Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wonɔ Te Ðe Yometiti Nu Dzidzedzetɔe

Wonɔ Te Ðe Yometiti Nu Dzidzedzetɔe

 Wonɔ Te Ðe Yometiti Nu Dzidzedzetɔe

WODZI Frieda Jess le ƒe 1911 me le Denmark, afisi woa kple edzilawo ʋu tso yi Husum le dziehe Germany. Ƒe aɖewo megbe la, ekpɔ dɔ le Magdeburg, eye le ƒe 1930 me la, exɔ nyɔnyrɔ zu Biblia Nusrɔ̃vi, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣii. Hitler xɔ ŋusẽ le ƒe 1933 me, eye le Frieda gome la, esia nye ƒe 23 ƒe funyafunyawɔame ƒe gɔmedzedze, menye le ŋutasẽdziɖuɖu ɖeka ko te o, ke boŋ le eve te.

Le March ƒe 1933 me la, Germany dziɖuɖua na woda akɔ le dukɔ bliboa me. Ðk. Detlef Garbe, si nye Neuengamme Fuwɔamegaxɔ Ŋuti Blemanudzraɖoƒe si te ɖe Hamburg ŋu dzikpɔla, ɖe nu me be: “Sosialist Dunyahehaa di be ame gbogbo aɖewo nada akɔ na yewoƒe ametiatia kple ŋgɔxɔla Adolf Hitler.” Yehowa Ðasefowo wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be woagaƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me o eye be ‘woaganye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ la dzi, eyata womeda akɔa o. Nukae esia he vɛ? Woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa nu.—Yohanes 17:16.

Frieda yi eƒe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo dzi le adzame, hekpe asi ɖe Gbetakpɔxɔ tata ŋu gɔ̃ hã. Egblɔ be: “Wotsɔa magazine aɖewo ɣlana yina na mía hati xɔsetɔwo le fuwɔamegaxɔwo me.” Adzamekpovitɔwo lée le ƒe 1940 me hebia gbee, eye emegbe wodee ameɖekɛgaxɔ me ɣleti geɖe. Aleke wònɔ te ɖe nɔnɔmea nui? Egblɔ be: “Gbedodoɖae nye nye sitsoƒe. Medzea gbedodoɖa gɔme ŋdi kanya, hedonɛ ɖa zi geɖe le ŋkekea me. Gbedodoɖa do ŋusẽm hekpe ɖe ŋunye be nyemetsia dzi akpa o.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Wova ɖe asi le Frieda ŋu, gake le ƒe 1944 me la, Adzamekpovitɔawo galée ake. Fifia ya, wotso afia nɛ be wòanɔ gaxɔ me ƒe adre le Waldheim. Frieda yi edzi be: “Gaxɔdzikpɔlawo na mewɔa dɔ kple nyɔnu bubuwo le nugododeƒewo. Zi geɖe la, mía kple nyɔnu aɖe si tso Czechoslovakia lae wɔa dɔ, eyata megblɔ nya geɖe nɛ tso Yehowa kple nye xɔse ŋu. Dzeɖoɖo mawo lém ɖe te.”

Woɖe Asi le Eŋu Ɣeyiɣi Kpui Aɖe

Soviet-srafowo ɖe asi le Waldheim-gaxɔmenɔlawo ŋu le May ƒe 1945 me, eye Frieda kpɔ mɔ trɔ yi Magdeburg ɖawɔ eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa, gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe. Ðasefoawo gazu amesiwo wogatɔ ŋkui ake, fifia ya, Teƒe Siwo  Soviettɔwo Xɔ la dzi ɖulawoe tɔ ŋku wo. Gerald Hacke, si le Hannah-Arendt-Institute si nye Ŋutasẽdziɖuɖu Ŋuti Numekuƒe ŋlɔ bena: “Yehowa Ðasefowoe nye ƒuƒoƒo ʋɛ siwo yome woti ɣesiaɣi kloe le dzizizidziɖuɖu eve siwo ɖu Germany dzi te la dometɔ ɖeka.”

Nukatae wogaɖe ŋku tɔ wo ake? Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade koŋue ganye nyaa. Le ƒe 1948 me la, woda akɔ le East Germany, eye abe alesi Hacke ɖe nu mee ene la, “nusi koŋ tae [woti Yehowa Ðasefowo yome ɖo] enye be womekpɔ gome le akɔdadaa me o.” Le August ƒe 1950 me la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu le East Germany. Wolé ame alafa geɖe, eye Frieda hã nɔ wo dome.

Frieda gakpɔ eɖokui le ʋɔnudrɔ̃ƒe ake, eye wotso afia nɛ be wòayi mɔ ƒe ade. “Fifia ya la, mía kple haxɔsetɔwoe, eye hadede kpli wo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Esi woɖe asi le eŋu le ƒe 1956 me la, eʋu yi West Germany. Frieda, amesi xɔ ƒe 90 fifia eye wòle Husum la, kpɔtɔ le Mawu vavã, Yehowa, subɔm.

Frieda to yometiti me ƒe 23 sɔŋ le dzizizidziɖuɖu eve te. “Nazitɔwo dze agbagba be yewoagblẽ donyeme; Kɔmiunisttɔwo te kpɔ be yewoaɖe dzi le ƒonye. Afikae mekpɔ ŋusẽa tsoe? Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui si nɔ asinye esime míenɔ ablɔɖe me, gbedodoɖa edziedzi esime woɖem ɖe aga, hadede kple haxɔsetɔwo ɣesiaɣi si wòanya wɔ, kpakple nuƒoƒo tso nye dzixɔsewo ŋu na amewo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe mee na ŋusẽm.”

Fasi Dziɖuɖu le Hungary

Dukɔ bubu si me Yehowa Ðasefowo to ƒe geɖe ƒe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu me le enye Hungary. Wo dometɔ aɖewo to yometitiwo me, menye le ŋutasẽdziɖuɖu eve te o, ke boŋ etɔ̃ te. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Ádám Szinger. Wodzi Ádám le Paks, Hungary, le ƒe 1922 me eye wonyii le Protestant subɔsubɔ me. Le ƒe 1937 me la, Biblia Nusrɔ̃vi aɖewo yi Ádám gbɔ le eƒeme, eye wòɖe ɖetsɔleme fia enumake ɖe gbedasia ŋu. Nusiwo wòsrɔ̃ le Biblia me na eme kɔ nɛ be yeƒe sɔlemehaa ƒe nufiafiawo mewɔ ɖeka kple Biblia o. Eyata edo le Protestant Sɔlemehaa me hewɔ ɖeka kple Biblia Nusrɔ̃viawo le woƒe dutoƒo subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.

Fasi dziɖuɖua va nɔ ŋusẽ geɖe kpɔm le Hungary. Kpovitɔwo kpɔ Ádám wònɔ gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme zi geɖe eye wolée hebia gbee. Nyaƒoɖeamenu siwo me tom Ðasefoawo nɔ nu va sẽ ɖe edzi, eye le ƒe 1939 me la, woxe mɔ ɖe woƒe dɔwo nu. Le ƒe 1942 me la, wolé Ádám ɖade gaxɔ me heƒoe kutɔkutɔe. Nukae kpe ɖe ƒe 19 vi sia ŋu wòte ŋu nɔ te ɖe fukpekpe kple ɣleti geɖe ƒe gaxɔmenɔnɔa nu? “Esime menɔ aƒeme la, mesrɔ̃ Biblia vevie eye Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋuti gɔmesese veviwo su asinye.” Ádám do le gaxɔ me hafi xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Zãtsiƒee wona nyɔnyrɔe le August 1942 me, le tɔsisi aɖe si te ɖe eƒe aƒe ŋu me.

Gaxɔmenɔnɔ le Hungary, Dɔsesẽwɔsaɖa me Nɔnɔ le Serbia

Le xexemeʋa evelia wɔɣi la, Hungary va wɔ ɖeka kple Germany wowɔ aʋa tsi tre ɖe Soviet Union ŋu, eye le ƒe 1942 ƒe adame la, wolé Ádám be wòawɔ asrafodɔ. Eka nya ta be: “Megblɔ na wo be nyemate ŋu awɔ asrafodɔ o le nusi mesrɔ̃ le Biblia me ta. Meɖe nye akpaɖekedzimademadea me na wo.” Wotso afia nɛ be wòayi mɔ ƒe 11. Gake Ádám menɔ Hungary ɣeyiɣi didi o.

Le ƒe 1943 me la, wolé Yehowa Ðasefo siwo ade 160 de tɔdziʋuwo me ku to Danube-tɔsisia dzi yi Serbia. Ádám nɔ wo dome. Hitler ƒe Nazi Dziɖuɖua tee gamenɔla siawo va nɔ azɔ le Serbia. Wosika wo ɖe dɔsesẽwɔsaɖa me le Bor hezi wo dzi be woawɔ dɔ le akɔblikuƒe. Ƒe ɖeka lɔƒo megbe la, wogatrɔ wo yi Hungary, afisi Soviet-srafowo ɖe asi le Ádám ŋu le, le ƒe 1945 ƒe adame.

Hungary le Kɔmiunist Dziɖuɖu ƒe Ŋusẽ Te

Gake ablɔɖea menɔ anyi ɣeyiɣi didi o. Le ƒe 1940-awo ƒe nuwuwu la, Kɔmiunist dziɖuɖu si nɔ Hungary la ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔwɔwo dzi, abe alesi Fasi dziɖuɖua wɔ do ŋgɔ na  aʋaa ene. Le ƒe 1952 me, esi Ádám, amesi xɔ ƒe 29 eye srɔ̃ kple vi eve nɔ esi ɣemaɣi la, gagbe be yemawɔ asrafodɔ o la, wolée hetsɔ nya ɖe eŋu. Ádám ɖe nu me na ʋɔnudrɔ̃ƒea be: “Esia menye zi gbãtɔ megbe be nyemawɔ asrafodɔ o. Le aʋawɔɣia la, wodem gaxɔ me eye woɖom ɖe Serbia le nya ma ke ta. Megbe be nyemawɔ asrafodɔ o le nye dzitsinya ta. Yehowa ƒe Ðasefoe menye, eye nyemehea dunya o.” Wotso afia be Ádám nayi mɔ ƒe enyi, eye emegbe woɖe edzi va ƒe ene.

Woyi edzi ɖe ŋku tɔ Ádám vaseɖe ƒe 1970-awo ƒe domedome, si nye ƒe 35 kple edzivɔ tso esime Biblia Nusrɔ̃viwo va srãe kpɔ zi gbãtɔ le edzilawo ƒeme. Le ɣeyiɣi siawo me la, ʋɔnudrɔ̃ƒe 6 tso afia nɛ wònɔ mɔ ƒe 23, le gaxɔ kple asaɖa vovovo ewo ya teti me. Eto yometiti me atraɖii le dziɖuɖu etɔ̃ te—Fasi dziɖuɖu si nɔ anyi do ŋgɔ na Hungary-ʋaa, Germanytɔwo ƒe Sosialist Dziɖuɖu si nɔ Serbia, kple Kɔmiunist dziɖuɖu si nɔ Hungary le Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia ŋɔli.

Ádám kpɔtɔ le wo de Paks, le Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Ŋusẽ tɔxɛ aɖee nɔ esi si na wòte ŋu nɔ te ɖe fukpekpewo nu dzidzedzetɔea? Ao. Eɖe eme ale:

“Biblia sɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kple hadede kple haxɔsetɔwo nɔ vevie. Gake madi be maƒo nu tso nu bubu eve aɖewo hã ŋu. Gbã la, Yehowae nye ŋusẽ Tsoƒe. Ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kplie nye nu vevitɔ si kpe ɖe ŋunye. Evelia, mena Romatɔwo ta 12 lia nɔ susu me nam, afisi gblɔ be: ‘Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o.’ Eyata nyemelé ame aɖeke ɖe dɔ me o. Mɔnukpɔkpɔ geɖe su asinye be maɖo eteƒe na yonyemetilawo, gake nyemewɔ nenema gbeɖegbeɖe o. Mele be míazã ŋusẽ si Yehowa naa mí atsɔ aɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒee o.”

Yometitiwo Katã ƒe Nuwuwu

Frieda kple Ádám te ŋu le Yehowa subɔm fifia kplamatsedodo aɖeke manɔmee. Gake nukae nuteƒekpɔkpɔwo abe wo tɔa ene ɖe fia ku ɖe subɔsubɔhawo yometiti ŋu? Eɖee fia be yometiti mawo mekpɔa dzidzedze o—vevietɔ ne nyateƒe Kristotɔwo dzie wohee vae. Togbɔ be wozã nu gbogbo aɖewo le Yehowa Ðasefowo yometiti ta, eye wòhe fukpekpe geɖe va wo dzii hã la, woƒe taɖodzinua meva eme o. Egbea la, Yehowa Ðasefowo le dzidzedze kpɔm le Europa, afisi dzizizidziɖuɖu gã eveawo kpɔ ŋusẽ le kpɔ va yi la.

Aleke Ðasefoawo wɔ nu ɖe yometiti ŋui? Abe alesi Frieda kple Ádám ƒe ŋutinyaa ɖee fiae ene la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siae wotsɔ wɔ dɔe: “Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.” (Romatɔwo 12:21) Ðe nyui ate ŋu aɖu vɔ̃ dzi nyateƒea? Ẽ, ne etso Mawu dzixɔse sẽŋu me. Yehowa Ðasefowo ƒe aʋadziɖuɖu le yometiti me le Europa nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe aʋadziɖuɖu, si nye nyuiwɔwɔ ƒe ŋusẽ si dona tsoa xɔse si gbɔgbɔ kɔkɔea nana Kristotɔ ɖokuibɔbɔlawo ɖena fiana me la ɖeɖe fia. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Le ŋutasesẽ ƒe xexe si li egbea me la, emae nye nusi míate ŋu asrɔ̃ tso eme.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Frieda Jess (si woyɔna be Thiele azɔ) le ɣeyiɣi si me wolée, kple fifia

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Ádám Szinger, le ɣeyiɣi si me wònɔ gaxɔ me, kple fifia