Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wosubɔa Wo Nɔvi Kristotɔwo le Dukɔ Vovovowo Me

Wosubɔa Wo Nɔvi Kristotɔwo le Dukɔ Vovovowo Me

Wosubɔa Wo Nɔvi Kristotɔwo le Dukɔ Vovovowo Me

ÈSE ŋkɔ siwo nye “dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo” kple “dukɔwo dome lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo” kpɔa? Yehowa ƒe Ðasefo siwo le ƒuƒoƒo siawo me la zãa woƒe ɣeyiɣi kple ŋutetewo faa tsɔ kpea asi ɖe teƒe siwo wokpɔa Biblia ƒe Fiaɖuƒegbedasia ƒe agbalẽwo tata kple wo mama dzi le la tutu me. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo naa kpekpeɖeŋu le Takpexɔwo kple Fiaɖuƒe Akpatawo, siwo nye teƒe siwo woxɔa Biblia me nufiamewo le, la tutu hã me. Fifia la lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le gome kpɔm le xɔtudɔwo me le dukɔ 34 me, eye dukɔawo dometɔ akpa gãtɔ nye dukɔ siwo dzi ganyawo mede o. Kuxi tɔxɛ kawoe subɔla siawo doa goe eye nukawoe hea dzidzɔ vɛ na wo esi wole wo nɔvi Kristotɔwo subɔm le dukɔ vovovowo me? Aleke wosena le wo ɖokui me ɖe ‘subɔsubɔdɔ kɔkɔe’ si wɔm wole la ŋu? (Nyaɖeɖefia 7:9, 15) Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, mina míase wo dometɔ aɖewo siwo subɔ le Mexico ƒe numegbe.

May 1992 mee lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tso duta va ɖo Mexico zi gbãtɔ. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wowɔ akpa vevi aɖe le alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi le Mexico la keke ɖe enu me. Dɔ siwo wowɔ tsɔ keke teƒea ɖe enu enye be wotu xɔ yeye 14, siwo dometɔ aɖewo nye xɔdɔmewo na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒea, agbalẽtaƒe, kple ɔfiswo.

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wu 730 ye tso Canada, Great Britain, United States, kple dukɔ bubuwo me va kpe asi ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla alafa geɖe siwo tso Mexico ƒe akpa vovovowo ŋu wowɔ xɔtudɔa aduadu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ðasefo siwo wu 28,000 siwo tso hame siwo ade 1,600 siwo te ɖe afisi alɔdzedɔwɔƒea le ŋu la hã va wɔ akpa aɖe le xɔtudɔa me le kwasiɖanuwuwuwo. Wo katã wowɔ dɔ kple lɔlɔ̃nu faa eye wòzã woƒe dɔnyanya ŋutete vovovoawo faa fetu maxɔmaxɔe. Wobui be enye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe na yewo be yewoasubɔ Yehowa le mɔ sia nu. Le xɔtudɔa wɔɣi katã la, Psalmo 127:1 me nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la le susu me na wo be: “Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.”

Kuxi Siwo me Woto

Nukawoe nye nɔnɔme sesẽ aɖewo siwo dzea ŋgɔ dukɔwo dome lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le woƒe dutadɔdasiwo wɔwɔ me? Wo dometɔ aɖewo ƒe nyawoe nye si. Curtis kple Sally siwo nye srɔ̃tɔwo tso United States yi va kpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu le Germany, India, Mexico, Paraguay, Romania, Russia, Senegal, kple Zambia. Curtis gblɔ be: “Nu sesẽ gbãtɔ si me míeto enye mía vinyɔnu si nye mɔɖela [ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla] gbegblẽ ɖi, kple dzodzo le míaƒe hamea gbɔ le Minnesota. Mía kple srɔ̃nye míede ha kple hame ma ƒe 24 sɔŋ, eye afima nɔnɔ sɔ na mí ŋutɔ.”

Sally gblɔ be: “Nuto bubu kura si mènya o la me nɔnɔ sesẽna, ɖewohĩ esesẽna na nyɔnuwo wu ŋutsuwo, gake mesrɔ̃e be anya wɔ be matrɔ ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe ŋu. Mesrɔ̃ alesi manɔ afisi nudzodzoe gbogbowo bɔ ɖo kura gɔ̃ hã!” Egblɔ kpee be: “Le dukɔ aɖe me la, mí lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla ewo ye nɔ aƒe ɖeka me, afisi dzodoƒe mele o, eye tsileƒe eve koe li. Le afima la mesrɔ̃ alesi wòle be magbɔ dzi ɖi geɖe wu.”

Gbe bubu sɔsrɔ̃ hã nye kuxi bubu si bia agbagbadzedze kple ɖokuibɔbɔ. Sharon, si woa kple srɔ̃aŋutsu subɔ le xɔtudɔwo me le dukɔ vovovowo me gblɔ be: “Enye nu sesẽ ne mèse gbe si wodona le dukɔ si me nèle subɔsubɔm le la o. Le gɔmedzedzea la, esesẽna be nàte ɖe wò gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ŋu ne màte ŋu aɖo dze kpli wo faa agblɔ wò seselelãmewo na wo o. Esia ɖea dzi le ame ƒo. Gake nɔvi siwo míedoa goe le míaƒe dutadɔdasiwo me la gbɔa dzi ɖi na mí eye wotsɔa ɖe le míaƒe nyonyo me vevie. Eteƒe medidina o, míete ŋu toa mɔ aɖe nu ɖoa dze.”

Gomekpɔkpɔ le Gbeadzisubɔsubɔdɔa me Bia Dzinɔameƒo

Togbɔ be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tsɔ wo ɖokui na wɔa akpa vevi aɖe le xɔtudɔwo ƒe ŋgɔyiyi me hã la, wokpɔe dze sii be yewoƒe dɔdasi gbãtɔ kple vevitɔ enye gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Eyata wokpea asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le hame si me wole la ŋu bliboe. Åke kple Ing-Mari, siwo nye srɔ̃tɔ siwo kpɔ gome le xɔtudɔwo me le Guadeloupe, Malawi, Mexico, kple Nigeria, gblɔ be gbe bubu dodo le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me bia dzinɔameƒo.

Ing-Mari gblɔ be: “Gbã míete ŋu wɔ geɖe o, le esi Ðasefo siwo le nutoa me kplɔa mí yina ɣesiaɣi ta, eye esi míedi be míawɔ vodada agblɔ nya si mesɔ o ta la, woawo koe míena woƒoa nu zi geɖe. Gake gbeɖeka le ŋdi aɖe me la, míeɖoe be míawo ɖeɖe míayi gbeadzi. Togbɔ be míaƒe dzi nɔ tsotsom hã la, míedze mɔ. Míedo go ɖetugbi aɖe si ɖo to gbedasi si míelé ɖe susu me. Mexlẽ mawunyakpukpui aɖe nɛ eye metsɔ agbalẽ aɖewo nɛ. Eyome nyɔnua gblɔ be: ‘Medi be mabia nya aɖe wò. Nye ƒometɔ aɖe le Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo. Aleke nye hã mawɔ woasrɔ̃ nu kplim?’ Nye nu koe tsi te. Emegbe melé ɖokuinye kpoo hegblɔ nɛ be madi be masrɔ̃ Biblia kplii.”

Ing-Mari gblɔ kpee be: “Bu dzidzɔ si míekpɔ kple akpedada si yɔ míaƒe dzime na Yehowa ɖe yayra si wòkɔ ɖe míaƒe agbagbadzedze be míagblɔ nyateƒea na amewo dzi ŋu kpɔ.” Nyɔnu sia wɔ ŋgɔyiyi nyuie eye wòxɔ nyɔnyrɔ va zu Ðasefo le nutome gã takpekpe aɖe me le Mexico City. Åke kple Ing-Mari gblɔ tso woƒe subɔsubɔdɔa ŋu kpuie be: “Míedea asixɔxɔ dɔ siwo wode mía si le xɔtudɔ vovovoawo me ŋu, gake naneke mede dzidzɔ kple dzidzeme si kpekpe ɖe ame aɖe ŋu wòaxɔ nyateƒea hena vɛ nu o.”

Ðokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ

Ele eme baa be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo gblẽa woƒe ƒomewo kple xɔlɔ̃wo ɖi bene woava kpe ɖe wo nɔviwo ŋu le dukɔ bubuwo me la tsɔa nanewo saa vɔe ya, gake wokpɔa dzidzɔ manyagblɔwo hã. Wo dometɔ aɖewoe nye kawo?

Howard, amesi kple srɔ̃a Pamela, subɔ le Angola, Colombia, Ecuador, El Salvador, Guyana, Mexico, kple Puerto Rico, ɖe eme be: “Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye be nàdo go nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le dukɔ vovovowo me eye nàkpɔ lɔlɔ̃ ƒe nublanu si le míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me la teƒe tẽ. Míexlẽa nu tso esia ŋu zi geɖe, gake ne èle nɔvi siwo tso teƒe vovovo kple nɔnɔme vovovowo me la dome eye nèle subɔsubɔm kpli wo ɖekae la, àgade asixɔxɔ míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu geɖe wu.”

Gary, amesi kpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu le Colombia, Costa Rica, Ecuador, Mexico, kple Zambia, hã se le eɖokui me be ɖoɖo sia ɖe vi na ye geɖe ŋutɔ. Egblɔ be: “Hehe si mexɔ le ƒe siwo va yi me, esime mede ha kple nɔviŋutsu tsitsi siwo le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒewo le dukɔ vovovo siwo me wode dɔ asi nam le, la kpe ɖe ŋunye be mesu te fifia wu tsã be mate ŋu akpe akɔ kple nɔnɔme siwo ate ŋu ado mo ɖa le nye dɔdasiwo wɔwɔ me. Nuteƒekpɔkpɔawo do ŋusẽ nye xɔse elabena ena mɔnukpɔkpɔ su asinye be makpɔ ɖekawɔwɔ si le Yehowa ƒe habɔbɔa me le xexeame godoo la teƒe—ɖekawɔwɔ si ɖu gbegbɔgblɔ, ameƒomevinyenye, kple dekɔnu ƒe vovototodedeameme dzi.”

Vaseɖe fifia la, wowu xɔtudɔa nu le Mexico, eye wokɔ alɔdzedɔwɔƒea si wokeke ɖe enu la ŋu le ƒe sia me. Lɔlɔ̃ si le dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo kple dukɔwo dome lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo si na Mawue ʋã wo wowɔ akpa vevi aɖe le tadedeagu vavãtɔ ƒe takeke me le Mexico kple le teƒe bubuwo. Woƒe lɔlɔ̃ faa kple ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ be yewoasubɔ yewo nɔvi Kristotɔwo le dukɔwo dome la nye nusi ŋu Yehowa Ðasefo siwo le xexeame godoo kpɔa ŋudzedze ɖo vevie.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ecuador

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Colombia

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Angola

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Abɔ si wotso ɖe alɔdzedɔwɔƒea

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Wodze xɔ yeyeawo tutu gɔme le alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ete: Xɔtudɔwɔlawo dometɔ aɖewoe nye sia le xɔ yeye siwo wotu la dometɔ aɖewo ŋgɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Lɔlɔ̃nu faa xɔtudɔwɔlawo sea vivi le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me kple nutoa me hame siwo me wole