Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èxɔ “Nyateƒegbɔgbɔ” Laa?

Èxɔ “Nyateƒegbɔgbɔ” Laa?

 Èxɔ “Nyateƒegbɔgbɔ” Laa?

‘Fofo la ana nyaxɔɖakɔla bubu si nye nyateƒegbɔgbɔ la mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me.’—YOHANES 14:16, 17.

1. Nyatakaka vevi kae Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo le gaƒoƒo mamlɛ siwo me wònɔ anyi kpli wo le dziƒoxɔa dzi me?

“AƑETƆ, afika nèyina?” Nya siwo Yesu ƒe apostolowo biae le gaƒoƒo mamlɛ siwo me wònɔ anyi kpli wo le dziƒoxɔa dzi le Yerusalem la dometɔ ɖekae nye ma. (Yohanes 13:36) Esi kpekpea nɔ edzi yim la, Yesu na wonya be ɣeyiɣia de azɔ be yeadzo le wo gbɔ agbugbɔ ayi ye Fofo gbɔ. (Yohanes 14:28; 16:28) Maganɔ wo gbɔ le ŋutilã me afia nu wo ahaɖo woƒe biabiawo ŋu azɔ o. Gake egblɔ na wo kakaɖedzitɔe be: “Maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla [alo, akɔfala] bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes 14:16, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.

2. Nuka ƒe ŋugbee Yesu do be yeaɖo ɖe nusrɔ̃laawo ne yedzo?

2 Yesu gblɔ nusi nyaxɔɖakɔla ma nye eye wòɖe alesi wòakpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋui me. Egblɔ na wo be: “Nyemegblɔ esiawo na mi tso gɔmedzedzea me o; elabena meli kpli mi. [Gake] azɔ la meyina amesi dɔm ɖa la gbɔ . . . Enyo na mi be, meyina; elabena ne nyemeyi o la, nyaxɔɖakɔla mele mia gbɔ va ge o; ke ne meyi la, maɖoe ɖe mi. . . . Ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me.”—Yohanes 16:4, 5, 7, 13.

3. (a) Ɣekaɣie woɖo ‘nyateƒegbɔgbɔa’ ɖe Kristotɔ gbãtɔawo? (b) Mɔ vevi ka nue gbɔgbɔa nye “nyaxɔɖakɔla” le na wo?

3 Ŋugbedodo sia va eme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi, abe alesi apostolo Petro ɖi ɖase le eŋu ene be: “Nenem Yesu sia la Mawu fɔe ɖe tsitre, nusia ŋuti mí katã míenye ɖaseɖilawo le. Azɔ la esi wodoe ɖe dzi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòxɔ [gbɔgbɔ kɔkɔe] ƒe ŋugbedodo hã tso Fofoa gbɔ la, etrɔ nusi kpɔm miele kple nusi sem miele la kɔ ɖe anyi.” (Dɔwɔwɔwo 2:32, 33) Abe alesi míakpɔe emegbe ene la, gbɔgbɔ kɔkɔe si wokɔ ɖe anyi le Pentekoste-ŋkekea dzi la wɔ nu geɖe na Kristotɔ gbãtɔwo. Gake Yesu do ŋugbe be ‘nyateƒegbɔgbɔa aɖo ŋku nya siwo katã yegblɔ na wo la dzi na wo.’ (Yohanes 14:26) Ana be woaɖo ŋku Yesu ƒe subɔsubɔdɔa kple nufiafiawo dzi kple nya siwo tututu wògblɔ gɔ̃ hã dzi, ale be woaŋlɔ wo ɖi. Esia anya kpe ɖe apostolo Yohanes si zu ame tsitsi la ŋu ŋutɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu me, esime wòdze eƒe Nyanyuia ŋɔŋlɔ gɔme. Nuxlɔ̃ame xɔasi si Yesu na esime wòɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi la nɔ nuŋlɔɖi ma me.—Yohanes, ta 13-17.

4. Aleke ‘nyateƒegbɔgbɔa’ kpe ɖe Kristotɔ amesiamina gbãtɔawo ŋui?

4 Yesu gado ŋugbe na nusrɔ̃la gbãtɔawo be gbɔgbɔa ‘afia nuwo katã wo’ eye ‘wòakplɔ wo ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me.’ Gbɔgbɔa akpe ɖe wo ŋu woase Ŋɔŋlɔawo me nu goglowo gɔme eye wòana woalé nukpɔsusu, nugɔmesese, kple tameɖoɖo ɖeka me ɖe asi. (Korintotɔwo I, 2:10; Efesotɔwo 4:3) Eyata gbɔgbɔ kɔkɔea  do ŋusẽ Kristotɔ gbãtɔ mawo be woƒo ƒu nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si ana ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu’ Kristotɔ amesiamina ɖesiaɖe “le ɣeyiɣi nyui dzi.”—Mateo 24:45.

Gbɔgbɔ la Ðia Ðase

5. (a) Mɔkpɔkpɔ yeye kae Yesu ɖe fia eƒe nusrɔ̃lawo le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe zã me? (b) Akpa kae gbɔgbɔ kɔkɔea awɔ le Yesu ƒe ŋugbedodoa me vava me?

5 Le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe zã me la, Yesu na nyanya eƒe nusrɔ̃lawo be yeava kplɔ wo emegbe ne woava nɔ ye kpakple ye Fofo gbɔ le dziƒo. Egblɔ na wo be: “Fofonye ƒeme la nɔƒe geɖewo li; ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi; elabena meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.” (Yohanes 13:36; 14:2, 3) Woaɖu dzi kplii le eƒe Fiaɖuƒe me. (Luka 22:28-30) Be dziƒomɔkpɔkpɔ sia nasu wo si la, ele be ‘woadzi wo atso gbɔgbɔ me’ woanye Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo eye woasi ami na wo be woanye fiawo kple nunɔlawo asubɔ kple Kristo le dziƒo.—Yohanes 3:5-8; Korintotɔwo II, 1:21, 22; Tito 3:5-7; Petro I, 1:3, 4; Nyaɖeɖefia 20:6.

6. (a) Ɣekaɣie dziƒoyɔyɔa dze egɔme, eye ame nenie woyɔ? (b) Nukawo mee wonyrɔa amesiwo woyɔ la ɖo?

6 “Dziƒoyɔyɔ” sia dze egɔme tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi, eye edze abe ƒe 1930-awo ƒe domedomee wòwu enu koŋ ene. (Hebritɔwo 3:1) Ame xexlẽme si nu gbɔgbɔ kɔkɔea tre be woanye gbɔgbɔ me Israel enye ame 144,000, siwo ‘woƒle tso amewo dome.’ (Nyaɖeɖefia 7:4; 14:1-4) Wonyrɔ amesiawo ɖe Kristo ƒe gbɔgbɔŋutilã me, ɖe eƒe hame me, kple ɖe eƒe ku me. (Romatɔwo 6:3; Korintotɔwo I, 12:12, 13, 27; Efesotɔwo 1:22, 23) Le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me kple gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔtsɔ asi ami na woe megbe la, woage ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ aɖe me, si nye nuteƒewɔwɔ ƒe agbenɔnɔ vaseɖe ku me.—Romatɔwo 6:4, 5.

7. Nukatae Kristotɔ amesiaminawo koe dze na kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu le Ŋkuɖodzia me?

7 Esi Kristotɔ amesiamina siawo nye gbɔgbɔ me Israel-viwo ta la, wole nubabla yeye si Yehowa wɔ kple “Mawu ƒe Israel” la me. (Galatiatɔwo 6:16; Yeremya 31:31-34) Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi lae wotsɔ ɖo kpe nubabla yeyea dzii. Yesu ƒo nu tso nusia ŋu esi wòɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi. Luka ŋlɔ bena: “Esi wòtsɔ abolo ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi, eye wòŋe eme hetsɔe na wo gblɔ bena: Esiae nye nye ŋutilã, si wona le mia ta; miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye. Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si wokɔ ɖe anyi le mia ta.” (Luka 22:19, 20) Le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu me la, ame susɔeawo, alo ame 144,000 la ƒe ame susɔe siwo le anyigba dzi, koe nye amesiwo dze akpɔ gome le kpɔɖeŋu boloa ɖuɖu kple wein la nono me.

8. Aleke amesiaminawo wɔna nyana be woyɔ yewo hena dziƒoyiyi?

8 Aleke amesiaminawo wɔna nyana be woyɔ yewo hena dziƒoyiyi? Woxɔa gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ɖaseɖiɖi wòdzena ƒã. Apostolo Paulo ŋlɔ na amesiawo be: “Ame alesi nu Mawu ƒe [gbɔgbɔ] kplɔna la, woawo la, mawuviwo wonye. . . . Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye. Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, míekpe fu kplii, bene mía ŋuti nakɔ hã kplii.” (Romatɔwo 8:14-17) Gbɔgbɔa ƒe ɖaseɖiɖi sia nu sẽna ale gbegbe be amesiwo me dziƒoyɔyɔa ŋuti ɖikeke suetɔ kekeake le ate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be yewomexɔ yɔyɔa o, eye tso ema dzi woadzudzɔ Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu.

Gbɔgbɔa Kple Alẽ Bubuawo

9. Ƒuƒoƒo vovovo eve kawo ŋu nyae wogblɔ le Nyanyuiawo kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me?

9 Esi Yesu nya be Kristotɔ siwo woyɔ be woanye  gbɔgbɔ me Israel la le ʋɛ ta la, eyɔ wo be “ha sue.” Wonye amesiwo woxɔ ɖe nubabla yeyea ƒe ‘alẽxɔ me,’ eye woto vovo na ‘alẽ bubuawo,’ siwo ŋu xexlẽme mele o, amesiwo ŋu Yesu gblɔ le be ele be yeaƒo woawo hã nu ƒu. (Luka 12:32; Yohanes 10:16) Alẽ bubuawo siwo nu woaƒo ƒu le nuwuɣia me anye “ameha gã” la, siwo atsi agbe le “xaxa gã” la me eye agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ le wo si la. Dzidzɔtɔe la, ŋutega si Yohanes kpɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu la de vovototo ameha gã la kple gbɔgbɔ me Israel ƒe ame 144,000 la dome. (Nyaɖeɖefia 7:4, 9, 14) Ðe alẽ bubuawo hã xɔa gbɔgbɔ kɔkɔea, eye ne woxɔnɛ la, aleke wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzii?

10. Aleke wonyrɔa alẽ bubuawo ‘ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa mee’?

10 Le nyateƒe me la, gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa akpa vevi aɖe le alẽ bubuawo ƒe agbe me. Wonyrɔa wo “ɖe Fofo la kple Vi la kpakple [gbɔgbɔ kɔkɔe] la ƒe ŋkɔa me,” wònyea woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋu. (Mateo 28:19) Wolɔ̃na ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu dzi, wobɔbɔa wo ɖokui ɖe Kristo te wònyea woƒe Fia kple Ðela, eye woɖea mɔ le wo ɖokui ŋu na Mawu ƒe gbɔgbɔ, alo dɔwɔŋusẽ, ƒe dɔwɔwɔ le woƒe agbe me. Wodzea agbagba tsea ‘gbɔgbɔa ƒe kuwo,’ siwo nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, [xɔse], dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu” tso ŋkeke yi ŋkeke.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

11, 12. (a) Aleke wokɔ amesiaminawo ŋu le mɔ tɔxɛ ŋutɔ aɖe nui? (b) Mɔ ka nue wokɔ alẽ bubuawo ŋu le hena wole kɔkɔe?

11 Ele hã be alẽ bubuawo naɖe mɔ Mawu ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakɔ wo ŋu. Wokɔ amesiaminawo ya ŋu xoxo le mɔ tɔxɛ ŋutɔ aɖe nu, woda asi ɖe wo dzi be wole dzɔdzɔe eye wole kɔkɔe anye Kristo ƒe ŋugbetɔ. (Yohanes 17:17; Korintotɔwo I, 6:11; Efesotɔwo 5:23-27) Nyagblɔɖila Daniel yɔ wo be ‘Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo,’ siwo si Fiaɖuƒe la asu le Yesu Kristo, ‘amegbetɔvi’ la te. (Daniel 7:13, 14, 18, 27) Do ŋgɔ la, Yehowa to Mose kple Aron dzi gblɔ na Israel-dukɔa be: “Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye.”—Mose III, 11:44.

12 Nusi nya “kɔkɔenyenye” fia koŋue nye “nuwɔwɔ alo mɔnu si woato awɔ nu wòanɔ kɔkɔe, ɖeɖe ɖe aga, alo ame ɖokui ɖeɖe ɖe vovo hena Yehowa Mawu subɔsubɔ alo eƒe zazã; ame ɖokui wɔwɔ kɔkɔe, ame ɖokui ŋu kɔkɔ, alo ɖi ɖeɖe le ame ɖokui ŋu.” Tso keke ƒe 1938 me ke la, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ gblɔ be ele be Yonadabwo, alo alẽ bubuawo, “nanya be wobia adzɔgbeɖeɖe kple kɔkɔenyenye tso amesiame si ava nye ameha gã la me tɔ siwo anɔ anyigba dzi la si.” Le ameha gã la ŋuti ŋutega si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me me la, wogblɔ le wo ŋu be “wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me” eye be ‘wotsɔa subɔsubɔ kɔkɔe nanɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me.’ (Nyaɖeɖefia 7:9, 14, 15) Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, alẽ bubuawo wɔa woƒe ŋutete ɖesiaɖe be yewoaɖo Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ƒe nudidiwo gbɔ.—Korintotɔwo II, 7:1.

 Nyuiwɔwɔ na Kristo Nɔviwo

13, 14. (a) Le Yesu ƒe alẽ kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa nu la, nuka dzie alẽawo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖo? (b) Le nuwuɣi sia me la, aleke alẽ bubuawo wɔa nyui na Kristo nɔviwoe?

13 Yesu ƒo nu tso kadodo kplikplikpli si le alẽ bubuawo kple ha sue la dome ŋu le alẽ kple gbɔ̃wo ŋuti lo si le eƒe ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ ŋuti nyagblɔɖia me la me. Yesu ɖee fia kɔte le lododo ma me be alẽ bubuawo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe nɔnɔme si le wo si ɖe amesiaminawo, siwo wòyɔ be ‘ye nɔviwo,’ ŋu la dzi. Egblɔ be: “Fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome! . . . Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.”—Mateo 24:3; 25:31-34, 40.

14 Nyagbɔgblɔ “nusianu si miewɔ” la ku ɖe kpekpeɖeŋunu siwo woawɔ lɔlɔ̃tɔe na Kristo nɔvi siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii, siwo ŋu Satana ƒe xexea wɔ nu ɖo abe amedzrowo ene, hede wo dometɔ aɖewo gɔxɔ me gɔ̃ hã la ŋu. Nuɖuɖu, awudodo, kple lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ hiãa wo. (Mateo 25:35, 36, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Le nuwuɣi sia me la, amesiaminawo dometɔ geɖe ge ɖe nɔnɔme siawo me tso ƒe 1914 me ke. Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbeŋutinya ɖo kpe edzi be woƒe zɔhɛ wɔnuteƒewo, siwo nye alẽ bubuawo doa alɔ wo, le alesi gbɔgbɔa ʋã woe nu.

15, 16. (a) Dɔ ka wɔwɔ mee alẽ bubuawo do alɔ Kristo nɔvi amesiaminawo le koŋ le anyigba dzi? (b) Aleke amesiaminawo ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia alẽ bubuawoe?

15 Alẽ bubuawo kpe ɖe Kristo nɔvi amesiamina siwo le anyigba dzi le nuwuɣi sia me ŋu vevie, vevietɔ le dɔ si Mawu de wo si be “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã” la wɔwɔ me. (Mateo 24:14; Yohanes 14:12) Esi amesiaminawo ƒe xexlẽme si le anyigba dzi la dzi le ɖeɖem kpɔtɔ le ƒeawo me la, alẽ bubuawo ya tɔ le dzidzim ɖe edzi ɖo ame miliɔn geɖe. Wo dometɔ akpe geɖe wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa—wonye mɔɖelawo kple dutanyanyuigblɔlawo—henɔa Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gblɔm “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Ame bubuwo kpɔa gome le ɖaseɖiɖidɔa me alesi woate ŋui hekpea asi ɖe dɔ vevi sia ŋu le ga gome dzidzɔtɔe.

16 Aleke gbegbee Kristo nɔvi amesiaminawo kpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu vavã sia si woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo naa wo ŋui enye si! Woɖe woƒe seselelãmewo gblɔ nyuie le agbalẽ si nye Worldwide Security Under the “Prince of Peace,” si dɔla ƒe ha la ta le ƒe 1986 me la me. Egblɔ be: “Tso keke Xexemeʋa II wɔɣi ke la, Yesu ƒe ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ ŋuti nyagblɔɖia ƒe emevava tso akpa si ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” la wɔna gbɔ koŋ. . . . Eyata míele akpe manyagblɔ aɖe dam na dukɔwo dome gbe vovovo dolawo ƒe “ameha gã” la le akpa gã si wɔm wole le [Yesu] ƒe nyagblɔɖi si le Mateo 24:14 me vava me la ta!”

‘Womawɔ Wo Blibo Míawo Manɔmee O’

17. Mɔ ka nue ‘womawɔ’ nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema siwo woafɔ ɖe tsitre va anyigba dzi la ‘blibo amesiaminawo manɔmee o’ le?

17 Esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom abe amesiaminawo dometɔ ɖeka ene ku ɖe ŋutsu kple  nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristo ŋu la, eŋlɔ bena: “Amesiawo katã la, wònye woxɔ ɖaseɖiɖi nyui to xɔse me hafi, gake woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o; elabena Mawu kpɔ nu aɖe, si nyo wu la, da ɖi na mí, bena womagawɔ wo [amesiaminawo] blibo míawo mía eme manɔmanɔ o.” (Hebritɔwo 11:35, 39, 40) Le Ƒe Akpe Ðeka la me la, Kristo kple nɔvia amesiamina 144,000 siwo le dziƒo la anye fiawo kple nunɔlawo adudu Kristo ƒe tafevɔsaa me viɖewo ɖe anyigbaa dzi. To esia mee woawɔ alẽ bubuawo “blibo” le ŋutilã kple susu me.—Nyaɖeɖefia 22:1, 2.

18. (a) Nuka gɔmee wòle be Biblia ƒe nyateƒenyawo nakpe ɖe alẽ bubuawo ŋu woase? (b) Nukae alẽ bubuawo le mɔ kpɔm na esi wole “mawuviwo ƒe ɖeɖefia” la lalam?

18 Ele be esiawo katã nana alẽ bubuawo nase nusitae Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo he susu yi Kristo kple nɔvia amesiaminawo kpakple akpa vevi si le wo si le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me vava me dzi koŋ la gɔme. Eyata alẽ bubuawo bunɛ be enye mɔnukpɔkpɔ be yewoado alɔ dɔla ƒe ha amesiaminawo le mɔ sia mɔ si yewoate ŋui nu esime yewole “mawuviwo ƒe ɖeɖefia” la lalam le Harmagedon kple le Ƒe Akpe Ðeka la me. Woate ŋu anɔ mɔ kpɔm be ‘woaɖe yewo tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.’—Romatɔwo 8:19-21.

Wowɔ Ðeka le Gbɔgbɔ me le Ŋkuɖodzia Ðuɣi

19. Nukae ‘nyateƒegbɔgbɔa’ wɔ na amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo, eye aleke woawɔ ɖeka etɔxɛe le March 28 ƒe fiẽ mee?

19 Yesu gblɔ le gbe si wòdo ɖa tsɔ wu kpekpea nui le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe zãa me me be: “Mele biabiam . . . bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò, Fofo, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.” (Yohanes 17:20, 21) Le lɔlɔ̃ me Mawu dɔ Via be wòatsɔ eƒe agbe ana axɔ amesiaminawo kple ameƒome toɖolawo ƒe xexeame ɖe agbe. (Yohanes I, 2:2) “Nyateƒegbɔgbɔ” la wɔ Kristo nɔviwo kple woƒe zɔhɛwo ɖekae. Le March 28 ƒe ɣeɖoto la, ƒuƒoƒo evea siaa akpe ɖekae aɖo ŋku Kristo ƒe ku kple nusiwo katã Yehowa wɔ na wo to Via lɔlɔ̃a, Kristo Yesu, ƒe vɔsa dzi la dzi. Neva eme be wɔna vevi ma teƒe nɔnɔ nado ŋusẽ ɖekawɔwɔ si le wo dome eye wòagbugbɔ woƒe tame si woɖo kplikpaa be yewoayi edzi awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la awɔ yeyee, wòanye kpeɖodzi be edzɔa dzi na wo be yewole amesiwo Yehowa lɔ̃na la dome.

Numetoto

• Ɣekaɣie woɖo ‘nyateƒegbɔgbɔa’ ɖe Kristotɔ gbãtɔwo, eye aleke wònye “nyaxɔɖakɔla” na woe?

• Aleke amesiaminawo wɔna nyana be woyɔ yewo hena dziƒoyiyi?

• Mɔ kawo nue Mawu ƒe gbɔgbɔ wɔa dɔ ɖe alẽ bubuawo dzi le?

• Aleke alẽ bubuawo wɔ nyui na Kristo nɔviwoe, eye nukatae ‘womawɔ wo blibo amesiaminawo manɔmee o?’

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Wokɔ ‘nyateƒegbɔgbɔ’ ɖe nusrɔ̃lawo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Alẽ bubuawo wɔa nyui na Kristo nɔviwo to alɔdodo wo le dɔ si Mawu de wo si be woaɖe gbeƒã la wɔwɔ me