Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gɔmesese Kae Le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua Ŋu Na Wò?

Gɔmesese Kae Le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua Ŋu Na Wò?

 Gɔmesese Kae Le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua Ŋu Na Wò?

“Amesi ke ɖua abolo sia, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadze la, aɖi fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋuti.”​—KORINTOTƆWO I, 11:27.

1. Wɔna kae nye vevitɔ kekeake si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo le ƒe 2003 me, eye aleke wòdze egɔmee?

WOAWƆ wɔna vevitɔ kekeake si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo le ƒe 2003 me la le April 16 lia dzi le ɣeɖoto megbe. Yehowa Ðasefowo akpe ta ɣemaɣi aɖu Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Abe alesi wòdze le nyati si do ŋgɔ mee ene la, Yesu ɖo azã sia, si wogayɔna be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la, anyi esi eya kple eƒe apostoloawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia vɔ le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. me. Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo siwo nye abolo maʋamaʋãa kple wein dzĩ la tsi tre ɖi na Kristo ƒe ŋutilã si ŋu nuvɔ̃ mele o kple eƒe ʋu si wòkɔ ɖi—si nye vɔsa si ɖeɖeko ate ŋu aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku si ƒe dome míenyi la me.—Romatɔwo 5:12; 6:23.

2. Nuxlɔ̃ame kae woŋlɔ ɖe Korintotɔwo I, 11:27?

2 Ele be amesiwo ɖua Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo la naɖui le mɔ si dze nu. Apostolo Paulo na esia me kɔ esime wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ blema Korinto, afisi womenɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖum le le mɔ si dze nu o. (Korintotɔwo I, 11:20-22) Paulo ŋlɔ bena: “Amesi ke ɖua abolo sia, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadze la, aɖi fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋuti.” (Korintotɔwo I, 11:27) Nya mawo gɔme ɖe?

Ame Aɖewo Ðui Madzemadzee

3. Aleke Korinto Kristotɔ geɖe wɔ nui le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe azã la ɖuƒee?

3 Korinto Kristotɔ geɖewo ɖua Ŋkuɖodzia madzemadzee. Mama nɔ wo dome, eye hena ɣeyiɣi aɖe ya teti la, wo dometɔ aɖewo tsɔa woƒe fiẽnuɖuɖu ɖe asi va ɖuna doa ŋgɔ na kpekpea alo ne kpekpea le edzi yim eye woɖua nu noa nu wògbɔa eme zi geɖe. Womenɔ ŋudzɔ le susu me alo gbɔgbɔ me o. Esia na ‘woɖi fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋuti.’ Dɔ wua amesiwo meɖu nu fiẽ ma o la eye woƒe susu menɔa  wɔnaa ŋu o. Ẽ, ame geɖe ɖui bubumademade eŋui eye womese vevienyenye si le eŋu hã gɔme keŋkeŋ o. Eyata mewɔ nuku o be wohe ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo ɖokui dzii!—Korintotɔwo I, 11:27-34.

4, 5. Nukatae ɖokuimedzodzro le vevie na amesiwo ɖua Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo?

4 Ne Ŋkuɖodzia le aƒe tum ƒe sia ƒe la, ɖokuimedzodzro le vevie na amesiwo ɖua kpɔɖeŋunuawo. Be woate ŋu akpɔ gome le hame nuɖuɖu sia me alesi dze la, ele be woanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ nyui me. Amesiame si made bubu Yesu ƒe vɔsa ŋu o eye wòado vloe gɔ̃ hã la adze afɔku si nye be ‘woatsrɔ̃e ɖa le Mawu ƒe amewo dome,’ abe alesi ko wòdzɔna ɖe Israel-vi si ŋu mekɔ o hafi wòɖu akpedavɔsalã la dzi ene.—Mose III, 7:20; Hebritɔwo 10:28-31.

5 Paulo tsɔ Ŋkuɖodzia sɔ kple hame nu si woɖuna le blema Israel. Eƒo nu tso nua ɖula siwo kpɔa gome le eme kple Kristo la ŋu hegblɔ be: “Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o.” (Korintotɔwo I, 10:16-21) Ne ame aɖe si ɖua Ŋkuɖodzi ƒe kpɔɖeŋunuawo wɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, ele be wòaʋu esia me na Yehowa ahabia gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu tso hamea me ame tsitsiwo  gbɔ. (Lododowo 28:13; Yakobo 5:13-16) Ne etrɔ dzime nyateƒe heɖe dzimetɔtrɔ ƒe nɔnɔmewo fia la, ekema manɔ eɖum madzemadzee o.—Luka 3:8.

Ŋkuɖodzia Yiyi abe Nuteƒekpɔla Siwo Dea Bubu Nu Ŋu Ene

6. Amekawo koe Mawu na mɔnukpɔkpɔe be woaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe kpɔɖeŋunuawo?

6 Ðe wòle be amesiwo le nyui wɔm na Kristo nɔvi ame 144,000 me tɔ susɔeawo fifia naɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe kpɔɖeŋunuawoa? (Mateo 25:31-40; Nyaɖeɖefia 14:1) Ao. Amesiwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na be woanye “Kristo ƒe hadomenyilawo” la koe Mawu na mɔnukpɔkpɔ mae. (Romatɔwo 8:14-18; Yohanes I, 2:20) Ekema ɖoƒe kae li na amesiwo kpɔa mɔ be yewoava nɔ agbe tegbee le xexeame katã ƒe paradiso me le Fiaɖuƒea te? (Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Esi womenye Yesu ƒe hadomenyila siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le o ta la, woyia Ŋkuɖodzia abe nuteƒekpɔla siwo dea bubu nu ŋu ene.—Romatɔwo 6:3-5.

7. Nukatae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nya be ele be yewoaɖu Ŋkuɖodzinuawo?

7 Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ vavãwo. Wo dometɔ geɖe te ŋu zã gbɔgbɔa ƒe nunanaawo dometɔ ɖeka alo geɖe, si ƒe ɖee nye aɖe yeye gbɔgblɔ. Eyata masesẽ na ame mawo kura be woanyae be wotsɔ gbɔgbɔ si ami na yewo eye be ele be yewoaɖu Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo o. Gake le míaƒe ɣeyiɣia me la, nya siwo tso gbɔgbɔ me siwo dzi woate ŋu anɔ te ɖo anya nusia dometɔ aɖee nye: ‘Ame alesi nu Mawu ƒe gbɔgbɔ kplɔna la, woawo la, mawuviwo wonye. Elabena miexɔ kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: “Aba, Fofo!”’—Romatɔwo 8:14, 15.

8. Amekawoe “lu” kple ‘gbe wuwlui’ siwo woyɔ le Mateo ta 13 la tsi tre ɖi na?

8 Esi ƒe alafawo va nɔ yiyim la, amesiamina vavãwo va tsi abe “lu” ene le ‘gbe wuwluiwo,’ alo aʋatso Kristotɔwo, dome. (Mateo 13:24-30, 36-43) Tso ƒe 1870-awo me la, “lu” la va nɔ dzedzem nyuie, eye le ƒe aɖewo megbe la, wogblɔ na Kristotɔ dzikpɔla amesiaminawo be: “Hamemegãwo . . . naɖoe ŋkume na amesiwo va kpe ta [na Ŋkuɖodzia] be,—(1) woaxɔ [Kristo ƒe] ʋu la dzi ase; eye (2) woatsɔ wo ɖokui ana Aƒetɔ la kple eƒe subɔsubɔdɔa, va ɖo ku me gɔ̃ hã. Ekema woakpe amesiwo katã ɖo tame kplikpaa alea eye wotsɔ wo ɖokui na la be woawɔ ɖeka aɖu Aƒetɔ ƒe kuzã la.”—Studies in the Scriptures, Babla VI, The New Creation, axa 473. *

“Alẽ Bubuwo” Didi

9. Aleke wokɔ amesiwo “ameha gã” la nye mee le ƒe 1935 me, eye aleke numekɔkɔ sia kpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo nɔa Ŋkuɖodzinuawo ɖum tsã la dzii?

9 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa ƒe habɔbɔa trɔ susu ɖe ame bubuwo ŋu tsɔ kpe ɖe Kristo yomedzela amesiaminawo ŋu. Nu ɖedzesi aɖe si teƒe wokpɔ le go sia me la dzɔ le ƒe 1930-awo ƒe domedome. Do ŋgɔ na ema la, Mawu ƒe amewo bua Nyaɖeɖefia 7:9 me “ameha gã” la be wonye amesiaminawo ƒe ha bubu siwo awɔ ɖeka kple amesiamina 144,000 si woafɔ ɖe tsitre la le dziƒo—abe ŋugbetɔŋunɔlawo alo Kristo ƒe ŋugbetɔ ƒe zɔhɛwo ene. (Psalmo 45:15, 16; Nyaɖeɖefia 7:4; 21:2, 9) Gake le May 31, 1935 dzi, le dutoƒonuƒo aɖe si woƒo le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe aɖe me le Washington, D.C., U.S.A. me la, woɖe eme le Ŋɔŋlɔawo nu be “ameha gã” la ku ɖe ‘alẽ bubu’ siwo le agbe le nuwuɣia me la ŋu. (Yohanes 10:16) Le takpekpe ma megbe la, ame aɖewo siwo ɖua Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo tsã la dzudzɔ eɖuɖu elabena wokpɔe dze sii be anyigba dzi mɔkpɔkpɔe le yewo si, menye dziƒomɔkpɔkpɔ o.

10. Nya kae nàgblɔ le ‘alẽ bubuawo,’ siwo li egbea la ƒe mɔkpɔkpɔ kple agbanɔamedziwo ŋu?

10 Tso ƒe 1935 me koŋue wote amesiwo ava zu ‘alẽ bubuawo,’ siwo xɔ tafea dzi se hetsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbee na Mawu, eye wokpea asi ɖe “alẽha sue” si wosi ami na ŋu le  Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me la, didi. (Luka 12:32) Alẽ bubu siawo kpɔa mɔ be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi, ke hã woɖi Fiaɖuƒe hadomenyila siwo susɔ egbea la le go bubuawo katã me. Abe alesi wònɔ le amedzrovi siwo nɔ Israel siwo de ta agu na Yehowa hebɔbɔ ɖe eƒe Sea te gome ene la, alẽ bubuawo, siwo li egbea hã xɔa Kristotɔ ƒe agbanɔamedziwo, abe gbeƒãɖeɖe nyanyuia aduadu kple gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo ene. (Galatiatɔwo 6:16) Gake abe alesi amedzrovi aɖeke mate ŋu ava zu Israel-fia alo nunɔla o ene la, nenema kee alẽ bubu sia me tɔ aɖeke hã mate ŋu aɖu fia le dziƒo Fiaɖuƒea me alo anye nunɔla o.—Mose V, 17:15.

11. Nukata ŋkeke si dzi ame aɖe ɖe adzɔgbe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe mɔkpɔkpɔ dzi?

11 Eyata tso ƒe 1930-awo me la, eme va nɔ kɔkɔm be wotia dziƒoyilawo xoxo. Ƒe geɖewoe nye sia la, alẽ bubuawo, siwo kpɔa mɔ be yewoanɔ anyigba dzi la, dimee wole. Ne amesiamina aɖe megava wɔ nuteƒe o la, anɔ eme be amesi subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ɣeyiɣi didi aɖe abe alẽ bubuawo me tɔ ene ye woatsɔ aɖo amesi ge le ame 144,000 dome la teƒe.

Nusitae Ame Aɖewo Bui Vodadatɔe be Dziƒomɔkpɔkpɔ Le Yewo Si

12. Nɔnɔme kawo mee wòle be ame aɖe nadzudzɔ Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu le, eye nukatae?

12 Kristotɔ amesiaminawo ka ɖe edzi bliboe be woyɔ yewo be yewoava dziƒo. Gake ne ame aɖewo siwo si dziƒoyɔyɔ sia mele o nɔa Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo ɖum ya ɖe? Fifia si wonya be dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔa mele yewo si kura o la, woƒe dzitsinya aƒoe ɖe wo nu be woadzudzɔ eɖuɖu godoo. Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe amesi le eɖokui ɖem fia abe amesi woyɔ be wòava nye fia kple nunɔla le dziƒo ene esime wònya nyuie be womeyɔ ye o la ŋu o. (Romatɔwo 9:16; Nyaɖeɖefia 20:6) Yehowa wu Lewi-vi Korax le esi nɔƒe gã didi na wòdi be yeaxɔ Aron-ƒomea ƒe nunɔlanyenyea ta. (Mose II, 28:1; Mose IV, 16:4-11, 31-35) Ne Kristotɔ aɖe va kpɔe dze sii be yenɔa Ŋkuɖodzinuawo ɖum madzemadzee la, ele be wòadzudzɔ eɖuɖu ahado gbe ɖa ɖokuibɔbɔtɔe be Yehowa natsɔe akee.—Psalmo 19:14.

13, 14. Nukata ame aɖewo awɔ vodada asusui be woyɔ yewo na dziƒogbenɔnɔ?

13 Nukatae ame aɖewo abui vodadatɔe be woyɔ yewo hena dziƒoyiyi? Woƒe kpeɖeŋutɔ ƒe ku alo afɔku bubu aɖe ate ŋu ana agbenɔnɔ le anyigba dzi magadzɔ dzi na wo o. Alo woadi be etsɔme mɔkpɔkpɔ si le yewo xɔlɔ̃ vevi aɖe si gblɔ be Kristotɔ amesiamina yenye si la ke nanɔ yewo hã si. Le nyateƒe me la, Mawu mede dɔ asi na ame aɖeke be wòanɔ mɔnukpɔkpɔ sia nam amewo o. Eye mesia ami na Fiaɖuƒea ƒe hadomenyilawo to nana be woanɔ gbeɖiɖi aɖewo sem atsɔ aɖo kpe edzii me o.

14 Alakpasubɔsubɔ ƒe nukpɔsusu si nye be ame nyuiwo katã ayi dziƒo la ate ŋu ana ame aɖewo nabui be woyɔ yewo hena dziƒoyiyi. Le esia ta ehiã be míanɔ ŋudzɔ be nukpɔsusu gbegblẽ siwo nɔ mía si va yi kple nu bubuwo nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ate ŋu abia wo ɖokui be: ‘Ðe mezãa atike aɖewo siwo kpɔa ŋusẽ ɖe nye seselelãme dzia? Ðe menye amesi dzi nu wɔa dɔ ɖo vevie si ate ŋu ana mabu nuwo ŋu vodadatɔea?’

15, 16. Nukatae ame ʋɛ aɖewo ate ŋu asusu vododatɔe be yewonye amesiaminawo?

15 Ame ʋɛ aɖewo ate ŋu abia wo ɖokui be: ‘Ðe media ŋkɔxɔxɔa? Ðe ŋusẽ nɔƒe nɔnɔ dzroam vevie fifia alo wòdzroam be mava nye Kristo ƒe hadomenyilawo dometɔ ɖeka le etsɔmea?’ Esime woyɔ Fiaɖuƒea domenyilawo le ƒe alafa gbãtɔ me la, menye wo katãe nɔ agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me o. Eye amesiwo si dziƒoyɔyɔ le la media ŋkɔxɔxɔ alo ƒoa adegbe le amesiaminanyenye ŋu o. Woɖea ɖokuibɔbɔ si wokpɔa mɔ be amesiwo si “Kristo ƒe tamesusu” le naɖe afia la fiana.—Korintotɔwo I, 2:16.

16 Ame aɖewo aƒo nya ta be woyɔ yewo hena dziƒoyiyi elabena Biblia me sidzedze gbogbo aɖewo su yewo si. Gake gbɔgbɔ tsɔtsɔ asi amii na ame menaa gɔmesese tɔxɛ aɖe sua ame si o, elabena eva hiã be Paulo nagafia nu ahaɖo  aɖaŋu na amesiamina aɖewo. (Korintotɔwo I, 3:1-3; Hebritɔwo 5:11-14) Ðoɖo le Mawu si si dzi wòtona naa gbɔgbɔmenuɖuɖu eƒe amewo katã. (Mateo 24:45-47) Eyata ame aɖeke negabu be Kristotɔ amesiaminanyenye ana nunya si de ŋgɔ wu amesiwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la ye o. Menye Ŋɔŋlɔawo me nyabiabiawo ŋuɖoɖo nyuie, ɖaseɖiɖi, kple Biblia me nuƒowo ƒoƒo ye ɖenɛ fiana be wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ame o. Kristotɔ siwo si anyigba dzi mɔkpɔkpɔ le la hã dzea agbagba le go siawo me.

17. Nuka dzie gbɔgbɔ la ƒe ameyɔyɔ nɔ te ɖo, eye ameka gbɔe wòtsona?

17 Ne haxɔsetɔ aɖe bia nya ku ɖe dziƒoyɔyɔa ŋu la, hamemegã alo Kristotɔ tsitsi bubu aɖe ate ŋu adzro nyaa me kplii. Gake ame aɖeke mate ŋu awɔ nyametsotso sia na ame bubu o. Mahiã be amesi si yɔyɔ sia le ŋutɔŋutɔ la nabia ame bubu aɖe ne mɔkpɔkpɔ sia le ye si o. “Wogbugbɔ [amesiaminawo] dzi, menye tso dzidzi gbegblẽ me o, ke boŋ tso dzidzi magblẽmagblẽ me heto Mawu ƒe nya gbagbe, si nɔa anyi tegbetegbe la me.” (Petro I, 1:23) Mawu toa eƒe gbɔgbɔ kple Nya la dzi ƒãa ‘dzidzi’ si naa amea zua “nuwɔwɔ yeye,” si si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le la ɖe eme. (Korintotɔwo II, 5:17) Eye Yehowae wɔa tiatia la. Gbɔgbɔ tsɔtsɔ asi ami na amee “metso amesi le lɔlɔ̃m alo amesi le du sim la gbɔ o, ke etso Mawu . . . gbɔ boŋ.” (Romatɔwo 9:16) Eyata aleke ame awɔ aka ɖe edzi be woyɔ ye na dziƒoyiyi?

Nusitae Woka Ðe Edzi

18. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ la ɖia ɖase kpena ɖe amesiaminawo ƒe gbɔgbɔ ŋui?

18 Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe ɖaseɖiɖi nana Kristotɔ amesiaminawo kana ɖe edzi be dziƒomɔkpɔkpɔ le yewo si. Paulo ŋlɔ bena: “Vinyenyegbɔgbɔ la . . . miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo! Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye. Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, míekpe fu kplii, bene mía ŋuti nakɔ hã kplii.” (Romatɔwo 8:15-17) Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me la, gbɔgbɔa, alo amesiaminawo ƒe nɔnɔme vevitɔ ƒonɛ ɖe wo nu be woaxɔ nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ ku ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmeviwo ŋu la na wo ɖokui be eku ɖe yewo ŋu. (Yohanes I, 3:2) Mawu ƒe gbɔgbɔa nana wosenɛ le wo ɖokui me  be viwo yewonye eye wòdea dzo wo me ɖe mɔkpɔkpɔ tɔxɛ aɖe ŋu. (Galatiatɔwo 4:6, 7) Ẽ, agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi abe amegbetɔ deblibo ene le ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dome avivi ŋutɔ, gake menye emae nye mɔkpɔkpɔ si Mawu na wo o. To Mawu ƒe gbɔgbɔa dzi la, etu dziƒomɔkpɔkpɔ sẽŋu aɖe ɖo ɖe wo me ale gbegbe be wolɔ̃ faa be yewoatsɔ anyigba dzi nu dodzidzɔnamewo kple mɔkpɔkpɔwo katã asa vɔe.—Korintotɔwo II, 5:1-5, 8; Petro II, 1:13, 14.

19. Akpa kae nubabla yeyea wɔna le Kristotɔ amesiaminawo ƒe agbenɔnɔ me?

19 Kakaɖedzi le Kristotɔ amesiaminawo si ɖe woƒe dziƒomɔkpɔkpɔa, be woxɔ yewo ɖe nubabla yeyea me, ŋu vevie. Yesu ƒo nu tso eŋu esime wòɖo Ŋkuɖodzia anyi hegblɔ be: “Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si wokɔ ɖe anyi le mia ta.” (Luka 22:20) Amesiwo wɔ ɖeka le nubabla sia mee nye Mawu kpakple amesiaminawo. (Yeremya 31:31-34; Hebritɔwo 12:22-24) Yesu enye domenɔla la. Menye Yudatɔwo ɖeɖe domee wotia amewo tsoe na nubabla yeyea, si Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi na wòte dɔwɔwɔ la, tsoe hena Yehowa ƒe ŋkɔ eye wowɔ wo Abraham ƒe “dzidzime” la ƒe akpa aɖe o, ko boŋ tso dukɔwo hã mee. (Galatiatɔwo 3:26-29; Dɔwɔwɔwo 15:14) “Nubabla mavɔ” sia ana woafɔ gbɔgbɔ me Israel-viwo katã yi ɖe makumakugbenɔnɔ me le dziƒo.—Hebritɔwo 13:20.

20. Nubabla ka mee woxɔa amesiaminawo ɖo kple Kristo?

20 Amesiaminaawo ka ɖe woƒe mɔkpɔkpɔa dzi. Woxɔ wo ɖe nubabla bubu me, si nye nubabla hena Fiaɖuƒe. Yesu gblɔ le woƒe dziɖuɖu kple eya Kristo ŋu be: “Miawo la miedo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me; eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene.” (Luka 22:28-30) Nubabla sia si le Kristo kple ehati fiawo dome la anɔ anyi tegbee.—Nyaɖeɖefia 22:5.

Ŋkuɖodziɖuɣia​—Ɣeyiɣi Dodzidzɔname Aɖee

21. Aleke míawɔ Ŋkuɖodzia ƒe ɣeyiɣi naɖe vi gbogbotɔ kekeake na mí?

21 Dzidzɔ geɖe nɔa Ŋkuɖodziɖuɣia me. Míate ŋu akpɔ viɖe tso Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo si wowɔ na ɣeyiɣi sia me. Vevietɔ la, enye ɣeyiɣi nyui aɖe na gbedodoɖa, na ŋugbledede le Yesu ƒe anyigba dzi gbenɔnɔ kple ku ŋu, kple gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. (Psalmo 77:13; Filipitɔwo 4:6, 7) Azãa ŋutɔ ɖoa ŋku lɔlɔ̃ si Mawu kple Kristo ɖe fia le Yesu ƒe tafevɔsaa gome dzi na mí. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Ðoɖo sia naa mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa mí eye ele be wòado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo be míayi edzi anɔ agbe abe Kristo ene. (Mose II, 34:6; Hebritɔwo 12:3) Ele be Ŋkuɖodzia nado ŋusẽ mí hã be míawɔ míaƒe adzɔgbeɖeɖe abe Mawu subɔlawo ene dzi ade goe ahanye Via lɔlɔ̃a yomedzela wɔnuteƒewo.

22. Nukae nye Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake na ameƒomea, eye mɔ siwo nu míaɖee afia le be míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu dometɔ ɖeka ɖe?

22 Nunana nyui kawo gbegbee nye si Yehowa na mí! (Yakobo 1:17) Eƒe Nya la fiaa mɔ mí, eƒe gbɔgbɔa kpena ɖe mía ŋu, eye agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le mía si. Nu gãtɔ kekeake si Mawu na mí enye vɔ si Yesu sa ɖe amesiaminawo kple amesiwo katã xɔ edzi se la ƒe nuvɔ̃wo ta. (Yohanes I, 2:1, 2) Eyata gɔmesese ka gbegbee le Yesu ƒe kua ŋu na wò? Ðe nànɔ amesiwo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe eŋu dome to ƒuƒoƒo kpli wo le April 16, 2003, dzi le ɣeɖoto megbe, le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe azã la ɖuɖu mea?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Yehowa Ðasefowoe ta wo, gake womegale wo tam fifia o.

Ŋuɖoɖo Kawoe Nàna?

• Amekawoe wòle be woaɖu Ŋkuɖodzi ƒe kpɔɖeŋunuawo?

• Nukatae ‘alẽ bubuawo’ dea Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuƒe abe nuteƒekpɔla siwo dea bubu nu ŋu ko ene?

• Aleke Kristotɔ amesiaminawo wɔna nyana be ele be yewoaɖu aboloa ahano wein la le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɣi?

• Ŋkuɖodziɖuɣia nye ɣeyiɣi nyui aɖe na nuka wɔwɔ?

[Biabiawo]

[Akɔntabubu/​Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Ŋkuɖodzia Valawo

LE MILIƆN ME

15,597,746

15

14

13,147,201

13

12

11

10

 9

 8

 7

 6

 5

4,925,643

 4

 3

 2

 1

878,303

63,146

1935 1955 1975 1995 2002

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ànɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe azã la ɖuƒe ƒe sia mea?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Ŋkuɖodziɖuɣia nye ɣeyiɣi nyui aɖe na mí be míadzi Biblia xexlẽ kple gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒe-gbeƒãɖeɖedɔa me ɖe edzi