Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míaƒe Nyonyo Tae Mawu Ƒe Sewo Li Ðo

Míaƒe Nyonyo Tae Mawu Ƒe Sewo Li Ðo

 Míaƒe Nyonyo Tae Mawu Ƒe Sewo Li Ðo

“Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o!”—PSALMO 119:97.

1. Nukae nye ame akpa gãtɔ ƒe nɔnɔme ɖe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu?

AME geɖe melɔ̃a toɖoɖo Mawu ƒe sewo egbea o. Le ame geɖe gome la, viɖe mele wɔwɔ ɖe ŋusẽtɔ makpɔmakpɔ aɖe ƒe sewo dzi ŋu o. Míele ɣeyiɣi aɖe si me amewo ɖoa agbenɔnɔdzidzenuwo na wo ɖokui, si me nu nyui kple nu gbegblẽ ŋuti liƒowo medzena le nyuie o, eye nu geɖe me do viviti la me. (Lododowo 17:15; Yesaya 5:20) Le nukpɔsusu si le ame geɖewo si le dukɔ geɖe siwo me subɔsubɔhawo mekpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi le o me ɖeɖe fia me la, numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be “Amerikatɔ akpa gãtɔ di be yewoawɔ nusi sɔ, nusi nyo kple nusi ŋu viɖe le ŋuti nyametsotso na yewo ɖokui.” “Womedi Mawu si ƒe nya me sẽ o. Womedi se kpaɖii aɖeke o. Womedi tatɔ ŋusẽtɔ, agbenyuinɔnɔ alo nu bubuwo ŋuti se aɖeke o.” Hadomegbenɔnɔ ŋuti numekula aɖe gblɔ be egbea la, “wokpɔa mɔ be amesiame naɖo agbenyuinɔnɔ kple nudzeamewɔwɔ ŋuti dzidzenu na eɖokui.” Eyi edzi be: “Ele be ŋusẽtɔ ɖesiaɖe nawɔ eƒe sewo wòasɔ ɖe ameawo ƒe didiwo nu.”

2. Aleke se ƒe dzedze le Biblia me zi gbãtɔ do ƒome kplikplikpli kple Mawu ƒe yayra kple eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋui?

2 Esi ame gbogbo aɖewo le gbe tɔm asixɔxɔ si le Yehowa ƒe sewo ŋu ta la, ehiã be míana kakaɖedzi si le mía si be míaƒe nyonyo tae Mawu ƒe dzidzenuwo li ɖo me nasẽ ɖe edzi. Anyo be míade ŋugble le nuŋlɔɖi si me se dze le zi gbãtɔ le Biblia me la ŋu. Le Mose I, 26:5 la, míexlẽ Mawu ƒe nya siawo be: ‘Abraham wɔ nye se, nye ɖoɖo kple nye mɔnufiame, siwo megblɔ nɛ la dzi.’ Wogblɔ nya siawo ƒe alafa geɖe hafi Yehowa va tsɔ Mose ƒe Sea na Abraham ƒe dzidzimeviwo. Aleke Mawu ɖo Abraham ƒe toɖoɖo, kple Eƒe sewo dzi wɔwɔ teƒe nɛ? Yehowa Mawu do ŋugbe nɛ be: “Wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.” (Mose I, 22:18) Eyata ƒomedodo kplikplikpli le toɖoɖo Mawu ƒe sewo kple Mawu ƒe yayra xɔxɔ kple eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu dome.

3. (a) Seselelãme kae hakpala aɖe ɖe gblɔ le Yehowa ƒe se ŋu? (b) Biabia kawo ŋue wòle be míabu?

3 Hakpalawo dometɔ ɖeka—si anye Yuda-fiavi si va zu fia emegbe—ɖe seselelãme aɖe si amewo meɖena fiana ɖe se ŋu o la gblɔ. Egblɔ na Mawu be: ‘Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o!’ (Psalmo 119:97) Esia menye seselelãme dzro aɖe ko ɖeɖe gblɔ o. Enye lɔlɔ̃ si le eme na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si dze le eƒe sewo me la ɖeɖe fia. Seselelãme sia tɔgbe nɔ Yesu Kristo, si nye Mawu ƒe Vi deblibo la me. Woɖɔ Yesu le nyagblɔɖimɔ nu be egblɔ be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.” (Psalmo 40:9; Hebritɔwo 10:9) Ke míawo ya ɖe?  Ðe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzɔa dzi na mía? Ðe míeka ɖe edzi be viɖe kple asixɔxɔ le Yehowa ƒe sewo ŋua? Akpa kae toɖoɖo Mawu ƒe sewo wɔna le míaƒe tadedeagu, míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ, míaƒe nyametsotsowo wɔwɔ, kple míaƒe ƒomedodo kple ame bubuwo me? Be míate ŋu alɔ̃ Mawu ƒe se la, anyo be míase nusitae Mawu kpɔ mɔ ade sewo ahakpɔ egbɔ be wowɔ wo dzi la gɔme.

Yehowa—Senala si Dze

4. Nukatae Yehowa nye Senala si dze, si ame aɖeke mesɔ kpli o?

4 Esi Yehowae nye Wɔla la ta, eyae nye Senala si dze si ame aɖeke mesɔ kpli o le xexeame katã. (Nyaɖeɖefia 4:11) Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Yesaya 33:22) Ewɔ dzɔdzɔmesewo na nuwɔwɔ siwo me agbe le kple esiwo me agbe mele o. (Hiob 38:4-38; 39:1-12; Psalmo 104:5-19) Esi amegbetɔ nye Mawu ƒe nuwɔwɔ ta la, ele Yehowa ƒe dzɔdzɔmesewo te. Eye togbɔ be tiatiawɔblɔɖe le amegbetɔ si, wòate ŋu abu nuwo ŋu alesi wòdii hã la, ne ebɔbɔ eɖokui ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me sewo te ko hafi wòakpɔ dzidzɔ.—Romatɔwo 12:1; Korintotɔwo I, 2:14-16.

5. Aleke gɔmeɖose si le Galatiatɔwo 6:7 la nye nyateƒe le Mawu ƒe sewo gomee?

5 Abe alesi míenyae ene la, ame aɖeke mate ŋu ada le Yehowa ƒe dzɔdzɔmesewo dzi o. (Yeremya 33:20, 21) Ne ame aɖe da le dzɔdzɔmese aɖewo abe nuheŋusẽ ƒe se ene dzi la, ekpɔa emetsonu. Nenema ke womate ŋu atrɔ Mawu ƒe agbenyuinɔnɔsewo o eye womate ŋu agbe wo dzi wɔwɔ tomahemahee o. Ele be woawɔ ɖe wo dzi abe alesi tututu wowɔna ɖe eƒe dzɔdzɔmesewo dzi ene, togbɔ be emetsonuwo madze enumake o hã. “Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7; Timoteo I, 5:24.

Nusi Yehowa ƒe Se Lɔ Ðe Eme

6. Aleke gbegbe Mawu ƒe sewo ku ɖe nu geɖe ŋui?

6 Mose ƒe Sea nye alesi Mawu ƒe se de ŋgɔe la ƒe kpɔɖeŋu. (Romatɔwo 7:12) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa Mawu tsɔ “Kristo ƒe se la” ɖɔ li Mose ƒe Sea. * (Galatiatɔwo 6:2; Korintotɔwo I, 9:21) Esi míenye Kristotɔ siwo le “se blibo, si nye ablɔɖese la” te ta la, míenyae be menye míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖewo abe dzixɔse ŋuti nufiafiawo alo azãɖuɖu me kɔnuwo ene, ŋu koe Mawu ƒe mɔfiamewo ku ɖo o. Eƒe dzidzenuwo ku ɖe agbenɔnɔ ƒe akpawo katã ŋu, siwo ƒe ɖewoe nye ƒomenyawo, asitsanyawo, nuwɔwɔ ɖe amesi ƒe vidzinu to vovo na mía tɔ ŋu, nuwɔwɔ ɖe hati Kristotɔwo ŋu, kple gomekpɔkpɔ le tadedeagu vavãtɔ me.—Yakobo 1:25, 27.

7. Wɔ Mawu ƒe se veviwo ƒe kpɔɖeŋu.

7 Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Ẽ, ahasiwɔwɔ kple matrewɔwɔ menye “lɔlɔ̃ ƒe nuwɔnawo” ko o. Ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ menye “agbenɔnɔmɔ bubu” ko o. Esiawo nye Yehowa ƒe se dzi dada. Eye nenema ke enye nuwɔna siwo nye fififi, alakpadada, kple ameŋugbegblẽ hã. (Psalmo 101:5; Kolosetɔwo 3:9; Petro I, 4:15) Yakobo ƒo nu tsi tre ɖe adegbeƒoƒo ŋu, eye Paulo ɖo aɖaŋu na mí be míaƒo asa na yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo siwo medze o. (Efesotɔwo 5:4; Yakobo 4:16) Le Kristotɔwo gome la, agbenɔnɔse siawo katã nye Mawu ƒe se deblibo la ƒe akpa aɖe.—Psalmo 19:8.

8. (a) Aleke Yehowa ƒe sea le? (b) Gɔmesese vevi kae le Hebrigbe me nya si nye “se” ŋu?

8 Se vevi siawo siwo le Yehowa ƒe Nyaa me ɖee fia be eƒe sea menye se kpaɖii aɖewo siwo wode be amewo nawɔ edzi ko o. Eya dzie agbe ɖɔʋu si me viɖe le nɔnɔ nɔ te ɖo, eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi hena eƒe nyonyo. Mawu ƒe se tua ame  ɖo, edzɔ, eye wòfiaa nu ame. (Psalmo 119:72) Woɖe nya, “se” si hakpalaa zã gɔme tso Hebrigbe me nya toh·rahʹ me. Biblia-nyala aɖe gblɔ be: “Woɖe nya sia tso dɔwɔnya aɖe si fia be woafia mɔ, woakplɔ ame, woaɖo ta teƒe aɖe, woaxɔ ŋgɔ la me. Ekema . . . gɔmesese si anɔ eŋue nye agbenɔnɔ ƒe dzidzenu.” Le hakpala la gome la, sea nye nunana tso Mawu gbɔ. Ðe mele be míawo hã míade asixɔxɔ eŋu nenema ke ahaɖe mɔ be wòatrɔ asi le míaƒe agbenɔnɔ ŋu oa?

9, 10. (a) Nukatae míehiã mɔfiame si dzi míate ŋu aka ɖo? (b) Mɔ ka ko dzie míato agbe si me dzidzɔ kple nudzedziname le nasu mía si?

9 Nuwɔwɔwo katã hiã mɔfiafia si dzi woate ŋu aka ɖo. Ele alea le Yesu kple mawudɔla bubu, siwo de ŋgɔ wu amegbetɔwo, hã gome. (Psalmo 8:6; Yohanes 5:30; 6:38; Hebritɔwo 2:7; Nyaɖeɖefia 22:8, 9) Ne Mawu ƒe mɔfiame ate ŋu aɖe vi na nuwɔwɔ deblibo siawo la, aleke gbegbe wòaɖe vi wu na amegbetɔ madeblibowo enye si! Amegbetɔwo ƒe ŋutinya kple mía ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖo kpe nyagblɔɖila Yeremya ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.

10 Ne míedi be agbe si me dzidzɔ kple nudzedziname le nasu mía si la, ele be míakpɔ Mawu sinu hena mɔfiame. Fia Salomo de dzesii be afɔku le agbenɔnɔ ɖe ame ŋutɔ ƒe dzidzenuwo nu Mawu ƒe mɔfiame manɔmee me esime wògblɔ be: “Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔ le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu enye ku ƒe mɔ.”—Lododowo 14:12.

Susu Siwo Ta Míakpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Se Ŋu

11. Nukatae wòle be míadi vevie be míase Mawu ƒe se gɔme?

11 Anyo be míadi vevie be míase Yehowa ƒe se gɔme. Hakpala la ɖe didi sia tɔgbe fia esime wògblɔ be: “Klo nu ɖa le nye ŋku dzi, ne makpɔ nukunuwo le wò se la me!” (Psalmo 119:18) Zi alesi míeyi edzi le Mawu kple eƒe mɔwo nyam la, zi nenemae alesi míekpɔa ŋudzedze ɖe Yesaya ƒe nyawo ŋui ade to ɖe edzi: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo.” (Yesaya 48:17, 18) Enye Yehowa ƒe didi vevie be yeƒe amewo naƒo asa na afɔku ahase vivi le agbe me to yeƒe sewo dzi wɔwɔ me. Mina míadzro susu vevi aɖewo siwo tae wòle be míade asixɔxɔ Mawu ƒe se ŋu me.

12. Aleke alesi Yehowa nya míi wɔe be wònye Senala nyuitɔ kekeake?

12 Mawu ƒe sea tso Amesi nya mí nyuie wu gbɔ. Esi Yehowae nye mía Wɔla ta la, susu  le eme be anya mí amegbetɔwo nyuie wu. (Psalmo 139:1, 2; Dɔwɔwɔwo 17:24-28) Xɔlɔ̃ veviwo, ƒometɔwo, dzilawo gɔ̃ hã mate ŋu anya mí nyuie abe alesi Yehowa nya míi ene o. Le nyateƒe me la, Mawu nya mí nyuie wu alesi míenya mía ɖokuiwòe gɔ̃ hã! Mía Wɔla la nya míaƒe gbɔgbɔ me, seselelãme, susu me, kple ŋutilã me nuhiahiãwo wu amesiame. Ne ele nu wɔm kpli mí la, eɖea nugɔmesese deto fiana ɖe míaƒe wɔwɔme, miaƒe dzodzrowo, kple míaƒe mɔkpɔkpɔwo ŋu. Yehowa sea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo gɔme, ke hã enya be ŋutete le mía ŋu míate ŋu awɔ nu nyui. Hakpala la gblɔ be: “Enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:14) Eyata míate ŋu ase le mía ɖokui me be míele dedie le gbɔgbɔ me ne míedze agbagba be míawɔ ɖe eƒe se dzi ahalɔ̃ faa abɔbɔ mía ɖokui ɖe eƒe mɔfiame te.—Lododowo 3:19-26.

13. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔ ɖe le míaƒe nyonyo me vevie?

13 Mawu ƒe sea tso Amesi lɔ̃ mí gbɔ. Mawu tsɔ ɖe le míaƒe nyonyo mavɔ me vevie. Ðe metsɔ Via malɔ̃nugbɔa na ‘tafee ɖe ame geɖe ƒe xɔxɔ ta’ oa? (Mateo 20:28) Ðe Yehowa medo ŋugbe be ‘yemaɖe mɔ woate mí akpɔ wu alesi míate ŋui’ oa? (Korintotɔwo I, 10:13) Ðe Biblia meka ɖe edzi na mí be ‘eléa be na mí’ oa? (Petro I, 5:7) Ame aɖeke metsi dzi ɖe mɔfiame siwo ŋu viɖe le na amegbetɔ ƒomea nana lɔlɔ̃tɔe ŋu de Yehowa nu o. Enya nusi nyo na mí kpakple nusi ahe dzidzɔkpɔkpɔ kple konyifafa vɛ na mí. Togbɔ be míede blibo o eye míewɔa vodadawo hã la, ne míeti dzɔdzɔenyenye yome la eɖea eƒe lɔlɔ̃ fiaa mí le mɔ siwo ahe agbe kple yayrawo vɛ na mí nu.—Xezekiel 33:11.

14. Mɔ vevi ka nue Mawu ƒe se to vovo tso amegbetɔ ƒe nukpɔsusuwo gbɔ le?

14 Mawu ƒe se matrɔ gbeɖe o. Le ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele me la, Yehowa nye agakpe like si li tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. (Psalmo 90:2) Egblɔ le eɖokui ŋu be: “Nye Yehowa nyemetrɔ o.” (Maleaxi 3:6) Kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe dzidzenu—siwo mele abe amegbetɔ ƒe nukpɔsusu si nɔa tɔtrɔm ɖaa ene o—siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ŋu. (Yakobo 1:17) Le kpɔɖeŋu me, susuŋutinunyalawo tsɔ ƒe geɖe do mɔɖeɖe na ɖeviwo be woawɔ nusi dze wo ŋu ƒe vihehe ɖe ŋgɔ, gake wo dometɔ aɖewo va trɔ susu emegbe helɔ̃ ɖe edzi be yewoƒe aɖaŋuɖoɖoa nye vodada. Xexeame ƒe dzidzenuwo kple mɔfiafiawo le nya sia ŋu le tɔtrɔ dzi ɖaa abe yae le eƒom le yiyim le gbɔgbɔm ene. Gake Yehowa ƒe Nya metrɔna o. Ƒe alafa geɖe enye sia si Biblia na aɖaŋuɖoɖo ku ɖe alesi woahe ɖeviwo le lɔlɔ̃ me ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Fofowo, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le [ Yehowa] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.’ (Efesotɔwo 6:4) Akɔfafa ka gbegbee nye si wònye be míanya be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo ŋu; womatrɔ o!

Amesiwo Le Mawu ƒe Sewo Dzi Wɔm Axɔ Yayrawo

15, 16. (a) Ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi la, vi kae wòaɖe na mí? (b) Aleke Mawu ƒe sewo ate ŋu anye mɔfiame nyui le srɔ̃ɖeɖe mee?

15 Mawu gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: ‘Nye nya, si do tso nye nu me awɔ nusi gbe meɖoe ɖo.’ (Yesaya 55:11) Nenema ke ne míedze agbagba vevie be míawɔ ɖe dzidzenu siwo le eƒe Nyaa me dzi la, míakpɔ dzidzedze, míawɔ nu ɖɔʋuwo, eye dzi adzɔ mí.

16 De ŋugble le alesi Mawu ƒe sewo nye mɔfiame nyui hena srɔ̃ɖeɖe me dzidzedzekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Paulo ŋlɔ bena: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo  la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.” (Hebritɔwo 13:4) Ele be srɔ̃tɔwo nade bubu wo nɔewo ŋu ahalɔ̃ wo nɔewo: “Mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa.” (Efesotɔwo 5:33) Woɖɔ lɔlɔ̃ si ƒomevi hiã la le Korintotɔwo I, 13:4-8 be: “Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lɔlɔ̃ la meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, mewɔa nusi medze o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o; medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi. Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o.” Srɔ̃ɖeɖe si wotu ɖe lɔlɔ̃ sia ƒomevi dzi mado kpo nu o.

17. Vi kawoe Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe ahamuame zazã ŋu ɖena?

17 Kpeɖodzi bubu si fia be viɖe le Yehowa ƒe dzidzenuwo ŋu enye be etsi tre ɖe ahamumu ŋu. Mekpɔa ŋudzedze ɖe ‘aha geɖe nono’ gɔ̃ hã ŋu o. (Timoteo I, 3:3, 8; Romatɔwo 13:13) Ame geɖe siwo ŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe dzidzenuwo dzi le nya sia me kpea fu tso dɔléle siwo ahatsunono hena vɛ alo naa dɔa sesẽna ɖe edzi la me. Esi ame aɖewo ŋe aɖaba ƒu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si ku ɖe dadasɔ ŋu dzi ta la, wova zu aha geɖe nolawo be “wòakpe ɖe yewo ŋu yewoavo le susu me.” Kuxi siwo ahatsunono hena vɛ la sɔ gbɔ, wo dometɔ aɖewoe nye bubu manɔameŋu, ƒomekadodo ƒe gbegblẽ alo ƒome ƒe gbagbã, ga domegbegblẽ, kple dɔ ƒe gege le ame si. (Lododowo 23:19-21, 29-35) Ðe Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe ahamuame zazã ŋu menye ametakpɔkpɔ oa?

18. Ðe viɖe le Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu le ganyawo gomea? Ðe eme.

 18 Viɖe le Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu le ganyawo hã gome. Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woaɖi anukware ahanye veviedonulawo. (Luka 16:10; Efesotɔwo 4:28; Kolosetɔwo 3:23) Esi Kristotɔwo wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi ta la, wodo wo dometɔ geɖe ɖe ŋgɔ le dɔ me alo woƒe dɔwo mege le wo si esime wole asi ɖem le ame bubuwo ŋu o. Azɔ hã ga tsia kotoku me na ame ne wòƒo asa na nuwɔna kple numame siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o abe tsatsadada, atamanono, kple atikevɔ̃ɖizazã ene. Ðikeke mele eme o be àte ŋu aɖo ŋku viɖe siwo le Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu le ganyawo gome ƒe kpɔɖeŋu bubu dzi.

19, 20. Nukatae nunya le eme be míaxɔ Mawu ƒe sewo ahawɔ ɖe wo dzi?

19 Ele bɔbɔe be amegbetɔ madeblibowo natra tso Mawu ƒe sewo kple dzidzenuwo gbɔ. Bu esime Israel-viwo nɔ Sinai-toa gbɔ ŋu kpɔ. Mawu gblɔ na wo be: “Ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome.” Woɖo eŋu be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe.” Gake aleke woƒe nuwɔna va to vovoe enye si! (Mose II, 19:5, 8; Psalmo 106:12-43) To vovo na ema la, mina míaxɔ Mawu ƒe dzidzenuwo ahalé wo me ɖe asi.

20 Nusi me nunya kple dzidzɔ le si wòle be míawɔ enye be míalé Yehowa ƒe se siwo ɖeke mesɔ kpli o siwo wòna be woafia mɔ mí le agbe me la me ɖe asi sesĩe. (Psalmo 19:8-12) Be míate ŋu awɔ esia dzidzedzetɔe la, ehiã be míase asixɔxɔ si le Mawu ƒe gɔmeɖosewo ŋu hã gɔme. Esia ŋue nyati si kplɔ esia ɖo aƒo nu tsoe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Hena “Kristo ƒe se la” ŋuti numedzodzro tsitotsito la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, September 1, 1996, axa 14-24.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be miaƒe nyonyo tae Mawu ƒe sewo li ɖo?

• Susu kawo tae wòle be míade asixɔxɔ Yehowa ƒe se ŋu?

• Mɔ kawo nue viɖe le Mawu ƒe sewo ŋu le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Woyra Abraham geɖe le wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe se dzi ta

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Agbe sia me hloloetsotsowo me dzimaɖitsitsiwo ɖea ame geɖe ƒe susu ɖa le Mawu ƒe se ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Abe alesi akaɖiti si le agakpe dzi li ɖaa ene la, nenemae Mawu ƒe se li ɖaa eye metrɔna o