Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Nane Tso Nikodemo Ŋuti

Srɔ̃ Nane Tso Nikodemo Ŋuti

 Srɔ̃ Nane Tso Nikodemo Ŋuti

‘NE AME aɖe le didim be, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti gbawotsyogbe, eye wòadze yonyeme.’ (Luka 9:23) Tɔƒodela ɖokuibɔbɔlawo kpakple nudzɔla aɖe si womebuna o la wɔ ɖe amekpekpe ma dzi enumake. Wogblẽ nusianu ɖi hedze Yesu yome.—Mateo 4:18-22; Luka 5:27, 28.

Ame geɖe gasea Yesu ƒe amekpekpea egbea, eye ame geɖe wɔ ɖe edzi. Gake ame aɖewo siwo kpɔa dzidzɔ le Biblia sɔsrɔ̃ me kple Yehowa Ðasefowo hena ɖe megbe le ‘nugbegbe le wo ɖokui gbɔ be woatsɔ woƒe fuwɔameti’ me. Womedina be yewoaxɔ agbanɔamedzi kple mɔnukpɔkpɔ si Yesu ƒe nusrɔ̃lanyenye hena vɛ o.

Nukatae ame aɖewo hena ɖe megbe le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpe dzi hegbea wo ɖokui tsɔtsɔ na Yehowa Mawu?  Nyateƒee, axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi amesiwo wometsɔ Yudatɔnyenye kple Kristotɔnyenye ƒe Mawu ɖeka ŋuti dzixɔse na hehee o la nate ŋu ava se Wɔla ŋusẽkatãtɔ la ƒe anyinɔnɔ gɔme ya. Gake ne wova se eme kɔte be Mawu nye amesi li vavã hã la, ame aɖewo sina le Yesu ƒe afɔtoƒewo yomedzedze nu. Wovɔ̃na na nusi woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ava bu ɖe wo ŋu ne wova zu Yehowa Ðasefowo. Ame bubu siwo mekpɔa alesi nuwɔwɔ kpata hiã le ɣeyiɣi si me míele la dzea sii o la, ti ŋkɔxɔxɔ kple ŋutilãmenuwo yome. (Mateo 24:36-42; Timoteo I, 6:9, 10) Nuka ke wòɖanye o, amesiwo katã hea woƒe nyametsotso wɔwɔ be yewoava zu Yesu yomedzelawo ɖe megbe la, ate ŋu asrɔ̃ nane tso Nikodemo, Yudatɔ, dziɖula kesinɔtɔ aɖe si nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekeawo me la, ƒe ŋutinya me.

Mɔnukpɔkpɔ Wɔnukuwo Su Esi

Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔwɔ ɣleti ade megbe teti la, Nikodemo va de dzesi Yesu be ‘enye nufiala si tso Mawu gbɔ.’ Esi nukunu siwo Yesu wɔ eteƒe medidi o le Yerusalem le ƒe 30 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa dzi wɔ dɔ ɖe Nikodemo dzi ta la, eyi Yesu gbɔ le zã me ɖagblɔ alesi wòxɔ edzi se la nɛ eye wòsrɔ̃ nu geɖe tso nufiala sia ŋu. Afisiae Yesu gblɔ nyateƒe deto siwo ku ɖe alesi wòhiã be ‘woagbugbɔ ame adzi’ be wòate ŋu ayi Mawu ƒe Fiaɖuƒea me la ŋu nya na Nikodemo le. Nudzɔdzɔ sia mee Yesu gblɔ nya siawo hã le be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

 Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi le Nikodemo lalam! Ate ŋu ava zu Yesu ƒe zɔhɛ kplikplikpli, eye wòakpɔ Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo teƒe tẽ. Esi Nikodemo nye Yudatɔwo ƒe dziɖula kple nufiala le Israel ta la, Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze deŋgɔ aɖe nɔ esi. Alesi wòte ŋu dze si Yesu be enye nufiala si Mawu dɔ la fia be nugɔmesese deto hã nɔ esi. Nikodemo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu, eye wònye amesi bɔbɔa eɖokui le mɔ aɖe si tɔgbe mebɔ o nu. Aleke wòanye nu sesẽ na Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ me nɔla be wòaxɔ atikpala tsɛ ƒe viŋutsu dzi ase be eyae nye amesi Mawu dɔ ɖa enye esi! Nɔnɔme siawo katã hiã vevie be woate ŋu azu Yesu ƒe nusrɔ̃la.

Edze abe dzo si le Nikodemo me ɖe ŋutsu sia si tso Nazaret ŋu la nu metsi o ene. Ƒe eve kple afã megbe le Agbadɔŋkekenyui aɖe ɖuɣi la, Nikodemo de Sanhedrin ƒe takpekpe aɖe. Vaseɖe ɣemaɣi la, Nikodemo gakpɔtɔ “nye wo dometɔ ɖeka.” Nunɔlagãwo kple Farisitɔwo dɔ asrafowo be woaɖalé Yesu. Asrafoawo gbɔ va ka nya ta na wo be: “Ame aɖeke meƒo nu ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o.” Farisitɔwo dze fewuɖuɖu le wo ŋu be: “Alo miawo ɖe wòflu miawo hã mahã? Ðe amegãwo alo farisitɔwo dometɔ aɖe xɔ edzi se mahã? Negbe ameha sia, si mele se la me nyam o.” Nikodemo magate ŋu azi eɖokui edzi azɔ o. Eƒo nu be: “Alo ɖe míaƒe se la drɔ̃a ʋɔnu ame, ne menye ɖe woase ame la ƒe numegbe gbã, eye wonya nusi wòwɔ o mahã?” Enumake Farisitɔ mamlɛawo dze ɖeklemiɖeɖe eyama gɔme be: “Alo wò hã Galileatɔ nènye mahã? Dzro me, eye nakpɔ bena, nyagblɔɖila aɖeke metsi tre tso Galilea kpɔ o.”—Yohanes 7:1, 10, 32, 45-52.

Ɣleti ade aɖe megbe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyui dzi la, Nikodemo kpɔ wole Yesu ƒe ŋutilã kukua ɖem tso fuwɔametia ŋu. Ekpe ɖe Yosef si tso Arimatia, si hã nye Sanhedrin me nɔla bubu ŋu, wodzra Yesu ƒe ŋutilã ɖo hena ɖiɖi. Esia ta Nikodemo va tsɔ “mire kple aloe” si nye atike ʋeʋẽe si xɔ Romatɔwo ƒe pounde 100, si asɔ kple Englandtɔwo  ƒe pounde 72. Esia nye ga gbogbo aɖe zazã. Azɔ hã ebia be dzideƒo nanɔ esi elabena woabui ade “ameblela ma” yomedzelawo dome, si nye alesi ehati Farisitɔwo bua Yesui. Wo ame eveawo dzra Yesu ƒe ŋutilã ɖo kabakaba eye woɖii le ŋkuɖodziyɔdo yeye aɖe si gbɔ medidi o la me. Gake vaseɖe ɣemaɣi gɔ̃ hã la, Nikodemo mekpɔ zu Yesu ƒe nusrɔ̃la o!—Yohanes 19:38-42; Mateo 27:63; Marko 15:43.

Nusita Meɖe Afɔ O

Yohanes megblɔ nusita Nikodemo he ɖe megbe le ‘eƒe fuwɔameti tsɔtsɔ’ adze Yesu yome le eƒe nuŋlɔɖia me o. Gake nanewo li siwo ate ŋu ana míase nusita Farisitɔ sia tsi vedomesi la gɔme.

Gbã la, Yohanes gblɔ be Yudatɔwo ƒe amegã sia “va [Yesu] gbɔ le zã me.” (Yohanes 3:2) Biblia ŋuti nunyala aɖe doe ɖa be: “Menye vɔvɔ̃ tae Nikodemo va le zã me ɖo o, ke boŋ be wòaƒo asa na ameha siwo ado kplamatse eƒe nya siwo wòadi be yeabia Yesu.” Ke hã, Yohanes gblɔ le Nikodemo ŋu be enye “amesi va Yesu gbɔ le zã me zi gbãtɔ” eye le nya siwo ƒo xlã esia me ke wòƒo nu tso Yosef si tso Arimatia hã ŋu le be enye “Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta.” (Yohanes 19:38, 39) Eyata anye be Nikodemo yi Yesu gbɔ le zã me “le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta,” abe alesi ame bubu siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekeawo me hã vɔ̃ na tete ɖe Yesu ŋu ene.—Yohanes 7:13.

Ðe nèhe nyametsotso be yeava zu Yesu ƒe nusrɔ̃la ɖe megbe le nusi wò ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, alo hatiwòwo agblɔ la taa? Lododo aɖe gblɔ be, “Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea ame.” Aleke nàte ŋu aɖu vɔvɔ̃ ma dzi? Lododoa yi edzi be: “Ke amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.” (Lododowo 29:25) Hafi Yehowa dzixɔse ma nate ŋu asu asiwò la, ehiã be wò ŋutɔ nàva kpɔe dze sii be Mawu ate ŋu alé ye ɖe te ne èɖo xaxa me. Do gbe ɖa na Yehowa nàbiae be wòana dzideƒo si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ nyametsotso suesue siwo ku ɖe wò tadedeagu ŋu gɔ̃ hã. Ʋɛʋɛʋɛ la, wò xɔse kple kaka ɖe Yehowa dzi adzi ɖe edzi ale gbegbe be àte ŋu awɔ nyametsotso gã siwo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.

Nikodemo ƒe ɖoƒe kple bubu si nɔ eŋu esi wònye dziɖulawo dometɔ ɖeka hãe anya xe mɔ nɛ be wòawɔ afɔɖeɖe vevi siwo ana wòagbe nu le eɖokui gbɔ. Le ɣemaɣi me la, aganya lé eƒe ɖoƒe si nye Sanhedrin me tɔ la ɖe asi goŋgoŋ. Ðe nèhena ɖe megbe be nàɖe afɔ ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la le esi ɖoƒe vevi aɖe ava ge le asiwò alo le esi wòahiã be nàtsɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo asa vɔe taa? Nusiawo dometɔ aɖeke mate ŋu asɔ kple bubu si nɔa ame ŋu be wòanye Dziƒoʋĩtɔ si ɖo kpo ɖe xexeame katã dzi la subɔla, amesi le klalo be yeawɔ ɖe nusiwo nàbia si awɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la dzi o.—Psalmo 10:17; 83:19; 145:18.

Susu bubu si ta Nikodemo he megbelele la anya ku ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu. Esi wònye Farisitɔ ta la, etɔ bubuawo, “siwo nye galɔ̃lawo” anya kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. (Luka 16:14) Nyateƒe si wònye be ete ŋu ƒle mire kple aloe xɔasi la ɖo kpe eƒe kesinɔtɔnyenye dzi. Egbea la, ame geɖe nɔa hehem ɖe megbe le Kristotɔnyenye ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu elabena wotsia dzi ɖe woƒe ŋutilãmenuwo ŋu. Gake Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o . . ., ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:25-33.

Nu Geɖe To Eŋu

Eɖe dzesi be Nikodemo ŋuti nuŋlɔɖi si dze le Yohanes ƒe Nyanyuia ɖeɖe dzaa me megblɔe nenye be eva zu Yesu yomedzela loo alo mezui o. Xotutu aɖe gblɔ be, Nikodemo va dze Yesu yome, hexɔ nyɔnyrɔ, eye Yudatɔwo  ti eyome, xɔ eƒe ɖoƒea le esi, eye wonyae ɖa mlɔeba le Yerusalem. Aleke ke nya la le o, nu ɖeka ya ɖe dzesi: Nu geɖe to eŋu le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi le esi mewɔ afɔɖeɖe kaba o ta.

Nenye ɖe Nikodemo dze Yesu yome esime wòkpɔ Aƒetɔ la zi gbãtɔ la, anye ne eva zu Yesu ƒe nusrɔ̃la kplikplikpli. Sidzedze, nugɔmesese, kple ɖokuibɔbɔ si le Nikodemo si kple eƒe dzitsitsi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ate ŋu akpe ɖe eŋu wòazu nusrɔ̃la tɔxɛ aɖe hafi. Ẽ, ate ŋu ana wòase nuƒo wɔdɔɖeamedzi siwo Nufiala Gã la ƒo, asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo me, akpɔ nukunu wɔdɔɖeamedzi siwo Yesu wɔ, ahaxɔ ŋusẽdodo tso Yesu ƒe kaklãnana ƒe nuxlɔ̃ame si wòna eƒe apostolowo me. Gake nusiawo katã to eŋu.

Nikodemo ƒe dzimevesusu na wòbu nu geɖe. Nusiawo dometɔ aɖewoe nye Yesu ƒe amekpekpe lɔlɔ̃tɔe be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:28-30) Nikodemo bu mɔnukpɔkpɔ si ana wòaxɔ akɔfaname sia tẽ tso Yesu ŋutɔ gbɔ!

Ke Wò Hã Ðe?

Tso ƒe 1914 me ke la, Yesu Kristo zu Fia le Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea me. Esi wònɔ nusiwo ava dzɔ le eƒe anyinɔɣia ŋu nyawo gblɔm ɖi la, egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Ele be woawu xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ ma nu hafi nuwuwua nava. Edzɔa dzi na Yesu Kristo be amegbetɔ madeblibowo nakpɔ gome le eme. Wò hã àte ŋu akpɔ gome le dɔ sia me.

Nikodemo kpɔe dze sii be Yesu tso Mawu gbɔ. (Yohanes 3:2) Wò hã ànya lɔ̃ ɖe edzi nenema le wò Biblia sɔsrɔ̃ me. Ànya wɔ tɔtrɔwo le wò agbeme be wòasɔ kple Biblia ƒe dzidzenuwo. Ànya nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dem be nàdzi wò Biblia me sidzedze ɖe edzi. Èdze na kafukafu le agbagbadzedze siawo ta. Ke hã ele na Nikodemo be wòawɔ geɖe wu dzesidede Yesu be enye amesi Mawu dɔ. Ele nɛ be ‘wòagbe nu le eɖokui egbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti gbawotsyogbe, eye wòadze Yesu yome.’—Luka 9:23.

Ðo to nya si apostolo Paulo gblɔ na mí. Eŋlɔ be: “Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o. Elabena egblɔ bena: Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi. Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!”—Korintotɔwo II, 6:1, 2.

Fifiae wòle be nàtu xɔse si aʋã wò ɖe dɔ ŋu la ɖo. Be nàte ŋu awɔ esia la, de ŋugble le nusiwo srɔ̃m nèle le Biblia me ŋu. Do gbe ɖa na Yehowa, eye nàbiae be wòakpe ɖe ŋuwò be nàɖe xɔse ma afia. Ne èva de dzesi alesi wòle kpekpem ɖe ŋuwòe la, wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu kple lɔlɔ̃ nɛ aʋã wò nàdi be ‘yeagbe nu le ɖokuiwò gbɔ eye nàtsɔ wò fuwɔameti gbawotsyogbe adze Yesu Kristo yome.’ Àwɔe fifiaa?

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Gbã la, Nikodemo nɔ Yesu ƒe akpa dzi dzideƒotɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Togbɔ be wotsi tre ɖe Nikodemo ŋu hã la, ekpe asi Yesu ƒe ŋutilã dzadzraɖo hena ɖiɖi ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðokuisinusɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa ate ŋu ado ŋusẽ wò nàwɔ afɔɖeɖe si sɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Àxɔ mɔnukpɔkpɔ si nye be nàwɔ dɔ le Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ tea?