Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesi Tututu Yesu Nye

Amesi Tututu Yesu Nye

 Amesi Tututu Yesu Nye

ESI Yesu se nusi amewo susuna tso eyama ŋu le eƒe apostolowo nu vɔ la, ebia wo be: “Ke miawo la, amekae miegblɔna bena, menye mahã?” Apostolo Petro ƒe ŋuɖoɖoa le Mateo ƒe Nyanyuia me be: “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!” (Mateo 16:15, 16) Nukpɔsusu ma ke nɔ ame bubuwo si. Natanael, amesi va zu apostoloawo dometɔ ɖeka emegbe la, gblɔ na Yesu be: “Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.” (Yohanes 1:49) Yesu ŋutɔ ƒo nu tso akpa si wowɔna ŋu be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Eyɔ eɖokui be “Mawuvi” le ɣeyiɣi vovovowo me. (Yohanes 5:24, 25; 11:4) Eye wòwɔ nukudɔwo, hefɔ ame kukuwo ɖe tsitre gɔ̃ hã tsɔ ɖo kpe esia dzii.

Ðikeke Siwo Ŋu Kpeɖodzi Lee Wonyea?

Ðe míate ŋu aka ɖe nya siwo Nyanyuiawo gblɔ le Yesu ŋu la dzia? Ðe wòɖe amesi tututu Yesu nye la fiaa? Frederick F. Bruce, si megali o, amesi nye Biblia ŋuti ɖeklemiɖeɖe kple emeɖeɖe ƒe nufialagã le Manchester ƒe Yunivɛsiti, England, gblɔ be: “Zi geɖe la, menɔa bɔbɔe be woazã blema nudzɔdzɔwo atsɔ aɖo kpe blema nuŋlɔɖiwo, woɖa le Biblia me loo womeɖa le eme o, ƒe nyateƒenyenye tsitotsitowo dzi o. Kaka ɖe nuŋlɔla aɖe ƒe nyateƒetɔnyenye dzi vaseɖe afi aɖe sɔ; ne wote ŋu kpɔ esia la, mɔkpɔkpɔ aɖe nɔa anyi gbã be eƒe nyawo anye nyateƒe. . . . Womate ŋu aɖe kakaɖedzi si le Nubabla Yeyea ƒe blemaŋutinyawo dzi akpɔtɔ o elabena Kristotɔwo xɔe be enye agbalẽ ‘kɔkɔe.’”

Esi James R. Edwards, amesi nye mawusubɔsubɔ ŋuti nufialagã le Jamestown College, North Dakota, U.S.A., lé ŋku ɖe ɖikeke si le alesi Nyanyuiawo ɖɔ Yesue ŋui me vɔ la, eŋlɔ bena: “Míalɔ̃ ɖe edzi kakaɖedzitɔe be Nyanyuiawo kpɔ Yesu ŋuti nyateƒea ŋutɔŋutɔ vovovo siwo ɖe dzesi gbogbo aɖewo ta. . . . Ŋuɖoɖo si me susu le wu woakpɔ na biabia si ku ɖe nusitae Nyanyuiawo ƒo nu tso Yesu ŋu nenema ɖo enye be ame ma tututue Yesu nye. Nyanyuiawo kpɔ nusiwo wògblẽ ɖi na eyomedzelawo be woaɖo ŋkui la ta nuteƒetɔe, be Mawue dɔe nyateƒe hena ŋusẽe be wòanye Mawu ƒe Vi kple Esubɔla.” *

Wole Yesu Dim

Ke Yesu Kristo ŋuti nya siwo metso Biblia me o ya ɖe? Aleke wobua woe? Tacitus, Suetonius, Josephus, Pliny Suetɔ, kple blema nuŋlɔla ʋɛ bubu aɖewo ƒe agbalẽwo ƒo nu geɖe tso Yesu ŋu.  The New Encyclopædia Britannica (1995) gblɔ le agbalẽ siawo ŋu be: “Nuŋlɔɖi nɔ ɖokuisi siawo ɖo kpe edzi be le blema ɣeyiɣiwo me la, amesiwo tsi tre ɖe Kristotɔnyenye ŋu gɔ̃ hã meke ɖi Yesu ƒe anyinɔnɔ le blema ɣeyiɣiwo me o, nusi ŋu woʋli nya le zi gbãtɔ le susu siwo ŋu kpeɖodziwo mele o ta, le ƒe alafa 18 lia ƒe nuwuwu, le ƒe alafa 19 lia me, kple le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze me o.”

Nublanuitɔe la, le agbalẽnyala siwo li egbea ƒe amesi “tututu” alo “ŋutinyameme” si Yesu nye la didi vevie me la, edze abe woɣla eƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ la ɖe nususugblɔ siwo ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o, ɖikeke siwo ŋu gɔmesese aɖeke mele o, kple dzixɔse siwo ŋu kpeɖodzi gobii aɖeke mele o la megbe ene. Le susu aɖe nu la, woɖi nyakpakpa siwo me wobua fɔ Nyanyuia ŋlɔlawo alakpatɔe le la ƒe fɔ. Wo dometɔ aɖewo tsi dzi vevie ɖe woa ŋutɔwo ƒe ŋkɔxɔxɔ kple woƒe ŋkɔ yɔyɔ ɖe dzixɔse yeye dovoɖiname ŋuti ŋu ale gbegbe be womete ŋu lé ŋku ɖe Yesu ŋuti ɖaseɖiɖia ŋu anukwareɖiɖitɔe o. Esia wɔe be woto “Yesu” aɖe si agbalẽnyalawo koe ate ŋu anya la vɛ.

Le amesiwo di be yewoake ɖe eŋu gome la, woate ŋu akpɔ Yesu ŋutɔŋutɔ la le Biblia me. Luke Johnson, si nye Nubabla Yeyea kple Kristotɔnyenye dzɔtsoƒe ŋuti nufialagã le Candler Mawuŋununyafiaƒea le Emory Yunivɛsiti, ʋli nya be numekuku akpa gãtɔ si wowɔna ku ɖe ŋutinya me Yesu ŋu mewɔa ɖeka kple Biblia ƒe taɖodzinu o. Egblɔ be anye nu dodzidzɔname be míadzro Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eŋɔli me hadomegbenɔnɔ, dunyahehe, amegbetɔŋutinya, kple dekɔnuwo me. Ke hã, egblɔ kpee be keke ɖe nusi agbalẽnyalawo yɔna be ŋutinya me  Yesu la ŋu “mate ŋu anye nusi ŋu Ŋɔŋlɔa ƒo nu tsoe,” si “ku ɖe Yesu ƒe nuwɔnawo ɖɔɖɔ koŋ ŋu,” eƒe gbedasia, kple akpa si wòanye Ðela awɔ ŋu o. Eyata nɔnɔme kple gbedasi kawo tututue nɔ Yesu si?

Yesu Ŋutɔŋutɔ La

Nyanyuiawo—Biblia me nuŋlɔɖi ene siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu—ƒo nu tso ŋutsu aɖe si sea veve ɖe ame nu ŋutɔ la ŋu. Nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve ʋã Yesu wòkpe ɖe dɔnɔwo, ŋkunɔwo, kple bubuawo ŋu. (Mateo 9:36; 14:14; 20:34) Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ƒe ku kple nuxaxa si esia nye na Lazaro nɔvinyɔnuwo wɔ dɔ ɖe eyama dzi be ‘wòxa nu hefa avi.’ (Yohanes 11:32-36) Le nyateƒe me la, Nyanyuiawo ɖe Yesu ƒe seselelãme gbogbo aɖewo fia—woawoe nye nublanuikpɔkpɔ na anyidɔléla aɖe, dzidzɔkpɔkpɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu, dziku dodo ɖe senyahela vevemaseɖeamenulawo ŋu, kple nuxaxa le Yerusalem ƒe Mesia la gbegbe ta.

Ne Yesu wɔ nukunu aɖe la, ehea susu yia amesi wòwɔe na la dzi enuenu be: “Wò xɔse la ɖe wò.” (Mateo 9:22) Ekafu Natanael be enye ‘Israeltɔ vavã,’ hegblɔ be ‘alakpa mele eme o.’ (Yohanes 1:47) Esime ame aɖewo bui be nyɔnu aɖe ƒe nunana si wòtsɔ ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae gbɔ eme akpa la, Yesu ʋli eta hegblɔ be womaŋlɔ eƒe dɔmenyowɔwɔa be gbeɖe o. (Mateo 26:6-13) Eɖee fia be yenye xɔlɔ̃ vavã kple zɔhɛ lɔ̃ame na eyomedzelawo eye ‘wòlɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.’—Yohanes 13:1; 15:11-15.

Nyanyuiawo gafia be Yesu te ŋu kpɔ amesiwo wòdo goe la ƒe nuhiahiãwo dze sii enumake. Eɖale nu ƒom na nyɔnu aɖe le vudo aɖe to, na mawunyafiala aɖe le abɔ aɖe me, alo na lãɖela aɖe le ta aɖe to o, eɖo woƒe dzi gbɔ tẽ. Le Yesu ƒe ŋgɔdonyawo gbɔgblɔ megbe la, amesiawo dometɔ geɖe ɖea amesiwo wonye le ememe la gblɔna nɛ. Enyɔ woƒe ɖetsɔleme. Togbɔ be eŋɔlimetɔwo madi be yewoate ɖe ŋusẽtɔwo ŋu o hã la, le Yesu gome la, woƒo ƒu ɖe eŋu. Amewo dina be yewoanɔ Yesu ŋu; woƒe dzi dzea eme ne wole eŋu. Ðeviwo te ŋu ɖea dzi ɖi le egbɔ, eye esime wòtsɔ ɖevi aɖe nɔ kpɔɖeŋu wɔmee la, menye ɖeko wòtsɔ ɖevia tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋkume ko o ke boŋ ‘elée ɖe eƒe akɔnu.’ (Marko 9:36; 10:13-16) Le nyateƒe me la, Nyanyuiawo ɖe Yesu fia be enye ame aɖe si amewo lɔ̃ ale gbegbe be wotsi anyi ŋkeke etɔ̃ sɔŋ be yewoase eƒe akɔfanamenyawo.—Mateo 15:32.

Yesu ƒe blibodede mewɔe be wòdi vodada le amewo ŋu fũ akpa alo do eɖokui ɖe dzi hekpɔ ŋusẽ ɖe nuvɔ̃me madeblibo siwo dome wònɔ heɖe gbeƒã le la dzi o. (Mateo 9:10-13; 21:31, 32;  Luka 7:36-48; 15:1-32; 18:9-14) Yesu mebia nu geɖe wu alesi hiã tso wo si gbeɖe o. Mena amewo ƒe agbawo gakpe ɖe edzi o. Ke boŋ egblɔ be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, . . . eye nye la, mana dzudzɔ mi.” Eƒe nusrɔ̃lawo kpɔe be enye amesi ƒe ‘dɔme fa, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me’; eƒe kɔkuti la le bɔbɔe, eye eƒe agba la le hodzoe.—Mateo 11:28-30.

Woɖe Yesu ƒe nɔnɔme fia le Nyanyuiawo me wòdze nyuie. Manɔ bɔbɔe be ame vovovo ene nakpa ame tɔxɛ aɖe ŋu nya ahaŋlɔe ɖe ɖoɖo ɖeka aɖe nu le ŋutinya ene siwo to vovo kura me wòasɔ pɛpɛpɛ o. Asesẽ ŋutɔ be nuŋlɔla vovovo ene naɖɔ ame ɖeka ahaƒo nu tso eŋu wòato mɔ ɖeka, ne menye ɖee ame ma nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ o.

Ŋutinyaŋlɔla Michael Grant bia nya aɖe si na wobua tame be: “Aleke wòdzɔe be ɖekakpui dzeameŋu aɖe si de ha kple nyɔnu ƒomeviwo katã, siwo dometɔ aɖewo nye esiwo ŋu mele be woade bubui kura o, amesiwo mekpɔa ŋusẽ ɖe woƒe seselelãmewo dzi o, nusi mele dzɔdzɔmenu o wɔlawo, alo gbolowo, eye wòkpɔtɔ nye ame maɖifɔ aɖe ko le nuwo katã me la ƒe nya wɔ va le Nyanyuiawo katã me alea gbegbe ɖo?” Ŋuɖoɖo si me susu le enye be amesia nɔ anyi ŋutɔŋutɔ hewɔ nu abe alesi Biblia gblɔe ene.

Yesu Ŋutɔŋutɔ la Kple Wò Etsɔme

Tsɔ kpe ɖe alesi tututu Yesu nɔ agbee esime wònɔ anyigba dzi gbɔgblɔ ŋu la, Biblia fia be enye Mawu ƒe Tenuvi, “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi” si nɔ agbe do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu. (Kolosetɔwo 1:15) Ƒe alafa 20 enye sia va yi la, Mawu tsɔ Via si le dziƒo ƒe agbe de Yuda-ɖetugbui nɔaƒe aɖe ƒe vidzidɔ me be wòadzi wòanye ame. (Mateo 1:18) Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, eɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea be eya koe nye amegbetɔ siwo dzi nu te ɖo la ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia, eye wòhe eƒe nusrɔ̃lawo be woayi gbeƒãɖeɖedɔ sia dzi.—Mateo 4:17; 10:5-7; 28:19, 20.

Le Nisan 14 (anye April 1), 33 M.Ŋ. dzi la, wolé Yesu, drɔ̃ ʋɔnui, tso afia nɛ, hewui le alakpanya si wotsɔ ɖe eŋu be enye aglãdzela ta. (Mateo 26:18-20, 48–27:50) Yesu ƒe kua va nye tafe, si ɖe ameƒome xɔsetɔwo tso woƒe nuvɔ̃menyenye me heʋu agbe mavɔ ƒe mɔ na amesiwo katã xɔ eyama dzi se. (Romatɔwo 3:23, 24; Yohanes I, 2:2) Le Nisan 16 dzi la, wofɔ Yesu ɖe tsitre, eye wòtrɔ yi dziƒo le esia megbe kpuie. (Marko 16:1-8; Luka 24:50-53; Dɔwɔwɔwo 1:6-9) Esi Yesu si wofɔ ɖe tsitre lae nye Fia si Yehowa tia ta la, ŋusẽ blibo le esi be wòana Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na amegbetɔ nava eme. (Yesaya 9:5, 6; Luka 1:32, 33) Ẽ, Biblia ƒo nu tso Yesu ŋu be eyae nye ame vevitɔ si dzi Mawu ƒe tameɖoɖowo ato ava eme.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame gbogbowo xɔ Yesu le amesi wònye ta—be enye Mesia, alo Kristo, si ŋugbe wodo la, amesi wodɔ ɖo ɖe anyigba dzi be wòaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ahaku wòanye tafe ɖe ameƒomea ta. (Mateo 20:28; Luka 2:25-32; Yohanes 17:25, 26; 18:37) Le yometiti sesẽwo me la, asesẽ na amewo be woazu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ne ɖe womeka ɖe amesi wònye la dzi o. Wotsɔ dzinɔameƒo kple dzonɔameme wɔ ɖe dɔ si wòde wosi be ‘woawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo’ la dzi.—Mateo 28:19.

Egbea, Kristotɔ dzianukwaretɔ miliɔn geɖe siwo nya nu nyae be Yesu menye glimeme dzro aɖe ko o. Wobua eyama be enye Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo le dziƒo ƒe Fia si woɖo zi dzi, amesi ava kpɔ anyigba kple eŋu kuxiwo gbɔ kpuie. Mawu ƒe dziɖuɖu sia nye dzidzɔnya elabena gbɔdzɔekpɔkpɔ tso xexeame ƒe kuxiwo mee wòahe vɛ. Kristotɔ vavãwo ɖea woƒe lɔlɔ̃ na Fia si Yehowa tia la fiana to gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” na ame bubuwo me.—Mateo 24:14.

Amesiwo nɔa megbe na Fiaɖuƒeɖoɖo si wowɔ to Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi, dzi la anɔ agbe axɔ yayra mavɔwo. Yayra siawo ate ŋu asu wò hã asiwò! Adzɔ dzi na magazine sia talawo be yewoakpe ɖe ŋuwò nànya amesi tututu Yesu nye.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kpɔ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s?, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 5 vaseɖe 7 hena Nyanyuiawo ƒe nuŋlɔɖiwo ŋuti numeɖeɖe deto.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nusi Amewo Gblɔ

“Mebu Yesu Nazarettɔ la be enye nufiala bibi siwo nɔ xexeame kpɔ la dometɔ ɖeka. . . . Magblɔ na Hindutɔwo be ne míetsɔ ɖokuibɔbɔ srɔ̃ Yesu ƒe nufiafiawo o la, míaƒe agbe made keŋkeŋ o.” Mohandas K. Gandhi, The Message of Jesus Christ.

“Ame aɖe si tɔgbe meli o, si de keŋkeŋ, si sɔ le nuwo katã me, si de blibo, si tsɔa ɖe le eme na ame, evɔ wòde ŋgɔ wu amegbetɔwo katã la ŋutinya mate ŋu anye amebeble alo nyakpakpa o. . . . Abia amesi de ŋgɔ wu Yesu be wòato Yesu aɖe vɛ.” Philip Schaff, History of the Christian Church.

“Be amegbetɔ tsɛ aɖewo ko natso akpa ame aɖe si ƒe amenyenye wɔa dɔ ɖe ame dzi henyoa ame ŋu nenema gbegbe, amesi ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo kɔkɔ ŋutɔ kple amesi me amegbetɔ ƒe nɔviwɔwɔ si wɔa dɔ ɖe ame dzi nenema gbegbe le ƒe ŋutinya anye nukunu si dzixɔxɔse asesẽ sã wu esiwo woŋlɔ ɖe Nyanyuiawo me.” Will Durant, Caesar and Christ.

“Ebubu be ame gbogbo aɖewo siwo ŋu ɖikeke mele o la nɔ anyi ŋutɔŋutɔ eye wodo dzixɔsewo kpɔ hedo kpo nu ana wòasesẽ be woase egɔme be ame aɖe si ƒe nya wokpa, abe blema boblodonu ene, nanye amesi to subɔsubɔ aɖe si le ta kekem le anyigba bliboa dzi vɛ.” Gregg Easterbrook, Beside Still Waters.

‘Abe ŋutinyaŋlɔla si nya agbalẽ ene la, meka ɖe edzi bliboe be nuka ke Nyanyuiawo ɖanye o, menye xotutuwoe wonye o. Womenye nyakpakpa siwo ta wòanye xotutuwo ɖo o. Míenya Yesu ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa gãtɔ o, eye xotula aɖeke maɖe mɔ be wòanɔ alea o.’ C. S. Lewis, God in the Dock.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Nyanyuiawo ɖe Yesu ƒe seselelãme vovovoawo fia