Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ðe wòasɔ be nyateƒe Kristotɔ nayi kuteƒe alo srɔ̃kpeƒe le sɔlemexɔ mea?
Gomekpɔkpɔ le alakpasubɔsubɔ nuwɔna ɖesiaɖe ƒomevi me medzea Yehowa ŋu o eye ele be woatsrii. (Korintotɔwo II, 6:14-17; Nyaɖeɖefia 18:4) Kunuwɔwɔ le sɔlemexɔ me nye subɔsubɔ nuwɔna si ate ŋu alɔ mawunyagbɔgblɔ si doa nukpɔsusu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o, abe luʋɔ makumaku kple ame nyuiwo katã ƒe dziƒo yiyi ene ɖe ŋgɔ la, ɖe eme. Ate ŋu alɔ nuwɔna siwo nye atitsoga ƒe dzesi wɔwɔ kpakple ɖekawɔwɔ kple nunɔla alo osɔfoa le gbedodoɖa me hã ɖe eme. Gbedodoɖa kple subɔsubɔkɔnu bubu siwo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia o hã ate ŋu anye srɔ̃kpekpe si woawɔ le sɔlemexɔ me ƒe akpa aɖe. Ne Kristotɔ aɖe le ƒuƒoƒo aɖe si me tɔ ɖesiaɖe le gome kpɔm le alakpasubɔsubɔ ƒe nuwɔnawo me la, asesẽ nɛ be wòaɖu ŋusẽ si ɖekawɔwɔ kpli wo kpɔna ɖe ame dzi la dzi. Aleke susu manɔ eme o enye si be woaɖe mɔ nuwɔna mawo nakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi!
Ke ne Kristotɔ aɖe see le eɖokui me be ahiã kokoko be yeayi kuteƒe alo srɔ̃kpeƒe le sɔlemexɔ aɖe me ɖe? Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ ate ŋu abia tso srɔ̃nyɔnu Kristotɔ si be wòanɔ wɔna sia teƒe kpli ye. Ðe mate ŋu ayi kplii abe nuteƒekpɔla ko ene oa? Le bubudede srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔa ƒe didiwo ŋu ta la, srɔ̃nyɔnua ate ŋu atso nya me be yeayi kplii ahaɖoe kplikpaa be yemakpɔ gome le subɔsubɔkɔnu aɖeke me o. Le go bubu me la, ate ŋu atso nya me be yemayi o kple susu be nɔnɔmeawo ƒe nyaƒoɖeamenu le seselelãme gome nu ate ŋu ava sẽ na ye akpa si awɔe be wòayi dada ge le mawumegɔmeɖosewo dzi gɔ̃ hã. Eya ŋutɔ ƒe nyametsotso wòanye. Ðikeke mele eme o be, adi be yeavo le yeƒe dzi me, eye be yeƒe dzitsinya ŋuti nakɔ.—Timoteo I, 1:19.
Aleke kee wòɖale o, ade eyama dzi wu be wòaɖe nu me na srɔ̃ŋutsua be yeƒe dzitsinya maɖe mɔ na ye be yeakpɔ gome le subɔsubɔ nuwɔna aɖeke alo hadzidzi me alo abɔbɔ ta ne wole gbe dom ɖa o. Le numeɖeɖe si wòana nu la, srɔ̃ŋutsua akpɔe be ye srɔ̃nyɔnua kpɔkplɔ ɖe asi ate ŋu ahe nɔnɔme madeamedzi aɖewo vɛ na ye. Ate ŋu atiae be ye ɖeka yeayi le lɔlɔ̃ si le esi na srɔ̃a, bubu si wode srɔ̃nyɔnua ƒe dzixɔsewo ŋu, alo didi be yeaƒo asa na ŋukpeɖuɖu ɖesiaɖe ta. Gake ne srɔ̃ŋutsua te tɔ ɖe edzi be wòayi kpli ye la, ekema srɔ̃nyɔnua ate ŋu atiae be yeayi abe nuteƒekpɔla ko ene.
Nusi mele be míaŋlɔ be o enye ŋusẽ si gomekpɔkpɔ le wɔna aɖe me le subɔsubɔha aɖe ƒe takpexɔ me akpɔ ɖe haxɔsetɔwo dzi. Ðe wòate ŋu agblẽ nu le ame aɖewo ƒe dzitsinya ŋua? Ðe wòawɔe be tame si woɖo kplikpaa be yewoaƒo asa na trɔ̃subɔsubɔ me nagbɔdzɔa? Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: ‘Miaka ɖe nusiwo le vevie wu la dzi, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu.’—Filipitɔwo 1:10.
Ne ƒomea me tɔ kplikplikpli aɖe ŋue wɔnawo ku ɖo la, ɖewohĩ ƒometɔwo ƒe nyaƒoɖeamenu asesẽ wu. Aleke kee nyaa ɖale o, ele be Kristotɔ nada nɔnɔmeawo akpɔ nyuie le go ɖesiaɖe me. Le nɔnɔme aɖewo me la, eya ŋutɔ atso nya me be kuxi aɖeke mado mo ɖa ne yeyi kuteƒe alo srɔ̃kpeƒe le sɔlemexɔ me abe eteƒekpɔla ko ene o. Ke hã nɔnɔmeawo anɔ ale gbegbe be nusi wɔnaa wɔƒe yiyi ate ŋu agblẽ le eya ŋutɔ ƒe dzitsinya alo ame bubuwo tɔ ŋu alolo sasasã wu vi siwo wòaɖe. Aleke kee nɔnɔmeawo ɖale o, ele be Kristotɔa nakpɔ egbɔ be nyametsotso si yeawɔ la magblẽ dzitsinya nyui si le ye si le Mawu kple amegbetɔwo gbɔ la dome o.