Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbetsidzidzi Tsa Le Andes

Agbetsidzidzi Tsa Le Andes

 Agbetsidzidzi Tsa Le Andes

Andes Togbakawo zɔ to Peru ƒe titina eye wòma dukɔa ɖe akpa eve me, ƒutanuto si me tsi medzana le tututu o le ɣetoɖoƒekpa dzi eye ɣedzeƒekpa dzi nye avenyigba si me afu dona ɖo litii. Togbaka sia si zɔ to dukɔa titina dzie ame miliɔn 27 siwo le Peru la ƒe akpa etɔ̃lia kple edzivɔ le. Wo dometɔ aɖewo le Andes-toa tame ʋĩ kple exa alo agado kple bali globo wɔnuwo dome.

 ALESI kpe klitsaklitsawo le Andes-toa dzii na be wòsesẽna naa amewo be woatso teƒe aɖe ayi nuto ma ƒe akpa bubu. Esia na ame miliɔn nane siwo le afima ɖe ɖe aga tso ame bubuwo gbɔ le mɔ aɖewo nu eye zi geɖe nudzɔdzɔ kple ŋgɔyidɔ siwo le edzi yim le nuto ma godo meɖoa afima o.

Wotso kɔƒewo ɖe tɔsisiwo to be woate ŋu akpɔ tsi ade nukuwo ahana lãha siwo nye kposɔ ƒomevi vovovo aɖewo, kple alẽwo. Gake tsi vevi bubu ƒomevi aɖe hã tsana le Andes—gbɔgbɔmetsi fadziname, si tso Yehowa, “tsi gbagbe vudo,” la gbɔ. (Yeremya 2:13) Mawu le eƒe Ðasefowo zãm be woakpe ɖe du siwo wotso ɖe Andes-toa tame ʋĩ la me nɔlawo ŋu be eyama kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si.—Yesaya 12:3; Yohanes 17:3.

Esi wònye Mawu ƒe didie enye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me” ta la, subɔla siawo dzea agbagba etɔxɛe be woaɖo amesiwo le du siwo gbɔ ɖoɖo mele bɔbɔe o la me be woatsɔ Biblia me gbedasi si naa agbe la ana wo. (Timoteo I, 2:4) Biblia me gbedasi deŋgɔ sia naa numekɔkɔ ame. Ena afima nɔlawo vo tso alakpadzixɔsewo, kɔnuwo, kple nukpɔsusu siwo na wovɔ̃a ame kukuwo, gbɔgbɔvɔ̃wo, kple dzɔdzɔmeŋusẽwo la me. Vevietɔ wu la, gbedasi sia naa mɔkpɔkpɔ wɔnuku si nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi woamawo.

Agbagbadzedze Aɖo Afima

Ehiã be Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo yia saɖaga-nuto siawo me naku kutri geɖe. Be woate ŋu aɖo amewo ƒe dzi gbɔ la, ele na Biblia-fiala siawo be woanya Quechua alo Aymara, si nye gbe eve siwo nutoa me tɔwo dona.

Kɔƒe siwo le Andes-toa dzi gbɔ ɖoɖo mele bɔbɔe o. Ketekemɔ meto teƒe geɖe le afima o. Afɔku le mɔzɔzɔ ayi afima me eye yame ƒe nɔnɔmewo te ŋu trɔna nyamaa edziedzi, mɔfiagbalẽ adodoewo meli o. Ekema aleke Ðasefoawo wɔna ɖoa ameawo gbɔ kple Fiaɖuƒegbedasia?

Nyanyuigbeƒãɖela dzinɔameƒotɔwo lɔ̃ faa kpea akɔ kple gbetɔame ma heɖea gbɔgbɔ si nɔ nyagblɔɖila Yesaya si fiana be: “Nyee nye esi, dɔm!” (Yesaya 6:8) Wozã kekexɔ etɔ̃ zɔ mɔ yi dziehe, titina, kple anyiehe nutowo me. Mɔɖela alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla veviedonulawo tsɔ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ agbalẽgo geɖe ɖe asi heyi ɖaƒã Biblia me nyateƒea ƒe kuwo ɖe vividoɖeameŋula, amedzrowɔla, kple dzianukwaretɔ siwo le afima la me.

Afɔku le mɔa ƒe akpa siwo le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ le toa dzi zɔzɔ me ŋutɔ. Lɔrimɔawo xa gobaa ale gbegbe be ele be ʋu siawo kulawo nagbɔ dzi ɖi axa ʋuawo nenema hafi ate ŋu aɖo dedie. Esi wonɔ mɔ goba siawo dometɔ aɖe xam la, dutanyanyuigblɔla aɖe si nɔ bɔsua ƒe megbezikpui dzi do mo ɖe fesre nu hekpɔ be ʋua ƒe megbefɔtiawo dometɔ ɖeka nɔ agado gã aɖe si goglo meta 190 to zɔm tututu! Ðe wòmiã ŋku vaseɖe esime ʋua to afima ŋu yi.

Mɔa ƒe akpa aɖewo menyo o eye wo dzi mekeke kura o. Esi kekexɔawo dometɔ ɖeka nɔ aga ɖim le mɔ xaxɛ klitsaklitsa sia dzi la, ekpɔ agbatsɔʋu aɖe wògbɔna. Ðe wotɔ kekexɔa ɖe toa tame le afi aɖe hafi wɔ ɖɔɖɔɖɔ te ŋu dze le wo nɔewo ŋu.

Ke hã nusiwo do tso kutrikuku ma gbegbe me ɖe dzesi ŋutɔ. Àdi be yease nya geɖe tso agbagbadzedze mawo ŋua?

Titicaca-ta la me Tsi “Tsoƒewo”

Le Andes-to si kɔkɔ meta 3,800 wu atsiaƒu ƒe agunu la, tsita aɖe li woyɔna be Titicaca-ta si nye ta si to dukɔa titina si nye lolotɔ kekeake le xexeame si dzi tɔdziʋuwo ate ŋu ato. To siwo tame sno xana ɖo siwo dometɔ aɖewo kɔkɔ wu meta 6,400 mee tɔsisi 25 siwo de nu Titicaca-taa me la ƒe akpa gãtɔ dzɔ tso. Alesi toawo kɔkɔ ŋutɔ le afimae na be yame fana ŋutɔ si wɔnɛ be lãmegbegblẽ ɖea fu na amesiwo afima nɔnɔ mema o.

 Ɣeaɖeɣi va yi la, mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si dona Quechua kple Aymara gbe zɔ mɔ yi Titicaca-ta la ƒe tɔdomekpo siwo nye Amantani kple Taquile dzi. Wotsɔ fotoɖeɖefia si ƒe tanyae nye “A Closer Look at the Churches,” (Ŋkuléle Ðe Sɔlemehawo Ŋu Nyuie) si me wodzro Kristodukɔa ƒe alakpanuwɔnawo me anukwaretɔe le ɖe asi. Amewo kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu nyuie. Ŋutsu aɖe xɔ nɔviawo eye wòna xɔ aɖe si me lolo wo le eƒe aƒeme be woanɔ afia Biblia.

Ame 100 ye va kpekpe gbãtɔ si wowɔ le Amantani; eye ame 140 va esi wowɔ le Taquile. Quechuagbe mee wowɔ kpekpeawo le. Srɔ̃tɔ aɖe si nɔ tɔdomekpoa godo tsã la gblɔ be: “Ɣeyiɣia de azɔ be mi Yehowa Ðasefowo miaɖo ŋku mía dzi. Míenɔ gbe dom ɖa be miava afisia.”

Tsɔ kpe ɖe ƒukpo gã eve siawo ŋu la, wokaka nyanyuia wòɖo tɔdomekpo suesue 40 bubu siwo “ho ɖe Titicaca-ta la ŋgɔ” la dzi. Tɔdomekpo ho ɖe tsi ŋgɔa? Ẽ, aƒla siwo miena ɖe taa ƒe teƒe siwo megoglo fũ o, si woyɔna be totoras lae wotsɔna wɔa tɔdomekpo siawoe. Totoras miena tso tsia te hevuna ɖe edzi. Be woawɔ tɔdomekpo la, afima nɔlawo léa aƒla siwo ƒo ke ɖe to sesĩe le ta te la bina helɔ̃nɛ ɖe wo nɔewo me wòkekena gbadzaa. Emegbe wolɔa ba kɔna ɖe aƒla si wolɔ̃ wòkeke gbadzaa la dzi eye wolãa aƒla bubu kɔna ɖe edzi si na ŋusẽ nɔa eŋu. Amewo nɔa aƒlaxɔ siwo wotu ɖe edzi la me.

Yehowa Ðasefowo di tɔdziʋu aɖe zãna le gbeƒãɖeɖe na amesiwo le tɔdomekpo siwo le Titicaca-ta la dzi me. Tɔdziʋuawo te ŋu kɔa ame 16. Ne Ðasefoawo tɔ tɔdziʋua ɖe tsi ŋgɔ tɔdomekpoa gbɔ vɔ la, wozɔa aƒla lɔlɔ̃e gbadzaawo dzi yia aƒlaxɔ si gbɔ yina kemɛ gbɔ. Wogblɔna be yewosena le yewoƒe afɔ te be kpoawo le ʋaʋam vie. Amesiwo vɔ̃a tsi mate ŋu anɔ afisia o!

Du kple kɔƒe gbogbo siwo le taa ŋu kple tɔdomekpo siwo tsi meƒo xlã godoo o dzi la mee Aymaragbedolawo ya le. Tɔdziʋu tsɔtsɔ yi afisiawo le bɔbɔe wu afɔzɔzɔ. Le wo katã me la, wobui be amesiwo ade 400,000 ye le nuto siwo me wotsɔa Fiaɖuƒegbedasia yinae kple tɔdziʋu la me. Vovo megbɔna tɔdziʋuawo ŋu nɔ ge kura o hena ɣeyiɣi aɖe.

Gbɔgbɔmetsikɔwuame Nu Tsitsi

Flavio le Santa Lucía kɔƒe si te ɖe Juliaca ŋu le Andes-toa dzi la me. Wofia dzomavɔ nufiafia lae le Nyanyui Hame si me wòle la me. Enɔa vɔvɔ̃m na dzo tsɔtsɔ ahe toe na ame tegbee ƒe nya sia ƒe geɖe. Ebua alesi lɔlɔ̃ Mawu aɖe nawɔ funyafunya amegbetɔwo le dzo me tegbee la ŋu zi geɖe. Esi Tito, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe, ɖi tsa yi kɔƒe ma me la, eyi ɖe Flavio gbɔ.

Nya gbãtɔ siwo Flavio bia dometɔ ɖekae nye, “Ðe míaƒe subɔsubɔha fiana be wowɔa fu amewo le dzomavɔ mea?” Tito ɖo eŋu be menye ɖeko nukpɔsusu ma aɖeke mele Wɔla la si o ke edoa vlo Yehowa, lɔlɔ̃ Mawu la ƒe ŋkɔ. Tito zã Biblia gɔmeɖeɖe si le Flavio ŋutɔ si tsɔ ɖe nu me nɛ be ame kukuwo meganyaa naneke kura o eye be wole tsitretsitsi si gbɔna le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te le anyigba dzi la lalam. (Nyagblɔla 9:5; Yohanes 5:28, 29) Esia nye numekɔkɔ yeye na Flavio. Elɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye enumake eye wòva zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ.

Kɔƒe si Me Nɔlawo Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia

Bu dzidzɔ si gbegbe woanye be woatsɔ Ŋɔŋlɔawo ayi na kɔƒemenɔla siwo mekpɔ Biblia kpɔ o alo woaɖe gbeƒã le kɔƒe siwo me ameawo mese nu tso Yehowa Ðasefowo alo nyanyui si ƒe gbeƒã ɖem wole la ŋu kpɔ o me ŋu kpɔ! Esia enye nuteƒekpɔkpɔ si su nɔvinyɔnu mɔɖela etɔ̃—Rosa, Alicia, kple Cecilia—siwo ɖe gbeƒã le kɔƒe siwo nye Izcuchaca kple Conayca, siwo le afisi ƒe kɔkɔme wu meta 3,600 le Peru titina me la si.

 Esi wova ɖo kɔƒe gbãtɔ me la, womekpɔ teƒe aɖeke adze o. Woyi ɖaɖe susu si ta wova afima me na kpovitɔwo ƒe amegã. Nukae do tso eme? Ena wotsi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe dɔ ŋu ke. Le ŋkeke si kplɔe ɖo me la, mɔɖelaawo te ŋu kpɔ aƒe aɖe si va zu afisi wonɔ wɔ woƒe dɔa.

Eteƒe medidi o Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizã si woɖuna ƒe sia ƒe la va ɖo. Mɔɖelaawo de aƒe ɖesiaɖe si le Izcuchaca kɔƒea me eye wona Biblia geɖe, eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gbogbo aɖewo wɔwɔ gɔme. Hafi Ŋkuɖodzia naɖo la, woma wɔnaa ŋuti amekpegbalẽ eye woɖe tameɖoɖo kple gɔmesese si le azã la kple kpɔɖeŋunu siwo wozãna le wɔnaa me la me. Wokpe nɔviŋutsu aɖewo be woava kpe ɖe yewo ŋu le wɔnaa me, eye wo dometɔ ɖekae ƒo nuƒoa. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye esi ame 50 tso kɔƒe sue ma me va wɔna tɔxɛ sia teƒe! Esia enye zi gbãtɔ si wose nusi Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖua nye ŋutɔŋutɔ gɔme. Azɔ hã aleke wòdzɔ dzi na wo be Mawu ƒe Nya la ka yewo si enye esi!

Vovo tso Agba Kpekpewo Tsɔtsɔ Me

Biblia ƒe nyateƒetsi fadzinamea tsɔtsɔ yi na amesiwo alakpasubɔsubɔ lé aboyoe la nyea dzidzɔ ɣesiaɣi. Pisac nye du sesẽ aɖe si nɔ blema Inca Fiaɖuƒe me. Wofia dzomavɔ nufiafia si metso ŋɔŋlɔawo me o la amesiwo le afima egbea la ƒe akpa gãtɔ. Woƒe nunɔlawo gblɔ na wo be yewoƒe nyaxɔxɔɖeakɔ na wo ɖeɖeko dzie ameawo ate ŋu ato ayi dziƒo.

Eme kɔ ƒã be Biblia ƒe nyateƒetsi fadzinamea ƒe tsikɔ le amesiawo wum. Esi Santiago, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla nɔ dɔ wɔm tso aƒeme yi aƒeme la, mɔnukpɔkpɔ su esi wòɖe nu me na ŋutsu aɖe be woɖoe be ame dzɔdzɔewo nanɔ agbe le paradiso me le anyigba dzi. (Psalmo 37:11) Santiago ɖee fia le Biblia me be woafɔ ame kukuwo eye be woafia Yehowa ƒe mɔ deblibowo ameƒomea be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ. (Yesaya 11:9) Vaseɖe ɣemaɣi la, ŋutsu ma nye Katolikotɔ akuakua, eƒo eɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me, eye wònye ahatsunola. Fifia la, Biblia me mɔkpɔkpɔ kple agbemetaɖodzinu su esi—si nye agbenɔnɔ le Paradiso me. Etɔ dzo eƒe gbɔgbɔyɔnuwo katã eye wòdzudzɔ ahatsunono. Eƒo eƒe ƒomea nu ƒu helɔ̃ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli yewo. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ƒome ma me tɔwo katã ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu hexɔ nyɔnyrɔ.

Amedzrowɔwɔ Aɖe

Todzinɔlaawo wɔa amedzro ale gbegbe. Togbɔ be menye aƒe kpeɖiwo mee ameawo le o eye ŋutilãmenu mele wo si fũ o hã la, wotsɔa nusiwo le wo si wɔa amedzroe faa. Hafi woava srɔ̃ Biblia ƒe dzidzenu kɔkɔwo la, amedzroxɔla te ŋu tsɔa gbe aɖe si woyɔna be coca naa eƒe amedzro wòanɔ ɖuɖum esime wole dze ɖom. Gake esi wova zu Ðasefowo megbe la, wote ŋu tsɔa sukli gatsi ɖeka si ƒe home saɖaganutoa me nɔlawo buna be esɔ kple gbea tɔ nana ɖe eteƒe.

Nɔviŋutsu aɖe bia dutanyanyuigblɔla aɖe be wòakplɔ ye yi tɔtrɔyi aɖe wɔƒee. Le to kɔkɔ aɖe si lialia sesẽ lialia vɔ la, woƒo asikpe tsɔ na nyanya aƒemenɔlaa be yewova ɖo. Wokpe wo be woage ɖe bexɔa me, eye ele na wo be woabɔbɔ hafi ate ŋu ato mɔnu si le kpuie ŋutɔ la nu. Wozɔ dzadza to xɔ si me ɖi geɖe nɔ anyigba le la titina, afisi vidadaa ɖe do ɖe xɔa me hetsɔ kuntru ɖo ɖe eme eye wòtsɔ via mlɔ eme le la xa. Ðeko vidzĩ sia si mate ŋu ado o nɔ gbe tem henɔ fefem dzidzɔtɔe esime ame tsitsiawo nɔ nu ƒom. Le numedzodzro si ku ɖe yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ wɔwɔ megbe la, nyɔnua tsɔ nugo kɔkɔ aɖe si me afimatɔwo ƒe nunono aɖe nɔ la vɛ na wo. Eteƒe medidi o, nɔviawo dze mɔ ɖo ta toa ƒe akpa kemɛ be woava ɖi ɖase na ame bubuwo.

Nuŋeŋedɔ Gã Aɖe

Fifia saɖagaƒuƒoƒo siwo ade alafa ɖeka tsɔ kpe ɖe ame akpe ɖeka kple edzivɔ siwo Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kplii ŋu ye le nuto sia me. Woɖo amesiwo wu Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku nu le Lima ɖa be woava kpe ɖe ƒuƒoƒo mawo ŋu woazu hamewo. Dzianukwaretɔ siwo alakpasubɔsubɔ kple aʋatsodzixɔse ɖe aboyoe ɣeyiɣi didi ŋutɔ la va kpɔ ablɔɖe to Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia dzi! (Yohanes 8:32) Wotsi nyateƒetsi ƒe tsikɔ si nɔ wowum la nu.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðaseɖiɖi le ƒukpo siwo “ho ɖe” Titicaca-ta la “ŋgɔ” dzi