Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Egbeŋkekeawo me Xɔsetakukulawo Ði Ðase le Sweden

Egbeŋkekeawo me Xɔsetakukulawo Ði Ðase le Sweden

 Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Egbeŋkekeawo me Xɔsetakukulawo Ði Ðase le Sweden

HELAGBE me nya si wozã na “ɖaseɖiɖi” enye martyr, eye eya mee woɖe Eŋlisigbe me nya “martyr,” si gɔmee nye “amesi to eƒe ku me ɖi ɖase” la tsoe. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ geɖe ɖi ɖase tso Yehowa ŋu to woƒe xɔsetaku me.

Nenema ke le ƒe alafa 20 lia me la, Ðasefo akpe geɖe ku le Hitler ƒe amewo si me le woƒe akpaɖekedzimademade le dunyahenyawo kple dulɔ̃nyawo me ta. Egbeŋkekeawo me xɔsetakukula siawo hã nye ɖaseɖiɖi sẽŋu aɖe. Nusiae dzɔ nyitsɔ laa le Sweden.

Le Xexemeʋa II nuwuwu ƒe ƒezã 50 lia ɖuɖu me la, Sweden dziɖuɖua ɖoe be woana amewo nanya nu tso Ametsɔtsrɔ̃ Gã la ŋuti le dukɔ bliboa me. Wona ŋkɔe be Ŋutinya si Le Agbe. Wokpe Yehowa Ðasefowo be woakpɔ gome le wɔnaa me ahagblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo.

Ðasefoawo lɔ̃ ɖe amekpekpea dzi hewɔ eŋuti ɖeɖefia si wona ŋkɔe be Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me Tsila Siwo Woŋlɔ Be. Wodze egɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le Strängnäs me. Ðasefo siwo tsi agbe le Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me va gblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo na tsaɖila 8,400 kple edzivɔ siwo va le ŋkeke gbãtɔ dzi! Kaka ƒe 1999 nawu enu la, ɖeɖefia la dze le blemanudzraɖoƒe kple dukɔa ƒe agbalẽdzraɖoƒe siwo wu 100 le Sweden, eye ame 150,000 aɖewo kpɔe. Dziɖuɖumegã aɖewo nɔ tsaɖilaawo dome, eye woƒo nu nyui tso nusi wokpɔ la ŋu.

Yehowa Ðasefowo ƒe wɔna aɖeke mede du hedze amewo ŋu ŋutɔ alea gbegbe kpɔ le Sweden wu esia o. Tsaɖila geɖe bia be: “Nukatae miegblɔ Ametsɔtsrɔ̃ Gãa me nuteƒekpɔkpɔ siwo le mia si ŋu nya na mí kpɔ o?”

Le ɖeɖefiaa megbe le nuto aɖe me la, hame aɖe bu Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe dzidziɖedzi 30 le alafa me ƒe akɔnta! Ðasefo aɖe kpe eƒe dɔwɔhati aɖe be wòava kpɔ ɖeɖefia la. Dɔwɔhatia xɔ amekpekpea kple dzidzɔ hekplɔ exɔlɔ̃ aɖe ɖe asi yi. Emegbe la, exɔlɔ̃a gblɔ be esesẽ na ye ŋutɔ be yease alesi xɔse sẽŋu sia tɔgbe te ŋu nɔ amewo si be wolɔ̃ wowu wo tsɔ wu be woade asi agbalẽ te aɖe asi le woƒe dzixɔsewo ŋu la gɔme. Esia na wodzro nu me yi ŋgɔ, eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.

Abe wo hati ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ene la, ƒe alafa 20 lia me xɔsetakukula wɔnuteƒe siawo ɖi ɖase dzinɔameƒotɔe be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka kolia la, amesi wòdze be míato míaƒe xɔse sẽŋu kple nuteƒewɔwɔ dzi akafui.—Nyaɖeɖefia 4:11.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]

Camp prisoner: Państwowe Muzeum Oświęcim-Brzezinka, courtesy of the USHMM Photo Archives