Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Vɔ̃ Ðu Dzia?

Ðe Vɔ̃ Ðu Dzia?

 Ðe Vɔ̃ Ðu Dzia?

NUKPƆSUSU si li be hoʋiʋli aɖe le nyui kple vɔ̃ ƒe gbɔgbɔwo dome le xexeame katã la na nuŋlɔlawo kple xexemenunyalawo yi edzi le nyawo susum le gbɔgblɔm le ŋutinya katã me. Gake agbalẽ aɖe li si me aʋa si le Mawu kple Abosam dome ŋuti nuŋlɔɖi vavãtɔ le. Agbalẽ mae nye Biblia. Ena nya siwo ku ɖe aʋa sia ŋu la me kɔ eye wòna mɔ si dzi woato anya amesi tututu ɖu dzi hã.

Le ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ wɔwɔ megbe teti la, Satana Abosam, si nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ makpɔmakpɔ aɖe, tɔ gbe Mawu ƒe dziɖulanyenye. To mɔ ka nu? To edodoɖa le ayeme be Mawu xe nu nyuiwo ƒe mɔ ɖe nuwɔwɔwo, eye be nu adze edzi na amegbetɔwo eƒe kpekpeɖeŋu manɔmee.—Mose I, 3:1-5; Nyaɖeɖefia 12:9.

Emegbe le blemafofo Hiob ŋɔli la, Satana fɔ nya bubu ɖe te. Esi Satana di be yeagblẽ Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me la, egblɔ be: “Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽ teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta.” (Hiob 2:4) Gbetɔamenya gã kae nye si! Esi Satana zã nya si nye “amegbetɔ” ɖe ŋkɔ Hiob teƒe ta la, ena ɖikeke ɖo amegbetɔ ɖesiaɖe ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu. Ne woagblɔe tututu la, ete tɔ ɖe edzi be: ‘Amegbetɔ awɔ nusianu atsɔ aɖe eƒe agbee. Na mɔm ko nàkpɔ, mate ŋu atrɔ amesiame ɖa tso Mawu ŋu.’

Amesi aɖu dzi le Mawu kple Abosam dome hoʋiʋlia me la nɔ te ɖe biabia eve ƒe ŋuɖoɖo dzi: Ðe amegbetɔ te ŋu le eɖokui dzi ɖum dzidzedzetɔea? Ðe Abosam te ŋu trɔ amesiame ɖa tso Mawu vavã la ŋua?

Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Aɖu Wo Ðokui Dzi Dzidzedzetɔea?

Ƒe akpe geɖe enye sia la, amegbetɔwo te dziɖuɖu ƒomevi vovovowo kpɔ. Wote dziɖuɖu hamehamewo, abe fiahawo ƒe dziɖuɖu, ame ŋkutawo ƒe dziɖuɖu, demokrasidziɖuɖu, ame ɖeka ko si kpɔ ŋusẽ ɖe nuwo dzi ƒe dziɖuɖu, Fasidziɖuɖu kple Kɔmiunistdziɖuɖu ene, kpɔ le ŋutinya me. Ðe nyateƒe si wònye be hiahiã gali be woayi edzi anɔ wo ɖɔlim kpɔ meɖee fia be dziɖuɖu ƒe mɔ vovovo siawo mesɔ oa?

H. G. Wells ŋlɔ le agbalẽ si nye A History of the World, si wota le ƒe 1922 me, me be: “Kaka Romatɔwo nanya la, wova nɔ dziɖuɖumɔnu geɖewo tem kpɔ.” Eyi edzi be: “Enɔ tɔtrɔm ɣesiaɣi, metɔ ɖe ɖeka aɖeke dzi gbeɖe o. Le gɔmesese aɖe nu la, dziɖuɖumɔnu siwo tem wole kpɔ la do kpo nu. Le gɔmesese bubu nu la, wometee kpɔ vɔ o, eye Europa kple Amerika gakpɔtɔ le agbagba dzem be yewoakpɔ xexeame godoo ƒe kuxi si Romatɔwo do goe gbã la gbɔ egbea.”

Woyi edzi le dziɖuɖuwo tem kpɔ va ɖo ƒe alafa 20 lia me. Hafi ƒe alafa ma nawu enu la, demokrasidziɖuɖu dzie dukɔ geɖewo va nɔ asi dam ɖo. Wobui be dziɖuɖu si me amesiame ƒe asi lee demokrasidziɖuɖu nye. Gake ɖe demokrasidziɖuɖu ɖee fia be amegbetɔ ate ŋu aɖu dzi Mawu manɔmee dzidzedzetɔea? Jawaharlal Nehru, si nye India dukɔa kplɔla tsã, yɔ demokrasidziɖuɖu be enyo gake hegblɔ kpee be: “Esi kpɔtɔeawo vlo ŋutɔ tae megblɔe ɖo.” Valéry Giscard d’Estaing, si nye Franseawo ƒe dukplɔla tsã, gblɔ be: “Míele kuxiwo me tom le demokrasidziɖuɖu si me wotiaa amewo ɖoa amehawo teƒe la me.”

Le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. gɔ̃ hã me la, Hela xexemenunyala Plato de dzesi kpɔtsɔtsɔ aɖe le demokrasidziɖuɖu ŋu. Le agbalẽ si nye A History of Political Theory ƒe nya nu la, eƒo nu tsi tre ɖe “dunyahelawo ƒe nanewo manyamanya kple ŋutetemanɔameŋu, si nye demokrasidziɖuɖu  ƒe gbagbãƒe tɔxɛ aɖe ŋu.” Dunyahela siwo li egbea dometɔ geɖe fa konyi le alesi wòsesẽ be woakpɔ ame bibi siwo dze anɔ dziɖuɖua me la ŋu. The Wall Street Journal gblɔ be: “Ŋgɔnɔla siwo megava nɔa ɖeke me o ne kuxi siwo lolo wu wo la dze ŋgɔ wo la ƒe nu vea dɔme na” amewo. Eyi edzi be: “Ekua dzi na wo ne wokpɔe be ɖeko wole tɔtrɔm to eme hele nu fitifiti wɔm esime yewohiã na mɔfiame.”

Azɔ bu blema Israel-fia Salomo ƒe dziɖuɖu ŋu kpɔ. Yehowa Mawu na nunya tɔxɛ Salomo. (Fiawo I, 5:9-14) Aleke nuwo nɔ na Israel-dukɔa le Salomo ƒe ƒe 40 dziɖuɖua me? Biblia ɖo eŋu be: “Yuda kple Israel sɔ gbɔ abe ƒutake ene; woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ.” Nuŋlɔɖia gblɔ hã be: “Yuda kple Israel dome amesiame nɔ eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, tso Dan vaseɖe Beer-Seba, le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.” (Fiawo I, 4:20; 5:5) Esi fia nyanu nɔ wo dzi ɖum abe Yehowa Mawu, si nye Dziɖula makpɔmakpɔ si Ðeke Mesɔ Kpli O, teƒenɔla si wokpɔna ene ta la, dedienɔnɔ, nudzedziname, kple dzidzɔ si ɖeke mesɔ kpli o nɔ dukɔa me.

Vovototo gã kae nye si le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu kple Mawu tɔ dome! Ðe ame aɖe ate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be Satana ɖu dzi le dziɖulanyenye ƒe nyaa mea? Ao, elabena nyagblɔɖila Yeremya gblɔe wòsɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.

Ðe Satana Ate Ŋu Atrɔ Amesiame Ða tso Mawu Ŋua?

Ðe Satana kpɔ dzidzedze le asi si wòƒu akɔ be yeate ŋu atrɔ amesiame ɖa tso Mawu ŋu la mea? Le Biblia ƒe agbalẽ si nye Hebritɔwo ƒe ta 11 me la, apostolo Paulo yɔ ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia. Eyome wògblɔ be: “Ɣeyiɣi la made nam be, magblɔ nya le Gideon, Barak, Simson, Yefta, Dawid, Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo ŋuti o.” (Hebritɔwo 11:32) Ðeko Paulo yɔ Mawu subɔla wɔnuteƒe siawo kpuie be “ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ” aɖe. (Hebritɔwo 12:1) Menye alilikpo siwo kaka ɖe yame, siwo le falɛfalɛ hele lolome kple nɔnɔme aɖe koŋ mee Helagbe me nya si wozã na “alilikpo” le afisia la fia o, ke boŋ efia alilikpododo gã aɖe si ƒe nɔnɔme manya ɖɔ o. Esia sɔ elabena Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi va yi la sɔ gbɔ ale gbegbe be wole abe alilikpododo gã aɖe ene. Ẽ, le ƒe alafa siwo va yi me la, ameha gbogbo aɖewo siwo ƒe xexlẽme mele nyanya o tiae le woƒe lɔlɔ̃nu me be yewoatsɔ yewo ɖokui ana Yehowa Mawu ɖeɖeko.—Yosua 24:15.

Nuka kpɔmee míele le míaƒe ɣeyiɣia me? Togbɔ be woti Yehowa Ðasefowo yome hetsi  tre ɖe wo ŋu vevie le ƒe alafa 20 lia me hã la, woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi gbɔ miliɔn ade ŋu. Ame miliɔn asieke bubuwo hã dea ha kpli wo, eye amesiawo dometɔ geɖe le afɔɖeɖe nyuiwo wɔm be yewoava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu.

Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu Kristo, ye ɖo asi si Satana ƒu akɔ be yeate ŋu atrɔ amegbetɔwo katã ɖa tso Yehowa ŋu la ŋu le mɔ si ƒo ɖesiaɖe ta nu. Fuwɔameti ŋuti vevesese helĩhelĩ gɔ̃ hã megblẽ eƒe fɔmaɖimaɖi me o. Le Yesu ƒe gbɔgbɔ mamlɛa me la, edo ɣli gblɔ be: “Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de.”—Luka 23:46.

Satana wɔa nusianu si wòate ŋui—tso tetekpɔwo dzi va ɖo yometiti ŋutɔŋutɔ dzi—tsɔ dzea agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi. Ezãa “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo” tsɔ tea amewo kpɔnae kple susu be yeate wo ɖa alo able wo woatrɔ ɖa tso Yehowa ŋu. (Yohanes I, 2:16) Satana ‘gbã ŋku hã na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu bene Kristo ƒe ŋutikɔkɔe nyanyui la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.’ (Korintotɔwo II, 4:4) Eye mesesẽna na Satana be wòazã ŋɔdzidodo kple amegbetɔwo vɔvɔ̃ atsɔ aɖo eƒe tameɖoɖoa gbɔe o.—Dɔwɔwɔwo 5:40.

Gake Abosam meɖu amesiwo le Mawu ƒe akpa dzi la dzi o. Wova dze si Yehowa Mawu eye ‘wolɔ̃e kple woƒe dzi blibo kple woƒe luʋɔ̃ blibo kple woƒe tamesusu blibo.’ (Mateo 22:37) Ẽ, Yesu Kristo kple ame siwo xexlẽme meli na o ƒe nuteƒewɔwɔ maʋãmaʋãe katã ɖo kpe edzi be woɖu Satana Abosam dzi gbidii.

Nukae Etsɔme Ahe Vɛ?

Ðe amegbetɔwo ayi edzi anɔ dziɖuɖuwo tem kpɔ tegbeea? Nyagblɔɖila Daniel gblɔe ɖi be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Fiaɖuƒe si dziƒo ƒe Mawu la aɖo anyi lae nye dziƒodziɖuɖu si wòde Yesu Kristo si. Fiaɖuƒe ma kee Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia be wòava. (Mateo 6:9, 10) Fiaɖuƒe ma ava tsrɔ̃ amegbetɔ dziɖuɖuwo katã le “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ [si gbɔna]” me le anyigba bliboa katã dzi.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

Nukae adzɔ ɖe Satana dzi? Biblia ɖɔ nusi ava dzɔ la be: “[Yehowa ƒe dɔla lé] ʋɔ driba, da xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka. Eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wòtu nu ɖe enu, eye wòtre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi.” (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Ne wotsɔ Satana ƒu gbe ɖe dɔmawɔmawɔ ƒe aʋli me megbe ko hafi Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua adze egɔme.

Teƒe dodzidzɔname kae nye si anyigba sia azu ɣemaɣi! Vɔ̃ɖinyenye kple amesiwo wɔnɛ la nu ayi keŋkeŋ. Biblia do ŋugbe be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:9-11) Naneke—amegbetɔ alo lã—mado ŋɔdzi na woƒe ŋutifafa o. (Yesaya 11:6-9) Woafɔ ame miliɔn geɖe siwo ɖekememasemase alo mɔnukpɔkpɔ si mesu wo si be woadze si Yehowa o wɔe be wode Abosam dzi va yi gɔ̃ hã ɖe tsitre eye woafia nu wo ku ɖe Mawu ŋu.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Kaka Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua nawu enu la, anyigba la aɖo paradiso ƒe nɔnɔme me, eye ameƒomea si le edzi la ade blibo. Ekema woaɖe asi le Satana ŋu hena “ɣeyiɣi vi aɖe,” eye eyome woatsrɔ̃e akpe ɖe amesiwo katã tsi tre ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu la ŋu.—Nyaɖeɖefia 20:3, 7-10.

Ameka ƒe Akpa Dzie Nànɔ?

Ƒe alafa 20 lia nye ɣeyiɣi aɖe si me Satana he gbegblẽ geɖe va anyigbaa dzi le. Gake le  esi nɔnɔme siwo le anyigba dzi naɖee afia be eɖu dzi teƒe la, wonye dzesi siwo le eɖem fia be míele xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me boŋ. (Mateo 24:3-14; Nyaɖeɖefia 6:1-8) Menye vɔ̃ɖinyenye ƒe agbogbododo le anyigba dzi alo ame akpa gãtɔ ƒe nukpɔsusu ye nye nusiwo dzi woanɔ te ɖo anya amesi ɖu dzi o. Nusiwo dzi woanɔ te ɖoe nye amesi ƒe dziɖuɖu nyo wu kple nenye be ame aɖe subɔ Mawu tso lɔlɔ̃ me. Yehowa ɖu dzi le akpa evea siaa me.

Ne ɣeyiɣi si wona la ɖee fia xoxo be Satana tɔ medzɔ o la, nukatae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye gakpɔtɔ le edzi yim? Yehowa le dzi gbɔm ɖi le “esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.” (Petro II, 3:9) Mawu ƒe didie nye “be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:4) Neva eme be nàzã ɣeyiɣi si kpɔtɔ la atsɔ asrɔ̃ Biblia ahaxɔ ‘Mawu vavã ɖeka kolia la kple Yesu Kristo si wòdɔ ɖo ɖa la ŋuti sidzedze.’ (Yohanes 17:3) Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò ne sidzedze sia nasu asiwò ale be wò hã nàva kpe ɖe ame miliɔn geɖe siwo le tsitre sesĩe le amesi ɖu dzi ƒe akpa dzi la ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yehowa Ðasefowo to nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi me ɖo kpe edzi be Satana do kpo nu

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nuteƒewɔla geɖe le Yehowa ƒe akpa dzi