Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Afikae ƒomesrɔ̃ ɖeɖe ŋuti se si wode le Mose ƒe Sea me ka Kristotɔwo egbea se ɖo?

Se si Yehowa na Israel-dukɔa meɖe srɔ̃kpekpe kple eŋu ɖoɖowo me tsitotsito o. Gake etsi tre ɖe srɔ̃ɖeɖe me ƒomedodo aɖewo ya ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le Mose III, 18:6-20 la, woyɔ ƒomedodo siwo dzi womeda asi ɖo o dometɔ aɖewo le afima si ku ɖe “ƒometɔ kekeake” ŋu. Nuŋlɔɖi sia ɖe ƒometɔ kplikplikpli siwo mele be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o la me tsitotsito. Enye nyateƒe be Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o alo eƒe ɖoɖowo mebla wo ya o. (Efesotɔwo 2:15; Kolosetɔwo 2:14) Ke hã esia mefia be Kristotɔwo ate ŋu aŋe aɖaba aƒu nya sia dzi ne wole amesi woaɖe la tiam o. Susu geɖewo li si tae wòle alea ɖo.

Gbã la, dziɖuɖu ƒe sewo li ku ɖe ƒometɔ kplikplikpli ɖeɖe ŋu, eye wobia tso Kristotɔwo si be woawɔ ɖe dukɔ si me wole la ƒe sewo dzi. (Mateo 22:21; Romatɔwo 13:1) Ele eme be dukɔ ɖesiaɖe kple eƒe see ya. Agbedomenyiŋusẽ dzi koŋue wotu se yeye siawo dometɔ akpa gãtɔ ɖo. Enye nyateƒe nyanyɛ be ame ƒe ƒometɔ kplikplikpli ɖeɖe ate ŋu ana vi siwo woadzi la dometɔ aɖe nanyi nuwɔamewo kple dɔlélewo ƒe dome. Le susu sia kple esi wòle be Kristotɔwo ‘nabɔbɔ wo ɖokui na dziɖuɖuwo’ ta la, wowɔna ɖe srɔ̃ɖeɖese siwo le wo gbɔ la dzi ne wole srɔ̃ ɖem.

Eyome la, nusi dzi woda asi ɖo kple esi dzi womeda asi ɖo o le nuto si me ame le hã li. Sewo kple dekɔnuwo le dukɔ ɖesiaɖe kloe me si tsi tre ɖe ʋu ɖeka me viwo dome srɔ̃ɖeɖe ŋu, eye wobua ƒomedodo mawo zi geɖe be enye ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ si mesɔ kura o. Togbɔ be ƒomedodo siwo ŋu wotsi tre ɖo koŋ ato vovo ŋutɔ tso wo nɔewo gbɔ le dekɔnu vovovowo me hã la, The Encyclopædia Britannica gblɔ be, “ne woagblɔe gbadza la, ne agbedomenyiŋusẽ ɖeka ƒomevi le ame eve si la, gbɔdɔdɔ ƒe ƒomedodo si anɔ wo dome ƒe se si wodena be mesɔ o la nu sẽna ŋutɔ.” Eyata le afisiwo menye ƒometɔ kplikplikpli ɖeɖe ŋue nyaa ku ɖo o hã la, Kristotɔwo madi be yewoawɔ nu wòanye bubumademade dekɔnu siwo dzi woda asi ɖo alo nutoame tɔwo ƒe seselelãmewo ŋu o, ale be wòagahe vlodoame ava Kristo-hamea alo Mawu ƒe ŋkɔ dzi o.—Korintotɔwo II, 6:3.

Mele be míaŋlɔ dzitsinya si Mawu na mí hã be o. Wodzia amewo katã kple nusi dzɔ kple esi medzɔ o, nu nyui kple nu gbegblẽ ƒe seselelãme. (Romatɔwo 2:15) Dzitsinya la gblɔa nusi le dzɔdzɔmenu eye wòsɔ kple nusi mele dzɔdzɔmenu o eye wògblẽa nu la na ame, negbe ɖe nuwɔna gbegblẽwo na wòku atri. Yehowa ƒe se si wòde na Israel-viwo ku ɖe ƒometɔ kplikplikpli ɖeɖe ŋu ɖo kpe nya sia dzi. Míexlẽ be: “Migawɔ Egipte-nyigba, si dzi mienɔ la, dzinɔlawo ƒe nuwɔnawo o, eye migawɔ Kanaan-nyigba, si dzi mekplɔ mi yinae la, dzitɔwo ƒe nuwɔnawo o, eye migawɔ woƒe ɖoɖowo dzi hã o.” (Mose III, 18:3) Kristotɔwo dea asixɔxɔ woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la ŋu eye womaɖe mɔ nusi nye dukɔwo ƒe nu nyui kple nu gbegblẽ ŋuti nukpɔsusu totro la nagblẽe o.—Efesotɔwo 4:17-19.

Ekema aleke míaƒo nya tae? Togbɔ be Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o hã la, woƒe dzitsinya gblɔna na wo ƒã be ƒometɔ kplikplikpli—abe fofo kple vinyɔnuvi, dada kple viŋutsuvi, viŋutsu kple vinyɔnu ene—dome srɔ̃ɖeɖe mesɔ kura le Kristotɔwo dome o. * Esi amesi woabu ƒometɔe le kekem ɖe edzi la, Kristotɔwo nyae be srɔ̃ɖeɖe si le se nu ŋuti sewo kple ɖoɖowo li eye be dzidzenu siwo dzi woda asi ɖo le hadome kple le dekɔnu nu hã li. Ele be woabu esiawo ŋu nyuie ale be míate ŋu awɔ ɖe Ŋɔŋlɔa me sedede sia dzi be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome.”—Hebritɔwo 13:4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Ne èdi nya sia me dzodzro tsitotsito la, taflatse kpɔ nyati si nye “Ƒometɔ Kplikplikpli Ðeɖe—Aleke Wòle be Kristotɔwo Nabui?” le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, March 15, 1978, axa 25-6 me.