Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alekee Nye Amewo Ƒe Nɔnɔme Ðe Dɔmenyonunana Ŋu?

Alekee Nye Amewo Ƒe Nɔnɔme Ðe Dɔmenyonunana Ŋu?

 Alekee Nye Amewo Ƒe Nɔnɔme Ðe Dɔmenyonunana Ŋu?

LE New York City kple Washington, D.C., dzidzedze le September 11, 2001, megbe la, alesi amehawo do alɔ amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la wɔ nuku ŋutɔ. Wodzɔ nu gbogbo siwo ƒe home de dɔlar biliɔn 2.7 to dɔmenyohabɔbɔwo dzi be woatsɔ akpe ɖe amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo ƒe ƒometɔwo ŋu. Alesi nuwo dome gblẽe wɔ nublanui na amesiame eye wodi be yewoana kpekpeɖeŋu.

Gake dzi va ku amehawo dometɔ aɖewo vevie esi wose nutsotsoa be dɔmenyohabɔbɔ xɔŋkɔ aɖewo le ga la dome gblẽm. Ame gbogbo aɖewo do dɔmedzoe esi wose be dɔmenyohabɔbɔ gã aɖe ɖoe be yeaɖo asi dɔlar miliɔn 546 si wodzɔ to edzi ƒe afã kloe dzi ahazã na tameɖoɖo bubuwo. Togbɔ be habɔbɔa va trɔ eƒe susu eye wòɖe kuku hã la, nyadzɔdzɔ ŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ðeklemiɖelawo bu tɔtrɔ sia be etsi megbe akpa be woagaka ɖe edzi” abe alesi woka ɖe edzi do ŋgɔ na amedzidzedzea ene. Alekee wò ya nèkpɔe? Ðe dɔmenyohabɔbɔwo ƒe nuwɔna ɖe dzi le ƒowò le ŋkeke siawo mea?

Enyo Be Woanyo Dɔme alo Menyo O?

Zi geɖe la wobua nunana to dɔmenyohabɔbɔwo dzi be enye nudzeamewɔwɔ. Ke hã menye amesiamee kpɔnɛ nenema o. Ƒe 200 enye esi va yi la Englandtɔ nuŋlɔla aɖe si ŋkɔe nye Samuel Johnson ŋlɔ be: “Kakaɖedzi nɔa eŋu na wò wu be yele dɔmenyodɔ wɔm ne èxe fe na dɔwɔlawo ɖe woƒe dɔ ta tsɔ wu be nana nu to dɔmenyohabɔbɔ dzi.” Nenema ke ame aɖewo sena le wo ɖokui me egbea, eye gadzɔdzɔ dome gbegblẽ ƒe nyatakaka si wosena le dɔmenyohabɔbɔwo ŋu ɖea dzi le amewo ƒo. Bu kpɔɖeŋu eve siwo dzɔ nyitsɔ laa ŋu kpɔ.

Wonya dɔmemegã aɖe si le subɔsubɔha ƒe dɔmenyohabɔbɔ aɖe si le San Francisco dzi kpɔm la le dɔme ɖe alesi wobe ebu dɔ si wowɔ ɖe mo nɛ ƒe fe kple dɔlar 500 ƒe nu si wòɖuna kwasiɖa sia kwasiɖa le nuɖuɖudzraƒe hena ƒe eve sɔŋ na dɔwɔƒea be woaxe ta. Le Britain la, ŋu kpe television dzi dɔmenyohabɔbɔ xɔŋkɔ aɖe ŋuti ɖoɖowɔlawo esime wova de dzesii be le pounde miliɔn 6.5 (anɔ United States dɔlar miliɔn 10 lɔƒo) si woɖo ɖa be woatsɔ atu tsyɔ̃eviwo nɔƒe le Romania ƒe nyaa me la, xɔ siwo mede esiwo wobia nu tututu o 12 ko wote ŋu tu  eye womete ŋu ɖe alesi wozã ga gbogbo kpɔtɔea me o. Eme kɔ be nyatakaka siwo ɖea dzi le ame ƒo siawo tɔgbe sese nana nunala aɖewo dze nunya le ga home si woadzɔ kple amesiwo woadzɔe na la ŋu.

Ðe Woana Nu loo alo Womanɛ Oa?

Gake anye nublanuinya ŋutɔ be míana ame alo habɔbɔ ʋɛ aɖewo ƒe nuwɔna nana alesi míetsɔa ɖe le eme na amewo hesea veve ɖe wo nu ŋutɔŋutɔ nu nafa. Biblia gblɔ be: “Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me.” (Yakobo 1:27) Ẽ, míaƒe ɖetsɔtsɔ le hiãtɔwo kple amesiwo dzi nu mede o me nye míaƒe Kristotɔnyenye ƒe akpa vevi aɖe.

Gake ɖewohĩ anɔ ɖokuiwò biam be, ‘Ðe mayi edzi anɔ nu nam to dɔmenyohabɔbɔwo dzi loo alo ɖe matsɔ nunana ana ameawo tẽa?’ Nunana ka tɔgbee Mawu di tso mía si? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.