Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpe Siwo Ʋãa Ame na Lɔlɔ̃ Kple Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ

Kpekpe Siwo Ʋãa Ame na Lɔlɔ̃ Kple Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ

 “Mite Va Gbɔnye . . . Eye Nye La, Mana Dzudzɔ Mi”

Kpekpe Siwo Ʋãa Ame na Lɔlɔ̃ Kple Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ

TSO Toronto yi Tokyo, tso Moscow yi Montevideo—la, Yehowa Ðasefo miliɔn nanewo kple wo xɔlɔ̃wo lɔna hoo yia woƒe tadeaguƒewo zi gbɔ zi nanewo le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Amesiawo dometɔ aɖewo nye ŋutsu kutrikula siwo si ƒome le, siwo ŋu ɖeɖi tena le dɔwɔwɔ ŋkeke bliboa ta; srɔ̃nyɔnu veviedonula kple vidada siwo ŋu wo vi suewo le; ɖekakpui kple ɖetugbi vavã siwo nɔ sukuxɔ me ŋkeke bliboa; ame tsitsi siwo gbɔdzɔ siwo le afɔ ɖem ɖekaɖeka le lãme ƒe vevesese ta; ahosi kple tsyɔ̃evi dzinɔameƒotɔwo; kple luʋɔ siwo dzi nu te ɖo siwo le akɔfafa dim.

Yehowa ƒe Ðasefo siawo zãa mɔzɔzɔ ƒe mɔnu geɖewo—tso keteke siwo ƒua du sesĩe dzi yi tedziwo dzi, tso keteke siwo zɔa tomemɔ xaxɛwo dzi yi agbatsɔʋuwo dzi. Tɔsisi siwo me lo bɔ ɖo fũ ye wo dometɔ aɖewo tsona, eye bubuwo kpea akɔ kple ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe mɔdodowo dzi fũ ƒe kuxi si nɔa dugãwo me. Nukatae amesiawo katã le agbagba siawo gbegbe dzem ɖo?

Susu vevi si koŋ tae enye be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me nye tadedeagu na Yehowa Mawu ƒe mɔnu vevi aɖe. (Hebritɔwo 13:15) Apostolo Paulo yɔ susu bubu esime wòŋlɔ bena: ‘Mina míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míaʋã mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o, ke boŋ míade dzi ƒo na mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi míekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.’ (Hebritɔwo 10:24, 25) Hakpala Dawid ƒe seselelãme tɔgbee Paulo ɖe fia le afisia, amesi dzi ha be: “Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.”—Psalmo 122:1.

Nukatae wònyea dzidzɔ na Kristotɔwo be yewoanɔ woƒe kpekpewo me? Elabena menye nuteƒekpɔlawo koe kpekpea yilawo nyena o. Ke boŋ kpekpeawo naa mɔnukpɔkpɔ sua wo si wonyaa wo nɔewo. Vevietɔ kpekpe siawo naa mɔnukpɔkpɔ sua wo si be woana nu, ke menye be woaxɔ nu ɖeɖeko o, eye be woaʋã wo nɔewo be woaɖe lɔlɔ̃ afia eye woakpɔ gome le dɔ nyuiwo wɔwɔ me. Esia naa kpekpewo nyea wɔna siwo tua ame ɖo. Gawu la, Kristotɔwo ƒe kpekpewo nye mɔ siwo dzi Yesu tona wɔa eƒe ŋugbedodo  be, “Mite va gbɔnye . . . eye nye la, mana dzudzɔ mi” dzi la dometɔ ɖeka.—Mateo 11:28.

Akɔfafa Kple Ðetsɔlemename Xɔƒe

Susu nyuiwo le Yehowa Ðasefowo si siwo ta wobua woƒe kpekpewo be wofaa akɔ na ame. Susuawo dometɔ ɖekae nye be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la naa nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi le kpekpewo me. (Mateo 24:45) Azɔ hã, kpekpewo wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa-subɔlawo wɔwɔ be woanye Mawu ƒe Nya fiala bibi siwo me dzo le la me. Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu akpɔ xɔlɔ̃ siwo lɔ̃a ame, siwo tsɔa ɖe le eme na ame, kple esiwo léa be na ame le Fiaɖuƒe Akpataa me, amesiwo le klalo helɔ̃ be yewoafa akɔ na ame bubuwo le ɣeyiɣi sesẽwo me.—Korintotɔwo II, 7:5-7.

Phillis, amesi gbɔ srɔ̃a ku le esime viawo xɔ ƒe atɔ̃ kple enyi ko la kpɔ esia teƒe. Esime wònɔ alesi Kristotɔwo ƒe kpekpewo faa dzi na woa kple via sueawo ɖɔm la, egblɔ be: “Fiaɖuƒe Akpataa me yiyi faa akɔ na ame elabena haxɔsetɔwo kplaa asi kɔ na ame, gblɔa Ŋɔŋlɔa me nya aɖe, alo naa asi ame nyuie tsɔ ɖenɛ fiana ɣesiaɣi be yewolɔ̃ wò eye yewotsɔ ɖe le eme na wò. Enye teƒe si medina ɣesiaɣi be manɔ.”—Tesalonikatɔwo I, 5:14.

Le dɔ wɔwɔ na Marie megbe la, eƒe ɖɔkta gblɔ be axɔ kwasiɖa ade ya teti hafi eƒe lãme nasẽ. Le kwasiɖa gbãtɔawo me la, Marie mete ŋu dea kpekpewo o. Ðɔktaa de dzesii be dzi megadzɔnɛ abe tsã ene o. Esime wòse be menɔ kpekpeawo dem o la, ede dzi ƒo nɛ be wòade. Marie gblɔ nɛ be ye srɔ̃ mele haa me kpli ye o eye malɔ̃ be yeayi kpekpeawo o le yeƒe lãmesẽnyawo ta. Eyata ɖɔktaa ŋlɔ atike tɔxɛ aɖe na Marie, eyae nye “mɔɖeɖe” be wòayi Fiaɖuƒe Akpata me be wòakpɔ dzideƒoname kple hadede tuameɖo. Marie ƒo nyaa ta be: “Le kpekpe ɖeka dede megbe la, mese le ɖokuinye me be nye lãme sẽ ɖe edzi. Mete ŋu ɖua nu azɔ, medɔ alɔ̃ nyuie zã bliboa, nyemeganoa vevesesenutsitike edziedzi o, eye megate nukomo ɖoɖo azɔ!”—Lododowo 16:24.

Alesi woɖea lɔlɔ̃ fiaa ame le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me meɣla ɖe ame bubuwo o. Kɔledzivi aɖe si le to vovovo me tɔwo ŋuti nunya srɔ̃ƒe la tiae be yealé ŋku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ahaŋlɔ nu tso wo ŋu le yeƒe sukudɔdasi aɖe me. Eŋlɔ tso nɔnɔme si kpekpea valawo ɖena fiana ŋu be: “Alesi wokpem dzonɔamemetɔe la . . . wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. . . . Xɔlɔ̃wɔwɔ nye nɔnɔme si ɖe dzesi le Yehowa Ðasefowo ŋu ale gbegbe, eye eyae nye nɔnɔme si mebu be ele vevie wu ɖesiaɖe.”—Korintotɔwo I, 14:25.

Le xexe sia si me kuxiwo bɔ ɖo me la, Kristo-hamea nye gbɔgbɔmedzidzeme xɔƒe. Enye afisi ŋutifafa kple lɔlɔ̃ bɔ ɖo. Ne èva kpekpeawo la, wò ŋutɔ àkpɔ hakpala la ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye be: “Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!”—Psalmo 133:1.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]

HIAHIÃ TƆXƐ AÐE GBƆ KPƆKPƆ

Aleke tokunɔwo ate ŋu aɖe vi tso Kristotɔwo ƒe kpekpewo mee? Yehowa Ðasefowo le tokunɔgbe hamewo ɖom le xexeame godoo. Le ƒe 13 siwo va yi me la, woɖo tokunɔgbe hame 27 kple tokunɔgbe ƒuƒoƒo 43 le United States. Le dukɔ 40 bubu ya teti me la, tokunɔgbe hame siwo ade 140 li fifia. Wolé Kristotɔwo ƒe agbalẽwo ɖe video dzi le gbegbɔgblɔ 13 me.

Kristo-hamea na mɔnukpɔkpɔ su tokunɔwo si be woakafu Yehowa. Odile, si nye Katolikotɔ tsã le France, amesi léa blanui vevie zi geɖe eye wòdina be yeawu ye ɖokui la kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nufiame siwo wòxɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la ŋu ale gbegbe. Egblɔ be: “Megbugbɔ ɖo lãmesẽ me eye dzi dzɔam le agbeme. Gake ƒo wo katã ta la, meke ɖe nyateƒea ŋu. Fifia tameɖoɖo le nye agbe ŋu.”