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame geɖe egbea?

• Nukata mɔkpɔkpɔ nyui le Yehowa Ðasefowo si ku ɖe etsɔme ŋu?

• Nukae Yehowa wɔ xoxo le amesi he nuvlowɔwɔwo katã vɛ ŋu?

• Nukatae susu aɖeke meli si ta míavɔ̃ Gog ƒe amedzidzedze o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Yesu ɖo Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Sɔhɛ Ðasefo akpe geɖe tsɔ dzidzɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 12]

UN PHOTO 186226/M. Grafman