Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèbiana Be, ‘Afikae Yehowa Lea?’

Ðe Nèbiana Be, ‘Afikae Yehowa Lea?’

 Ðe Nèbiana Be, ‘Afikae Yehowa Lea?’

‘Wode megbe le ŋunye, eye womebia be, “Afikae Yehowa le?” hã o.’—YEREMYA 2:5, 6.

1. Ne amewo bia be, “Afikae Mawu le?” la, nukawoe te ŋu nɔa susu me na wo?

“AFIKAE Mawu le?” Ame gbogbo aɖewo biaa nya sia. Le wo dometɔ aɖewo gome la, ɖeko wodi be yewoase nya vevi aɖe si ku ɖe Wɔla la ŋu gɔme, si nye be, afika tututue wòle? Ame bubuwo biaa nya sia ne afɔku gã aɖe dzɔ alo ne woa ŋutɔwo ɖo xaxa me eye womete ŋu se nusita Mawu mexɔ na wo o la gɔme o. Gake ame bubu aɖewo hã li siwo ya mebiaa Mawu ta sena kura o elabena wogbe nukpɔsusu si nye be eyama li.—Psalmo 10:4.

2. Amekawoe kpɔ dzidzedze le woƒe Mawu didi me?

2 Gake le nyateƒe me la, ame gbogbo aɖewo li siwo lɔ̃ ɖe kpeɖodzi geɖe siwo ɖee fia be Mawu li la dzi. (Psalmo 19:2; 104:24) Le amesiawo dometɔ aɖewo gome la, subɔsubɔha aɖe me nɔnɔ dzaa ko sɔ gbɔ na wo. Gake le ame miliɔn bubu aɖewo siwo tso dukɔwo katã me gome ya la, lɔlɔ̃ deto si le wo me na nyateƒeae ʋã wo be woadi Mawu vavã la. Woƒe agbagbadzedzea mezu dzodzro o, elabena Mawu “mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ . . . o.”—Dɔwɔwɔwo 17:26-28.

3. (a) Afikae nye Mawu ƒe nɔƒe? (b) Nukae nye gɔmesese si le Ŋɔŋlɔawo me biabia si nye “Afikae Yehowa le” ŋu?

3 Ne ame aɖe va ke ɖe Yehowa ŋu vavã la, eva kpɔnɛ dzea sii be ‘Mawu nye Gbɔgbɔ,’ si amegbetɔ mate ŋu akpɔ kple ŋku o. (Yohanes 4:24) Yesu yɔ Mawu vavã la be ‘Fofonye, si le dziƒowo.’ Nukae ema fia? Efia be le gbɔgbɔ me nugɔmesese nu la, teƒe si míaƒe Dziƒofofoa le la nye teƒe si kɔkɔ ale gbegbe, abe alesi ko dziƒo si míekpɔna la le yame ʋĩ tso anyigba gbɔ ene. (Mateo 12:50; Yesaya 63:15) Togbɔ be míate ŋu akpɔ Mawu kple ŋku o hã la, ena wòle bɔbɔe na mí be míadze sii ahasrɔ̃ nu geɖe atso eƒe tameɖoɖowo ŋu. (Mose II, 33:20; 34:6, 7) Enaa biabia siwo dzianukwaretɔ siwo le didim be yewoanya gɔmesese si le agbe ŋu biana la ƒe ŋuɖoɖowo. Le nya siwo ku ɖe míaƒe agbe ŋu gome la, enaa mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le mí be míanya akpa si eyama le, si nye alesi wòbua nya lae kple nenye be míaƒe didiwo wɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖowo. Edi be míawɔ numekuku le nya siawo ŋu eye be míadze agbagba vevie ake ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu. Yehowa to nyagblɔɖila Yeremya dzi ka mo na blema Israel-viwo le esi wogbe esia wɔwɔ ta. Wonya Mawu ƒe ŋkɔ ya, gake womebia be, ‘Afikae Yehowa le?’ o. (Yeremya 2:6) Yehowa ƒe tameɖoɖowo nyanya menye nu vevitɔ si ŋu wotsi dzi ɖo o. Womedi eƒe mɔfiame o. Ne nyametsotso gãwo kple suewo wɔwɔ dze ŋgɔ wò hã ɖe, ɖe nèbiana be, “Afikae Yehowa lea?”

Amesiwo Di Mawu ƒe Mɔfiame

4. Aleke Dawid ƒe kpɔɖeŋu le Yehowa ƒe mɔfiame biabia me ate ŋu aɖe vi na míi?

4 Esi Dawid, Isai vi, nye ŋutsuvi dzaa ko la, etu Yehowa dzixɔse sẽŋu ɖo. Enyae be Yehowae nye “Mawu gbagbe la.” Dawid ŋutɔ kpɔ Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ teƒe. Xɔse kple lɔlɔ̃ na ‘Yehowa ƒe ŋkɔ’ ʋã Dawid be wòte ŋu wu Filistitɔ dzɔtsu Goliat si bla aʋakpa nyuie la. (Samuel I, 17:26, 34-51) Gake Dawid ƒe dziɖuɖukpɔkpɔ mena wòda eɖokui o. Mebui be nuka kee yeɖawɔ tso fifia o, Yehowa ayra ye godoo o. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, Dawid biaa Yehowa  ƒe mɔfiame enuenu ne nyametsotsowɔwɔ dze ŋgɔe. (Samuel I, 23:2; 30:8; Samuel II, 2:1; 5:19) Enɔa gbedodoɖa dzi be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewòm! Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu, wòe mele mɔ kpɔm na ɣesiaɣi.” (Psalmo 25:4, 5) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si wònye na mí be míasrɔ̃!

5, 6. Aleke Yosafat di Yehowa le ɣeyiɣi vovovowo me le eƒe agbenɔɣi?

5 Le Fia Yosafat si nye fia atɔ̃lia tso Dawid ƒe fiaƒomea me ƒe ŋkekewo me la, dukɔ etɔ̃ siwo ƒo takpli la ƒe aʋakɔwo ho ɖe Yuda ŋu. Esi Yosafat kpɔe be afɔku kpata aɖe dze ŋgɔ dukɔ bliboa la, ‘etsɔ ŋku ɖo Yehowa didi ŋu.’ (Kronika II, 20:1-3) Menye esiae nye zi gbãtɔ si Yosafat di Yehowa yome mɔ o. Fia la tsri Baal subɔsubɔ si me Israel ƒe dziehe fiaɖuƒe xɔsegbelawo ƒo wo ɖokui ɖo eye wòtiae be yeazɔ le Yehowa ƒe mɔwo dzi. (Kronika II, 17:3, 4) Eyata fifia si afɔku gã aɖe dze ŋgɔ Yosafat la, aleke ‘wòdi Yehowae’?

6 Le gbedodoɖa aɖe si Yosafat do ɖa le gaglãgbe le Yerusalem le ɣeyiɣi sesẽ sia me me la, eɖe alesi wòɖo ŋku Yehowa ƒe ŋusẽkatãtɔnyenye dzii fia. Ede ŋugble vevie le Yehowa ƒe tameɖoɖo si wòɖe fia esime Wònya dukɔ bubuwo ɖa le wo ŋgɔ eye wòtsɔ anyigba aɖe na Israel-viwo be wòanye woƒe domenyinui la ŋu. Fia la kpɔe dze sii be ehiã vevie be yeadi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. (Kronika II, 20:6-12) Ðe Yehowa na wòke ɖe eyama ŋu le ɣeyiɣi ma mea? Ẽ, ena wòke ɖe eŋu. Yehowa to Lewi-vi aɖe si ŋkɔe nye Yexaziel dzi na mɔfiame le nusi tututu wòle be woawɔ ŋu, eye le eƒe ŋufɔke la, Ena Eƒe amewo kpɔ aʋadziɖuɖu. (Kronika II, 20:14-28) Aleke nàwɔ aka ɖe edzi be Yehowa ana wò hã nàke ɖe eyama ŋu nenye be ètrɔ ɖe eŋu na mɔfiame?

7. Amekawo ƒe gbedodoɖae Mawu sena?

7 Yehowa mekpɔa ame ŋkume o. Ele dukɔwo katã me tɔwo kpem be woadi ye le gbedodoɖa me. (Psalmo 65:3; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Ekpɔa nusi le amesiwo le eƒe kpekpeɖeŋu biam la ƒe dzi me dzea sii. Eka ɖe edzi na mí be yesea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa. (Lododowo 15:29) Enaa ame aɖewo siwo metsɔ ɖeke le eyama me kura va yi o gake fifia wole eƒe mɔfiame dim ɖokuibɔbɔtɔe la kena ɖe eŋu. (Yesaya 65:1) Esea amesiwo gbe eƒe seawo dzi wɔwɔ tsã gake fifia wotsɔ ɖokuibɔbɔ trɔ dzimee la ƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã. (Psalmo 32:5, 6; Dɔwɔwɔwo 3:19) Gake ne ame aɖe mebɔbɔ eɖokui na Mawu le eƒe dzi me o la, eƒe gbedodoɖawo anye dzodzro. (Marko 7:6, 7) Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Wobia Gake Womexɔ Ŋuɖoɖo O

8. Nukae na Yehowa mese Fia Saul ƒe gbedodoɖa o?

8 Esi nyagblɔɖila Samuel gblɔ na Fia Saul be Mawu gbee le eƒe tomaɖomaɖo ta megbe la, Saul yi va de ta agu le Yehowa ŋkume. (Samuel I, 15:30, 31) Gake gotagomenuwɔna dzro ko wònye. Menye Saul ƒe didie nye be yeaɖo to Mawu o ke boŋ be amewo nade bubu ye ŋu. Emegbe esi Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israel ŋu la, Saul wɔ nusi wowɔna abe kɔnu ene le Yehowa ƒe mɔfiame biabia me. Ke esi mexɔ ŋuɖoɖo aɖeke tso egbɔ o la, eyi va bia nu ta se le ŋɔliyɔla aɖe gbɔ, togbɔ be enya nyuie be Yehowa tsi tre ɖe nuwɔna ma ŋu hã. (Mose V, 18:10-12;  Samuel I, 28:6, 7) Kronika I, 10:14 gblɔe kpuie le Saul ŋu be: “Mebia gbe Yehowa ya se o.” Nukatae? Elabena Saul ƒe gbedodoɖa metso xɔse me o. Eyata enɔ ko abe ɖe medo gbe ɖa kura o ene.

9. Nukae gblẽ le Zedekiya ƒe kukuɖeɖe be Yehowa nafia mɔ ye ŋu?

9 Nenema ke esi Yuda fiaɖuƒea ƒe nuwuwu nɔ aƒe tum la, amewo do gbe geɖewo ɖa eye woyi va kpɔ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo hã. Gake ameawo tsɔ trɔ̃subɔsubɔ tsaka kple subɔsubɔ si wobe yewole tsɔtsɔm na Yehowa. (Zefanya 1:4-6) Togbɔ be wowɔ gotagomenu siwo fia be wole Mawu ta biam se hã la, womedzra woƒe dzi ɖo be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu o. Fia Zedekiya ɖe kuku na Yeremya be wòabia Yehowa ƒe nukpɔsusu na ye. Yehowa do ŋgɔ gblɔ nusi wòle be fia la nawɔ nɛ hafi. Gake le amegbetɔvɔvɔ̃ ta fia la meɖo to Yehowa ƒe gbe o, eyata Yehowa megana ŋuɖoɖo bubu aɖeke si tɔgbe dim fia la le be yease lae o.—Yeremya 21:1-12; 38:14-19.

10. Nukae gblẽ le alesi Yoxanan di Yehowa ƒe mɔfiame ŋu, eye nukae míesrɔ̃ tso vodada si wòwɔ me?

10 Esi Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem eye woƒe aʋakɔwo kplɔ Yudatɔwo dzoe yi aboyo me megbe la, Yoxanan dzra ɖo be yeakplɔ Yudatɔ ʋɛ siwo susɔ ɖe Yudea ne yewoasi ayi Egipte. Wowɔ woƒe ɖoɖo ɖesiaɖe vɔ, gake hafi woadze mɔ la, wobia Yeremya be wòado gbe ɖa ɖe yewo ta ahabia Yehowa ƒe mɔfiame na yewo. Ke esi womekpɔ ŋuɖoɖo si tɔgbe dim wonɔ o la, nusi woɖo do ŋgɔ be yewoawɔ la tututue woyi edzi wɔ. (Yeremya 41:16–43:7) Èkpɔ nufiame si le nudzɔdzɔ siawo me siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ale be ne èdi Yehowa ƒe ŋkume la, wòana nàke ɖe eyama ŋua?

‘Yi Edzi Nàdo Nusi Nyoa Eŋu Akpɔ’

11. Nukata wòhiã be míawɔ ɖe Efesotɔwo 5:10 me nyawo dzi?

11 Tadedeagu vavãtɔ tsɔtsɔna bia nu geɖe wu nyɔnyrɔxɔxɔ tsɔtsɔ ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖe dzi, hamea ƒe kpekpewo dede, kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ko. Eku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu. Míedoa go nyaƒoɖeamenuwo gbesiagbe—ɖewo menya kpɔna dzea si bɔbɔe o, ɖewo hã dzena gaglã—siwo ate ŋu ana míatra atso mawusosroɖagbenɔnɔ ƒe mɔ dzi. Aleke míawɔ nu ɖe wo nui? Esi apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm ɖo ɖe Kristotɔ nuteƒewɔla siwo nɔ Efeso la, exlɔ̃ nu wo be: ‘Miyi edzi miado nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu akpɔ.’ (Efesotɔwo 5:10) Kpɔɖeŋu geɖe le Ŋɔŋlɔawo me siwo ɖe susu nyui si ta wòle be míayi edzi awɔ esia la fia.

12. Nukatae Yehowa do dɔmedzoe esi Dawid na wotsɔ nubablaɖaka la gbɔna Yerusalem?

12 Esi wotrɔ nubablaɖaka la yi Israel eye wòva tsi Kiryat-Yearim ƒe geɖe megbe la, Fia Dawid di vevie be yeana woagbugbɔe ava da ɖe Yerusalem. Ede aɖaŋu kple dumegãwo eye wògblɔ be ‘ne edze wo ŋu eye Yehowa da asi ɖe edzi la,’ yewoayi aɖatsɔ Nubablaɖaka la. Gake mekpɔ egbɔ di Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu tsitotsito be wòakpɔ kakaɖedzi blibo le nya sia me o. Ne ɖe wòwɔ esia la, anye ne womatsɔ Nubablaɖaka la aɖo tasiaɖam dzi o. Anye ne Lewi-vi siwo nye Kehat-viwoe atsɔe ɖe abɔta, abe alesi Mawu ƒe mɔfiame si wòna do ŋgɔ ɖee fia wòdze ƒã ene. Togbɔ be Dawid biaa Yehowa ƒe mɔfiame enuenu hã la, edo kpo ewɔwɔ le mɔ  nyuitɔ nu le ɣeyiɣi sia me. Afɔkue do tso eme. Dawid lɔ̃ ɖe edzi emegbe be: “Yehowa, mía Mawu, ɖe ame le mía dome, elabena míebia gbee se, abe alesi dze ene o.”—Kronika I, 13:1-3; 15:11-13; Mose IV, 4:4-6, 15; 7:1-9.

13. Ŋkuɖodzinya kawoe dze le ha si wodzi esime wote ŋu tsɔ Nubablaɖaka la dzidzedzetɔe me?

13 Emegbe esi Lewi-viwo tsɔ Nubablaɖaka la azɔ tso Obed-Edom ƒe aƒeme yi Yerusalem mlɔeba la, wodzi ha aɖe si Dawid kpa. Eme ŋkuɖodzinya wɔdɔɖeamedzi aɖewo gblɔ be: “Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ ta se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa! Miɖo ŋu eƒe nukunuwo, dzesiwo kple ʋɔnudɔdrɔ̃, si tso eƒe nu me.”—Kronika I, 16:11, 12.

14. Aleke nusɔsrɔ̃ tso Salomo ƒe kpɔɖeŋu nyui kpakple vodada si wòwɔ le eƒe tsitsime ŋu ate ŋu aɖe vi na míi?

14 Hafi Dawid naku la, exlɔ̃ nu via Salomo be: ‘Ne èdi Yehowa la, ana be nàkpɔe.’ (Kronika I, 28:9) Esi Salomo va bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la, eyi Gibeon, afisi takpegbadɔa nɔ tsã, eye wòsa vɔ na Yehowa. Afimae Yehowa gblɔ na Salomo le be: “Bia nusi mana wò!” Le Salomo ƒe biabiaa dzi wɔwɔ me la, Yehowa na nunya kple sidzedzee be wòate ŋu aɖu Israel dzi, eye Wògatsɔ kesinɔnu kpakple bubu kpe ɖe eŋu nɛ. (Kronika II, 1:3-12) Salomo zɔ ɖe xɔ ƒe nɔnɔmetata si Yehowa tsɔ na Dawid dzi hetu gbedoxɔ gã dzeani aɖe. Gake le Salomo ŋutɔ ƒe srɔ̃ɖenyawo gome la, edo kpo Yehowa ƒe nukpɔsusu didi. Salomo ɖe nyɔnu siwo medea ta agu na Yehowa o. Le eƒe tsitsime la, nyɔnuawo trɔ eƒe dzi ɖa tso Yehowa ŋu. (Fiawo I, 11:1-10) Metsɔ le eme alesi gbegbe wòawɔ na mí be míexɔ ŋkɔ, míedze aɖaŋu, alo míedze nunyae o, ele vevie ŋutɔ be ‘míayi edzi ado nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu akpɔ’!

15. Esi Etiopiatɔ Zerax ho aʋa ɖe Yuda ŋu la, nukatae Asa te ŋu do gbe ɖa kple kakaɖedzi be Yehowa aɖe Yuda tso wo si me?

15 Ŋutinya si ku ɖe Asa si nye Salomo ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi ƒe fiaɖuɖu ŋu gaɖo kpe alesi wòhiã vevie be míawɔ esiae la dzi na mí. Ƒe 11 megbe tso esime Asa zu fia la, Etiopiatɔ Zerax kplɔ aʋakɔ siwo ade ame miliɔn ɖeka woho ɖe Yuda ŋu. Ðe Yehowa aɖe Yuda tso wo si mea? Ƒe siwo wu 500 do ŋgɔ la, Yehowa gblɔ nusi eƒe amewo akpɔ mɔ na ne woɖo toe hewɔ eƒe sededewo dzi kpakple nusi woakpɔ mɔ na ne wogbe esia wɔwɔ la na wo. (Mose V, 28:1, 7, 15, 25) Esi Asa dze fiaɖuɖu gɔme la, eɖe vɔsamlekpui kple nuxeƒe siwo ŋudɔ wowɔna le alakpasubɔsubɔ me ɖa le eƒe fiaɖuƒea me. Exlɔ̃ nu ameawo ɣemaɣi be “woadi Yehowa.” Asa melala afɔku aɖe va xaxae ɖo hafi wòtso be yeawɔ afɔɖeɖe sia o. Eyata Asa te ŋu do gbe ɖa na Yehowa le xɔse me be wòaxɔ na yewo. Nukae do tso eme? Mawu xɔ na Yuda ale be wokpɔ aʋadziɖuɖu gã aɖe.—Kronika II, 14:2-12.

16, 17. (a) Togbɔ be Asa kpɔ aʋadziɖuɖu hã la, ŋkuɖodzinya kae Yehowa nɛ? (b) Esime Asa wɔ nusi me nunya mele o la, kpekpeɖeŋu kae wonae, gake aleke wòwɔ nui? (d) Viɖe kae míate ŋu akpɔ tso ŋkuléle ɖe Asa ƒe nuwɔna ŋu me?

16 Esi Asa ɖu aʋa dzi trɔ gbɔna aƒe la, Yehowa dɔ Azarya be wòayi aɖakpe fia la agblɔ nɛ be: “Asa kple Yuda blibo la kpakple Benyamin, miɖo tom! Yehowa nɔ kpli mi, elabena mienɔ eŋu. Ne miedii la, ana be, miakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.” (Kronika II, 15:2) Nya siawo na dzo yeye gaɖo Asa me wòtsɔ do tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔe. Gake, le ƒe 24 megbe, esime aʋa aɖe gadze ŋgɔ Asa la, edo kpo Yehowa didi. Medi mɔfiame tso Mawu ƒe Nya la me o, eye meɖo ŋku nusi Yehowa wɔ nɛ esime Etiopiatɔwo ƒe aʋakɔ va dze Yuda dzi la o. Ewɔ nu bometsitsitɔe va bla nu kple Siria boŋ.—Kronika II, 16:1-6.

17 Le esia ta Yehowa to nukpɔla Xanani dzi ka mo na Asa. Le ɣeyiɣi ma me gɔ̃ hã esi woɖe Yehowa ƒe nukpɔsusu le nyaa ŋu fia Asa la, ate ŋu awɔ nusi ade edzi hafi. Gake ɖe wòdo dziku boŋ, eye wòna wolé Xanani va tu ɖe gaxɔ me. (Kronika II, 16:7-10) Ewɔ nublanui ŋutɔ! Ke míawo hã ɖe? Ðe míedia Mawu gake gbea aɖaŋuɖoɖo xɔxɔa? Ne hamemegã aɖe si tsɔ ɖe le míaƒe nyonyo me zã Biblia tsɔ xlɔ̃ nu mí le esi  xexeame le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi ta la, ɖe míekpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si nam wòle mí lɔlɔ̃tɔe ŋu bene ‘míanya nusi nyoa Aƒetɔ la ŋua?’

Mègado Kpo Eta Biabia O

18. Aleke nya siwo Elihu gblɔ na Hiob ate ŋu aɖe vi na míawo hãe?

18 Amesi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ɣeyiɣi didi gɔ̃ hã ate ŋu ada ƒu ne edo go nɔnɔme sesẽwo. Esi dɔléle vɔ̃ɖi aɖe dze Hiob dzi, viawo ku, eƒe kesinɔnuwo bu, eye exɔlɔ̃wo tso enu madzemadzee la, eƒe susu katã va nɔ eya ŋutɔ ko ŋu. Elihu ɖo ŋku edzi nɛ be: ‘Ame aɖeke megblɔ be, “Afika Mawu, nye Wɔla Gã, la le o.”’ (Hiob 35:10) Ehiã be Hiob natrɔ susu ɖe Yehowa ŋu eye wòasusu alesi Eya bu nɔnɔmea ŋui la ŋu. Hiob xɔ ŋkuɖodzinya mawo ɖokuibɔbɔtɔe, eye eƒe kpɔɖeŋu sia ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu be míawɔ nu nenema.

19. Nukae Israel-viwo do kpo wɔwɔ enuenu?

19 Israel-viwo nya alesi Mawu wɔ nu kple woƒe dukɔae la ƒe ŋutinya nyuie. Gake enuenu la, womegaɖoa ŋku nu mawo dzi ne wole nɔnɔme aɖewo si dze ŋgɔ wo le woƒe agbe me gbɔ kpɔm o. (Yeremya 2:5, 6, 8) Ne tiatiawɔwɔ aɖe dze ŋgɔ wo le agbe me la, nusi dzea woa ŋutɔwo ŋue wowɔna, le esi teƒe be woabia be, ‘Afikae Yehowa le?’—Yesaya 5:11, 12.

Yi Edzi Nànɔ Biabiam be, ‘Afikae Yehowa Le?’

20, 21. (a) Amekawoe ɖea Elisa ƒe nɔnɔme fiana le Yehowa ƒe mɔfiafia biabia me egbea? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ woƒe xɔse ƒe kpɔɖeŋu be wòaɖe vi na míi?

20 Esi Eliya wu eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa nu la, eƒe subɔvi Elisa tsɔ awu si ge le Eliya ŋu, trɔ yi ɖe Yordan-tɔsisia to, eye wòtsɔe ƒo tsia dzi hebia be: “Afika Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le?” (Fiawo II, 2:14) Yehowa ɖo eŋu nɛ esi wòɖee fia be yeƒe gbɔgbɔ le eya Elisa dzi azɔ. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

21 Nusi sɔ kple ema dzɔ le egbeɣeyiɣiawo me. Kristotɔwo amesiamina siwo xɔ ŋgɔ le  gbeƒãɖeɖedɔa me la dometɔ aɖewo wu woƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nu. Amesiwo le megbe siwo wotsɔ dzikpɔkpɔdɔ de asi na la dzroa Ŋɔŋlɔawo me eye wodoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe mɔfiame. Womedoa kpo biabia be, ‘Afikae Yehowa le?’ hã o. Nusi do tso emee nye be Yehowa yi edzi le eƒe amewo kplɔm eye wole dzidzedze kpɔm le woƒe dɔwo wɔwɔ me. Ðe míawo hã míesrɔ̃a woƒe xɔsea? (Hebritɔwo 13:7) Ne míesrɔ̃nɛ la, ekema míayi edzi anɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu kplikplikpli, azɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi, ahakpɔ gome le dɔ si wɔm habɔbɔa le to Yesu Kristo ƒe mɔfiafia dzi la wɔwɔ me bliboe.—Zaxarya 8:23.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae wòle be wòanye taɖodzinu si míatsɔ abia be, ‘Afikae Yehowa le?’

• Aleke míawɔ egbea akpɔ ŋuɖoɖo na biabia si nye, ‘Afikae Yehowa le?’

• Nukata womeɖoa gbedodoɖa aɖewo siwo wotsɔ biaa Mawu ƒe mɔfiame ŋu o?

• Biblia me kpɔɖeŋu kawoe te gbe ɖe alesi wòhiã vevie be ‘míayi edzi ado nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu akpɔ’ dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Aleke Fia Yosafat di Yehowae?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nukatae Saul yi ɖe ŋɔliyɔla gbɔ?

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Do gbe ɖa, srɔ̃ nu, nàde ŋugble be nàte ŋu aka ɖe ‘afisi Yehowa le’ dzi