Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke woda kpo siwo wotsɔ kɔa nubablaɖaka la ɖii esi Fiawo I, 8:8 ɖee fia be wokpɔa wo tso Kɔkɔeƒe la me?

Esi Yehowa fia Mose alesi wòawɔ avɔgbadɔ lae le gbeadzi la, nubablaɖaka lae nye nu vevitɔ wu le wo dome. Aɖaka sia si ŋu wofa sika ɖo si le dzogoe ene me la mee kpe si dzi woŋlɔ Sea ɖo kple nu bubuwo nɔ. Xɔgã ememetɔ alo megbexɔ si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe mee wònɔ. Wotsɔ sika wɔ kerubi eve siwo keke aʋalã ɖe Aɖakaa ƒe nutsyɔnu dzi. Asigɛwo le Aɖaka la ƒe go ɖesiaɖe ŋu ale be woate ŋu atsɔ kpo eve siwo wotsɔ xéti kpae eye wofa sika ɖe wo ŋu la akɔe. Eme kɔ ƒã be wotsɔ kpoawo de asigɛawo me to Aɖaka la te lɔbɔɔ. Eyata Aɖaka si le enɔƒe si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe si le avɔgbadɔ si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la awɔe be kpoawo atrɔ ɖe dziehe va yi anyiehe. Alea tututue wònɔ le esime Aɖaka la nɔ gbedoxɔ si Salomo tu la hã me.—Mose II, 25:10-22; 37:4-9; 40:17-21. *

Xɔmetsovɔ aɖe ma Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe kple Kɔkɔeƒe (xɔgã emetɔ) la me. Nunɔla si le Kɔkɔeƒe la mate ŋu akpɔ Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me ahayi Aɖaka si dzi Mawu ɖea eɖokui fiana le la kpɔ ge o. (Hebritɔwo 9:1-7) Eyata Fiawo I, 8:8 adze abe nusi tɔtɔa ame ene: “Kpoawo didi, ale be wokpɔa kpoawo nu tso kɔkɔeƒe la me le megbexɔ la nu, ke womekpɔa wo tso gota o.” Nya ma kee dze le Kronika II, 5:9 hã. Aleke kpoawo dzenae na amesi le gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒe la?

Ame aɖewo susui be kpoawo ka xɔmetsovɔa ŋu si na be teƒea ho ɖe dzi wokpɔna le avɔa megbe. Gake esia mate ŋu anɔ alea ne kpoawo trɔ ɖe dziehe va yi anyiehe esime xɔmetsovɔa hã trɔ nenema o. (Mose IV, 3:38) Numeɖeɖe si me kɔ aɖe li. Kpoawo anya dze ne mɔ sue aɖe le xɔmetsovɔa kple gbedoxɔa ƒe glia dome alo ne nunɔlagã le gegem ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me. Xɔmetsovɔa xe Aɖaka la ŋgɔ be womate ŋu akpɔe keŋkeŋ o, gake kpo siwo didi wu aɖaka la ƒe go eveawo anya nɔ dzedzem to mɔ sue ma me. Togbɔ be numeɖeɖe sia me kɔ hã la, míate ŋu ate tɔ ɖe edzi fũ o.

Eme kɔ ƒã be nu geɖe kpɔtɔ li si míava srɔ̃. Apostolo Paulo ƒo nu tso nusiawo dometɔ aɖewo ŋu le lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo me. Emegbe egblɔ be: “Nusiawo ŋuti nya míate ŋu agblɔ . . . wo tɔxɛ wo tɔxɛ fifia o.” (Hebritɔwo 9:5) Nuteƒewɔlawo ƒe tsitretsitsi si gbɔna aʋu mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname ɖi na mí be míasrɔ̃ nu tso ŋutsu siwo nye Mose, Aron, Bezaleel, kple ame bubu siwo nya nu tso avɔgbadɔa kple eŋudɔwo ŋu la gbɔ.—Mose II, 36:1.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Womeɖea kpoawo le asigɛawo me ne woda Aɖaka la ɖe enɔƒe le avɔgbadɔa me gɔ̃ hã o. Edze ƒã be womagate ŋu atsɔ kpoawo awɔ nu bubu aɖeke o. Eye mele be woaka asi Aɖaka la hã ŋu o; ke ne woɖe kpoawo ɖa le asigɛawo me la, mɔzɔzɔ ɖesiaɖe abia be woaka asi Aɖaka kɔkɔea ŋu be woagagbugbɔ kpoawo ade asigɛawo me. Nya siwo le Mose IV, 4:6 si ku ɖe ‘kpoawo dede’ ŋu anya fia kpoawo dzɔdzɔ nyuie esi wole dzadzraɖo wɔm ɖe ʋuʋu ayi teƒe yeye aɖe ŋu.