Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hamemegãwo Mina Hehe Ame Bubuwo be Woatsɔ Agba La

Hamemegãwo Mina Hehe Ame Bubuwo be Woatsɔ Agba La

 Hamemegãwo Mina Hehe Ame Bubuwo be Woatsɔ Agba La

LE Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le xexeame godoo la, wohiã ŋutsu siwo ate ŋu awɔ dzikpɔkpɔdɔwo vevie fifia. Susu etɔ̃ koŋ tae hiahiã sia li ɖo.

Gbã la, Yehowa le ŋugbe si wòdo be yeana “ame ʋɛwo [nazu] dukɔ sesẽ” la dzi wɔm. (Yesaya 60:22) Le eƒe amenuveve me la, nusrɔ̃la yeye miliɔn ɖeka kloe xɔ nyɔnyrɔ va zu Yehowa Ðasefowo le ƒe etɔ̃ siwo va yi me. Wohiã ŋutsu siwo axɔ ŋgɔ akpe ɖe nyɔnyrɔxɔla yeye siawo ŋu woayi ŋgɔ aɖo Kristotɔwo ƒe tsitsi gbɔ.—Hebritɔwo 6:1.

Evelia, tsitsi alo lãmegbegblẽ zi ame gbogbo aɖewo siwo nye hamemegãwo ƒe aɖewoe nye sia la dzi be woɖe dɔ agbɔsɔsɔme si wɔm wole le hamea me la dzi kpɔtɔ.

Etɔ̃lia, Kristotɔ hamemegã siwo me dzo le dometɔ geɖe nye Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti, Nutome Xɔtukɔmiti, alo Takpexɔ Kɔmiti me tɔwo fifia. Le wo dometɔ aɖewo gome la, ehiã be woaɖe asi le woƒe agbanɔamedzi aɖewo ya teti ŋu le hame siwo me wole be woate ŋu awɔ dɔ vovovoawo.

Aleke woate ŋu awɔ akpɔ ŋutsu siwo dze ƒe hiahiã kpata la gbɔe? Nu vevitɔ enye Hehenana. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔ dzikpɔlawo be woana hehe amesiwo nye “ame wɔnuteƒewo, siwo ate ŋu afia nu ame bubuwo hã.” (Timoteo II, 2:2) Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be dɔwɔnya si nye be “woana hehe” fia be “woafia nu ame be wòasu te, wòadze, alo wòabi.” Mina míade ŋugble le alesi hamemegãwo ate ŋu ana hehe ŋutsu bubu siwo dze lae ŋu.

Misrɔ̃ Yehowa ƒe Kpɔɖeŋu

Le nyateƒe me la, Yesu Kristo ‘su te, edze, eye wòbi’ le eƒe dɔwɔwɔ me—eye esia mewɔ nuku o! Yehowa Mawu ŋutɔe na hehee. Nukawoe na hehenana sia dze edzi nyuie? Yesu yɔ nu etɔ̃, abe alesi woŋlɔe ɖe Yohanes 5:20 ene be: ‘Fofo la [1] lɔ̃a Via, eye [2] nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ, eye wòafia [3] dɔ gãwoe awu esiawo.’ Nusiawo dometɔ ɖesiaɖe me dzodzro ana míase hehenana ƒe nyati la gɔme.

De dzesii be Yesu gblɔ gbã be: ‘Fofo la lɔ̃a Via.’ Tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze ke la, ƒomedodo kplikplikpli aɖe nɔ Yehowa kple Via dome. Lododowo 8:30 kɔ nu me le ƒomedodo ma ŋu ale: ‘Nye Yesu menye dɔnunɔla le Yehowa Mawu gbɔ, eye menye amesi ƒe nu nyoa eŋu gbesiagbe, eye mekpɔa dzidzɔ le eŋku me ɣeawokatãɣi.’ Ðikeke aɖeke menɔ Yesu ƒe susu me be yeƒe ‘nu nyoa’ Yehowa ‘ŋu’ o. Eye Yesu meɣla dzidzɔ si wòkpɔ esime wònɔ dɔ wɔm le Fofoa ŋkume o. Aleke gbegbe wòhenyoe nye si ne ƒomedodo nyui le Kristotɔ hamemegãwo kple amesiwo wole hehe namee dome!

Nu evelia si Yesu yɔ enye be ‘nusiwo katã Fofoa ŋutɔ wɔna la, efianɛ.’ Nya siawo ɖo kpe nya si wogblɔ le Lododowo 8:30 dzi be esime wonɔ xexeame godoo wɔm la, Yesu ‘nye dɔnunɔla le Yehowa gbɔ.’ (Mose I, 1:26) Hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui ma ne wowɔa dɔ aduadu kple subɔsubɔdɔwɔlawo, hefiaa alesi woawɔ woƒe dɔdasiwoe le mɔ nyuitɔ nu la wo. Gake menye subɔsubɔdɔwɔla siwo woɖo yeyee koe wòhiã be woanɔ hehe namee o. Nɔviŋutsu nuteƒewɔla siwo ɖee fia ƒe geɖe be yewole dzikpɔladɔ dim gake wokpɔtɔ li kokoko wo maɖomaɖoe ɖe? (Timoteo I, 3:1) Ele be hamemegãwo naɖo aɖaŋu na ŋutsu siawo ku ɖe nusi tututu wòle be woawɔ ŋu ale be woate ŋu anya nusiwo me wòle be woawɔ ŋgɔyiyi le.

 Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔdɔwɔla aɖe ate ŋu anye amesi dzi woate ŋu aka ɖo, ewɔa nu ɖe ɣeyiɣi dzi, eye wòwɔa eƒe dɔdasiwo memie. Ðewohĩ enye nufiala nyui hã. Ðewohĩ le go geɖe me la, eƒe dɔwɔwɔwo nyo ŋutɔ le hamea me. Gake ɖewohĩ made dzesii be yenye amesi ƒe nya me sẽna akpa ne yele nu wɔm kple hati Kristotɔwo o. Ehiã be hamemegãwo naɖe ‘dɔmefafa si me nunya le’ afia. (Yakobo 3:13) Ðe manye dɔmekɔkɔ ne hamemegã ɖeka ƒo nu kple subɔsubɔdɔwɔla la, heɖe kuxia fiae pɛpɛpɛ, fia asi eƒe nuwɔna ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ aɖewo, eye wòɖo nusiwo me wòawɔ ŋgɔyiyi le ƒe aɖaŋu ŋutɔŋutɔ nɛ oa? Ne hamemegã la na ‘dze ɖo eƒe aɖaŋuɖoɖoa’ nyuie la, ate ŋu axɔ eƒe nyawo nyuie. (Kolosetɔwo 4:6) Gake ne subɔsubɔdɔwɔla la le klalo be yeaɖo to ase aɖaŋu ɖesiaɖe si ɖom wole na ye ahaxɔe la, ana dɔa nanya wɔ na hamemegã la nyuie wu.—Psalmo 141:5.

Le hame aɖewo me la, hamemegãwo yi edzi le hehe nam subɔsubɔdɔwɔlawo le dɔ aɖewo wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ne wole dɔnɔwo alo ame tsitsiwo srãm kpɔ la, wonaa subɔsubɔdɔwɔla siwo dze la yina kpli wo. To mɔ sia nu la, nuteƒekpɔkpɔ sua subɔsubɔdɔwɔlawo si le alẽkpɔkplɔdɔa wɔwɔ me. Gake nu geɖe li subɔsubɔdɔwɔla ate ŋu awɔ le eya ŋutɔ ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi geɖe wɔwɔ ŋu.—Kpɔ aɖaka si le ete si ƒe tanyae nye “Nusi Subɔsubɔdɔwɔlawo Ate Ŋu Awɔ.”

Nu etɔ̃lia si na Yesu ƒe hehexɔxɔa ɖe vi ŋutɔ enye be dɔ bubu siwo ava hiã le etsɔme nɔ susu me na Yehowa wòtsɔ na hehee. Yesu gblɔ be Fofo la afia ‘dɔ gãwo wu esiawo’ Vi la. Nuteƒekpɔkpɔ si su Yesu si esime wònɔ anyigba dzi kpe ɖe eŋu wòtu nɔnɔme siwo wòahiã hena etsɔme dɔdasiwo wɔwɔ la ɖo. (Hebritɔwo 4:15; 5:8, 9) Le kpɔɖeŋu me, dɔdasi gã ka gbegbee nye si Yesu axɔ kpuie—be wòafɔ ame biliɔn geɖe siwo ku la ɖe tsitre ahadrɔ̃ ʋɔnu wo!—Yohanes 5:21, 22.

Ne hamemegãwo le hehe nam subɔsubɔdɔwɔlawo egbea la, ele be etsɔme nuhiahiãwo nanɔ susu me na wo. Togbɔ be adze abe hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla geɖe li akpɔ nuhiahiã siwo li fifia gbɔ hã la, nenemae wòanɔ ne woɖo hame yeyea? Nenema wòanɔ ne woɖo hame yeye geɖewoa? Le ƒe etɔ̃ siwo va yi me la, hame yeye 6,000 kple edzivɔwoe nɔ xexeame godoo. Aleke gbegbe hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla gbogbo aɖewo hiã be woakpɔ hame yeye mawo ƒe nuhiahiãwo gbɔe enye si!

Hamemegãwo, miele Yehowa ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m hele ƒomedodo nyui tum ɖo le mia kple amesiwo miele hehe namee la domea? Miefiaa alesi woawɔ woƒe dɔwoe la woa? Etsɔme nuhiahiãwo nɔa susu me na mia? Alesi Yehowa na hehe Yesu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ ahe yayra gbagowo vɛ na ame geɖe.

 Dɔ Dede Asi na Ame Bubuwo Megadzi Ŋɔ na Mi O

Hamemegã bibi siwo dzi dɔdasi kpekpe geɖe wɔwɔ le la ate ŋu anɔ hehem ɖe megbe le dɔ dede asi na ame bubuwo be woawɔ ŋu. Ðewohĩ wotee kpɔ ɣeaɖeɣi de dɔ asi na ame bubuwo gake womewɔe alesi wodii o. Ðewohĩ esia wɔe be nɔnɔme si nye, ‘Ne èdi be woawɔ dɔ aɖe nyuie la, ele be wò ŋutɔ nàwɔe’ va su wo si. Gake ɖe nɔnɔme sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu si woɖe fia le Ŋɔŋlɔawo me be ame bibiwo nana hehe ame yeyewoa?—Timoteo II, 2:2.

Ete ɖe apostolo Paulo dzi esime eƒe mɔzɔhatiwo dometɔ ɖeka, Marko, ɖe asi le eƒe dɔdasi ŋu le Pamfilia hetrɔ yi aƒe. (Dɔwɔwɔwo 15:38, 39) Gake Paulo mena nudzɔdzɔ ma ɖe dzi le eƒo le hehenana ame bubuwo me o. Etia nɔviŋutsu ɖekakpui bubu, Timoteo, hena dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe hehee. * (Dɔwɔwɔwo 16:1-3) Le Beroia la, yometiti sesẽ aɖe va dutanyanyuigblɔlaawo dzi ale gbegbe be maganya wɔ be Paulo nakpɔtɔ anɔ afima o. Eyata egblẽ hame yeye la dzikpɔkpɔ ɖe Sila, si nye nɔviŋutsu bibi, kple Timoteo, si me. (Dɔwɔwɔwo 17:13-15) Ðikeke mele eme o be Timoteo srɔ̃ nu geɖe tso Sila gbɔ. Emegbe esi Timoteo dze axɔ agbanɔamedzi bubuwo la, Paulo dee asi nɛ heɖoe ɖe Tesalonika be wòaɖade dzi ƒo na hame si le afima me tɔwo.—Tesalonikatɔwo I, 3:1-3.

Menye amesiame nekpɔ eƒe dɔ gbɔ wòawɔ, momakɔmakɔname, alo ɖekematsɔlemename ƒe ƒomedodo tɔgbee nɔ Paulo kple Timoteo dome o. Wolɔ̃ wo nɔewo. Esime Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm ɖo ɖe Korinto-hamea la, eyɔ Timoteo, amesi wòdi be yeaɖo ɖe afima la be “vinye lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ [la] me.” Egblɔ kpee be: ‘Timoteo aɖo ŋku yeƒe mɔ, siwo le Kristo Yesu me dzi na wo.’ (Korintotɔwo I, 4:17) Timoteo xɔ hehe si Paulo nae la nyuie eye wòdze hena eƒe dɔdasiwo wɔwɔ. Nɔviŋutsu geɖe siwo nye ɖekakpuiwo va zu subɔsubɔdɔwɔla bibiwo, hamemegãwo, alo dzikpɔla mɔzɔlawo gɔ̃ hã le esi ame tsitsi siwo ɖe ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ fia la na hehe wo wòɖe vi na wo, abe alesi Paulo wɔ na Timoteo ene ta.

Hamemegãwo, Mina Hehe Ame Bubuwo!

Ðikekemanɔmee la, nyagblɔɖi si le Yesaya 60:22 le eme vam egbea. Yehowa na ‘ame ʋɛwo le dukɔ sesẽ zum.’ Be dukɔ ma nakpɔtɔ ‘asẽ ŋu’ la, ele be woakpɔ edzi nyuie. Hamemegãwo, nukatae miade ŋugble le mɔ siwo nu miato ana hehe geɖe ŋutsu ɖeadzɔgbe siwo dze na exɔxɔ la o? Mikpɔ egbɔ be subɔsubɔdɔwɔla ɖesiaɖe nya nu tso asitɔtrɔ ɖesiaɖe si hiã be wòawɔ be wòayi ŋgɔ la ŋu nyuie. Eye mi nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo, mixɔ kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si woana mi la miawɔ eŋudɔ nyuie. Miwɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu be miadzi miaƒe ŋutete, nunya, kple nuteƒekpɔkpɔ ɖe edzi la ŋudɔ. Ðikekemanɔmee la, Yehowa ayra ɖe kpekpeɖeŋunana lɔlɔ̃tɔe ƒe ɖoɖo sia dzi godoo.—Yesaya 61:5.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Emegbe Paulo gawɔ dɔ kple Marko.—Kolosetɔwo 4:10.

[Aɖaka si le axa 30]

Nusi Subɔsubɔdɔwɔlawo Ate Ŋu Awɔ

Togbɔ be ele be hamemegãwo nana hehe subɔsubɔdɔwɔlawo hã la, nu geɖe li si subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu awɔ atsɔ ado woa ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ɖe ŋgɔ.

—Ele be subɔsubɔdɔwɔlawo nawɔ woƒe dɔdasiwo moveviɖoɖotɔe eye woanye amesiwo ŋu woaɖo ŋu ɖo. Ele hã be woatu nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo. Le mɔ geɖe nu la, ŋgɔyiyi nɔ te ɖe nusɔsrɔ̃ kple nusiwo wosrɔ̃ tsɔtsɔ wɔ dɔe dzi.

—Ne subɔsubɔdɔwɔla le nuƒo aɖe dzram ɖo be wòaƒo le Kristotɔwo ƒe kpekpe me la, mele be wòahe ɖe megbe le alesi wòaƒo nuƒoae ŋuti ɖaŋuɖoɖo biabia tso hamemegã bibi aɖe gbɔ o.

—Subɔsubɔdɔwɔla ate ŋu abia hamemegã aɖe be wòalé ŋku ɖe alesi yeƒoa Biblia me nuƒowoe ŋu ahaɖo aɖaŋu na ye hena ŋgɔyiyi wɔwɔ.

 

Ele be subɔsubɔdɔwɔlawo nabia aɖaŋuɖoɖo, naxɔ aɖaŋuɖoɖo, eye woatsɔ aɖaŋu siwo hamemegãwo ɖo na wo awɔ dɔe. To mɔ sia nu la, woƒe ŋgɔgbedede ‘adze ƒã na amewo katã.’—Timoteo I, 4:15.