Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidziɖedzi Wɔnuku na Kekeɖenu Hiã Kpata

Dzidziɖedzi Wɔnuku na Kekeɖenu Hiã Kpata

 ‘Mite Va Gbɔnye Eye Mana Dzudzɔ Mi’

Dzidziɖedzi Wɔnuku na Kekeɖenu Hiã Kpata

YESU KRISTO gblɔ be: ‘Mite va gbɔnye eye mana dzudzɔ mi.’ (Mateo 11:28) Amekpekpe ʋãdziname ka gbegbee nye si esia nye tso Kristo-hamea ƒe Tatɔ gbɔ! (Efesotɔwo 5:23) Ne míede ŋugble le nya mawo ŋu la, míagbe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ɖe akɔfafatsoƒe vevi aɖe—si nye hadede kple míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me—ŋu o. Míewɔa ɖeka kple hakpala la godoo, amesi dzi ha be: “Aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!”—Psalmo 133:1.

Le nyateƒe me la, ha si míedena le kpekpe mawo mee nye nyuitɔ kekeake, eye gbɔgbɔ me nɔnɔme si nɔa eme la nye esi me dedienɔnɔ kple dzidzɔ le. Ekema susu nyui aɖe tae sɔhɛ Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Menɔa suku ŋkekea katã, eye wòtea ɖeɖi ŋunye. Gake kpekpeawo le nam abe tsiteƒe le dzogbe ene, afisi mekpɔa dzudzɔ le tsɔ nɔa te ɖe suku ŋkeke si kplɔe ɖo la nui.” Sɔhɛ Nigeriatɔ aɖe gblɔ be: “Meva kpɔe be hadede kplikplikpli kple amesiwo lɔ̃a Yehowa kpena ɖe ŋunye be manɔ eŋu kplikplikpli.”

Esi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata nye nyateƒe tadeaguƒe le nutoa me ta la, ekpɔa hiahiã gã aɖe gbɔ. Le teƒe geɖe la, wowɔa kpekpe eve ya teti le Fiaɖuƒe Akpataa me kwasiɖa sia kwasiɖa, eye wodea dzi ƒo na Biblia-nusrɔ̃viwo be woate dede enumake bene woaɖe vi tso hadede tuameɖo me le afima.—Hebritɔwo 10:24, 25.

 Hiahiã Kpata Aɖe

Gake ehiã be míade dzesii be menye Yehowa Ðasefowo katãe kpea ta le Fiaɖuƒe Akpata nyui me o. Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe dzidziɖedzi nukutɔe le xexeame katã he hiahiã kpata aɖe vɛ. Fiaɖuƒe Akpata akpe geɖe gahiã kokoko, vevietɔ le dukɔ madeŋgɔwo me.—Yesaya 54:2; 60:22.

Le kpɔɖeŋu me: Fiaɖuƒe Akpata ewo koe le Democratic Republic of Congo ƒe fiadu si me hame 290 le la me. Ehiã be woatu Fiaɖuƒe Akpata geɖe le dukɔ ma me kpata. Le Angola la, hame akpa gãtɔ kpena le gbagbagbe le esi Fiaɖuƒe Akpata ʋɛ aɖewo koe li ta. Hiahiã siawo tɔgbe le dukɔ bubuwo me.

Eyata tso ƒe 1999 me la, wowɔ ɖoɖo bene woatsɔ ana kpekpeɖeŋu Fiaɖuƒe Akpatawo tutu le dukɔ siwo me nuwo mede ame dzi le o me. Bene woate ŋu akpɔ xɔtudɔwo gbɔ le dukɔ mawo me la, Ðasefo bibiwo tsɔ wo ɖokui na faa be yewoana kpekpeɖeŋu. Ne wotsɔ agbagbadzedze siawo kpe ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le nutoa me ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ kple ɖokuitsɔtsɔna ŋu la, emetsonuawo dea dzi ƒo ŋutɔ. Le ema wɔwɔ me la, Ðasefo siwo le dua me le vi ɖem tso hehe si xɔm wole la me. Esiawo katã le nanam be wole Fiaɖuƒe Akpata ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔm le woƒe dukɔ vovovoawo me.

Le mɔ sia nu la, wokpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata tutudɔa ŋu le mɔ bɔbɔe aɖe si me wozãa nutoa me mɔnuwo kple xɔtunuwo le la nu. Menye Fiaɖuƒe Akpata ƒe hiahiã gã si li la gbɔ kpɔkpɔ koe nye taɖodzinua o, ke be woatrɔ asi le edzadzraɖo ƒe mɔnu aɖe si sɔ ɖe nutoa me ƒe nɔnɔmewo nu hã ŋu.—Korintotɔwo II, 8:14, 15.

Emetsonu Ʋãmewo

Ŋusẽ kae agbagba siwo dzem wole be woatu tadeaguƒewo la le kpɔkpɔm ɖe amewo dzi? Le ƒe 2001 ƒe gɔmedzedze la, nyatakaka aɖe si tso Malawi gblɔ be: “Nusiwo wowɔ le dukɔ sia me la wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Le ɣleti eve siwo gbɔna me la, míawu Fiaɖuƒe Akpata bubuwo tutu nu akpee.” (Nɔnɔmetata 1 kple 2) Le Togo la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo te ŋu tu Fiaɖuƒe Akpata kpokploe geɖe le ɣleti siwo va yi nyitsɔ laa me. (Nɔnɔmetata 3) Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe dɔ nyui wɔwɔ hã le ewɔm be wole Fiaɖuƒe Akpata siwo sɔ tum le Mexico, Brazil, kple dukɔ bubuwo me.

Hamewo kpɔe be ne wotu Fiaɖuƒe Akpata aɖe la, nutoa me tɔwo dea dzesii be Yehowa Ðasefowo anɔ yewo dome ɖaa. Edze abe esesẽ na ame geɖe be woade ha kple Ðasefoawo vaseɖe esime  tadeaguƒe si sɔ la su wo si ene. Nafisi-hamea, si le Malawi, ka nya ta be: “Fifia si Fiaɖuƒe Akpata si sɔ su mía si la, eva le ɖaseɖiɖi nyui aɖe zum. Eyata ele bɔbɔe be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme.”

Krake-hamea, si le Benin, me tɔwo do fewuɖuɖu geɖe ƒe dzi le ƒe siwo va yi me elabena ne wotsɔ Fiaɖuƒe Akpata xoxoa sɔ kple sɔlemexɔ aɖewo la, enye tsigãdzixɔ. (Nɔnɔmetata 4) Fifia, Fiaɖuƒe Akpata yeye nyui aɖe, si fiaa afisi woakpɔ nyateƒe tadedeagu le eye bubu le eŋu la le hamea si. (Nɔnɔmetata 5) Fiaɖuƒegbeƒãɖela 34 ye nɔ hame sia me, eye ame 73 ye vaa kpekpeawo le Kwasiɖagbewo le mama dedie nu, gake ame 651 ye va Fiaɖuƒe Akpataa ŋukɔkɔ ƒe wɔnaa teƒe. Wo dometɔ akpa gãtɔ nye dua me tɔ siwo dzi wòwɔ dɔ ɖo be Ðasefoawo te ŋu tu akpata le  ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la. Esi Zimbabwe ƒe alɔdzedɔwɔƒea trɔ kpɔ alesi nuwo yinae tsã le go sia me la, woŋlɔ bena: “Ne wonya tu Fiaɖuƒe Akpata yeye aɖe la, kpekpea valawo ƒe xexlẽme dzina ɖe edzi zi gbɔ zi eve ɣeawokatãɣi le ɣleti ɖeka me.”—Nɔnɔmetata 6 kple 7.

Ðikeke mele eme o be, Fiaɖuƒe Akpata yeye geɖeawo na be Kristotɔ ɖeadzɔgbewo kple ɖetsɔlemetɔwo siaa kpɔa teƒe si woaxɔ gbɔgbɔ me dzideƒoname le. Esi Ðasefo aɖe si le Ukraine ƒe hamea dze Fiaɖuƒe Akpata yeyea zazã gɔme la, egblɔ be: “Dzi le mía dzɔm ŋutɔ. Mía ŋutɔwo míekpɔ alesi Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋui kple míaƒe ŋkuwo. Fifia kakaɖedzi sẽŋu su mía si be Yehowa ayi edzi anɔ kpekpem ɖe mía ŋu.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 10, 11]

Wokpɔ Ŋudzedze Ðe Kpekpeɖeŋu si Wona Lɔlɔ̃tɔe Ŋu

Enye dzidzɔ manyagblɔ aɖe na Yehowa Ðasefowo be woakpɔ ŋgɔyiyi si wowɔ kabakaba le Fiaɖuƒe Akpata siwo hiã kpata le xexeame godoo la gbɔ kpɔkpɔ me. Yehowa subɔlawo ƒe xexlẽme si yi edzi le dzidzim ɖe edzi le dukɔ vovovowo me bia be woatu Fiaɖuƒe Akpata yeye geɖe le ɣeyiɣi siwo gbɔna me. Nusitae wòle aleae nye be, le ƒe 2001 ƒe subɔsubɔƒea me la, woɖo hame yeye 32 kwasiɖa sia kwasiɖa le mama dedie nu! Hame mawo hiã na teƒe si woakpe ta ahasubɔ le.

Nyabiabia si ate ŋu ado mo ɖae nye be, ‘Afikae míekpɔa ga tsonae tsɔ kpɔa dɔ siawo abe Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu ene, vevietɔ le dukɔ siwo me ganyawo mede nɔviwo dzi le o, la gbɔe?’ Ŋuɖoɖoa lɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kple amegbetɔwo ƒe dɔmenyowɔwɔ siaa ɖe eme.

Le wɔwɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi le nyateƒe me la, Yehowa kɔa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe eƒe subɔlawo dzi “bene woawɔ dɔmenyo, eye woanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me, woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede.” (Timoteo I, 6:18) Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãa Yehowa Ðasefowo be woado alɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le mɔ ɖesiaɖe nu—to woƒe ɣeyiɣi, agbagbadzedze, ŋusẽ, kple nunɔamesi bubuwo zãza ɖe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo ŋu me.

Nunana faa ƒe gbɔgbɔe ʋãa Ðasefowo kple ame bubu siwo na kpekpeɖeŋu le kekeɖenu kple xɔtudɔwo wɔwɔ me le ganyawo gome. Tsɔ kpe ɖe gakpekpeɖeŋu si wonana be woatsɔ akpɔ hame si me wole ƒe ganyawo gbɔ ŋu la, wodzɔa nu be woatsɔ akpɔ xɔtudɔwɔnawo gbɔ le xexeame ƒe akpa bubuwo.

Le hame ɖesiaɖe me la, aɖaka siwo dzi woŋlɔ “Nudzɔdzɔ Hena Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14” ɖo la li. Amesiame ate ŋu adzɔ nu faa ɖe wo me ne elɔ̃. (Fiawo II, 12:10) Míekpɔa ŋudzedze ɖe nudzɔdzɔwo, gãwo kple suewo siaa, ŋu. (Marko 12:42-44) Wozãa ga siawo ɖe mɔ vovovowo nu le alesi hiahiãa le nu, si me Fiaɖuƒe Akpatawo tutu hã le. Womezãa ga siawo tsɔ xea fe na dɔmemegã fetu gã xɔlawo o, elabena wo dometɔ aɖeke mele Yehowa Ðasefowo dome o.

Ðe nusiwo wodzɔna hena xexeame katã ƒe dɔa kpɔa eƒe taɖodzinua gbɔe? Ẽ, wokpɔa egbɔ. Alɔdzedɔwɔƒe si le Liberia—dukɔ si ŋu dukɔmeviʋa gblẽ nu le vevie—ka nya ta be dɔmakpɔwɔe kple ganyawo ƒe kuxi sesẽwo me tomee Ðasefoawo le le dua me. Alekee Yehowa ƒe ame siwo le du sia me la ate ŋu awɔ be tadeaguƒe siwo sɔ nyuie la nasu wo si? Alɔdzedɔwɔƒea gblɔ be: “Woazã nɔvi siwo le dukɔ bubuwo me ƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ atsɔ akpɔ dɔa gbɔe. Lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo si me nunya le ka gbegbee nye esi!”

Dua me nɔviwo hã dzɔa nu, togbɔ be ganyawo mede wo dzi o hã. Afrika-dukɔ, si nye Sierra Leone, ka nya ta be: “Dua me nɔviwo do alɔ dɔa eye wònye dzidzɔ na wo be yewoazã yewoƒe ŋusẽ kple ga ɖesiaɖe si yewoate ŋu adzɔ la ɖe dɔa ŋu atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒe Akpatawo tutui.”

Ƒo ye katã ta la, xɔtutu ƒe agbagbadzedze siawo hea kafukafu vɛ na Yehowa. Nɔvi siwo le Liberia gblɔ dzonɔamemetɔe be: “Tadeaguƒe nyui siwo sɔ tutu le dukɔa me godoo aɖee afia amewo be nyateƒe subɔsubɔ anɔ anyi ɖaa eye wòakɔ Mawu ƒe ŋkɔ gã la ŋu ahaɖo atsyɔ̃ nɛ.”