Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃ tso Yesu Dzidzi Ŋuti Nuŋlɔɖi Me

Nusɔsrɔ̃ tso Yesu Dzidzi Ŋuti Nuŋlɔɖi Me

 Nusɔsrɔ̃ tso Yesu Dzidzi Ŋuti Nuŋlɔɖi Me

AME miliɔn geɖe doa dzidzɔ ɖe nudzɔdzɔ siwo dzɔ le Yesu dziɣi ŋu. Esia dzena le Yesu dzidzi ŋuti nɔnɔmetata siwo woɖena fiana kple Yesu dzidzi ŋuti fefe siwo wowɔna le xexeame godoo le Kristmas ɖuɣi la me. Togbɔ be edoa dzidzɔ na ame hã la, menye ɖee woŋlɔ nusiwo dzɔ le Yesu dziɣi la ɖe Biblia me be woatsɔ aɖe modzakae na amewo o. Ke boŋ, wonye Ŋɔŋlɔ siwo katã tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me hena nufiafia kple ɖɔɖɔɖo la ƒe akpa aɖe.—Timoteo II, 3:16.

Ne ɖe Mawu di be Kristotɔwo naɖu Yesu dzidzi ƒe azã la, anye ne Biblia yɔ ŋkeke si tututu dzi wodzii la. Eyɔea? Esi ƒe alafa 19 lia me Biblia ŋutinunyala Albert Barnes gblɔ be wodzi Yesu le ɣeyiɣi si me alẽkplɔlawo le woƒe alẽhawo ŋu dzɔm le gbedzi le zã me megbe la, eƒo nya ta be: “Esia na wòdze ƒã be wodzi mía Ðela la do ŋgɔ na December 25 lia . . . Ɣemaɣi la, vuvɔ nɔ anyi, vevietɔ le togbɛ kple to nuto siwo te ɖe Betlexem ŋu la me. Mawu ɣla ɣeyiɣi si me wodzi [Yesu]. . . . Eye mehiã be míanya ɣeyiɣi la o; ne ɖee wòhiã la, anye ne Mawu na woŋlɔe ɖi.”

To vovo na ema la, Nyanyuigbalẽa ŋlɔla eneawo gblɔ gbesigbe Yesu ku la na mí eme kɔ ƒã. Edzɔ le Ŋutitotoŋkekenyui, si woɖuna le Yudatɔwo ƒe ɣleti si nye Nisan ƒe ŋkeke 14 lia dzi, le adame. Gawu la, Yesu ŋutɔ de se na eyomedzelawo be  woaɖu ŋkeke ma atsɔ aɖo ŋku ye dzii. (Luka 22:19) Sedede sia ƒomevi aɖeke mele Biblia me be woaɖu Yesu, alo ame bubu aɖeke, ƒe dzigbezã o. Nublanuitɔe la, ŋkeke si dzi wodzi Yesu ŋuti nyahehewo ate ŋu atsyɔ nu ɖedzesi siwo dzɔ ɣemaɣi lɔƒo la dzi.

Dzila Siwo Mawu Tia

Le ƒome akpe gbogbo siwo le Israel me la, dzila ka ƒomeviwoe Mawu tia be woanyi ye Vi la? Ðe nuwo abe ŋkɔxɔxɔ kple kesinɔnuwo enee nɔ vevie Nɛa? Ao. Ke boŋ, Yehowa lé ŋku ɖe dzilawo ƒe gbɔgbɔmenɔnɔmewo ŋu. Lé ŋku ɖe Maria ƒe kafukafuha si wòdzi esime wogblɔ mɔnukpɔkpɔ si wonɛ be wòadzi Mesia la nɛ, si woŋlɔ ɖe Luka 1:46-55, ŋu kpɔ ko. Egblɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu be: “Nye luʋɔ do Aƒetɔ la ɖe dzi, . . . bena ekpɔ eƒe dɔlanyɔnu ƒe bɔbɔnyenye ɖa.” Ebu eɖokui ame ‘bɔbɔ ɖe anyi,’ Yehowa ƒe dɔlanyɔnu. Vevietɔ wu la, kafukafunya dzeto siwo le Maria ƒe haa me ɖee fia be enye gbɔgbɔmeme si nya Ŋɔŋlɔawo nyuie. Togbɔ be enye Adam ƒe dzidzimevi wɔnuvɔ̃ hã la, eyae nye amesi dze wotia be wòanye Mawu ƒe Vi la dada le anyigba dzi.

Ke Maria srɔ̃, amesi va zu fofo si xɔ Yesu nyi ya ɖe? Yosef nye ŋutsu aɖe si nya atikpakpadɔ nyuie. Le esi wòlɔ̃na faa be yeatsɔ yeƒe asi awɔ dɔ vevie ta la, ete ŋu kpɔ ƒomea si me ŋutsuvi atɔ̃ kple nyɔnuvi eve ya teti va nɔ mlɔeba ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (Mateo 13:55, 56) Yosef menye kesinɔtɔ o. Esi ɣeyiɣia de be Maria natsɔ via ŋutsuvi gbãtɔ ayi Mawu ƒe gbedoxɔa me la, anya te ɖe Yosef dzi be yemete ŋu na alẽ o. Ðe eteƒe la, ehiã be woawɔ ɖoɖo si wowɔ na ame dahewo la ŋudɔ boŋ. Mawu ƒe se gblɔ le ŋutsuvi yeye dada ŋu be: “Ne mate ŋu ana alẽ o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔ̃nevi eve vɛ; ɖeka woawɔ numevɔsae, eye ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.”—Mose III, 12:8; Luka 2:22-24.

Biblia gblɔ be Yosef “nye ame dzɔdzɔe.” (Mateo 1:19) Le kpɔɖeŋu me, medɔ kple srɔ̃a si nye ɖetugbi nɔaƒe la o vaseɖe Yesu dzidzi megbe. Esia tsi Yesu Fofo ŋutɔŋutɔ ŋuti nyaʋiʋli ɖesiaɖe nu. Be srɔ̃tɔ yeye naƒo asa na gbɔdɔdɔ esime wole xɔ ɖeka me manɔ bɔbɔe o, gake eɖee fia be woa kple evea siaa de asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su wo si be wotia yewo be yewoanyi Mawu ƒe Vi la ŋu.—Mateo 1:24, 25.

Abe Maria ke ene la, Yosef nye gbɔgbɔmeme. Edzudzɔa dɔ ƒe sia ƒe hekplɔa eƒe ƒomea zɔa ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ tso Nazaret yi Yerusalem ɖaɖua ƒe sia ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia. (Luka 2:41) Gakpe ɖe eŋu la, Yosef anya nɔ Yesu ɖevi sue la kplɔm yi tadeaguƒe kwasiɖa ɖesiaɖe le ƒuƒoƒe si le woƒe nutoa me, afisi woxlẽa Mawu ƒe Nya heɖea eme le. (Luka 2:51; 4:16) Le esia ta, ɖikeke aɖeke manɔ eŋu o be Mawu tia vidada si sɔ kple fofo si axɔ Via anyi le anyigba dzi.

Yayra Gãwo na Alẽkplɔla Ðokuibɔbɔlawo

Togbɔ be nu menɔ Yosef srɔ̃, si ƒe fu xɔ ɣleti asieke fifia, kpam o hã la, ezɔ mɔ yi tɔgbuiawo de be woaɖaŋlɔ yewo ŋkɔ, le Kaisaro ƒe sedede nu. Esi srɔ̃tɔawo ɖo Betlexem  la, womekpɔ dzeƒe le dugã si me amewo sɔ gbɔ ɖo la me o. Eyata nɔnɔmeawo ƒoe ɖe wo nu be woadze lãnyiƒe aɖe, afisi wodzi Yesu le hetsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me. Be ŋusẽ naɖo woƒe xɔse ŋu la, Yehowa ɖo kpe edzi na dzila ɖokuibɔbɔla siawo be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be woadzi vi sia. Ðe wòdɔ amegã xɔŋkɔwo ɖa tso Betlexem be woaɖado ŋusẽ srɔ̃tɔawoa? Ao. Ke boŋ, Yehowa Mawu ɖee fia alẽkplɔla dovevienu siwo nɔ zã dzi nɔ woƒe alẽhawo ŋu dzɔm la.

Mawu ƒe dɔla do ɖe wo dzi hegblɔ na wo be woayi Betlexem, afisi woakpɔ Mesia si wodzi, si wotsɔ “mlɔ lãnuɖunu me” la le. Ðe dzidzi ƒo ŋutsu siawo alo ŋu kpe wo esi wose be Mesia si wodzi la le lãnyiƒea? Kura o! Megbelele mahemahee la, wogblẽ woƒe alẽhawo ɖi hedze Betlexem mɔ. Esi woke ɖe Yesu ŋu la, wogblɔ nusi Mawu ƒe dɔlaa gblɔ la na Yosef kple Maria. Ðikeke mele eme o be esia do ŋusẽ srɔ̃tɔawo ƒe xɔse be nusianu le edzi dzem le alesi Mawu ɖoe la nu. Eye “alẽnyilawo gbugbɔ, eye wole ŋutikɔkɔe kple kafukafu tsɔm na Mawu le nusiwo katã wose, eye wokpɔ la ŋuti.” (Luka 2:8-20) Ẽ, Yehowa wɔ tiatia nyuitɔa le esi wòɖe nudzɔdzɔa fia alẽkplɔla mawuvɔ̃lawo ta.

Le nusia me la, míekpɔ amesiwo ƒomevi wòle be míanye be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. Mehiã be míadi be míaxɔ ŋkɔ alo anye kesinɔtɔwo o. Ke boŋ, abe Yosef, Maria, kple alẽkplɔlaawo ene la, ehiã be míaɖo to Mawu ahaɖe míaƒe lɔlɔ̃ nɛ afia to gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ aɖo ŋgɔ na ŋutilãmenuwo me. Le nyateƒe me la, nusɔsrɔ̃ nyuiwo li míate ŋu asrɔ̃ to ŋugbledede le nusiwo dzɔ le Yesu dziɣi lɔƒo nuŋlɔɖiwo ŋu me.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nukae ahɔ̃ne eve si Maria tsɔ sa vɔe la ɖe fia?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mawu tiae be yeaɖe Yesu dzidzi ŋu nya afia alẽkplɔla ɖokuibɔbɔla ʋɛ aɖewo