Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Wodzi Yesu Kple Nusitae Wodzii Ðo

Alesi Wodzi Yesu Kple Nusitae Wodzii Ðo

 Alesi Wodzi Yesu Kple Nusitae Wodzii Ðo

“MATE ŋu adzɔ o!” Amesiwo menye Kristotɔwo o la dometɔ geɖe agblɔ nya sia ne wonya se Yesu dzidzi ŋutinya la. Wosena le wo ɖokui me be mesɔ le dzɔdzɔme nu be ɖetugbi nɔaƒe nate ŋu afɔ fu ahadzi vi vifofo si nye amegbetɔ manɔmee o. Nukae nèsusu?

Le ƒe 1984 me la, London ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Times ta lɛta aɖe si ƒo nu tso nya sia ŋu hegblɔ be: “Susu mele eme be woazã dzɔdzɔmeŋutinunya le glãkahehe le nukunuwo ŋu me o. Ebia be xɔse nanɔ ame si be woaxɔe ase be nukunuwo mate ŋu adzɔ o abe alesi ko wòhiãe be woaxɔe se be ate ŋu adzɔ ene.” Dzɔdzɔmeŋutinunya fialagã 14 siwo le Britain ƒe yunivɛsitiwo me de asi lɛtaa te. Wogblɔ be: “Míeda asi ɖe ɖetugbi nɔaƒea ƒe vidzidzi, Nyanyuigbalẽawo me nukunuwo, kple Kristo ƒe tsitretsitsi dzi dzidzɔtɔe be wonye ŋutinyamenudzɔdzɔwo.”

Ke hã, gɔmesese le eŋu be ɖetugbi nɔaƒe ƒe Yesu dzidzi ŋutinyaa natɔtɔ ame ne wodoe ɖe egbɔ zi gbãtɔ. Yesu dada ŋutɔ si nye ɖetugbi nɔaƒe hã tɔtɔ esime Mawu ƒe dɔla la gblɔ be: “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.” Le eŋuɖoɖo me la, Maria bia be: “Aleke nusia lava mee, esi nyemenya ŋutsu o mahã?” Eye mawudɔla la ɖe eme be Mawu awɔ nukunu sia to Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi hegblɔ kpee be: “Naneke mesẽ na Mawu o.” (Luka 1:31, 34-37) Le nyateƒe me la, Amesi wɔ amegbetɔwo ƒe vidzidzi ƒe ŋutete wɔnuku la ate ŋu ana ɖetugbi nɔaƒe nafɔ fu adzi Yesu. Ne Mawu wɔ xexeame kple dzɔdzɔmese siwo dzi wòzɔna pɛpɛpɛ la, ate ŋu azã Maria ƒe vidzidɔmezi aɖe atsɔ awɔ Amegbetɔvi si de bliboe.

Nusitae Wòhiã

Mawuvɔ̃la Yosef do ŋugbe na Maria be yeaɖee hafi wòfɔ fua. Le drɔ̃e me la, Mawu ƒe dɔlaa ɖe susu wɔnuku si tae eƒe ŋugbetɔ si nye ɖetugbi nɔaƒe la fɔ fu la me na Yosef. Mawudɔla la gblɔ be: “Megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu si ke wòfɔ la, [gbɔgbɔ kɔkɔe] la mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.” (Mateo 1:20, 21) Hebrigbe me ŋkɔ Yesu gɔmee nye “Yehowa Enye Xɔnametɔ.” Eɖo ŋku alesi wòhiãe be woaɖe mí tso nuvɔ̃ kple ku me kpakple ɖoɖo si Yehowa Mawu wɔ ɖe ɖeɖe ma ŋu to Yesu dzi la dzi na mí.

 Esi amegbetɔ gbãtɔ, Adam, wɔ nuvɔ̃ ta la, edzi viawo katã ɖe blibomademade me eye woate ŋu ada le Mawu ƒe sewo dzi bɔbɔe. (Romatɔwo 5:12) Aleke woate ŋu aɖe Adam ƒe dzidzimeviwo tso nuvɔ̃ me woaɖo blibodede gbɔe? Ele be woatsɔ amegbetɔ deblibo bubu ƒe agbe, si xɔ asi de Adam tɔ nu, axe fee ale be dzɔdzɔenyenye ƒe nudanua nada asɔ. Ema tae Mawu na wodzi ame deblibo, Yesu, nukutɔe ɖo eye ema tae Yesu ɖe mɔ eƒe futɔwo wui ɖo. (Yohanes 10:17, 18; Timoteo I, 2:5, 6) Le Yesu ƒe tsitretsitsi kple dziƒoyiyi megbe la, ete ŋu gblɔ kakaɖedzitɔe be: “Meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe [ameƒomea ƒe yɔdo] safuiwo le asinye.”—Nyaɖeɖefia 1:18.

Yesu zã ku kple tsiẽƒe ƒe kpɔɖeŋusafuiawo tsɔ ʋu mɔe be nusi Adam bu la nagbugbɔ asu amegbetɔ wɔnuvɔ̃wo si. Yesu ɖe eme be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe; eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o.” (Yohanes 11:25, 26) Ŋugbedodo wɔnuku kae nye si! Ke hã, susu vevi aɖe hã tae wodzi Yesu ɖo.

Susu Vevitɔ Kekeake

Yesu ƒe fu si Maria fɔ la menye eƒe agbe ƒe gɔmedzedze o. Egblɔ eme kɔ ƒã be: “Meɖi tso dziƒo va.” (Yohanes 6:38) Yesu nɔ agbe le gbɔgbɔmenutowo me kple eƒe Dziƒofofoa tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze. Le nyateƒe me la, Biblia ɖɔe be “Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze.” (Nyaɖeɖefia 3:14) Yesu nɔ dziƒo kpɔ mawudɔla vɔ̃ɖi aɖe, si trɔ amegbetɔ gbãtɔwo ɖa le Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu, ƒe aglãdzedze teƒe. Esia na míekpɔ susu vevitɔ kekeake si ta Yesu di be woadzi ye abe Mawu ƒe Vi si nye amegbetɔ deblibo la ene. Susu mae nye ka?

Eyae nye be wòaɖee afia be gome le eƒe Dziƒofofoa si be wòaɖu xexeame katã dzi. To Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi tso edziɣi vaseɖe eƒe kuɣi le anyigba dzi me la, eɖe eƒe lɔlɔ̃ faa be yeabɔbɔ ye ɖokui na alesi Yehowa ɖua Eƒe nuwɔwɔwo dzii la fia. Hafi Mawu ƒe futɔwo nawu Yesu la, egblɔ susu si tae wòlɔ̃ faa be yeaku vɔsakua ɖo la eme kɔ ƒã. Egblɔ be bena xexeame nanyae bena, yelɔ̃a Fofo la. (Yohanes 14:31) Ne ɖee ame eve gbãtɔawo, Adam kple Xawa, tu lɔlɔ̃ sia ƒomevi ɖo la, anye ne wowɔ nuteƒe le woƒe dodokpɔ si bɔbɔ wu la me.—Mose I, 2:15-17.

Yesu ƒe nuteƒewɔwɔa hã klo nu le mawudɔla vɔ̃ɖia, Satana, dzi be enye alakpatɔ. Satana gblẽ Mawu kple amegbetɔwo ŋu to gbɔgblɔ le mawudɔla siwo le dziƒo la ŋkume me  be: “Amegbetɔ atsɔ nusiwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta.” (Hiob 2:1, 4) Satana gblɔ vodadatɔe be ne amegbetɔwo ƒe agbe ɖo afɔku me la, wo dometɔ aɖeke maɖo to Mawu o.

Nya siawo nye gbetɔtɔ Mawu ƒe dzedze anye dziɖula. Be woakpɔ nya siawo gbɔ la, Yesu lɔ̃ faa be woadzi ye abe amegbetɔ ene ahawɔ nuteƒe ɖaseɖe ku me.

Eyata, abe alesi eya ŋutɔ gblɔe ene la, susu vevitɔ si ta wodzi Yesu ɖe anyigbaa dzi ɖo enye be “[wòaɖi] ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Ewɔ ema to eɖeɖefia le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me be Mawu ƒe dziɖulanyenye le dzɔdzɔe le nusianu me eye be ɖokuibɔbɔ nɛ hea dzidzɔ mavɔwo vɛ. Yesu ɖe eme hã be yeva xexeame be yeatsɔ yeƒe amegbetɔ ƒe agbe “ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta,” si aʋu mɔ na amegbetɔ wɔnuvɔ̃wo be blibodede kple agbe mavɔ nasu wo si. (Marko 10:45) Be ameƒomea nate ŋu ase nya vevi siawo gɔme la, ehiã be Yesu dzidzi ŋuti nuŋlɔɖi nanɔ anyi. Gakpe ɖe eŋu la, nusɔsrɔ̃ vevi bubuwo le nudzɔdzɔ siwo ƒo xlã Yesu dzidzi me, abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee afia ene.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Aleke woawɔ aɖe Adam ƒe dzidzimeviwo tso nuvɔ̃ me?