Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Du si Le To Dzi

Du si Le To Dzi

 Du si Le To Dzi

LE Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawoe nye xexeame ƒe kekeli. Du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o.”—Mateo 5:14.

Towo dzie wotso Yudea kple Galilea du geɖe ɖo, menye baliwo me o. Dedienɔnɔ ye nye susu siwo koŋ ta wotsoa wo ɖe towo dzi ɖo. Tsɔ kpe ɖe asrafowo ƒe amedzidzedze ŋu la, adzohawo dzea Israel-viwo dzi. (Fiawo II, 5:2; 24:2) Dumevi dzinɔameƒotɔwo ate ŋu aʋli aƒe siwo ƒo ƒu ɖe to tame la ta bɔbɔe wu du si le balime si ŋu wòabia be woatɔ kpɔ gã aɖe ɖo.

Esi wònye be akaloe wosina na Yudatɔwo ƒe aƒewo zi geɖe ta la, wote ŋu kpɔa aƒe ɣi siawo siwo ƒo ƒu ɖe to tame la kilometa gbogbo aɖewo le adzɔge. (Dɔwɔwɔwo 23:3) Ne ŋdɔ le ʋuʋum le Palestina la, todzidu siawo klẽna abe akaɖi si le to dzi ene, abe alesi Mediterranea duwo klẽnae egbea ene.

Yesu zã Galileatɔwo kple Yudeatɔwo ƒe duwo ƒe nɔnɔme ɖedzesi sia tsɔ fia eyomedzelawo akpa si Kristotɔ vavãwo wɔna. Egblɔ na wo be: “Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.” (Mateo 5:16) Togbɔ be Kristotɔwo mewɔa nu nyuiwo be amewo nakafu yewo o hã la, woƒe nɔnɔme nyuiwo meɣlana o.—Mateo 6:1.

Nɔnɔme nyui siawo dzena vevietɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpewo me. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta le takpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le Spain ŋu be: “Togbɔ amewo megale ɖeke tsɔm le mawusubɔsubɔnyawo me le subɔsubɔha bubuwo me o hã la, menye aleae wòle le Yehowa Ðasefowo ya gome o. Esi womedi be vevienyenye si le Biblia ŋu nabu o ta la, wowɔa Mawu ƒe Nya la ŋudɔ.”

Thomas, si nye kamedefefewɔƒe si Ðasefoawo zãna edziedzi le Spain ƒe dzieheɣetoɖoƒe dzikpɔla, kpɔ dzidzɔ ɖe ame siwo wɔa Mawu ƒe Nyaa ŋudɔ la dome nɔnɔ ŋu. Eda eƒe dzudzɔxɔxɔledɔme ɖe ŋgɔ kwasiɖa geɖe ale be wòate ŋu anɔ anyi akpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe aɖe teƒe. Esi takpekpea vala geɖewo, tsɔ kpe sɔhɛwo ŋu, te ɖe eŋu le takpekpea megbe be yewoada akpe nɛ le alesi wòwɔ nu aduadu kpli yewo le ƒe siawo katã me ahadi nyui nɛ le eƒe dzudzɔxɔxɔa me la, aɖatsi ge le mo nɛ blobloblo. Egblɔ be: “Mi amesiawo nyanya nye nuteƒekpɔkpɔ siwo su asinye le agbe me la dometɔ nyuitɔ kekeake.”

Wote ŋu kpɔa du si le to dzi la bɔbɔe elabena edzena le yame nyuie eye ɣea ƒe keklẽ nana xɔ siwo wosi akalo na le eme la dzena nyuie. Nenema ke, Kristotɔ vavãwo ɖea dzesi elabena wodzea agbagba be yewoawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe dzidzenu kɔkɔ siwo ku ɖe nyateƒetoto, agbenyuinɔnɔ, kple nublanuikpɔkpɔ ŋu dzi.

Gakpe ɖe eŋu la, Kristotɔwo ɖea nyateƒea ƒe keklẽ fiana to woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Apostolo Paulo gblɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu be: “Esi subɔsubɔdɔ sia le mía si, abe alesi míekpɔ nublanuikpɔkpɔ ene la, ɖeɖi mete mía ŋu o . . . hafi boŋ míetsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiaa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.” (Korintotɔwo II, 4:1, 2) Togbɔ be wotsi tre ɖe wo ŋu le teƒe siwo  katã woɖe gbeƒã le hã la, Yehowa yra ɖe woƒe subɔsubɔdɔa dzi ale be le ƒe 60 M.Ŋ. me lɔƒo la, Paulo te ŋu ŋlɔ be wonɔ gbeƒã ɖem nyanyuia “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”—Kolosetɔwo 1:23.

Egbea, Yehowa Ðasefowo hã bua woƒe agbanɔamedzi si nye be ‘woana woƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me’ nu vevii, abe alesi Yesu de see ene. Yehowa Ðasefowo toa nuƒo kple agbalẽwo dzi ɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le dukɔ 235 me le xexeame godoo. Be Biblia me nyateƒea ƒe kekeli naɖo ame gbogbo aɖewo gbɔ alesi wòanya wɔ la, wota woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 370 me.—Mateo 24:14; Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

Le teƒe geɖe la, Ðasefoawo tsɔe ɖo wo ɖokui dzi srɔ̃a amesiwo ʋu tso dukɔ siwo me woxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu le fifia alo tsã me ƒe gbegbɔgblɔwo. Le kpɔɖeŋu me, ame gbogbo aɖewo tsoa China kple Russia vana Dziehe Amerika dugã geɖewo me. Ðasefo siwo le afima dze agbagba srɔ̃ China, Russia, kple gbe bubuwo ale be woate ŋu aɖe gbeƒã nyanyuia na vavala yeyeawo. Le nyateƒe me la, wole gbesɔsrɔ̃mɔnu siwo atsɔ kabakaba zãm tsɔ le gbegbɔgblɔ aɖewo fiam amewo ale be woate ŋu aɖe gbeƒã na ame bubuwo hã esime nuwo gakpɔtɔ ‘ƒu’ ɖe agbleawo dzi “na ŋeŋe.”—Yohanes 4:35.

Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.” Yehowa Ðasefowo to woƒe nuwɔna kple woƒe subɔsubɔdɔ siaa dzi le kpekpem ɖe amewo ŋu le afisiafi be woava “Yehowa ƒe aƒe ƒe to” la gbɔ be woafia Mawu ƒe mɔ wo eye be woasrɔ̃ alesi woazɔ le Mawu ƒe mɔ dzii. (Yesaya 2:2, 3) Abe alesi Yesu gblɔe ene la, dzidzɔ si dona tsoa eme enye be wo katã ‘wokafua wo Fofo, si le dziƒo,’ Yehowa Mawu.—Mateo 5:16; Petro I, 2:12.