Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Míate Ŋu Akpɔ Akɔfafa Vavã Atsoe?

Afikae Míate Ŋu Akpɔ Akɔfafa Vavã Atsoe?

 Afikae Míate Ŋu Akpɔ Akɔfafa Vavã Atsoe?

‘Mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo kple Mawu faa akɔ na mí le míaƒe fukpekpewo katã me.’—KORINTOTƆWO II, 1:3, 4.

1. Nɔnɔme kawoe ate ŋu ana amewo nase le wo ɖokui me be yewohiã akɔfafa geɖe?

DƆLÉLE si na wotsi teƒe ɖeka ate ŋu ana ame nase le eɖokui me be yeƒe agbe dome gblẽ. Anyigbaʋuʋuwo, ahomwo ƒe tutu, kple dɔtoto nana amewo va zua wɔnamanɔŋutɔwo. Aʋawɔwɔ ate ŋu ana amewo ƒe ƒometɔwo naku, ate ŋu agbã aƒewo, alo ate ŋu aƒoe ɖe amesiwo si aƒewo le nu be woasi adzo agblẽ woƒe nunɔamesiwo ɖi. Madzɔmadzɔnyenye ate ŋu ana amewo nase le wo ɖokui me be afi aɖeke meli yewoatrɔ ɖo akpɔ gbɔdzɔe o. Amesiwo dzi afɔku siawo dzɔ ɖo la hiã akɔfafa geɖe ŋutɔ. Afikae woate ŋu akpɔe le?

2. Nukatae akɔfafa si tsoa Yehowa gbɔ la le etɔxɛe?

2 Ame ɖekaɖeka kple habɔbɔ aɖewo dzea agbagba be yewoafa akɔ na amewo. Amewo kpɔa ŋudzedze ɖe akɔfanamenyawo ŋu. Ðoɖo siwo wowɔ tsɔ naa ŋutilãmenuwo ƒe kpekpeɖeŋu amewo te ŋu kpɔa kuxiawo gbɔ vaseɖe afi aɖe. Gake Yehowa, Mawu vavã la, ɖeɖekoe ate ŋu akpɔ nusiwo gblẽ la katã gbɔ eye wòana kpekpeɖeŋu si tɔgbe hiã be afɔku mawo nagadzɔ akpɔ gbeɖe o. Biblia gblɔ le eyama ŋu be: “Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me, bene míawo hã míate ŋu atsɔ akɔfafa, si Mawu tsɔ fa akɔ na mí la, afa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu la.” (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Aleke Yehowa faa akɔ na míi?

Nusi Hea Kuxiawo Vɛ Gbɔ Kpɔkpɔ Keŋkeŋ

3. Aleke akɔfafa si Mawu nana kpɔa ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔe?

3 Ameƒome bliboa nyi blibomademade ƒe dome le Adam ƒe nuvɔ̃ ta, eye esiae he kuxi gbogbo manyaxlẽ siwo kplɔa mí yia ku me mlɔeba la vɛ. (Romatɔwo 5:12) Esi Satana Abosam enye “xexe sia me fia” tae nɔnɔmea gagblẽ ɖe edzi alea gbegbe ɖo. (Yohanes 12:31; Yohanes 1, 5:19) Menye ɖeko nɔnɔme madeamedzi siwo ameƒomea le akɔ kpem kplii la ɖua dzi na Yehowa ko evɔ o ke boŋ ewɔ nusi de ŋgɔ wu. Edɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖa be wòava xe tafe atsɔ axɔ na mí, eye Wògblɔ na mí be míate ŋu akpɔ ɖeɖe tso Adam ƒe nuvɔ̃ me tsonuwo me nenye be míexɔ Ye Via dzi se. (Yohanes 3:16; Yohanes I, 4:10) Mawu gblɔe ɖi hã be Yesu Kristo, amesi wotsɔ ŋusẽ siwo le dziƒo kple anyigba dzi de asi na, atsrɔ̃ Satana kple eƒe nuɖoanyi bliboa katã.—Mateo 28:18; Yohanes 1, 3:8; Nyaɖeɖefia 6:2; 20:10.

4. (a) Nukae Yehowa wɔ tsɔ do ŋusẽ mí be míaka ɖe eƒe ŋugbedodo be yeahe gbɔdzɔe vɛ na mí la dzi? (b) Aleke Yehowa kpe ɖe mía ŋu be míanya ɣeyiɣi si míava kpɔ gbɔdzɔe?

4 Be Mawu nado ŋusẽ mí míaka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi la, ekpɔ egbɔ be woŋlɔ kpeɖodzinya gbogbo aɖewo ɖi siwo ɖee fia be  nusianu si wògblɔ ɖi la vaa eme pɛpɛpɛ. (Yosua 23:14) Ena woŋlɔ nusiwo wòwɔ tsɔ ɖe esubɔlawo le mɔxenu siwo adze le amegbetɔwo ŋkume abe wo dzi manya ɖu o ene me la ƒe ŋutinyawo ɖe Biblia me. (Mose II, 14:4-31; Fiawo II, 18:13–19:37) Eye Yehowa to Yesu Kristo dzi ɖee fia be yeƒe tameɖoɖoe nye be yeaɖe “lãmegbegblẽwo katã ƒomevi” ɖa na amegbetɔwo, eye be yeafɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Mateo 9:35; 11:3-6) Ɣekaɣie nusiawo katã ava eme? Le nya sia ŋu ɖoɖo me la, Biblia ɖɔ alesi nuɖoanyi xoxo sia ƒe ŋkeke mamlɛwo anɔ, hafi Mawu ahe dziƒo yeye kple anyigba yeye vɛ. Alesi Yesu ɖɔe la sɔ pɛpɛpɛ kple ɣeyiɣi si me míele fifia.—Mateo 24:3-14; Timoteo II, 3:1-5.

Akɔfafa na Amesiwo Le Nɔnɔme Sesẽwo Me

5. Esi Yehowa nɔ akɔ fam na blema Israel-viwo la, nuka dzie wòhe woƒe susu yii?

5 Alesi Yehowa wɔ nu kple blema Israel-viwo na míekpɔ alesi wòfa akɔ na woe le ɣeyiɣi sesẽwo me. Eɖo ŋku Mawu si ƒomevi wònye dzi na wo. Esia do ŋusẽ wo be woaka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi. Yehowa na eƒe nyagblɔɖilawo gblɔ nya siwo ɖe vovototo gã si le eya si nye nyateƒe Mawu gbagbe la, kpakple legbawo, siwo mate ŋu axɔ na woa ŋutɔwo loo alo na wo subɔlawo o dome la fia wòdze ƒã. (Yesaya 41:10; 46:1; Yeremya 10:2-15) Esi Yehowa nɔ nya siawo gblɔm na Yesaya be, “Mifa akɔ, mifa akɔ na nye dukɔ” la, eʋã eƒe nyagblɔɖila la wòzã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ kple nuɖɔɖɔ lédziname siwo ku ɖe Eƒe xexemewɔwɔ dɔ klitsuwo ŋu, be wòatsɔ ate gbe ɖe Yehowa ƒe gãnyenye dzi be eyae nye Mawu vavã ɖeka kolia la.—Yesaya 40:1-31.

6. Nyanyanana kawoe Yehowa nana ɣeaɖewoɣi ku ɖe ɣeyiɣi si woakpɔ ɖeɖe ŋu?

6 Ɣeaɖeɣi la, Yehowa fa akɔ na eƒe amewo to ɣeyiɣi si tututu dzi wòaɖe wo, eɖanye esi le ŋgɔ kpuie loo alo esi gbɔ adidi o, la gbɔgblɔ na wo me. Esi Israel-vi siwo wote ɖe anyi le Egipte ƒe ɖeɖekpɔkpɔ gogo la, egblɔ na wo be: “Esusɔ fuwɔame ɖeka mahe ava Farao kple Egiptetɔwo dzii; emegbe la aɖe asi le mia ŋu miadzo le afisia.” (Mose II, 11:1) Esime dukɔ etɔ̃ aɖewo wɔ ɖeka ho ɖe Yuda ŋu le Fia Yosafat ŋɔli la, Yehowa gblɔ na wo be Yeaxɔ na wo “etsɔ” ɖeka ko. (Kronika II, 20:1-4, 14-17) Gake le woƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso Babilon gome la, Yesaya ŋlɔ eŋu nya ɖi anɔ ƒe 200 sɔŋ do ŋgɔ, eye emegbe wogana numeɖeɖe bubuwo to Yeremya dzi anɔ ƒe alafa ɖeka do ŋgɔ hafi woƒe ɖeɖekpɔkpɔa ɖo dzi. Aleke gbegbe nyagblɔɖi mawo de dzi ƒo na Mawu ƒe amewoe nye esi esime woƒe ɖeɖekpɔkpɔa nɔ aƒe tum!—Yesaya 44:26–45:3; Yeremya 25:11-14.

7. Nya kawoe dzena le ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti ŋugbedodowo me zi geɖe, eye aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe nuteƒewɔlawo dzii le Israel?

7 Míade dzesii be nyagblɔɖi siwo fa akɔ na Mawu ƒe amewo zi geɖe enye esiwo ku ɖe  Mesia la ŋu. (Yesaya 53:1-12) Nya ma na mɔkpɔkpɔ amesiwo nye nuteƒewɔlawo le woƒe xaxawo me tso dzidzime yi dzidzime. Míexlẽ le Luka 2:25 be: “Kpɔ ɖa, ame aɖe le Yerusalem, si ŋkɔ enye Simeon; amesia enye ame dzɔdzɔe kple mawumeme, si le Israel ƒe akɔfafa lalam, eye gbɔgbɔ kɔkɔe le eyama dzi.” Simeon nya nu tso mɔkpɔkpɔ na Mesia la ŋutinya si wogblɔ le Ŋɔŋlɔawo me ŋu, eye mɔkpɔkpɔ na nyaawo ƒe emevava kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbe dzi. Mese alesi nyaawo katã ava emee la gɔme o, eye eya ŋutɔ menɔ agbe kpɔ ɖeɖekpɔkpɔ ŋu nya si wogblɔ la ƒe emevava ŋutɔŋutɔ o, gake dzi dzɔe ŋutɔ esime wòkpɔ Amesi ava nye amesi dzi Mawu ‘ato ana xɔxɔ’ la.—Luka 2:30.

Akɔfafa si Wona To Kristo Dzi

8. Vovototo kae le kpekpeɖeŋu si Yesu na kple esi ame geɖe susu be yewo hiã dome?

8 Esi Yesu Kristo nɔ eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔm la, menye ɣesiaɣie wòna kpekpeɖeŋu si tututu ameawo susu be eyae hiã yewo la wo o. Wo dometɔ aɖewo nɔ mɔ kpɔm vevie na Mesia si aɖe wo tso Romatɔwo ƒe dziɖuɖu si womedi kura o la te. Gake Yesu meɖe gbeƒã tɔtrɔ kpata aɖeke hehe vɛ o; egblɔ na wo boŋ be, “mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro.” (Mateo 22:21) Mawu ƒe tameɖoɖo yi ŋgɔ kura wu ablɔɖe nana amewo tso dunyahedziɖuɖu aɖe ƒe ŋusẽ te. Ameawo di be yewoatsɔ Yesu aɖo fiae, gake egblɔ be “yeatsɔ [yeƒe] agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28; Yohanes 6:15) Ɣeyiɣia mede nɛ be woaɖoe fiae o, eye Yehowae nye amesi ana dziɖuŋusẽe, ke menye ameha zazɛ̃nyahelawo o.

9. (a) Nukae nye akɔfagbedasi si Yesu ɖe gbeƒãe? (b) Aleke Yesu ɖee fiae be gbedasia sɔ na kuxi siwo me tom ameawo nɔ ŋutɔŋutɔ la gbɔ kpɔkpɔ? (d) Gɔmeɖoanyi kae Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ɖo?

9 Akɔfafa si Yesu tsɔ vɛ la dze le ‘Mawu fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia’ me. Emae nye gbedasi si Yesu ɖe gbeƒãe le afisiafi si wòyi. (Luka 4:43) Ete gbe ɖe alesi gbedasi ma sɔ ɖe amewo ƒe gbesiagbe kuxiwo nui dzi to nusi eya si nye Dziɖula le Mesia fiaɖuƒea me awɔ na ameƒomea ƒe kpɔɖeŋuwo wɔwɔ fia me. Ena agbenɔnɔ ŋuti gɔmesese yeye su fukpelawo si esi wòda gbe le ŋkunɔwo kple aɖetututɔwo ŋu (Mateo 12:22; Marko 10:51, 52), eda dɔ na atatututɔwo (Marko 2:3-12), ekɔ Israel-viwo ŋu tso dɔléle nyɔŋuwo me (Luka 5:12, 13), eye wòna wovo tso dɔléle sesẽ ƒomevi vovovowo me. (Marko 5:25-29) Ehe dzidzeme gã aɖe vɛ na ƒometɔ siwo le wo vi si ku ƒe nu xam esi wòfɔ wo ɖe tsitre tso ku me. (Luka 7:11-15; 8:49-56) Eɖee fia be ŋutete le ye si be yeate ŋu atsi ahomya sesẽwo nu eye be yeate ŋu atsi dɔwuame nu na ameha gbogbowo. (Marko 4:37-41; 8:2-9) Gawu la, Yesu fia gɔmeɖose siwo nu woanɔ agbe ɖo la wo, si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ kuxi siwo li gbɔ dzidzedzetɔe eye wòana mɔkpɔkpɔ nayɔ  dzime na wo ɖe Mesia ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea te nɔnɔ ŋu. Eyata le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, menye ɖe wòfa akɔ na amesiwo ɖo toe le xɔse me la ko evɔ o ke eɖo gɔmeɖoanyi hã ɖi na dzidedeƒo na amewo le ƒe akpe geɖe siwo akplɔe ɖo me.

10. Mɔnukpɔkpɔ kawoe Yesu ƒe vɔsaa he vɛ na mí?

10 Ƒe 60 kple edzivɔ tso esime Yesu tsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe sa vɔe eye wofɔe ɖe tsitre yi dziƒoe megbe la, gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔ ɖi be: “Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía tɔ ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.” (Yohanes I, 2:1, 2) Míekpɔa akɔfafa geɖe ŋutɔ le viɖe siwo Yesu ƒe agbe deblibo si wòtsɔ sa vɔ ɖe mía ta hena vɛ ta. Míenya be míate ŋu akpɔ nuvɔ̃tsɔtsɔke, dzitsinya dzadzɛ anɔ mía si, míanɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu, eye agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ hã anɔ mía si.—Yohanes 14:6; Romatɔwo 6:23; Hebritɔwo 9:24-28; Petro I, 3:21.

Akɔfafa si Gbɔgbɔ Kɔkɔea Nana

11. Ðoɖo bubu si wowɔ hena akɔfafa ƒe ŋugbe kae Yesu do hafi ku?

11 Le zã mamlɛ si Yesu nɔ anyi kple eƒe apostolowo do ŋgɔ na eƒe vɔsakua me la, eƒo nu tso ɖoɖo bubu si Fofoa si le dziƒo wɔ be wòatsɔ afa akɔ na woe ŋu. Yesu gblɔ be: “Nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla [akɔfala; Helagbe, pa·raʹkle·tos] bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me: [si nye] Nyateƒegbɔgbɔ [la].” Yesu ka ɖe edzi na wo be: ‘Nyaxɔɖakɔla, si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la, afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.’ (Yohanes 14:16, 17, 26) Aleke tututu gbɔgbɔ kɔkɔea fa akɔ na woe?

12. Aleke dɔ si gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ le ŋkuɖoɖo nuwo dzi me na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔe be wònye akɔfafa na ame geɖe?

12 Apostoloawo xɔ nufiafia detowo tso Yesu gbɔ. Godoo la, womaŋlɔe be gbeɖe be efia nu yewo o, gake ɖe woate ŋu aɖo ŋku nya siwo tututu wògblɔ na wo la dzia? Ðe woƒe susu adzo le nufiame veviwo dzi le esi womede blibo le ŋkuɖoɖonudzi me o ta? Yesu ka ɖe edzi na wo be gbɔgbɔ kɔkɔea ‘aɖo ŋku nusiwo katã yegblɔ na wo la dzi na wo.’ Esia wɔe be abe ƒe enyi ene le Yesu ƒe ku megbe la, Mateo te ŋu ŋlɔ Nyanyuigbalẽ gbãtɔ, si me wòŋlɔ Yesu ƒe Todzimawunya lédzinamea, eƒe kpɔɖeŋu geɖe siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu, kple numeɖeɖe tsitotsito si wòna ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia ŋu la ɖo. Ƒe 50 kple edzivɔ megbe la, apostolo Yohanes te ŋu ŋlɔ ŋutinya si ŋu kakaɖedzi le si me wòɖɔ Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛ ʋɛawo me nudzɔdzɔ veviwo le tsitotsito. Aleke gbegbe nuŋlɔɖi siawo siwo tso gbɔgbɔ me de dzi ƒo na amewoe nye si vaseɖe míaƒe ŋkeke sia me!

13. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ dɔ le nufiafia Kristotɔ gbãtɔwo me?

13 Le kpekpe ɖe nusrɔ̃lawo ŋu be woaɖo ŋku nya siwo wogblɔ na wo dzi megbe la, gbɔgbɔ kɔkɔea gafia nu wo eye wòfia mɔ wo be woase Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔme ɖe edzi wu. Esime Yesu kpɔtɔ nɔ anyi kple eƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ nya geɖe na wo siwo gɔme womese tututu ɣemaɣi o. Gake emegbe esi gbɔgbɔ kɔkɔe ʋã Yohanes, Petro, Yakobo, Yuda, kple Paulo la, woŋlɔ numeɖeɖe geɖe ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔmesese ŋu la ɖi. Eyata gbɔgbɔ kɔkɔea zu woƒe nufiala, eye wòna wokpɔ kakaɖedzi blibo be Mawue le mɔ fiam yewo.

14. Mɔ kawo nue gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu le?

14 Gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nukununanawo hã kpe ɖe wo ŋu wose egɔme be Mawu ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋutilã me Israel dzi tsɔ na Kristo-hamea. (Hebritɔwo 2:4) Gbɔgbɔa ƒe kutsetse si dze le ame ɖekaɖekawo ƒe agbenɔnɔ me hã wɔ akpa vevi aɖe le dzesidede amesiwo nye Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo me. (Yohanes 13:35; Galatiatɔwo 5:22-24) Eye gbɔgbɔa do ŋusẽ hame ma me tɔwo hã be dzi ɖo wo ƒo wozu ɖasefo siwo mevɔ̃na o.—Dɔwɔwɔwo 4:31.

 Woxɔ Kpekpeɖeŋu le Nɔnɔme Sesẽtɔwo Me

15. (a) Nɔnɔme sesẽ kawo mee Kristotɔwo to le blema kple egbeŋkekewo me? (b) Nukatae amesiwo dea dzi ƒo na amewo ŋutɔ hã ate ŋu ahiã dzideƒoname ɣeaɖewoɣi?

15 Amesiwo katã tsɔ wo ɖokui na Yehowa bliboe eye wowɔa nuteƒe nɛ la doa go yometiti le mɔ aɖe nu. (Timoteo II, 3:12) Ke hã Kristotɔ geɖe te ŋu do dzi to nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake me. Le egbeŋkekeawo me la, nuvlowɔhawo dze wo dometɔ aɖewo dzi helé wo de fuwɔamesaɖawo, gaxɔwo, kple dɔsesẽwɔsaɖawo me le nɔnɔme dziŋɔwo me. Dziɖulawo va zu wo yometila veviwo, alo woɖe mɔ faa sedzimawɔlawo wɔ ŋutasẽnuwo ɖe wo ŋu tomahemahe na woe. Gakpe ɖe eŋu la, Kristotɔwo to lãmesẽkuxi sesẽwo alo ƒomekuxi sesẽwo me. Kristotɔ tsitsi aɖe si le kpekpem ɖe haxɔsetɔ vovovowo ŋu be woakpɔ woƒe kuxi sesẽwo gbɔ hã ate ŋu age ɖe nɔnɔme sesẽwo me. Le nɔnɔme siawo me la, ate ŋu adzɔ be amesi le dzi dem ƒo na amewo la ŋutɔ hã ahiã dzideƒoname.

16. Esi Dawid nɔ nɔnɔme sesẽwo me la, aleke wòxɔ kpekpeɖeŋui?

16 Esime Fia Saul nɔ Dawid yome tim be yeawui la, Dawid trɔ ɖe Mawu si nye eƒe Kpekpeɖeŋunala ŋu, gblɔ be: “Mawu, se nye gbedodoɖa, eye nalé to ɖe nye numenyawo ŋu! . . . Wò aʋala ƒe vɔvɔli te mebe ɖo.” (Psalmo 54:4, 6; 57:2) Ðe wòkpe ɖe Dawid ŋua? Ẽ, ekpe ɖe eŋu. Le ɣeyiɣi ma me Yehowa to nyagblɔɖila Gad kple nunɔla Abyatar dzi tsɔ mɔfiamewo yi na Dawid, eye Wòna Saul-vi Yonatan hã do ŋusẽe. (Samuel I, 22:1, 5; 23:9-13, 16-18) Yehowa gana Filistitɔwo dze anyigba la dzi, ale be Saul trɔ kaba tso Dawid yometiti me.—Samuel I, 23:27, 28.

17. Esi Yesu nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la, afikae wòtrɔ ɖo hena kpekpeɖeŋu xɔxɔ?

17 Yesu Kristo ŋutɔ hã to nɔnɔme sesẽwo me esi eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe nuwuwu nɔ aƒe tum. Enya dɔ si eƒe agbenɔnɔ ate ŋu awɔ ɖe Fofoa si le dziƒo ƒe ŋkɔ dzi kple nusi wòate ŋu afia na amegbetɔƒomea katã ƒe etsɔme la nyuie. Edo gbe ɖa vevie tso dzi me, eye ‘wòto nuxaxa’ geɖe hã me. Mawu kpɔ egbɔ be Yesu xɔ kpekpeɖeŋu si wòhiã le ɣeyiɣi sesẽ mawo me.—Luka 22:41-44.

18. Akɔfafa kae Mawu na Kristotɔ gbãtɔwo esi wonɔ wo yome tim vevie?

18 Yometiti si va Kristotɔwo dzi le hamea ɖoɖo le ƒe alafa gbãtɔ me megbe la nu sẽ ale gbegbe be wo katã woka hlẽ yi nuto bubuwo me negbe apostoloawo koe susɔ ɖe Yerusalem.  Wohe ŋutsuwo kple nyɔnuwo do goe sesẽe le woƒe aƒewo me. Akɔfaname kae Mawu na wo? Ena kakaɖedzi wo le eƒe Nya la me be, ‘nunɔamesi si nyo wu si nɔa anyi ɖaa,’ si nye domenyinyi si mado kpo nu o lae asu wo si le Kristo gbɔ le dziƒo. (Hebritɔwo 10:34; Efesotɔwo 1:18-20) Esi woyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi la, wokpɔ kpeɖodzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ le yewo dzi, eye nusiwo teƒe wokpɔ la na susu siwo ta wòle be woatso aseye ɖo la wo.—Mateo 5:11, 12; Dɔwɔwɔwo 8:1-40.

19. Togbɔ be Paulo kpe fu le yometiti sesẽwo me hã, aleke wòse le eɖokui me le akɔfafa si Mawu nana ŋu?

19 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Saul (Paulo), si nye yometila ŋutasẽlawo dometɔ ɖeka, la ŋutɔ hã va zu amesi yome woti vevie le esi wòva zu Kristotɔ ta. Afakala aɖe si nɔ Kipro-ƒukpo dzi dze agbagba be yeaxe mɔ ɖe Paulo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ nu to alakpanyawo kple nya totrowo gbɔgblɔ ɖe eŋu me. Woƒu kpe Paulo le Galatia eye wogblẽe ɖi esi ameawo bu xaa be ɖe wòku. (Dɔwɔwɔwo 13:8-10; 14:19) Woƒoe vevie kple ati le Makedonia. (Dɔwɔwɔwo 16:22, 23) Esi nuvlowɔha aɖe dze edzi le Efeso megbe la, eŋlɔ ɖi be: “Wowɔ fu mí geɖe ŋutɔ, wu alesi míete ŋu kpee, ale gbegbe be, míetsi dzodzodzoe keŋ le míaƒe agbe ŋuti. Ẽ, mía ŋutɔwo míeɖo kpe dzi le mía ɖokui me bena, míele kuku ge.” (Korintotɔwo II, 1:8, 9) Le esiawo katã megbe hã, Paulo ŋlɔ akɔfanamenya siwo dze le nyati sia ƒe memama 2 lia me ɖe eƒe lɛta ma ke me.—Korintotɔwo II, 1:3, 4.

20. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

20 Aleke wò hã nàwɔ anye akɔfala sia tɔgbe? Ame geɖewo li egbea siwo le nu xam, eɖanye le afɔku aɖe si dzɔ ɖe ame akpe geɖe dzi ta loo alo le xaxa aɖe si me tom woawo ɖeɖe wole ta o, si na wohiã akɔfaname geɖe. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro alesi míawɔ anye akɔfalawo le nɔnɔme eveawo siaa me la me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukata akɔfafa si Mawu nanae nye esi ƒo ɖesiaɖe ta?

• Akɔfafa kae wona to Kristo dzi?

• Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea nye akɔfanamelae?

• Gblɔ akɔfafa si Mawu na esi esubɔlawo ɖo nɔnɔme sesẽwo me ƒe kpɔɖeŋuwo.

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Biblia ɖee fia be Yehowa fa akɔ na eƒe amewo esi wòna ɖeɖe wo

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Yesu fa akɔ na amewo esi wòfia nu wo, da dɔ na wo, eye wòfɔ ame kukuwo ɖe tsitre

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Yesu xɔ kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ