Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

 Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Akpa kae Germany Dziɖuɖu ƒe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒe wɔ le aʋadziɖuɖu si subɔsubɔnyawo kpɔ le senyawo me?

Ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe nyametsotso gbegblẽ si ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe wɔ tsɔ tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo kple wo dede agbalẽ me le se nu ŋu me. Wogblɔ le nyametsotso si na woɖu aʋa dzi me be subɔsubɔblɔɖe ɖe mɔ na ame be wòate ŋu ‘awɔ eƒe subɔsubɔdzixɔsewo dzi’ wu nusiwo Dziɖuɖua bia.—8/15, axa 8.

Ɣeyiɣi didi kae Hiob ƒe fukpekpewo xɔ?

Hiob ƒe agbalẽa megblɔ be ekpe fu hena ƒe gbogbowo o. Hiob ƒe fukpekpea kple eƒe nuteƒewɔwɔ katã ate ŋu adzɔ le ɣleti ʋɛ aɖewo alo ɖewohĩ le ɣeyiɣi si made ƒe ɖeka o me.—8/15, axa 31.

Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be menye nyakpakpameme aɖe koe Abosam nye o?

Yesu Kristo nya be Abosam li ŋutɔŋutɔ. Amesi li ŋutɔŋutɔe te Yesu kpɔ, ke menye nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme aɖe si nɔ eme lae o. (Mateo 4:1-11; Yohanes 8:44; 14:30)—9/1, axa 5-6.

Lododowo 10:15 gblɔ be: “Hotɔ ƒe kesinɔnuwo nye du sesẽ nɛ; ke hiãtɔ ƒe gbegblẽ enye eƒe ahedada.” Aleke nya sia nye nyateƒee?

Kesinɔnu ate ŋu akpɔ ame ta le nudzɔɖeamedzi aɖewo me le agbe me abe alesi ko du sesẽ me nɔnɔ kpɔa emenɔlawo ta vaseɖe afi aɖee ene. Ke ahedada ate ŋu ahe afɔku vɛ le nuɖiɖeame aɖewo me.—9/15, axa 24.

Gɔmesese ka nue “amewo de asi Yehowa ƒe ŋkɔyɔyɔ me” le Enos ƒe ŋkekeawo me? (Mose I, 4:26)

Wote Mawu ŋkɔ zazã tso ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke; eyata nusi wɔm wonɔ le Enos ƒe ŋkekeawo me menye Yehowa ƒe ŋkɔa yɔyɔ le xɔse me o. Amewo anya tsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ na wo ɖokui alo tsɔe na ame bubu siwo wòdze abe woawo dzie wotona subɔa Mawu ene.—9/15, axa 29.

Nukae nya “amehehe” fia abe alesi wozãe le Biblia mee ene?

Nya la mefia ŋlɔmiwɔwɔ alo ŋutasesẽ le mɔ aɖeke nu o. (Lododowo 4:13; 22:15) Nusi Helagbe me nya si wozã na “amehehe” fia koŋ enye nufiame, nusɔsrɔ̃, ɖɔɖɔɖo, kple ɣeaɖewoɣi tohehe sesẽ si woana le lɔlɔ̃ me. Mɔ vevi siwo dzi dzilawo ate ŋu ato asrɔ̃ Yehowa dometɔ ɖekae nye agbagbadzedze be woaʋu dzeɖoɖo ƒe mɔwo ɖi na wo viwo. (Hebritɔwo 12:7-10)—10/1, axa 8, 10.

Aleke egbegbe nyateƒe Kristotɔwo ɖenɛ fiana be Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzie yewole?

Le Mawu ƒe Fiaɖuƒe taʋiʋli me la, Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le dunyahehe me alo daa megbe na aglãdzedze le dukɔ siwo me woɖo asi Ðasefoawo dzi le o. (Tito 3:1) Ke boŋ wodzea agbagba be yewoawɔ gbɔgbɔmedɔ si ŋu viɖe le, si sɔ kple nusi Yesu kple eƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo wɔ, eye wokua kutri be yewoakpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ siwo ŋu viɖe le abe nyateƒetoto, agbedzadzɛnɔnɔ, kple dɔnyuiwɔwɔ ene.—10/15, axa 6.

Aleke agbetsi le tsatsamee le Andes?

Yehowa Ðasefo siwo le afima le agbagba dzem be yewoatsɔ Biblia ƒe nyateƒewo ayi na amewo, le afima nɔlawo degbe eve siwo nye Quechua kple Aymara me kura gɔ̃ hã. Ðasefoawo yia amesiwo le tɔdomekpo siwo le Titicaca-ta la dzi, tsɔ kpe ɖe amesiwo le tɔdomekpo siwo wotsɔ aƒla wɔ siwo “hona ɖe tsia ŋgɔ” ŋu la gbɔ.—10/15, axa 8-10.

Nukae Mawu na mí be wòafia mɔ mí si woate ŋu atsɔ asɔ kple kɔmpiuta si fiaa mɔ yameʋuwoe?

Mawu tsɔ agbenyuinɔnɔ ƒe mɔfianu ƒe ŋutete, si nye agbenyuinɔnɔ ƒe seselelãme ememetɔ na amegbetɔwo. Esiae nye dzitsinya si le mía me wotsɔ dzi míi. (Romatɔwo 2:14, 15)—11/1, axa 3-4.

Nukata asixɔxɔ gã le Yesu ƒe ku ŋu?

Esi ame deblibo Adam wɔ nuvɔ̃ la, ebu amegbetɔ ƒe agbe na eɖokui kple na eƒe dzidzimeviwo. (Romatɔwo 5:12) Yesu si nye ame deblibo tsɔ eƒe agbe sa vɔ, wònye tafe si ate ŋu ana amegbetɔ wɔnuteƒewo nakpɔ agbe mavɔ.—11/15, axa 5-6.

Amekawoe nye Skitetɔ siwo woyɔ le Kolosetɔwo 3:11?

Skitetɔwo nye dukɔ tsatsala siwo ɖu Europa kple Asia dzi anɔ ƒe 700 va ɖo 300 D.M.Ŋ. Wonye sɔdola kple aʋawɔla bibiwo. Kolosetɔwo 3:11 mefia dukɔ aɖeke me tɔwo o, ke ame vɔ̃ɖi gblẽkuwo boŋ.—11/15, axa 24-5.

Nukatae míate ŋu agblɔ be Sikasededea nye nufiafia si ŋu wòle be míalé fɔ ɖo ɣesiaɣi?

Yuda kple Buddha subɔsubɔ kpakple Hela xexemenunya katã ɖea agbenyuinɔnɔ ŋuti se sia gɔme ɖe mɔ vovovowo nu. Gake nusi Yesu gblɔ le Todzimawunyaa me la nye xexeame katã ƒe nufiafia si kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi le afisiafi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me. (Mateo 7:12)—12/1, axa 3.