Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Migadzudzɔ Takpekpe Ðekae O

Migadzudzɔ Takpekpe Ðekae O

 Migadzudzɔ Takpekpe Ðekae O

Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:25) Eme kɔ ƒã be ele be tadeagula vavãwo nakpe ta ɖekae le tadeaguƒe aɖe ‘alé ŋku ɖe wo nɔewo ŋu ahade dzi ƒo na wo nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo me.’—Hebritɔwo 10:24.

ESI apostolo Paulo ŋlɔ nya siwo le etame le Mía Ŋɔli ƒe ƒe alafa gbãtɔ me la, gbedoxɔ gã aɖe si nɔ Yerusalem la nye tadeaguƒe na Yudatɔwo. Ƒuƒoƒewo hã nɔ anyi. Yesu fia nu “le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo.”—Yohanes 18:20.

Takpeƒe ka ƒomevie nɔ susu me na Paulo esime wòɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woakpe ta ade dzi ƒo na wo nɔewo? Ðe Kristodukɔa ƒe gbedoxɔwo sɔ kple gbedoxɔ si nɔ Yerusalem le mɔ aɖe nua? Ɣekaɣie amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la te gbedoxɔ gã nyadriwo zazã?

‘Xɔ na Mawu ƒe Ŋkɔ’

Afisi woade ta agu na Mawu le ŋuti mɔfiame gbãtɔwo dze le Biblia-gbalẽ si nye Mose II me. Yehowa Mawu gblɔ na eƒe dukɔ tiatia—Israel-viawo—be woatu “avɔgbadɔ,” alo “takpegbadɔ.” Woada nubablaɖakaa kple nuzazã kɔkɔe hamehamewo ɖe afima. ‘Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ avɔgbadɔa  taŋ’ esime wowu enu le ƒe 1512 D.M.Ŋ. me. Avɔgbadɔ kpokploe ma zu mɔnu si Mawu ɖo be woato edzi ate ɖe ye ŋu ƒe akpa vevi aɖe hena ƒe alafa ene kple edzivɔwo. (Mose II, ta 25-27; 40:33-38) Biblia yɔ avɔgbadɔ sia hã be “Yehowa ƒe gbedoxɔ” kple ‘Yehowa ƒe aƒe.’—Samuel I, 1:9, 24.

Emegbe, esi Dawid nye fia le Yerusalem la, edi vevie be yeatu aƒe si anɔ anyi ɖaa atsɔ akɔ Yehowa ŋui. Gake esi Dawid nye aʋawɔla ta la, Yehowa gblɔ nɛ bena: “Matu xɔ na nye ŋkɔ o.” Ðe eteƒe la, Etia Dawid ƒe vi Salomo be wòatu gbedoxɔa. (Kronika I, 22:6-10) Salomo kɔ gbedoxɔa ŋu le ƒe 1026 D.M.Ŋ. me, le xɔtutudɔ si xɔ ƒe adre kple afã megbe. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe xɔ sia ŋu, hegblɔ be: “Mekɔ xɔ sia, si nètu, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo afima tegbee la ŋu, eye nye ŋku kple nye dzi anɔ afima ŋkekeawo katã.” (Fiawo I, 9:3) Ne Israel-viawo yi edzi wɔ nuteƒe la, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe aƒe ma ŋu. Gake ne wotrɔ ɖa tso nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu la, Yehowa aɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖa le teƒe ma, eye ‘xɔa azu glikpo.’—Fiawo I, 9:4-9; Kronika II, 7:16, 19, 20.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Israel-viawo trɔ ɖa tso tadeagu vavãa ŋu vavã. (Fiawo II, 21:1-5) ‘Eyata Yehowa kplɔ Kaldeatɔwo ƒe fia va ƒu wo, amesi tɔ dzo Mawu ƒe aƒe la, eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi, wotɔ dzo woƒe fiasãwo katã, eye wogblẽ woƒe nu xɔasiwo katã. Ekplɔ amesiwo metsi yi nu o la, yi Babel, eye wozu eya kple viawo ƒe dɔlawo.’ Le Biblia ƒe nya nu la, esia dzɔ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me.—Kronika II, 36:15-21; Yeremya 52:12-14.

Abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖii ene la, Mawu kplɔ Persia-fia Kores wòva ɖe Yudatɔwo tso Babilon ƒe ŋusẽ te. (Yesaya 45:1) Le aboyomenɔnɔ ƒe 70 megbe la, wotrɔ yi Yerusalem le ƒe 537 D.M.Ŋ. me kple susu be woagbugbɔ gbedoxɔa atu. (Ezra 1:1-6; 2:1, 2; Yeremya 29:10) Le megbelele geɖe hehe le xɔa tutu ŋu megbe la, wova wu gbedoxɔa tutu nu mlɔeba le ƒe 515 D.M.Ŋ. me, eye wogagbugbɔ Mawu subɔsubɔ dzadzɛa ɖo anyi. Togbɔ be menya kpɔ de Salomo ƒe gbedoxɔa nu o hã la, xɔa nɔ anyi xɔ ƒe 600 kloe. Gake womegava nɔ gbedoxɔ sia hã dzram ɖo o elabena Israel-viawo ɖe asi le Yehowa subɔsubɔ ŋu. Esime Yesu Kristo va anyigba dzi la, Fia Herodes nɔ gbedoxɔa dzram ɖo vivivi. Nukae gbɔna dzɔdzɔge ɖe gbedoxɔ sia dzi?

‘Womagblẽ Kpe Aɖeke Ðe Kpe Dzi O’

Yesu gblɔ le gbedoxɔ si le Yerusalem ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe aɖeke dzi le afii, si womatu asii aƒu anyi o.” (Mateo 24:1, 2) Le nya mawo ƒe me vava nu la, Roma-srafo siwo va ɖo asi Yudatɔawo ƒe aglãdzedzea dzi la tsrɔ̃ afisi wonya ƒe alafa gbogbo aɖewo enye ma be eyae nye afisi wodea ta agu na Mawu le la le ƒe 70 M.Ŋ. me. * Womegagbugbɔ gbedoxɔ ma tu gbeɖe o. Le ƒe alafa adrelia me la, wotu Moslemtɔwo ƒe vɔsaxɔ si woyɔna be Kpe Gbadza dzi Gbedoxɔ Tame Gobaa la, eye va ɖo egbe la, egakpɔtɔ le afisi Yudatɔwo ƒe tadeaguƒea nɔ tsã la.

Ekema ɖoɖo kae ava nɔ Yesu yomedzelawo ƒe tadedeagu ŋu? Ðe Kristotɔ gbãtɔ siwo nye Yuda-vidzidziwo la ayi edzi anɔ ta dem agu na  Mawu le gbedoxɔ si woava tsrɔ̃ kpuie la mea? Afikae Kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o la ade ta agu na Mawu le? Ðe Kristodukɔa ƒe sɔlemexɔwo ava zu esiwo axɔ ɖe gbedoxɔa teƒea? Dze si Yesu ɖo kple Samaria-nyɔnu aɖe na nyaa me kɔ na mí.

Ƒe alafa geɖe enye ma la, Samariatɔwo dea ta agu na Mawu le gbedoxɔ gã aɖe me le Gerizim-to dzi le Samaria. Samaria-nyɔnua gblɔ na Yesu bena: “Mía fofowo doa gbe ɖa le to sia dzi, eye miawo miegblɔ bena, teƒe le Yerusalem, afisi wòle be, woado gbe ɖa le.” Yesu ɖo eŋu gblɔ bena: “Nyɔnu, xɔm se bena, gaƒoƒo gbɔna, esi menye to sia dzi alo Yerusalem miado gbe ɖa na Fofo la le o.” Gbedoxɔ si wotu kple asi magahiã le tadedeagu na Yehowa me o, elabena Yesu ɖe eme bena: “Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:20, 21, 24) Apostolo Paulo gblɔ na Atenetɔwo emegbe be: “Mawu, si wɔ xexeame kple nusiwo katã le eme la, eya, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o.”—Dɔwɔwɔwo 17:24.

Edze ƒã be Kristodukɔa ƒe sɔlemexɔwo medo ƒome aɖeke kple gbedoxɔ ƒe ɖoɖo si nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe Ɣeyiɣia o. Eye susu aɖeke meli si tae wòle be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo natu teƒe siawo o. Gake le apostoloawo ƒe ku megbe la, megbedede tso nufiafia vavãwo gbɔ—si nye xɔsegbegbe—si ŋu nya wogblɔ ɖi la va eme. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Ƒe aɖewo do ŋgɔ na Roma Fiagã Konstantino si wobe eva zu Kristotɔ le ƒe 313 M.Ŋ. me la, amesiwo be Kristotɔwoe yewonye la te tɔtrɔ tso nusi Yesu fia la ŋu.

Konstantino wɔ akpa aɖe le “Kristotɔnyenye” tsakatsaka kple Roma trɔ̃subɔsubɔ me. The Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Konstantino ŋutɔ na wotu Kristotɔwo ƒe gbedoxɔ gã etɔ̃ ɖe Roma: Petro Kɔkɔe tɔ, S. Paolo Fuori le Mura, kple S. Giovanni tɔ le Laterano. Eyae . . . to xɔtata si ƒe nɔnɔme le abe atitsoga ene si va zu esi nu subɔsubɔhawo tua xɔ ɖo le ɣetoɖoƒe Europa le Titinaɣeyiɣiawo katã me la vɛ.” Wogakpɔtɔ bua Ame Kɔkɔe Peter ƒe Gbedoxɔ si wogbugbɔ tu le Rome la be enye Roma Katoliko Haa ƒe tadeaguƒe vevi aɖe.

Blemaŋutinyaŋlɔla Will Durant gblɔ be: “Sɔlemehaa va lé subɔsubɔ ƒe kɔnu aɖewo kple nuwɔna aɖewo siwo bɔ le [trɔ̃subɔsubɔdu] si nye Roma me do ŋgɔ na Kristotɔawo la me ɖe asi sesĩe. Esia dometɔ aɖee nye “xɔtuɖaŋu si nu wotu gbedoxɔa ɖo.” Tso ƒe alafa 10 lia va ɖo 15 lia me la, sɔlemexɔ kple bisiɔp ƒe sɔlemexɔwo tutu nɔ dzidzim ɖe edzi ŋutɔ, eye xɔtuɖaŋu siwo nu woatu wo ɖoe nyea nu vevitɔ si ŋu woalé ŋku ɖo. Ɣemaɣie Kristodukɔa ƒe gbedoxɔ siwo wobuna egbea be wonye xɔtuɖaŋuwo ƒe ŋkuɖodzinuwo la dometɔ geɖe va dzɔ.

Ðe amewo kpɔa gbɔgbɔ me dzidzeme kple dzideƒo tso tadedeagu le gbedoxɔ me me ɣesiaɣia? Francisco si tso Brazil gblɔ be: “Le gonyeme la, sɔlemexɔa me yiyi va zu nusi tia kɔ nam hetea ɖeɖi ŋunye le subɔsubɔ me. Misa yiyi nye kɔnu gbugbɔgawɔ aɖe si ŋu viɖe aɖeke mele o si mekpɔ nye nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo gbɔ o. Gbɔdzɔe wònye nam esime nyemegayina  o.” Ke hã, wode se na xɔsetɔ vavãwo be woakpe ta ɖekae. Takpekpe ƒe ɖoɖo ka dzie wòle be woazɔ ɖo?

“Hame, si Le Woƒe Aƒe Me”

Kpɔɖeŋu si nu Kristotɔwo zɔna ɖo hekpea ta ɖekae la tso ŋkuléle ɖe alesi ƒe alafa gbãtɔ me xɔsetɔwo kpea tae me. Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be wokpea ta le amewo ƒe aƒe me zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo me la, nam ƒã; . . . eye miɖuɖɔ hame, si le woƒe aƒe me la, nam ƒã.” (Romatɔwo 16:3, 5; Kolosetɔwo 4:15; Filemon 2) Woɖe Helagbe me nya si wozã na “hame” (ek·kle·siʹa) gɔme be “church” (sɔleme) le Eŋlisigbe Biblia aɖewo, abe King James Version ene, me. Gake nya sia ku ɖe amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si kpe ta ɖekae le tameɖoɖo ɖeka ta ŋu, ke menye xɔ o. (Dɔwɔwɔwo 8:1; 13:1) Kristotɔ vavãwo ƒe tadedeagu mehiã sɔlemexɔ kpeɖiwo o.

Aleke wowɔ kpekpewoe le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe hamewo me? Nusrɔ̃la Yakobo yɔ Kristotɔwo ƒe kpekpe le Helagbe me be sy·na·go·geʹ. (Yakobo 2:2) Helagbe me nya sia fia “amewo nuƒoƒoƒu ɖe teƒe ɖeka” eye wozãnɛ aduadu kple ek·kle·siʹa. Gake le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova sea nya “ƒuƒoƒe” gɔme be teƒe alo xɔ si me wowɔa kpekpewo le. Yudatɔ gbãtɔ siwo va zu Kristotɔwo la nya nu tso nusi yia edzi le ƒuƒoƒe la ŋu. *

Togbɔ be Yudatɔawo kpea ta le gbedoxɔ si le Yerusalem me hena woƒe ƒe sia ƒe zãwo hã la, ƒuƒoƒeawoe nye teƒe siwo wosrɔ̃a nu le Yehowa ŋu hesrɔ̃a Sea le le nutoa me. Edze abe nusiwo wowɔna le ƒuƒoƒeawo la lɔ gbedodoɖa kple Ŋɔŋlɔawo xexlẽ, kpakple Ŋɔŋlɔawo me dzodzro tsitotsito kple nuxlɔ̃amenyawo nana ɖe eme ene. Esi Paulo kple amesiwo nɔ eŋu yi ɖe ƒuƒoƒe aɖe si nɔ Antioxia la, “ƒuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe.” (Dɔwɔwɔwo 13:15) Esime Yudatɔ Kristotɔ gbãtɔwo kpe ta le amewo ƒe aƒewo me la, ɖikeke mele eme o be wowɔ ɖe kpɔɖeŋu ma ƒomevi dzi, si naa Ŋɔŋlɔawo  me nufiamewo kple gbɔgbɔmetutuɖowo nɔa woƒe kpekpewo me.

Kpekpewo Hena Tutuɖo

Abe alesi wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo gome ene la, Yehowa Ðasefowo ƒoa ƒu egbea le tadeaguƒe kpokploewo be woaxɔ Biblia me nufiamewo ahase vivi na hadede tuameɖowo. Wokpe ta le amewo ƒe aƒewo me ƒe geɖe eye wogakpɔtɔ kpea ta le aƒewo me le teƒe aɖewo. Gake fifia la, hameawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi gbɔ 90,000 ŋu, eye woyɔa teƒe siwo wokpea ta ɖo koŋ be Fiaɖuƒe Akpatawo. Xɔ siawo mele kpeɖii alo ɖi sɔlemexɔwo o. Wonye xɔ siwo sɔ hele kpokploe siwo me hame si me tɔwo anye 100 va ɖo 200 ate ŋu akpe ta ɖo na kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpewo wɔwɔ ale be woate ŋu aɖo to ahasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe Nyaa me.

Yehowa Ðasefowo ƒe hame akpa gãtɔwo kpea ta zi etɔ̃ le kwasiɖaa me. Kpekpea ɖeka nyea dutoƒonuƒo si kuna ɖe nyati yeye lédzinamewo ŋu. Eyome wotoa Gbetakpɔxɔ magazine la dzi srɔ̃a nu si wotu ɖe Biblia me nyati alo nyagblɔɖi aɖe dzi. Kpekpe bubu enye suku aɖe si ŋu wotrɔ asi le be wòana hehe le Biblia me gbedasia gbɔgblɔ me. Eyome wowɔa kpekpe aɖe si me wonaa Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le. Zi ɖeka le kwasiɖa me la, Ðasefowo kpea ta hã le ƒuƒoƒo suewo me le amewo ƒe aƒe me hena Biblia sɔsrɔ̃. Amesiame kpɔ mɔ ade kpekpe siawo katã. Womexɔa ga aɖeke le amewo si o.

Francisco, si ƒe nya míegblɔ va yi la, kpɔe be viɖe le kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me ŋu ŋutɔ. Egblɔ be: “Takpeƒe gbãtɔ si mede la nye xɔ nyui aɖe si le dua titina, eye metsɔ dzidzɔ dzo le akpataa mee. Vavalawo wɔ nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, eye mete ŋu de dzesii be lɔlɔ̃ le wo dome. Metsi dzi be magayi ake. Le nyateƒe me la, kpekpe aɖeke meto ŋunye tso ɣemaɣi o. Dzidzɔ nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpe siawo me, eye wokpɔ nye gbɔgbɔmenuhiahiã gbɔ. Ne dzi ɖe le ƒonye le susu aɖe ta gɔ̃ hã la, meyia Fiaɖuƒe Akpataa me kple kakaɖedzi be matsɔ dzideƒo agbɔ va aƒemee.”

Biblia me nusɔsrɔ̃, hadede tuameɖowo, kple mɔnukpɔkpɔ si wònyena be woakafu Mawu hã le lalawòm le Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Míetsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàyi kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me. Dzi adzɔ wò be nèyi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Romatɔawo gbã gbedoxɔa keŋkeŋ. Konyifaglikpɔ la, si gbɔ Yudatɔ geɖewo tsoa didiƒewo va doa gbe ɖa le, menye gbedoxɔ ma ƒe akpa aɖeke o. Gbedoxɔa ƒe xɔxɔnugli la ƒe akpa aɖe koe wònye.

^ mm. 20 Anye ƒe 70 ƒe aboyomenɔnɔ le Babilon esime gbedoxɔ aɖeke menɔ anyi o alo esime wogbɔ tso aboyo me teti esime wonɔ gbedoxɔa tum lae woɖo ƒuƒoƒewo. Kaka ƒe alafa gbãtɔ naɖo la, ƒuƒoƒe nɔ Palestina-du ɖesiaɖe me eye esi wu ɖeka nɔ dugãwo me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4, 5]

Avɔgbadɔa kple gbedoxɔ siwo wotu emegbe la nye teƒe nyui siwo wode ta agu na Yehowa le

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Petro Kɔkɔe ƒe Gbedoxɔgã si le Rome

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Kristotɔ gbãtɔwo kpe ta ɖekae le amewo ƒeme

 [Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Yehowa Ðasefowo wɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le amewo ƒeme kple le Fiaɖuƒe Akpatawo me