Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Milé Dzi Ðe Ƒo, Eye Misẽ Ŋu!”

“Milé Dzi Ðe Ƒo, Eye Misẽ Ŋu!”

 “Milé Dzi Ðe Ƒo, Eye Misẽ Ŋu!”

“Miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.”—YOHANES 16:33.

1. Le nusi nɔ Israel-viwo lalam le Kanaan ta la, dzi kae wode ƒo na wo?

ESI wòsusɔ vie Israel-viwo natso Yordan-tɔsisia ayi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose gblɔ na wo be: “Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, migavɔ̃ o, eye womegadzi ŋɔ na mi o, elabena Yehowa, wò Mawu ŋutɔ le yiyim le mia dome.” Emegbe Mose yɔ Yosua, amesi wotia be wòakplɔ Israel-viwo ayi Kanaan, hexlɔ̃ nui tẽ be wòalé dzi ɖe ƒo. (Mose V, 31:6, 7) Emegbe Yehowa ŋutɔ de dzi ƒo na Yosua be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu . . . Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu vevie ko.” (Yosua 1:6, 7, 9) Nya mawo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu. Ehiã be dzi nanɔ Israel-viawo ƒo be woate ŋu atso ɖe futɔ sesẽ siwo nɔ wo lalam le Yordan godo la ŋu.

2. Nɔnɔme ka mee míele egbea, eye nukae míehiã?

2 Egbea la, eteƒe madidi o Kristotɔ vavãwo age ɖe xexe yeye si ŋugbe wodo la me, eye abe Yosua ene la, ehiã be dzi nanɔ wo ƒo. (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 7:14) Gake míaƒe nɔnɔmea to vovo na Yosua tɔ. Yi kple akplɔe Yosua tsɔ wɔ aʋae. Gbɔgbɔmeʋa wɔmee míawo ya míele, eye míezãa aʋawɔnu ŋutɔŋutɔwo o. (Yesaya 2:2-4; Efesotɔwo 6:11-17) Gawu la, ehiã be Yosua nawɔ aʋa sesẽ geɖe le gege ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi gɔ̃ hã megbe. Gake míawo míele aʋa sesẽtɔwo kekeake wɔm fifia—hafi ava ge ɖe xexe yeyea me. Mina míalé ŋku ɖe nɔnɔme aɖewo siwo hiã dzinɔameƒo la ŋu.

Nukatae Wòhiã Be Míaʋli?

3. Nukae Biblia ɖe fia tso míaƒe tsitretsiɖeŋula gãtɔ ŋu?

3 Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Nya siawo ɖe susu vevi aɖe si ta wòhiã be Kristotɔwo naʋli hafi ate ŋu alé woƒe xɔse me ɖe asi la fia. Ne Kristotɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, enye Satana Abosam dzi ɖuɖu le mɔ aɖe nu. Eyata Satana le tsatsam abe “dzata, si le gbe ɖem” ene hele agbagba dzem be yeado vɔvɔ̃ na Kristotɔ wɔnuteƒewo ahavuvu wo. (Petro I, 5:8) Le nyateƒe me la, eho aʋa ɖe Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:17) Amegbetɔ siwo wòle nyanya na kple esiwo menya o ye wòzãna tsɔ ɖoa eƒe taɖodzinuwo gbɔ le aʋa sia wɔwɔ me. Ebia dzinɔameƒo be míate ŋu anɔ te sesĩe ɖe Satana kple eƒe dɔtsɔlawo katã nu.

4. Nyanya kae Yesu na, gake nɔnɔme kae Kristotɔ vavãwo ɖe fia?

4 Esi Yesu nya be Satana kple eƒe amewo atsi tre ɖe nyanyuia ŋu vevie ta la, Ena nyanya eyomedzelawo be: “Woade mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.” (Mateo 24:9) Nya siawo va eme le ƒe alafa gbãtɔ me, eye wole eme vam egbea hã. Le nyateƒe me la, yometiti siwo me egbeŋkekea me Yehowa Ðasefo aɖewo to la nu sẽ ŋutɔ le ŋutinya me. Ke hã, Kristotɔ vavãwo léa  dzi ɖe ƒo le nyaƒoɖeamenu mawo me. Wonya be ‘mɔ̃e amegbetɔvɔvɔ̃ nye’ eye womedi be mɔ̃ naɖe yewo o.—Lododowo 29:25.

5, 6. (a) Nɔnɔme kawoe bia dzinɔameƒo le mía gome? (b) Aleke Kristotɔ wɔnuteƒewo wɔa nui ne wodo woƒe dzinɔameƒo kpɔ?

5 Le yometiti megbe la, kuxi bubuwo gali siwo hã hiã dzinɔameƒo. Enye nu sesẽ na ame aɖewo be woaƒo nu tso nyanyuia ŋu na amesiwo womenya o. Wodoa sukuvi aɖewo ƒe dzinɔameƒo kpɔna ne wobia tso wo si be woagblɔ ɖokuitsɔtsɔna dukɔa ƒe adzɔgbeɖenya alo ado gbe na aflaga. Esi adzɔgbeɖenya ma nye subɔsubɔnya gbɔgblɔ ta la, ɖevi Kristotɔwo ɖoe kplikpaa dzinɔameƒotɔe be yewoawɔ nu le mɔ si dzea Mawu ŋu nu, eye woƒe nuwɔna nyuia doa dzidzɔ na ame ale gbegbe.

6 Míegahiã dzinɔameƒo ne tsitretsiɖeŋulawo wɔ nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ŋudɔ kaka nya manyomanyowo tso Mawu subɔlawo ŋu alo te kpɔ be yewoaɖo asi tadedeagu vavãtɔ dzi to agbagbadzedze be ‘yewoawɔ se ŋudɔ atsɔ di nya na míi’ me. (Psalmo 94:20) Le kpɔɖeŋu me, aleke wòle be míase le mía ɖokui me ne nya siwo wogblɔ tso Yehowa Ðasefowo ŋu le nyadzɔdzɔgbalẽwo, radio, alo television dzi nye nya totrowo alo alakpanyawo? Ðe wòle be wòawɔ nuku na mía? Ao. Míekpɔa mɔ na nu mawo tɔgbe. (Psalmo 109:2) Eye mewɔa nuku na mí ne ame aɖewo xɔ alakpanya alo nya totro siwo woŋlɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me dzi se o, elabena ‘ame makpɔnuteƒewoe xɔa nya sia nya dzi sena.’ (Lododowo 14:15) Gake Kristotɔ wɔnuteƒewo mexɔa nya sia nya si ƒomevi ko wogblɔna tsoa wo nɔviwo ŋu la dzi sena o, eye womeɖea mɔ nya manyomanyo siwo wogblɔna tso wo ŋu naa wodaa Kristotɔwo ƒe kpekpewo ƒuna, gbɔdzɔna le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me, alo ʋuʋuna le xɔse me gbeɖe o. Ke boŋ ‘woɖea wo ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene to bubu kple ŋukpe me, to ɖaseɖiɖi vɔ̃ kple nyuia me, abe ɖe ameblelawo wonye ene, gake le nyateƒe me la, nyateƒetɔwoe wonye.’—Korintotɔwo II, 6:4, 8.

7. Ameɖokuimedzronya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui?

7 Esime Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Timoteo la, egblɔ be: ‘Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke boŋ ŋusẽ. Eyata ŋu nagakpe wò le mía Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi la ŋu o.’ (Timoteo II, 1:7, 8; Marko 8:38) Esi míexlẽ nya mawo la, míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe nye dzixɔse kpea ŋu nama, alo ɖe dzi nɔa ƒonye? Le nye dɔwɔƒe (alo suku) la, ɖe menaa amesiwo dome mele la nyana be Yehowa Ðasefoe menyea, alo ɖe medzea agbagba be maɣla ɖokuinyea? Ðe wòkpea ŋu nam be meto vovo tso ame bubuwo gbɔa, alo ɖe wònye dada nam be meto vovo le mía kple Yehowa dome ƒomedodo taa?’ Ne vɔvɔ̃ ɖoa ame aɖe le gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu alo ŋu kpenɛ be yeƒe dzixɔse to vovo tso amewo tɔ gbɔ la, neɖo ŋku nuxlɔ̃ame si Yehowa na Yosua dzi, be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu.” Mègaŋlɔ be gbeɖe o be menye míaƒe dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo ƒe nukpɔsusue le vevie o, ke boŋ Yehowa kple Yesu Kristo ƒe nukpɔsusue.—Galatiatɔwo 1:10.

 Alesi Míatu Dzinɔameƒo Ðoe

8, 9. (a) Aleke wodo Kristotɔ gbãtɔwo ƒe dzinɔameƒo kpɔ ɣeaɖeɣii? (b) Aleke Petro kple Yohanes wɔ nui le ŋɔdzidoname me, eye nukae dzɔ ɖe woa kple wo nɔviwo dzi?

8 Aleke míate ŋu atu dzinɔameƒo si akpe ɖe mía ŋu be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la ɖoe? Aleke gbegbee Kristotɔ gbãtɔwo tu dzinɔameƒo ɖoe? Bu nusi dzɔ esime nunɔlagãwo kple Yerusalem-metsitsiwo gblɔ na Petro kple Yohanes be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe tso Yesu ƒe ŋkɔ ŋu la ŋu kpɔ. Nusrɔ̃laawo gbe, eye wodo ŋɔdzi na wo gaɖe asi le wo ŋu. Ema megbe wowɔ ɖeka kple nɔviawo, eye wo katã wodo gbe ɖa be: “[Yehowa] kpɔ woƒe ŋɔdzidodowo ɖa, eye nana be, wò dɔlawo nagblɔ wò nya la kple dzideƒo katã.” (Dɔwɔwɔwo 4:13-29) Yehowa se gbedodoɖaa hedo ŋusẽ wo kple gbɔgbɔ kɔkɔea, eye abe alesi Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ɖo kpe edzii emegbe ene la, ‘woyɔ Yerusalem fũ kple woƒe nufiafia.’—Dɔwɔwɔwo 5:28.

9 Mina míalé ŋku ɖe nusi dzɔ le ŋkeke ma dzi ŋu. Esi Yudatɔwo ƒe kplɔlawo do ŋɔdzi na nusrɔ̃laawo la, meva woƒe susu me be yewoana ta o. Ke ɖe nusrɔ̃laawo do gbe ɖa bia dzideƒo hena gbeƒãɖeɖedɔa dzi yiyi boŋ. Emegbe wowɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple woƒe gbedodoɖaa, eye Yehowa tsɔ eƒe gbɔgbɔa do ŋusẽ woe. Woƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖee fia be nusi Paulo ŋlɔ ƒe aɖewo megbe le nudzɔdzɔ bubu me la sɔ na Kristotɔwo ne woti wo yome. Paulo gblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:13.

10. Aleke Yeremya ƒe nuteƒekpɔkpɔa akpe ɖe amesiwo ŋu kpena ŋui?

10 Gake ne ŋu kpea ame aɖe vevie ya ɖe? Ðe wòate ŋu asubɔ Yehowa dzinɔameƒotɔe le tsitretsiɖeŋu mea? Ate ŋui! Ðo ŋku nya si Yeremya gblɔ esime Yehowa tiae be wòanye nyagblɔɖila la dzi. Ðekakpuia gblɔ be: “Nyemetsi o.” Edze ƒã be ese le eɖokui me be yemedze o. Ke hã, Yehowa tsɔ nya siawo de dzi ƒo nɛ be: “Meganɔ gbɔgblɔm be, yemetsi o, ke boŋ afisiafi, si maɖo wò ɖo la, nayi, eye gbe, siwo katã made asiwò la, nagblɔe. Megavɔ̃ wo o, elabena meli kpli wò, be maɖe wò.” (Yeremya 1:6-10) Yeremya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye ewɔe be le Yehowa ƒe ŋusẽ me la, eɖu eƒe vɔvɔ̃a dzi heva zu ɖasefo dzinɔameƒotɔ ɖedzesi aɖe le Israel.

11. Nukae kpena ɖe Kristotɔwo ŋu egbea be woanɔ abe Yeremya ene?

11 Yeremya ƒe dɔdasia tɔgbe le Kristotɔ amesiaminawo si egbea, eye ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” la le kpekpem ɖe wo ŋu woyi edzi le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe tameɖoɖowo le amewo ƒe ɖekematsɔleme, fewuɖuɖu, kple yometiti gɔ̃  hã me. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Nya si Yehowa gblɔ na Yeremya be, ‘Mègavɔ̃ o’ la dea dzi ƒo na wo. Womeŋlɔna be gbeɖe be Mawue de dɔ asi na yewo be yewoaɖe gbeƒã eye be eƒe gbedasi gblɔmee yewole o.—Korintotɔwo II, 2:17.

Dzinɔameƒo Kpɔɖeŋu Siwo Wòle Be Míasrɔ̃

12. Dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu nyui kae Yesu ɖo, eye aleke wòde dzi ƒo na eyomedzelawoe?

12 Míate ŋu axɔ kpekpeɖeŋu le míaƒe agbagbadzedze be míalé dzi ɖe ƒo me ne míede ŋugble le amesiwo wɔ nu dzinɔameƒotɔe abe Yeremya ene la ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu. (Psalmo 77:13) Le kpɔɖeŋu me, ne míelé ŋku ɖe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu la, dzinɔameƒo si wòɖe fia esime Satana tee kpɔ, kple esime wòdze ŋgɔ Yudatɔwo ƒe kplɔla siwo ɖoe kplikpaa hetsi tre ɖe eŋu la wɔa dɔ ɖe mía dzi vevie. (Luka 4:1-13; 20:19-47) Le Yehowa ƒe ŋusẽdoame ta la, Yesu meʋuʋu kura o, eye do ŋgɔ kpuie na eƒe ku la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.” (Yohanes 16:33; 17:16) Ne Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dze eƒe kpɔɖeŋua yome la, woawo hã woanye dziɖulawo. (Yohanes I, 2:6; Nyaɖeɖefia 2:7, 11, 17, 26) Gake ahiã be ‘woalé dzi ɖe ƒo.’

13. Dzideƒonamenya kae Paulo gblɔ na Filipitɔwo?

13 Ƒe aɖewo le Yesu ƒe ku megbe la, wolé Paulo kple Sila de gaxɔ me le Filipi. Emegbe Paulo de dzi ƒo na Filipi-hamea be woayi edzi ‘anɔ tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye woatsɔ luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuia ƒe xɔse la ta hekpe ɖe wo nɔewo ŋuti; eye woagaɖi vo le naneke me le woƒe aɖikãtɔwo ŋuti o.’ Be Paulo nade dzi ƒo na wo hena esia wɔwɔ la, egblɔ be: ‘Kristotɔwo yometiti sia, nye tsɔtsrɔ̃ ƒe dzesi na yometilaawo, ke miawo la agbexɔxɔ ƒe dzesi wònye na mi, eye Mawu gbɔe ɖeɖefia sia tso; elabena wona mɔnukpɔkpɔ mi le Kristo ta, menye be miaxɔ Kristo dzi ase ɖeɖeko o, ke boŋ be miakpe fu le eta hã.’—Filipitɔwo 1:27-29.

14. Nukae do tso Paulo ƒe dzinɔameƒoa me le Roma?

14 Esime Paulo ŋlɔ agbalẽa na Filipi-hamea la, eganɔ gaxɔ me, fifia ya, le Roma. Gake eyi edzi ɖe gbeƒã na amewo dzinɔameƒotɔe. Nukae do tso eme? Eŋlɔ bena: “Nye bablawo dze ƒã le Kristo me le asrafomɔ̃ blibo la katã me kple ame mamlɛawo katã gbɔ, eye nɔviwo dome ame geɖeawo ɖo ŋu ɖe nye bablawo ŋu le Aƒetɔ la me, eye wowɔa kalẽ geɖe wu tsã le mawunyagbɔgblɔ me mavɔ̃mavɔ̃e.”—Filipitɔwo 1:13, 14.

15. Afikae míate ŋu akpɔ xɔse ŋuti kpɔɖeŋu nyui siwo ado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo be míalé dzi ɖe ƒo la le?

15 Paulo ƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na mí. Nenema kee egbeŋkekea me Kristotɔ siwo to yometitiwo me le dukɔ siwo me dzizizidziɖuɖu alo subɔsubɔhakplɔlawo kpɔ ŋusẽ le la ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo hã dea dzi ƒo na míi. Woƒo nu tso amesiawo dometɔ geɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo kple Yearbook of Jehovah’s Witnesses me. Ne èle nudzɔdzɔ mawo xlẽm la, ɖo ŋku edzi be amegbetɔ koe amesiwo ŋutinya gblɔm wole la hã nye; gake esi wonɔ kuxi sesẽwo me la, Yehowa na ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la wo be wote ŋu do dzi. Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be awɔ na míawo hã nenema ke ne nɔnɔmeawo bia nenema.

 Míaƒe Tenɔnɔ Dzinɔameƒotɔe Dzea Yehowa Ŋu Hedea Bubu Eŋu

16, 17. Aleke míate ŋu atu dzinɔameƒo ƒe nɔnɔme ɖo egbeae?

16 Ame ƒe tenɔnɔ sesĩe le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me léle ɖe asi ta fia dzinɔameƒo. Eganye dzinɔameƒo ɖeɖe fia wu gɔ̃ hã ne vɔvɔ̃ ɖo amea gake wòte ŋu nɔ te sesĩe. Le nyateƒe me la, Kristotɔ ɖesiaɖe ate ŋu alé dzi ɖe ƒo ne edi le nyateƒe me be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, ne eɖoe kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, ne eɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu ɣesiaɣi, eye ne eɖoa ŋku edzi ɣesiaɣi be Yehowa do ŋusẽ ame gbogbo aɖewo siwo le abe ye ene va yi. Gawu la, ne míekpɔe dze sii be míaƒe tenɔnɔ dzinɔameƒotɔe dzea Yehowa ŋu hedea bubu eŋu la, enaa míegaɖonɛ kplikpaa be míayi edzi anɔ te sesĩe maʋãmaʋãe. Míele klalo be míanɔ te ɖe fewuɖuɖu alo ŋutasesẽ nu elabena míelɔ̃e vevie.—Yohanes I, 2:5; 4:18.

17 Mègaŋlɔ be gbeɖe o be ne míele fu kpem le míaƒe xɔse ta la, mefia be nu gbegblẽ aɖee míewɔ o. (Petro I, 3:17) Míele fu kpem le Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli, le nyuiwɔwɔ, kple le xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye ta. Susu sia tae apostolo Petro gblɔ be: “Ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, eya enye amenuveve le Mawu ŋku me.” Petro gblɔ hã be: “Amesiwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la, natsɔ woƒe luʋɔwo ade asi na wɔla nuteƒewɔla la le dɔ nyui wɔwɔ me.” (Petro I, 2:20; 4:19) Ẽ, míaƒe xɔse dzea mía Mawu lɔ̃ame, Yehowa, ŋu hedea bubu eŋu. Susu sẽŋu ka gbegbee nye si si ta wòle be míalé dzi ɖe ƒo!

Nuƒoƒo Kple Dziɖuɖumegãwo

18, 19. Ne míewɔ nu dzinɔameƒotɔe le ʋɔnudrɔ̃la aɖe ŋku me la, gbedasi kae nye ma gblɔm míele?

18 Esi Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woati wo yome la, egblɔ hã be: “[Amewo ade] mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo; eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.” (Mateo 10:17, 18) Ebia dzinɔameƒo be woanɔ ʋɔnudrɔ̃la alo dziɖula ŋku me le alakpanutsotso ta. Gake ne míewɔ ɣeyiɣi mawo ŋudɔ dzinɔameƒotɔe ɖi ɖase na ame mawo la, míele nɔnɔme sesẽ trɔm wòazu mɔnukpɔkpɔ si ŋudɔ míawɔ nu nyui aɖe nado tso eme. Míetoa ema me naa amesiwo le ʋɔnu drɔ̃m mí la nyaa Yehowa ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Psalmo evelia me be: “Mi fiawo, midze nunya, eye mina woaxlɔ̃ nu mi, mi anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo! Misubɔ Yehowa kple vɔvɔ̃!” (Psalmo 2:10, 11) Zi geɖe ne wotso Yehowa Ðasefowo nu alakpatɔe le ʋɔnudrɔ̃ƒe la, ʋɔnudrɔ̃lawo ʋlia subɔsubɔblɔɖe ta, eye míekpɔa ŋudzedze ɖe ema ŋu. Gake ʋɔnudrɔ̃la aɖewo ɖea mɔ tsitretsiɖeŋulawo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. Ŋɔŋlɔawo le gbɔgblɔm na ame mawo be: “Mina woaxlɔ̃ nu mi.”

19 Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nanya be Yehowa Mawu ƒe see ƒo ɖesiaɖe ta. Ele be woaɖo ŋku  edzi be amegbetɔwo katã, hekpe ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋu, abu akɔnta na Yehowa Mawu kple Yesu Kristo. (Romatɔwo 14:10) Míawo ya, amegbetɔ ʋɔnudrɔ̃la aɖe ɖadrɔ̃ nya dzɔdzɔe na mí alo medrɔ̃e o, susuwo le mía si si ta wòle be dzi nanɔ mía ƒo, elabena Yehowa le mía dzi. Biblia gblɔ be: “Woayra amesiwo katã sii tso la!”—Psalmo 2:12.

20. Nukatae míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wòhiã be míanɔ te ɖe yometiti kple ameŋugbegblẽ nu?

20 Yesu gblɔ le Todzimawunyaa me be: “Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.” (Mateo 5:11, 12) Ele eme be yometiti ŋutɔ menye dzidzɔnya o, gake míaƒe tenɔnɔ sesĩe le yometiti me, kple tenɔnɔ ɖe nya siwo wogblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽwo me tsɔ gblẽ mía ŋui nu, nye dzidzɔnya. Efia be míele nusi dzea Yehowa ŋu wɔm, eye aɖo eteƒe na mí. Míaƒe tenɔnɔ dzinɔameƒotɔe ɖenɛ fiana be xɔse vavãe le mía si eye wònye kpeɖodzi be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu. Le nyateƒe me eɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Ŋuɖoɖeŋu ma hiã na Kristotɔ vevie, abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee afia ene.

Nukae Nèsrɔ̃?

• Nɔnɔme kawoe bia dzinɔameƒo egbea?

• Aleke míate ŋu atu dzinɔameƒo ƒe nɔnɔme ɖoe?

• Amesiwo ɖo dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi dometɔ aɖewoe ɖe?

• Nukatae míedi be míawɔ nu dzinɔameƒotɔe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Simone Arnold (si woyɔna be Liebster azɔ) tso Germany, Widdas Madona tso Malawi, kpakple Lydia kple Oleksii Kurdas tso Ukraine ɖe dzinɔameƒo fia hetsi tre ɖe vɔ̃ɖitɔ la ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Nyanyuia mekpea ŋu na mí o

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Dzinɔameƒo si Paulo ɖe fia le gaxɔ me do nyanyuia ɖe ŋgɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ne míeɖe Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu si le mía si me na ʋɔnudrɔ̃la aɖe dzinɔameƒotɔe la, míele gbedasi vevi aɖe gblɔm