Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa—Dɔmenyonyo Ƒe Kpɔɖeŋuɖola Gãtɔ

Yehowa—Dɔmenyonyo Ƒe Kpɔɖeŋuɖola Gãtɔ

 Yehowa—Dɔmenyonyo Ƒe Kpɔɖeŋuɖola Gãtɔ

“Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dɔme nyo.”—YEREMYA 33:11.

1. Nukae ʋãa mí be míakafu Mawu ɖe eƒe dɔmenyonyo ta?

YEHOWA MAWU nyo le goawo katã me. Nyagblɔɖila Zaxarya gblɔ be: ‘Aleke wòhenyo ale!’ (Zaxarya 9:17) Nyateƒee dɔmenyonyo dze le nusiwo katã Mawu wɔ tsɔ dzra anyigba dzi ɖo hena míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. (Mose I, 1:31) Míate ŋu ase se gbogbo wɔnuku siwo katã Mawu tsɔ wɔ xexeame katã gɔme akpɔ gbeɖe o. (Nyagblɔla 3:11; 8:17) Gake sue si míenya la ʋãa mí be míakafui ɖe eƒe dɔmenyonyo ta.

2. Aleke nàɖe dɔmenyonyo gɔmee?

2 Nukae nye dɔmenyonyo? Enye agbenyuinɔnɔ deŋgɔ, alo nyuiwɔwɔ. Ke hã ebia nu geɖe wu nu gbegblẽ mawɔmawɔ ko. Dɔmenyonyo si nye gbɔgbɔa ƒe kutsetse la nye nɔnɔme si woɖena fiana to nunyuiwɔwɔ me. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Míeɖea dɔmenyonyo fiana ne míewɔ nu nyuiwo kple nusiwo aɖe vi na amewo. Le nuɖoanyi sia me la, nusiwo wobua nu nyui le teƒe aɖewo nye nu gbegblẽ le teƒe bubuwo. Gake hafi míate ŋu anɔ ŋutifafa kple dzidzɔ me la, ele be nunyuiwɔwɔ ƒe dzidzenu ɖeka nanɔ anyi. Amekae dze aɖo dzidzenu sia anyi?

3. Nukae nya si le Mose I, 2:16, 17 fia ku ɖe nyuiwɔwɔ ƒe dzidzenu ŋu?

3 Mawue ɖoa nyuiwɔwɔ ƒe dzidzenu anyi. Le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, Yehowae nye amesi de se na ame gbãtɔ be: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea  si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:16, 17) Ẽ, ele na amegbetɔwo be woaɖo ŋu ɖe wo Wɔla ŋu be wòafia nusi nye nyui kple vɔ̃ wo.

Dɔmenyonyo si Womedze Na O Ðeɖefia

4. Nukae Mawu wɔ na ameƒomea tso esime Adam wɔ nuvɔ̃?

4 Ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ na dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ le blibodede me ɖo afɔku me esime Adam wɔ nuvɔ̃ eye melɔ̃ ɖe ŋusẽ si le Mawu si be wòaɖo nyuiwɔwɔ ƒe dzidzenu ɖi la dzi o. (Mose I, 3:1-6) Gake hafi woadzi Adam ƒe dzidzimevi siwo nyi nuvɔ̃ dome la, Mawu do ŋgɔ gblɔ Dzidzimevi deblibo aɖe ƒe vava ɖi. Le nyateƒe me la, Satana Abosam, si nye “Da xoxo” lae Yehowa wɔnɛ esi wògblɔ be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Nyaɖeɖefia 12:9; Mose I, 3:15) Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be yeaɖe ameƒomea si wɔ nuvɔ̃ la. Nyateƒee, le dɔmenyonyo si míedze na o ɖeɖefia me la, Yehowa wɔ xɔxɔ ƒe mɔnuɖoɖo sia na amesiwo xɔa Via lɔlɔ̃a ƒe tafevɔsa la dzi sena.—Mateo 20:28; Romatɔwo 5:8, 12.

5. Togbɔ be míenyi dzimesusu vɔ̃ɖi ƒe dome hã la, nukatae míate ŋu aɖe nyuiwɔwɔ afia vaseɖe afi aɖe?

5 Nyateƒee, míenyi dzimesusu vɔ̃ɖi ƒe dome le Adam ƒe nuvɔ̃wɔwɔ ta. (Mose I, 8:21) Dzidzɔtɔe la, Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míate ŋu aɖe nyuiwɔwɔ afia vaseɖe afi aɖe. Ne míeyi edzi srɔ̃ nu tso eƒe ŋɔŋlɔ kɔkɔe xɔasia me la, menye ɖe ‘wòana nunya mí hena agbexɔxɔ’ eye ‘wòadzra mí ɖo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ’ ko o, ke ekpena ɖe mía ŋu hã be míawɔ nusi nyo le eƒe ŋku me. (Timoteo II, 3:14-17) Gake hafi Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame naɖe vi na mí eye míaɖe dɔmenyonyo afia la, ele be nɔnɔme si nɔ hakpala la si nanɔ mía si, amesi dzi ha be: “[Yehowa] wò dɔme nyo, eye nèwɔa nu nyui, fia wò ɖoɖowom.”—Psalmo 119:68.

Wokafu Yehowa ƒe Dɔmenyonyo

6. Esi Fia Dawid na wotsɔ nubablaɖakaa va Yerusalem megbe la, nya kawoe dze le ha si Lewi-viwo dzi me?

6 Blema Israel-fia Dawid kpɔ Mawu ƒe dɔmenyonyo dze sii eye wòdi Eƒe mɔfiame. Dawid gblɔ be: “Yehowa ƒe dɔme nyo, eye wòwɔa nuteƒe, elabena efiaa mɔ nuvɔ̃wɔlawo.” (Psalmo 25:8) Sedede vevi ewo le Mawu ƒe mɔfiame siwo wòtsɔ na Israel-viwo me—si nye Se Ewoawo—siwo woŋlɔ ɖe kpe gbadza eve dzi hedzra ɖo ɖe aɖaka kɔkɔe si woyɔna be nubablaɖaka me. Esi Dawid na wotsɔ Aɖakaa va Israel ƒe dugã si nye Yerusalem me la, Lewi-viwo dzi ha aɖe si me nya siawo dze le be: “Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.” (Kronika I, 16:34, 37-41) Dzidzɔ ka gbegbe wòanye be woase nya mawo tso Lewi-viwo ƒe hadzihawo nu!

7. Nukae dzɔ esime wokɔ aɖakaa va Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea kple le Salomo ƒe gbedoxɔ ŋu kɔkɔ gbedodoɖa megbe?

7 Kafukafunya siawo kee wogblɔ esime wonɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ si Dawid ƒe vi Salomo tu la ŋu kɔm. Esi wokɔ nubablaɖakaa yi Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le gbedoxɔ yeye si wotu me megbe la, Lewi-viwo dzi ha kafu Yehowa be, “eƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee.” Ɣemaɣi alilikpowo yɔ gbedoxɔa nukutɔe si fia be Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nɔ afima. (Kronika II, 5:13, 14) Le Salomo  ƒe gbedoxɔ ŋu kɔkɔ gbedodoɖaa megbe la, “dzo tso dziƒo va fiã numevɔsa kple akpedavɔsawo.” Esi “Israel-viwo katã kpɔ” nusia la, “wobɔbɔ hede ta agu ɖe kpe nyigba la dzi, eye wodo gbe ɖa heda akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.” (Kronika II, 7:1-3) Le ŋkeke 14 ƒe azãɖuɖu megbe la, Israel-viwo trɔ yi woƒe aƒewo me kple “dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, si Yehowa wɔ na Dawid kple Salomo kpakple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.”—Kronika II, 7:10.

8, 9. (a) Togbɔ be Israel-viwo kafu Yehowa ɖe eƒe dɔmenyonyo ta hã la, afɔ kae wova ɖe mlɔeba? (b) Nya kae wogblɔ ɖi ɖe Yerusalem ŋu to Yeremya dzi, eye aleke nyagblɔɖia va emee?

8 Nublanuitɔe la, Israel-viwo meyi dzi nɔ agbe ɖe woƒe kafukafuha si wodzi na Mawu nu o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ‘nuyiwo ko Yuda tsɔ de bubu Yehowa ŋui.’ (Yesaya 29:13) Le esi teƒe be woawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyuiwɔwɔ ŋu dzi la, wova te nuvɔ̃wɔwɔ boŋ. Eye nukawoe nye nuvɔ̃ siwo wowɔ? Wosubɔ trɔ̃wo, wonɔ agbe gbegblẽ, wotafa ame dahewo, hewɔ nuvɔ̃ gã bubuwo! Esia na wotsrɔ̃ Yerusalem eye wokplɔ Yudatɔwo yi aboyome le Babilon le ƒe 607 D.M.Ŋ.

9 Aleae Mawu he to na eƒe amewoe. Gake eto eƒe nyagblɔɖila Yeremya dzi gblɔe ɖi be woagase amewo ƒe gbe le Yerusalem woanɔ gbɔgblɔm be: “Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee!” (Yeremya 33:10, 11) Eye alea tututu wòva emee. Le anyigbaa ƒe aƒedozuzu ƒe 70 megbe, le ƒe 537 D.M.Ŋ. la, Yudatɔwo ƒe ame susɔe aɖewo trɔ gbɔ va Yerusalem. (Yeremya 25:11; Daniel 9:1, 2) Wogbugbɔ vɔsamlekpuia ɖi ɖe Moria-toa dzi afisi gbedoxɔa nɔ eye wogadze vɔsasa gɔme ake. Woɖo gbedoxɔa ƒe gɔmeɖoanyi le woƒe tɔtrɔgbɔ ƒe ƒe evelia me. Aseyetsoɣi ka gbegbe wòanye! Ezra gblɔ be: “Esi xɔtulawo ɖo gbedoxɔa  gɔme anyi la, nunɔlawo le woƒe awu me tsi tre ɖi, eye wotsɔ kpẽwo ɖe asi, eye Lewi-vi, siwo nye Asaf viwo la, tsɔ gakogoe ɖe asi, ne woakafu Yehowa, abe alesi Israel-fia Dawid ɖo ene. Wodzi kafukafuha kple akpedaha na Yehowa be: Eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee ɖe Israel dzi.”—Ezra 3:10, 11.

10. Nyagbɔgblɔ tɔxɛ kawoe wotsɔ dze Psalmo 118 gɔme gatsɔ wu enui?

10 Yehowa kafukafu ɖe eƒe dɔmenyonyo ta alea tɔgbe dze le psalmo geɖe me. Esiawo ƒe ɖe enye Psalmo 118, si Israel aƒekɔwo dzina tsɔ ƒoa Ŋutitotoŋkekenyuia tae. Psalmo ma dze egɔme hewu enu kple nya siawo be: “Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.” (Psalmo 118:1, 29) Anɔ eme be esiae nye kafukafuha susɔea si Yesu Kristo dzi kple eƒe apostolo wɔnuteƒeawo le zã si do ŋgɔ na eƒe ku le ƒe 33 M.Ŋ. me.—Mateo 26:30.

“Meɖe Kuku, Na Makpɔ Wò Ŋutikɔkɔe”

11, 12. Esi Mose kpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ sue aɖe la, gbeƒãɖeɖe kae wòse?

11 Woƒo nu tso ɖekawɔwɔ si le Yehowa ƒe dɔmenyonyo kple eƒe amenuveve dome ŋu zi gbãtɔ ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Ezra ŋɔli. Le Israel-viwo ƒe sikanyivi subɔsubɔ le gbeadzi kple tohehe na wo megbe kpuie la, Mose ɖe kuku na Yehowa be: “Meɖe kuku, na makpɔ wò ŋutikɔkɔe.” Esi Yehowa nya be Mose mate ŋu akpɔ Ye aganɔ agbe o ta la, egblɔ be: “Mana nye atsyɔ̃ɖoɖo blibo la nato ŋkuwò me ayi.”—Mose II, 33:13-20.

12 Le ŋkeke si kplɔe ɖo le Sinai-toa dzi la, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe to Mose ŋkume va yi. Ɣemaɣi la, Mose kpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ sue aɖe ko eye wòse eƒe gbeƒãɖeɖe si gblɔ be: “Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada, kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodada ŋuti fe na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.” (Mose II, 34:6, 7) Nya siawo ɖee fia be Mawu ƒe dɔmenyonyo do ƒome kple eƒe amenuveve kpakple eƒe amenyenye bubuwo. Nusiawo me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míaɖe dɔmenyonyo afia. Gbã la mina míade ŋugble le nɔnɔme si woyɔ zi gbɔ zi eve le gbeƒãɖeɖe wɔnuku sia si ku ɖe Mawu ƒe nyuiwɔwɔ ŋu me la ŋuti.

‘Mawu, Amesi ƒe Amenuveve Sɔ Gbɔ’

13. Le Mawu ƒe nɔnɔme nyui siwo ƒe gbeƒã woɖe me la, nɔnɔme kae woyɔ zi eve sɔŋ, eye nukatae esia sɔ?

13 “Yehowa, . . . Mawu [si] . . . ƒe amenuveve . . . sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo.” Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “amenuveve” la gafia “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃.” Esia ɖeka koe nye nɔnɔme si woyɔ le Eŋlisigbe me zi gbɔ zi eve le Mawu ƒe nya si woɖe gbeƒãe na Mose me. Aleke wòsɔe nye si, elabena Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃! (Yohanes I, 4:8) Nya nyanyɛ si wotsɔ kafua Yehowa be “elabena eƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee” la tea gbe ɖe eƒe nɔnɔme sia dzi.

14. Amekawo koŋue Mawu ƒe dɔmenyonyo kple amenuveve ɖea vi na?

14 Yehowa ƒe dɔmenyonyo ɖeɖefia aɖee nye be eƒe “amenuveve sɔ gbɔ.” Esia dzena koŋ  le beléle tɔxɛ si wòtsɔ naa esubɔla amegbetɔ wɔnuteƒe siwo ɖe adzɔgbe nɛ me. (Petro I, 5:6, 7) Yehowa ƒe Ðasefowo ate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be ‘edzraa amenuveve ɖo’ na amesiwo lɔ̃nɛ hesubɔnɛ. (Mose II, 20:6) Dzɔdzɔme Israel-dukɔa megava kpɔ Yehowa ƒe amenuveve alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ o, elabena wogbe Via. Gake Mawu ƒe dɔmenyonyo kple nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si le Kristotɔ wɔnuteƒe siwo tso dukɔ ɖesiaɖe me dzi la, anɔ anyi tegbee.—Yohanes 3:36.

Yehowa—Nublanuikpɔla Kple Ameŋubula

15. (a) Nya kawoe wotsɔ dze gbeƒãɖeɖe si Mose se le Sinai- toa dzi gɔmee? (b) Nukawoe nublanuikpɔkpɔ bia?

15 Gbeƒãɖeɖe si Mose se le Sinai-toa dzi dze egɔme kple nya siawo: ‘Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple ameŋubula.’ Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “nublanuikpɔkpɔ” ate ŋu agafia “dɔkaviwo” eye wòdo ƒome kplikplikpli kple “vidzidɔ.” Eyata nublanuikpɔkpɔ bia dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu ƒe seselelãme si nɔa ame me. Gake nublanuikpɔkpɔ bia nu geɖe wu vevesese ɖe ame nu ko. Ele be wòaʋã mí be míawɔ nane atsɔ aɖe ame bubuwo ƒe kuxiwo dzi akpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ hamemegã lɔ̃amewo kpɔa alesi gbegbe wòhiã be woakpɔ nublanui na haxɔsetɔwo dzea sii eye ‘wotsɔa dzidzɔ kpɔa nublanui’ le afisi wòasɔ le.—Romatɔwo 12:8; Yakobo 2:13; Yuda 22, 23.

16. Nukatae míate ŋu agblɔ be Yehowa nye ameŋubula?

16 Mawu ƒe dɔmenyonyo dze le eƒe ameŋububu hã me. “Ame bubuwo ƒe seselelãme ŋu bubu” dzena le amesi bua ame ŋu me eye eƒe ‘dɔme trɔna ɖe amesiwo le ete la koŋ ŋu.’ Yehowae ɖo ameŋububu ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le nuwɔwɔ kple esubɔlawo me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu to mawudɔlawo dzi do ŋusẽ nyagblɔɖila Daniel si nye amegãɖeɖi eye wòna ɖetugbi nɔaƒe Maria nya mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòadzi Yesu. (Daniel 10:19; Luka 1:26-38) Eye ɖikeke aɖeke mele eme o be mí amesiwo nye Yehowa ƒe amewo míekpɔa ŋudzedze ɖe alesi wòƒoa nu na mí ameŋububutɔe to Biblia dzi ŋu. Míekafunɛ ɖe eƒe dɔmenyonyo si wòɖe fia mí ta, eye míedzea agbagba be míanyo dɔme ahabu ame bubuwo ŋu le míaƒe nu wɔwɔ kpli wo me. Ne amesiwo dze le gbɔgbɔ me le haxɔsetɔ aɖe ɖɔm ɖo le “dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me” la, wodzea agbagba be yewoafa tu ahabu ame ŋu.—Galatiatɔwo 6:1.

Mawu si Gbɔa Dzi Blewu

17. Nukata míedaa akpe be Yehowa “gbɔa dzi blewu”?

17 “Mawu, amesi gbɔa dzi blewu.” Nya siawo he míaƒe susu yi Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ƒe akpa bubu dzi. Yehowa gbɔa dzi ɖi tsɔa míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo eye wonaa mí ɣeyiɣi be míatsɔ aɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ gãwo dzi ahawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. (Hebritɔwo 5:12–6:3; Yakobo 5:14, 15) Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu ɖea vi hã na amesiwo mekpɔ va zu esubɔlawo haɖe o. Ɣeyiɣi gakpɔtɔ li na wo be woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia ahatrɔ dzime. (Romatɔwo 2:4) Togbɔ be Yehowa gbɔa dzi blewu hã, eƒe dɔmenyonyo ʋãnɛ wòdoa dziku ɣeaɖewoɣi abe alesi wòdoe ɖe Israel-viwo ŋu esime wosubɔ sikanyivia le Sinai-toa gbɔ ene. Madidi o Mawu aɖe eƒe dziku afia le mɔ si lolo wu nu ne eva be yeatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia.—Xezekiel 38:19, 21-23.

18. Vovototo kae le Yehowa kple kplɔla amegbetɔwo dome le nuteƒewɔwɔ gome?

18 “Yehowa, . . . Mawu [si] ƒe . . . nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” Aleke gbegbe Yehowa to vovo tso kplɔla amegbetɔ siwo doa ŋugbe gãwo gake womewɔna ɖe wo dzi o gbɔe nye si! Gake Yehowa subɔlawo ya ate ŋu aka ɖe nya sia nya si wogblɔ le eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me dzi. Esi Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ ta la, míate ŋu aka ɖe eƒe ŋugbedodo dzi ɣesiaɣi. Mía Fofo si le dziƒo ɖoa gbe siwo míedona ɖa be woana gbɔgbɔ  me nyateƒea mi la ŋu ɣesiaɣi le eƒe dɔmenyonyo me eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ me.—Psalmo 43:3; 65:3.

19. Dɔmenyonyo ɖedzesi kae Yehowa ɖe fia ku ɖe nuvɔ̃wɔla siwo trɔ dzime ŋu?

19 “Yehowa, . . . Mawu [si] . . . tsɔa vodada, dzidada, kple nuvɔ̃ kena.” Yehowa le klalo be yeanyo dɔme atsɔ nuvɔ̃wɔla siwo trɔ dzime ƒe nuvɔ̃wo ake wo. Nyateƒee, míedaa akpe be míaƒe Dziƒofofo lɔ̃amea wɔ tsɔtsɔke ƒe mɔnuɖoɖo na mí to Yesu ƒe vɔsa dzi. (Yohanes I, 2:1, 2) Dzi dzɔa mí be amesiwo katã xɔa tafea dzi sena la ate ŋu anɔ amenuveve ƒe ƒomedodo me kple Yehowa eye mɔkpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe mavɔ le eƒe xexe yeye si ŋugbe wòdo la me. Susu nyui kawo gbegbee nye esi si ta wòle be míakafu Yehowa be eɖe dɔmenyonyo fia ameƒomea!—Petro II, 3:13.

20. Kpeɖodzi kae li be Mawu meŋea aɖaba ƒua nugbegblẽwɔwɔ dzi o?

20 “Ke [Yehowa] megbea tohehe o.” Nyateƒee, esia nye susu bubu si ta míakafu Yehowa ɖe eƒe dɔmenyonyo ta. Nukatae? Elabena dɔmenyonyo ƒe akpa vevi aɖee nye be womaŋe aɖaba aƒu nuvɔ̃ dzi le mɔ aɖeke nu o. Gawu la, “le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me” la, woabia hlɔ̃ “amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to . . . nyanyui la o.” ‘Woakpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la.’ (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9) Yehowa subɔla siwo tsi agbe ate ŋu ase vivi le agbe me bliboe ɣemaɣi eye ame mavɔ̃mawu ‘siwo melɔ̃a nu nyui o’ la maɖe fu na wo o.—Timoteo II, 3:1-3.

Srɔ̃ Yehowa ƒe Dɔmenyonyo

21. Nukatae wòle be míaɖe dɔmenyonyo afia?

21 Nyateƒee, susu geɖe li si ta wòle be míakafu Yehowa ahada akpe nɛ ɖe eƒe dɔmenyonyo ta. Ðe mele be mí amesiwo nye esubɔlawo míado vevie be míaɖe nɔnɔme sia afia oa? Ẽ, elabena apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene.” (Efesotɔwo 5:1) Mía Fofo si le dziƒo ɖea dɔmenyonyo fiana ɣesiaɣi eye ele be míawo hã míawɔe nenema ke.

22. Nukawo mee míadzro le nyati si gbɔna me?

22 Ne míetsɔ mía ɖokui na Yehowa kple dzi blibo la, míadi vevie be míasrɔ̃ eƒe dɔmenyonyo godoo. Esi míenye nuvɔ̃wɔla Adam ƒe dzidzimeviwo ta la, nu nyui menya wɔna na mí o. Gake le nyati si kplɔe ɖo me la, míakpɔ susu si ta míate ŋu aɖe dɔmenyonyo afia. Míadzro mɔ vovovo siwo me míate ŋu asrɔ̃ Yehowa—dɔmeyonyo ƒe kpɔɖeŋuɖola gãtɔ—le la hã me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae nye dɔmenyonyo?

• Ŋɔŋlɔawo me nya kawoe te gbe ɖe Mawu ƒe dɔmenyonyo dzi?

• Mawu ƒe dɔmenyonyo ɖeɖefia ƒe kpɔ- ɖeŋu aɖewo ɖe?

• Nukata wòle be míasrɔ̃ Yehowa ƒe dɔ- menyonyo ƒe kpɔɖeŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yehowa he to na eƒe dukɔ le blema elabena womenɔ agbe ɖe kafukafunya si wogblɔ nu o

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nuteƒewɔla susɔe aɖewo trɔ gbɔ va Yerusalem

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Mose se Mawu ƒe dɔmenyonyo ŋuti gbeƒãɖeɖe wɔnuku aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yehowa ƒe dɔmenyonyo dze le alesi wòƒoa nu na mí to Biblia dzi me.