Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miwɔ Nɔnɔme Siwo Trɔ Ŋudɔ Nyuie

Miwɔ Nɔnɔme Siwo Trɔ Ŋudɔ Nyuie

Miwɔ Nɔnɔme Siwo Trɔ Ŋudɔ Nyuie

Pum, Jan, Dries, kple Otto, siwo nye Kristotɔ hamemegã ene siwo le Netherlands la, sɔ le nu geɖe me. Srɔ̃ kple vi le wo ame enea siaa si. Gakpe ɖe eŋu la, ƒe aɖewoe nye si va yi la, ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilãmedɔ nɔ wo katã si, eye wonɔ aƒe gã dzeaniwo me. Gake wo katã va ɖe asi le woƒe ŋutilãmedɔwo ŋu hete woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã zazã ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ ŋu. Nukae kpe ɖe wo ŋu wowɔ tɔtrɔ sia? Wo ame enea siaa wɔ nɔnɔme siwo trɔ la ŋudɔ nyuie.

MÍA dometɔ akpa gãtɔ ƒe nɔnɔmewo va trɔna godoo le mɔ aɖe nu. Tɔtrɔ geɖe, abe srɔ̃ɖeɖe, vidzidzi, alo dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ, daa agba bubuwo ɖe ame dzi. Gake wo dometɔ aɖewo naa mɔnukpɔkpɔ geɖe mí be míakeke míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ɖe nu. (Mateo 9:37, 38) Le kpɔɖeŋu me, mía vi tsitsiwo aɖo wo ɖokui si, alo míaxɔ dzudzɔ le dɔme.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, togbɔ be enye nyateƒe be míaƒe nɔnɔmewo ate ŋu atrɔ míedii alo míedii o hã la, Kristotɔ aɖewo dze agbagba tɔtrɔ le woƒe nɔnɔmewo me si ʋu mɔnukpɔkpɔ na wo wodzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Ema tututue Pum, Jan, Dries, kple Otto wɔ. Aleke wowɔe?

Ne Ðeviwo Ðo Wo Ðokui Si

Nuŋlɔɖiwo dzikpɔlae Pum nye le atikedzraƒe aɖe. Woa kple srɔ̃a Anny kple wo vinyɔnuvi eveawo kpɔa gome le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me edziedzi. Azɔ hã Pum kple Anny wɔa ɖoɖo woɖea modzaka kple mɔɖela bubuwo. Wogblɔ be: “Esia kpɔ mía ta tso kuxi siwo hadede ƒomevi bubuwo ate ŋu ahe vɛ la me.” Esi nyɔnuviawo dzilawo ƒe kpɔɖeŋua wɔ dɔ ɖe wo dzi ta la, wo ame evea sia va zu gbesiagbe mɔɖelawo le sekɛndrisuku nuwuwu megbe.

Esi ɖeviawo ɖo wo ɖokui si la, Pum kple Anny kpɔe be tɔtrɔ sia si va yewoƒe nɔnɔme me fifia na nu de yewo dzi le ɣeyiɣi kple ga gome yewoate ŋu anɔ mɔ zɔm anɔ teƒe dzeaniwo kpɔm alo akpɔ gome le modzakaɖeɖe bubuwo me. Ke hã, atsu kple asia tso nya me be yewoawɔ yewoƒe nɔnɔme yeyea ŋudɔ atsɔ keke yewoƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ɖe nui boŋ. Eyata Pum tsɔe ɖo eƒe dɔtɔ ŋkume be wòaɖe ŋkeke ɖeka le yeƒe dɔwɔŋkekewo me kwasiɖa ɖesiaɖe. Emegbe Pum wɔ ɖoɖo si na wòte ŋu dzea dɔ gɔme ŋdi ga 7:00 hekpãna ɣetrɔ ga 2:00. Gake dɔwɔŋkekea dzi ɖeɖe akpɔtɔ fia fetua hã ƒe ɖiɖi, si ŋu wòle be wòatrɔ ɖo. Ke hã, wokpɔ dzidzedze, eye le ƒe 1991 me la, Pum wɔ ɖeka kple srɔ̃a le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me.

Emegbe wobia tso Pum si be wòava nye Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ aɖe dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. Yɔyɔ ma fia be ele be srɔ̃tɔawo naʋu le aƒe si me wonɔ ƒe 30 la me ayi xɔ aɖe si le Takpexɔa me la me. Woʋu yi teƒea. Ðe afima nɔnɔ sesẽa? Anny ɖo eŋu be ɣesiaɣi si yewoƒe aƒe xoxoa me nɔnɔ dzro ye la, yebiaa ye ɖokui be, ‘Lot srɔ̃e nènyea?’ Egbe be ‘yemakpɔ megbe’ o.—Mose I, 19:26; Luka 17:32.

Pum kple Anny se le wo ɖokui me be yayra geɖe do tso yewoƒe nyametsotsoa me. Yayra gbogboawo dometɔ aɖee nye dzidzɔ si le Takpexɔa dzikpɔdɔwo wɔwɔ me, nutome gã takpekpewo ŋuti dzadzraɖodɔwo wɔwɔ, kple gododo nutome sue dzikpɔla (dzikpɔla mɔzɔla) siwo va ƒoa nuƒowo le takpexɔa me. Ɣeaɖewoɣi la, wosrãa hame vovovowo kpɔna ne Pum ɖawɔ nutome sue dzikpɔla kpeɖeŋutɔ ƒe dɔ.

Nukae na srɔ̃tɔ siawo kpɔ dzidzedze le woƒe subɔsubɔdɔa kekeɖenu me? Pum gblɔ be: “Ne tɔtrɔ gãwo va wò agbe me la, ele be nàɖoe kplikpaa awɔ nɔnɔme yeyea ŋudɔ nyuie alesi wòanya wɔe.”

Asitɔtrɔ Wɔwɔ Ahanɔ Agbe Tsɛ

Vi etɔ̃ le Jan kple srɔ̃a Woth si. Abe Pum kple eƒe ƒomea ene la, Jan wɔ woƒe nɔnɔme aɖe si trɔ la ŋudɔ nunyatɔe. Dɔ nyui aɖe nɔ Jan si wòwɔ ƒe geɖe le gadzraɖoƒe, si me wòxɔa fetu nyui aɖe le, eye ena nu de wo dzi ŋutɔ le eƒe ƒomea me. Ke hã, edzronɛ ɣesiaɣi be yeakeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe nu. Eɖe nu me be: “Esi ŋkekeawo va nɔ yiyim le nye agbe me la, nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu va de to ɖe edzi, eye nye lɔlɔ̃ na Yehowa nu sẽ ɖe edzi.” Eyata le ƒe 1986 me la, Jan wɔ tɔtrɔ aɖe le eƒe nɔnɔmewo me. Egblɔ be: “Mewɔ tɔtrɔ aɖe si va míaƒe dɔwɔƒea la ŋudɔ heɖe nye dɔwɔgaƒoƒowo dzi kpɔtɔ. Nye nu wɔ nuku na nye dɔwɔhatiwo ale gbegbe be wotsɔ megbeŋkɔ nam be Diwodo, elabena dinsdag [Braɖa], woensdag [Kuɖa], kple donderdag [Yawoɖa] koe mewɔa dɔ. Nye fetu ɖiɖi alafa me mama 40. Medzra míaƒe aƒe heƒle tɔdzixɔ aɖe bena míate ŋu asubɔ le afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe hiahiã lolo wu le. Emegbe mewɔ ɖoɖo xɔ dzudzɔ le dɔme do ŋgɔ na nye dzudzɔxɔɣi ŋutɔŋutɔa; nye fetu gaɖiɖi ake alafa me mama 20, gake le ƒe 1993 me la, mete ŋu dze gbesiagbemɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme.”

Egbea Jan nye Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti me tɔ, eye mɔnukpɔkpɔ su esi wònye takpekpedzikpɔla zi geɖe. Togbɔ be lãmegbegblẽ ɖea fu na Woth hã la, ewɔa kpekpeɖeŋumɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi. Wo vi etɔ̃awo katã ɖe srɔ̃ fifia, eye woa kple wo srɔ̃wo siaa nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedonulawo.

Aleke Jan kple Woth wowɔ te ŋu trɔ ɖe agbetsɛnɔnɔ ŋu? Jan ɖo ŋu be: “Esime nu nɔ mía si fũ la, míekpɔ egbɔ be ŋutilãmenuwo mexɔ míaƒe susu katã o. Fifia la, ɖewohĩ be míalala ɣeyiɣi aɖe hafi nuhiahiã aɖe nasu mía si ate ŋu ati ame vie ya, gake gbɔgbɔmeyayra kple mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si la, nye teƒeɖoɖo si lolo wu sasasã.”

Abe Jan kple Woth ene la, Dries kple srɔ̃a Jenny hã tso nya me be yewoanɔ agbe tsɛ bena yewoate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe na Fiaɖuƒenuwo. Dries kple Jenny wɔ mɔɖeɖedɔa vaseɖe esime wodzi vi. Eye be Dries nakpɔ eƒe ƒomea dzi la, ewɔ dɔ kple adzɔha gã aɖe henye woƒe dɔdzikpɔla. Eƒe dɔwɔwɔ dze eƒe dɔtɔwo ŋu ale gbegbe be wogblɔ nɛ be yewoadoe ɖe ŋgɔ. Gake Dries gbe dodoɖeŋgɔa elabena exɔxɔ abia ɣeyiɣi ʋɛ zazã ɖe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo ŋu.

Ƒome—kpakple Jenny dada si ƒe lãme gblẽ—dzi kpɔkpɔ bia srɔ̃tɔawo ƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe. Ke hã, woyi edzi tu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo. Nukae kpe ɖe wo ŋu wowɔ esia? Jenny ɖe eme ale: “Mɔɖelawo va nɔ mía gbɔ kpɔ, míekpea mɔɖelawo wova ɖua nu kpli mí, eye nutome sue dzikpɔlawo dzea míaƒe aƒeme.” Dries gblɔ kpee be: “Míenɔ agbe tsɛ heƒo asa na fenyinyi. Míetso nya me be míade ta dɔ gã aɖeke te alo aƒle aƒe gbeɖegbeɖe o, bena nu mawo nagava do kplamatse mí le etsɔme o.”

Viɖe geɖe do tso nyametsotso si Dries kple Jenny wɔ hewɔ asitɔtrɔ siwo na wokpɔ ɣeyiɣi geɖe na Fiaɖuƒenuwo la me. Wo viŋutsu eveawo siaa nye hamemegãwo fifia, eye ɖeka kple srɔ̃a le mɔɖeɖedɔa wɔm. Dries kple Jenny wɔ mɔɖela vevi dɔa eye emegbe Jenny zɔ kple Dries le nutome sue dɔa me. Fifia la, wonye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le Betel, afisi Dries nye Alɔdzekɔmiti me tɔ le.

Dzudzɔxɔxɔ Do Ŋgɔ na Ɣeyiɣi Ðoɖia

Abe Dries kple Jenny ene la, Otto kple srɔ̃a Judy hã nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm hafi dzi wo vinyɔnu eveawo. Esi wo vi gbãtɔ ƒe fu nɔ Judy ƒo la, Otto nɔ nufiafiadɔ wɔm.

Esi ɖeviawo nɔ tsitsim la, Otto kple Judy kpea mɔɖelawo va woƒe aƒemee edziedzi bena wo vinyɔnuviawo nate ŋu akpɔ dzidzɔ si Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔlawo kpɔna. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo vinyɔnuvi tsitsitɔ ge ɖe mɔɖeɖedɔa me. Emegbe ede Gilead Sukua, eye woa kple srɔ̃a wonye dutanyanyuigblɔlawo fifia le Afrika-dukɔ aɖe me. Wo vinyɔnuvi ɖevitɔ dze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1987 me, eye Judy wɔ ɖeka kplii le ewɔwɔ me.

Esi nɔnɔmeawo ƒe tɔtrɔ na Otto ƒe nufiaɣeyiɣiwo dzi ɖe kpɔtɔ le suku la, ezã ɣeyiɣi ma tsɔ wɔ mɔɖeɖedɔe. Mlɔeba eva ɖe asi le dɔa ŋu kura. Egbea Otto zãa eƒe nufiafia ŋutetea tsɔ doa ŋusẽ hamewoe le gbɔgbɔ me le mɔzɔzɔdɔa me.

Aɖaŋu kae Otto ɖona na amesiwo xɔ dzudzɔ le dɔme do ŋgɔ na ɣeyiɣi ɖoɖia? “Ne èxɔ dzudzɔ le dɔme la, mègaɖoe be yeagbɔ ɖe eme ƒe ɖeka alo wu nenema o. Ele bɔbɔe be ‘agbenɔnɔ nenema’ natsi ame si. Eteƒe madidi o àŋlɔ mɔɖeɖedɔa be. Ke boŋ dzi subɔsubɔdɔa ɖe edzi enumake.”

Agbe me Nuteƒekpɔkpɔwo Ŋudɔwɔwɔ Wòaɖe Vi

Enye nyateƒe be ŋusẽ megale nɔviŋutsuwo abe Pum, Jan, Dries, kple Otto ene ŋu abe alesi wònɔ esime wometsi alea o ene o. Gake tsitsinyenye, nuteƒekpɔkpɔ, kple nunya geɖe le wo si. (Lododowo 20:29) Wonya nusi vifofonyenye fia, eye le dɔwɔwɔ kple wo srɔ̃nyɔnuwo me la, nusi gbegbe vidadanyenye lɔ ɖe eme ŋuti nuteƒekpɔkpɔ aɖe ya teti le wo si. Woa kple wo srɔ̃nyɔnuwo kpɔ ƒomekuxiwo gbɔ eye woɖo teokrasitaɖodzinuwo na wo viwo. Otto gblɔ be: “Le ƒomenyawo ŋuti ɖaŋu ɖoɖo abe nutome sue dzikpɔla ene me la, ede dzinye be nye ŋutɔ menyi vi kpɔ.” Nenema kee vifofonyenye ƒe nuteƒekpɔkpɔ si le Dries si la nye kpekpeɖeŋu geɖe le Betel-ƒome si me ɖekakpui kple ɖetugbi geɖe le la me.

Ẽ, nuteƒekpɔkpɔ siwo su nɔvi siawo si kpe ɖe wo ŋu wokpɔ nuhiahiã vovovowo gbɔ le hamewo me. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, woƒe nuteƒekpɔkpɔwo na dɔwɔnu siwo wozãna la ɖa, bena wozã woƒe ŋusẽwo le mɔ ɖeviwo nu. (Nyagblɔla 10:10) Le nyateƒe me le ɣeyiɣi aɖewo koŋ me la, woate ŋu awɔ dɔ geɖe wu amesiwo si lãmesẽ le wu gake nuteƒekpɔkpɔ mele wo si o la.

Nɔvi siawo kple wo srɔ̃wo nye kpɔɖeŋu nyuiwo na sɔhɛwo le Yehowa ƒe amewo dome. Sɔhɛwo kpɔnɛ dzea sii be srɔ̃tɔwo abe nɔvi siawo ene ŋutɔ to kuxi siwo ŋu woƒoa nu tsoe le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me la me hekpɔ wo me teƒeɖoɖowo. Edea dzi ƒo be míakpɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖea gbɔgbɔ si tɔgbe Kaleb ɖe fia la fiana, amesi togbɔ be etsi le ƒe me hã la, ebia be woatsɔ dɔ sesẽ aɖe ade asi na ye yeawɔ.—Yosua 14:10-12.

Misrɔ̃ Woƒe Xɔse

Ðe nàte ŋu asrɔ̃ srɔ̃tɔ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me la ƒe xɔse kple nuwɔnaa? Ðo ŋku edzi be wona nyateƒea zu woƒe agbenɔnɔmɔ. Wotu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe didi ɖe wo viwo me. Abe alesi Jan gblɔe ene la, wowɔ esia to “kpɔɖeŋu ɖoɖo le lɔlɔ̃ ɖoɖo na Yehowa kple eƒe habɔbɔa me, ɖoɖowɔwɔ hena gomekpɔkpɔ le hadede nyuiwo me, kple alesi ɖeviawo nasu te ate ŋu akpɔ wo ɖokui dzi fiafia wo me.” Azɔ hã wowɔa dɔ hefena ɖekae le ƒomea me. Pum gblɔ be: “Zi geɖe le mɔkeɣiwo la, ƒome bliboa yia gbeadzi le ŋdi me gbɔna va ɖea modzaka le ŋdɔ me ɖekae.”

Gakpe ɖe eŋu la, Kristotɔ siawo wɔ ɖoɖo do ŋgɔ bena esi woƒe nɔnɔmewo trɔ la, wonɔ klalo wɔ nɔnɔme yeyea ŋudɔ wòɖe vi. Woɖo taɖodzinuwo hewɔ nyametsotso siwo kpe ɖe wo ŋu woɖo woƒe taɖodzinuawo gbɔ kaba. Wodi mɔ siwo nu woato azã ɣeyiɣi suewo ɖe ŋutilãmedɔwo ŋu helɔ̃ be yewoanɔ agbe ɖe fetu suewo nu. (Filipitɔwo 1:10) Srɔ̃nyɔnuawo do alɔ wo srɔ̃wo bliboe. Didi sẽŋu nɔ wo katã me be yewoage ɖe ‘dɔ geɖe wɔwɔ ƒe ʋɔtru gã’ la me, eye woxɔ yayra geɖe tso Yehowa gbɔ.—Korintotɔwo I, 16:9; Lododowo 10:22.

Ðe didia le wò hã mewò be yeakeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe nua? Ne nenemae la, nɔnɔme siwo trɔ la ŋudɔwɔwɔ nyuie ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ema tututu.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Pum kple Anny le Takpexɔ dzikpɔdɔwo wɔm

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Jan kple Woth le gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Dries kple Jenny le subɔsubɔm le Betel

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Otto kple Judy le dzadzram ɖo na hame bubu sasrãkpɔ