Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Minyi Mawu ƒe Alẽha La’

‘Minyi Mawu ƒe Alẽha La’

 “Mite Va Gbɔnye, . . . Eye Nye La, Mana Dzudzɔ Mi”

Minyi Mawu ƒe Alẽha La’

“Miedia ɣeyiɣi tsɔ sea míaƒe nyawo ɣesiaɣi hegblɔa Biblia me nya siwo doa ŋusẽ mí la na mí.”—Pamela.

“Akpe na mi ɖe nusiwo katã miewɔna ɖe mía nu la ta. Ekpɔa ŋusẽ nyui aɖe ɖe mía dzi nyateƒe.”—Robert.

PAMELA kple Robert ƒe dzi ʋã wo woŋlɔ akpedanya siawo ɖo ɖe Kristotɔ hamemegã siwo le woƒe hamewo me la. Mawu subɔla bubu siwo le xexeame godoo hã daa akpe ɖe kpekpeɖeŋu kple beléle si amesiwo ‘nyia Mawu ƒe alẽha la’ naa wo la ta. (Petro I, 5:2) Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe amewo daa akpe ɖe nu geɖe siwo hamemegãwo wɔna ɖe wo nu kple alesi wowɔnɛ la ta.

‘Dɔ Geɖe Siwo Wowɔna’

Wode dɔ gbogbo aɖewo asi na Kristotɔ hamemegãwo. (Luka 12:48) Wodzrana ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo me nuƒowo ŋu hekpɔa gome le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le dutoƒo me. Haxɔsetɔwo sasrãkpɔ hã kpe ɖe woƒe dɔdasiawo ŋu. Hamemegãwo zãa ɣeyiɣi ɖe amesiwo hiã na beléle tɔxɛ—ame tsitsiwo kple ame bubuwo—ŋu tsɔ kpe ɖe woa ŋutɔ ƒe ƒomewo ƒe gbɔgbɔ me kple ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. (Hiob 29:12-15; Timoteo I, 3:4, 5; 5:8) Hamemegã aɖewo kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu. Bubuwo nɔa Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo me alo nyea Dɔnɔsrãkpɔhawo me tɔwo. Eye wo dometɔ geɖe wɔa lɔlɔ̃nu faa dɔwo le takpekpe suewo kple gãwo me. Ẽ, ‘dɔ geɖe le’ hamemegãwo dzi ‘wowɔna le Aƒetɔ la ƒe dɔa me.’ (Korintotɔwo I, 15:58) Mewɔ nuku o be amesiwo wode hamemegã veviedonula siawo ƒe dzikpɔkpɔ te la dea bubu wo ŋu vevie!—Tesalonikatɔwo I, 5:12, 13.

Hamemegã siwo srãa hati Kristotɔwo kpɔna edziedzi le aƒeme alo teƒe bubuwo be yewoado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me la nyea dzideƒotsoƒe na amewo. Thomas, amesi fofo menɔ egbɔ le aƒeme o, gblɔ be: “Ne menye hamemegãawo ƒe kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname si me lɔlɔ̃ le yee o la, nyemebu be manɔ Yehowa subɔm abe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla egbea o.” Sɔhɛ geɖe siwo wonyi le dzilaɖekɛƒomewo me lɔ̃ ɖe edzi be ŋku si hamemegãwo lé ɖe yewo ŋue kpe ɖe yewo ŋu be yewotu ƒomedodo ɖo kple Mawu.

Hamea me tɔ tsitsiwo hã dea asixɔxɔ alẽwo sasrãkpɔdɔa ŋu ŋutɔ. Esi hamemegã eve yi ɖasrã srɔ̃tɔ dutanyanyuigblɔla siwo le woƒe ƒe 80-awo domedome kpɔ megbe la, woŋlɔ bena: “Míedi be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe miaƒe sasrãkpɔ si dzɔ dzi na mí ŋutɔ ŋu afia. Le miaƒe dzodzo megbe la, míegaxlẽ ŋɔŋlɔ siwo me miedzro kpli mí la ake.  Míaŋlɔ miaƒe dzideƒonamenyawo be akpɔ gbeɖe o.” Ahosi aɖe si xɔ ƒe 70 ŋlɔ ɖo ɖe hamemegãwo be: “Medoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye, eye wòdɔ mi nɔviŋutsu eve ɖo ɖe nye aƒeme. Miaƒe sasrãkpɔa nye yayra tso Yehowa gbɔ!” Ðe nèkpɔ viɖe tso miaƒe hamea me hamemegãwo ƒe sasrãkpɔ aɖe me le ŋkeke siawo mea? Enye nyateƒe be mí katã míekpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo wodzena le alẽha si wode wo si la kpɔkplɔ me la ŋu!

Alẽkplɔla Siwo Srɔ̃a Mawu Kple Kristo

Yehowa nye Alẽkplɔla si si lɔlɔ̃ le. (Psalmo 23:1-4; Yeremya 31:10; Petro I, 2:25) Yesu Kristo hã nye gbɔgbɔ me alẽkplɔla tɔxɛ aɖe. Le nyateƒe me la, woyɔe be “alẽkplɔla nyui la,” ‘alẽkplɔla gã la,’ kple “alẽwo ƒe kplɔla gã la.” (Yohanes 10:12; Hebritɔwo 13:20; Petro I, 5:4) Aleke Yesu wɔ nu ɖe amesiwo di be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawo ŋui? Ekpe wo kple dzidzɔ be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi.”—Mateo 11:28.

Hamemegã siwo li egbea hã dzea agbagba be yewoanye dzidzemetsoƒe kple ametakpɔƒe na alẽhaa. Amesiawo nɔa “abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.” (Yesaya 32:2) Ametakpɔla dɔmenyotɔ siawo naa dzidzeme alẽawo, alẽawo dea bubu wo ŋu, eye Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Filipitɔwo 2:29; Timoteo I, 5:17.

Kpekpeɖeŋu Xɔasi si Wo Srɔ̃wo Nana

Mawu ƒe amewo daa akpe ɖe Kristotɔ hamemegãwo kple kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le siwo ŋutsu siawo xɔna tsoa wo srɔ̃nyɔnuwo gbɔ la ta. Be nyɔnu nana kpekpeɖeŋu biana be woatsɔ nuwo asa vɔe zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, wonɔa aƒeme esime wo srɔ̃wo le hamea ƒe nyawo gbɔ kpɔm alo le alẽawo srãm kpɔ. Ɣeaɖewoɣi la, woɖea asi le ɖoɖo aɖewo siwo wowɔ nyuie ŋu le esi kuxi kpata aɖe do mo ɖa le hamea me ta. Michelle gblɔ be: “Togbɔ be ele alea hã la, ne mekpɔ alesi srɔ̃nye ɖoa mo vevi ɖe dzadzraɖo ɖe kpekpeawo alo alẽawo sasrãkpɔ ŋu la, meɖoa ŋku edzi be Yehowa ƒe dɔ wɔmee wòle, eye medzea agbagba be mado alɔe alesi mate ŋui.”

Cheryl, si hã srɔ̃ nye hamemegã, gblɔ be: “Menyae be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me la hiã hamemegã siwo woagblɔ woƒe nyawo na, eye medi be woase le wo ɖokui me be woate ŋu ava srɔ̃nye gbɔ ɣesiaɣi si wohiãe.” Nyɔnu kpekpeɖeŋunalawo, abe Michelle kple Cheryl ene, lɔ̃na faa tsɔa nuwo saa vɔe ale be wo srɔ̃wo nate ŋu akpɔ Mawu ƒe alẽawo dzi. Míekpɔa ŋudzedze ɖe hamemegãwo srɔ̃wo ŋu le woƒe kpekpeɖeŋunana ƒe gbɔgbɔa ta.

Ke hã, mele be hamemegã si dzi agbanɔamedziwo sɔ gbɔ ɖo naŋe aɖaba ƒu srɔ̃a kple viawo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiã kple nuhiahiã bubuwo dzi o. Ele be hamemegã si nye srɔ̃tɔ nanye “mokaka manɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka srɔ̃, amesi si vi xɔsetɔ, siwo nu wometso be, wowɔa nu vlo alo womeɖoa to o la le.” (Tito 1:6) Ele be wòakpɔ eƒe ƒomea dzi le mawuvɔvɔ̃ si Ŋɔŋlɔawo bia tso dzikpɔla Kristotɔwo si la nu.—Timoteo I, 3:1-7.

Srɔ̃nyɔnu kpekpeɖeŋunala nye amesi mele be hamemegã si dzi agbanɔamedziwo sɔ gbɔ ɖo naƒo asii o! Nenemae hamemegã nuŋubulawo sena le wo ɖokui me. Ele abe alesi tututu Biblia gblɔe ene be: “Amesi si [srɔ̃nyɔnu nyui] su la, eƒe asi tu nu nyui.” (Lododowo 18:22) Hamemegã siawo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzime la fiaa wo srɔ̃wo le nuƒo kple nuwɔna me. Tsɔ kpe ɖe Kristotɔ srɔ̃tɔ siawo ƒe gbedodoɖa vevie kple nusɔsrɔ̃ ɖekae le dzidzɔ me ŋu la, woɖoa ɣeyiɣi ɖi na nuwo wɔwɔ ɖekae abe azɔlizɔzɔ le ƒuta, tsatsa le avewo me, alo tsaɖiɖi le abɔ aɖe me ene. Ẽ, hamemegãwo kpɔa dzidzɔ le beléle na wo srɔ̃wo lɔlɔ̃tɔe me.—Petro I, 3:7.

Hamemegã siwo kplɔa Mawu ƒe alẽha la ɖokuitɔmadimaditɔe la nye gbɔgbɔ me dzidzeme tsoƒe na Yehowa ƒe amewo. Wonye ‘nunana siwo nye amewo’ kple yayra na hamea nyateƒe!—Efesotɔwo 4:8, 11-13.