Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ɣesiaɣie adzɔgbe siwo woɖe na Mawu la maganya atrɔ oa?

Le Ŋɔŋlɔawo nu la, adzɔgbeɖeɖe nye ŋugbedodo vevi aɖe na Mawu be woawɔ nane, woana nane, woadze dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ gɔme alo woawɔ ɖoƒe aɖe ŋudɔ, alo woatsri nanewo siwo menye ɖee wogblẽ hafi o la. Adzɔgbeɖeɖe siwo nɔ te ɖe nanewo dzi, le susua nu be enye ŋugbedodo be woawɔ nu ɖe ɖoɖo aɖe nu ne Mawu ŋutɔ wɔ nane gbã, la le Biblia me nuŋlɔɖiwo me. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Samuel dada, Xana, “[ɖe] adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne èkpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nèna ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye taluhɛ made ta ŋu nɛ o!” (Samuel I, 1:11) Biblia ƒo nu tso adzɔgbe siwo amewo ɖe le wo ɖokuisi hã ŋu. Aleke gbegbee adzɔgbe siwo woɖe na Mawu blaa amee?

Blema Israel-fia Salomo gblɔ be: “Ne èɖe adzɔgbe na Mawu la, megahe edziwɔwɔ ɖe megbe o.” Egblɔ kpee be: “Alesi nèɖe adzɔgbe la, wɔe. Ne mèɖe adzɔgbe kura o la, enyo wu esi naɖe adzɔgbe, eye màwɔ edzi o.” (Nyagblɔla 5:3, 4) Se si wotsɔ to Mose dzi na Israel gblɔ be: “Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ekema megahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabena Yehowa, wò Mawu, abiae tso asiwò kokoko, ne magaɖi fɔ o.” (Mose V, 23:22) Edze ƒã be adzɔgbeɖeɖe na Mawu nye ŋkubiãnya. Ele be woaɖee le tameɖoɖo nyui aɖe ta, eye mele be ɖikeke aɖeke nanɔ amesi le eɖem la me ɖe edziwɔwɔ ƒe ŋutete si le esi la ŋu o. Ne menye nenema o la, ade edzi awu be wòagaɖe adzɔgbea o. Gake ɖee adzɔgbe siwo katã woɖe la maganya atrɔ o, ne wonya ɖee koa?

Ke ne adzɔgbeɖeɖe aɖe bia tso ame aɖe si be wòawɔ nane si wòva nya emegbe be mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o ya ɖe? Tsɔe be enye adzɔgbeɖeɖe aɖe si ahe agbegbegblẽnɔnɔ ava tadedeagu vavãtɔ me le mɔ aɖe nu ya ɖe? (Mose V, 23:19) Edze ƒã be woagate ŋu atrɔ adzɔgbeɖeɖe sia ƒomevi. Gawu la, le Mose ƒe Sea te la, vifofo alo srɔ̃ŋutsu ate ŋu ate fli ɖe nyɔnu ƒe adzɔgbeɖeɖe me.—Mose IV, 30:4-16.

Bu ame aɖe si ɖe adzɔgbe na Mawu be yeanɔ tre gake va kpɔe be azɔ yetsi vedomesi ƒe nya ŋu kpɔ. Eƒe adzɔgbeɖeɖea kplɔe de nɔnɔme aɖe si me wòse le eɖokui me be edziwɔwɔ le ye hem yina ɖe Mawu ƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu la dzi dada me. Ðe wòle be wòaganɔ agbagba dzem be yeawɔ eƒe adzɔgbeɖeɖea dzia? Ðe manyo wu be wòakpɔ eɖokui ta tso agbegbegblẽnɔnɔ ƒe fɔɖiɖi me to eƒe adzɔgbeɖeɖea dzi mawɔmawɔ me ahatrɔ ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ biabia kple kukuɖeɖe be wòatsɔe ake ye ŋu boŋ oa? Eya ŋutɔ koe ate ŋu atso nya me. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ nyametsotsoa nɛ o.

Ke ne ame aɖe ɖe adzɔgbe aɖe si wòva kpɔ emegbe be yeɖee kple dzitsitsi ya ɖe? Ðe wòle be wòadi be yeawɔ ɖe adzɔgbeɖeɖea dzi kokokoa? Menɔ bɔbɔe na Yefta be wòawɔ ɖe adzɔgbe si wòɖe na Mawu la dzi o, gake ewɔ ɖe edzi tututu. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-40) Kpo si ame ado adzɔgbe aɖe dzi wɔwɔ ate  ŋu ana Mawu ‘nado dɔmedzoe’ ahagblẽ amea ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me. (Nyagblɔla 5:5) Adzɔgbeɖeɖe aɖe dzi wɔwɔ tsɔtsɔ nu tsɛ ate ŋu ana Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu o.

Yesu Kristo gblɔ be: ‘Miaƒe nanye Ẽ, O nanye O; eye nusi ke wu esiawo la, etso vɔ̃ɖitɔ la me.’ (Mateo 5:37) Menye adzɔgbeɖefe xexe na Mawu ko ŋue wòle be Kristotɔ natsi dzi ɖo o ke boŋ ele be wòanɔ wɔwɔm ɖe nya siwo katã wògblɔna—na Mawu kple na amewo—hã dzi. Ke ne ekpɔe be yetsi vedomesi le ɖoɖo aɖe si yewɔ kple ame aɖe, si dze nu nyuii gbã gake wòva kpɔe le ŋkuléle ɖe eŋu nyuie megbe be enye bometsinu ya ɖe? Mele be wòabu nya siawo nu tsɛe o. Gake le numedzodzro veviwo ta la, ame kemɛa ate ŋu atso nya me be yeaɖe agbaa le edzi.—Psalmo 15:4; Lododowo 6:2, 3.

Nuka ŋue wòle be míatsi dzi ɖo vevie le adzɔgbeɖeɖewo kple nu bubuwo katã me? Mina wòanye míaƒe didi be míanɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa Mawu ɣesiaɣi.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30, 31]

Xana mehe ɖe megbe le eƒe adzɔgbeɖefe xexe me o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30, 31]

Yefta xe eƒe adzɔgbeɖefea togbɔ be ewɔwɔ sesẽ hã