Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Nàkpɔ Dedienɔnɔ Le?

Afikae Nàkpɔ Dedienɔnɔ Le?

 Afikae Nàkpɔ Dedienɔnɔ Le?

Ðekakpui Josué ʋuʋu asi na eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo le Ɣetoɖoƒe Afrika kɔƒedu sue aɖe me. * Emegbe edze mɔ yi dugã me be yeaɖadi ga. Gake le dugãa me ɖoɖo megbe kpuie la, mɔkpɔkpɔ bu ɖee vevie esime wòkpɔe be ga megbagba ɖi le dugãa me woalɔ o.

AGBAGBADZEDZE be yeatrɔ ɖe dugã me gbenɔnɔ ŋu na dzi ɖe le Josué ƒo vevie. Dugãa me mele abe alesi wòsusui ene kura o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Josué di vevie le dzi me be yeatrɔ ayi yeƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ le kɔƒedu sue ma si me wòdzo le la me. Gake enɔ vɔvɔ̃m be kɔƒea me tɔ aɖewo aɖe alɔme le ye ŋu. Nusi ŋu wòtsi dzi ɖoe nye be: ‘Woaɖu fewu le ŋunye be nuwo medze edzi nam le dugãa me o.’

Nusi ganɔ fu ɖem nɛ vevie wu gɔ̃ hãe nye alesi dzi aɖe ɖe edzilawo ƒoe. Eŋue wole ŋu ɖom ɖo be wòayi anɔ asi dom ɖe yewo gbɔ vivivi. Esime Josué nɔ agbagba dzem be yeaɖu nuteɖeamedzi sia dzi la, eɖadi dɔ tsɛ aɖe nɔ wɔwɔm, ewɔa dɔ gaƒoƒo geɖe gake fetu si wòxɔna megogo esi wòsusu le mɔ aɖeke nu kura o. Dɔa tea ɖeɖi eŋu ale gbegbe. Eye ɣeyiɣi si wòkpɔna ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ, siwo ŋu wòdea asixɔxɔe vevie ŋu la dzi nɔa ɖeɖem kpɔtɔ kwasiɖa sia kwasiɖa. Tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe si wòdzo le edzilawo kple xɔlɔ̃wo gbɔ ɖale la na wòléa blanui hetsia akogo. Ekpɔe be yemekpɔ dedienɔnɔ si dim yele vevie la le dugãa me o.

Togbɔ be ŋkɔwo kple duwo le vovovo hã la, nublanuinya si dzɔ ɖe Josué dzi kee le dzɔdzɔm ɖe amewo dzi gbesiagbe. Menye esi Josué dia eɖokuitɔ tae wòʋu ɖo o—dedienɔnɔ ko dimee wòle. Ebui kokoko be nuwo anyo na ye le dugãa me wu kɔƒedu sue si me yele me. Togbɔ be ame aɖe ate ŋu atrɔ asi le eƒe ganyawo ŋu wòanyo awu hã la, ema mefia dedienɔnɔ vavãtɔ o. Nuwo meva de Josué ya dzi kura o, eye medea ame akpa gãtɔ siwo hã tea esia kpɔna la dzi o. Esia na míebia be, ‘Nukae nye dedienɔnɔ?’

Nukpɔsusu vovovowoe le amewo si ku ɖe dedienɔnɔ ŋu. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be dedienɔnɔ enye “vovo tso afɔku me” alo “vovo tso vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsi me.” Ame akpa gãtɔ dze sii be “vovo tso afɔku me” keŋkeŋ meli egbea o. Togbɔ be nɔnɔme tsodzikaƒonamewo aƒo xlã wo hã la, ne wose le wo ɖokui me be yewole dedie ko la, edzea wo ŋu.

Ke wò ya ɖe? Afikae nètrɔna ɖo hena dedienɔnɔ? Dugã mee woakpɔe le eye menye le kɔƒe me o, abe alesi Josué susui enea? Alo gae nanɛ, eɖanye afikae woake ɖe eŋu le alo alesi woawɔ akpɔe oa? Ðewohĩ ameŋkuta zuzu mee woakpɔe lea? Afika kee nèsusu be yeakpɔ dedienɔnɔ le o, ɣeyiɣi didi kae dedienɔnɔ ma anɔ anyi na mia kple wò ƒomea siaa?

Mina míade ŋugble le mɔ etɔ̃ siwo dzi ame geɖewo dia dedienɔnɔ tonɛ—siwo nye ʋuʋu ayi teƒe bubu; ga; ŋkɔ, alo ɖoƒe—la ŋu. Emegbe míalé ŋku ɖe afisi míakpɔ dedienɔnɔ vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa le ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔa.