Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Vavãtɔ Ate Ŋu Asu Asiwò

Xɔse Vavãtɔ Ate Ŋu Asu Asiwò

Xɔse Vavãtɔ Ate Ŋu Asu Asiwò

Esime Sarah Jayne xɔ ƒe 19 la, eva kpɔe be kansa le yeƒe azigolo me. Esi wowɔ dɔ nɛ vɔ megbe la, dzi va ɖo eƒo eye wònɔ mɔ kpɔm be nuwo gbɔna nyonyo ge. Dzi ɖo eƒo ale gbegbe be esi wòxɔ ƒe 20 la, eɖo gbe ɖi na srɔ̃ɖeɖe eye wòdze ɖoɖowo wɔwɔ ɖe eƒe srɔ̃kpekpea ŋu gɔme. Ƒe ma ke mee kansaa gaho nɛ, eye wona wònya be kwasiɖa eve pɛ koe wòaganɔ agbe. Sarah Jayne ku le June ƒe 2000 me esime wòsusɔ vie wòaxɔ ƒe 21.

NUSI wɔ dɔ ɖe amesiwo va srã Sarah Jayne kpɔ le dɔba dzi le kɔadzi dzie nye kakaɖedzi si nɔ esi ɖe etsɔme ŋu si na wòdze akɔ anyi kpakple Mawu kple eƒe Nya, Biblia, dzixɔse deto si nɔ esi. Togbɔ be dzɔgbevɔ̃e gã ma nɔ eŋgɔ hã la, eka ɖe tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa dzi—be yeagakpɔ ye xɔlɔ̃wo katã ake. (Yohanes 5:28, 29) Egblɔ be: “Makpɔ mi katã le Mawu ƒe xexe yeyea me.”

Ame aɖewo doa vlo xɔse sia tɔgbe hegblɔna be amebeble aɖe koe wònye. Ludovic Kennedy bia be: “Ðe agbenɔnɔ le ku megbe menye amesiwo mele dedie o ƒe dzixɔse aɖe ko be le kpẽ kuku mamlɛa megbe la, woana akpɔnɔ kple liha amewo, eye woaku kpẽ na yewo ahana lãmeme yewo hã eye le Eden-bɔ dama aɖe me la, yewoakpɔ dzidzɔ kple amesiwo ku do ŋgɔ kpakple amesiwo aku ɖe yewo yome oa?” Ele be míatɔ gbe nya ma. Eka mee susu le wu—be woaxɔe ase be “agbea katã koe nye esia eyata ele be míaɖui bliboe,” abe alesi Kennedy susui ene loo, alo míaxɔ Mawu kple eƒe tsitretsitsi ŋugbedodoa dzi ase? Sarah Jayne tia be yeaxɔ Mawu kple eƒe ŋugbedodoa dzi ase. Aleke wòwɔ hafi xɔse sia ɖo esi?

‘Woadi Mawu Akpɔe’

Hafi nàte ŋu axɔ ame aɖe dzi ase ahaka ɖe edzi la, ele be nàdze si eyama eye nàsrɔ̃ alesi wobua nu ŋui kple alesi wòwɔa nui. Nusia wɔwɔ bia be míaku míaƒe dzi kple susu ɖe ewɔwɔ ŋu. Alea tututue wòle le Mawu dzixɔse vavã hã tutu ɖo me. Ele be nàdze sii, asrɔ̃ nu tso eƒe nɔnɔme kple amenyenye ŋu, anya alesi gbegbe wòɖee fia be woate ŋu aka ɖe edzi ahaɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔwɔwo katã me.—Psalmo 9:11; 145:1-21.

Ame aɖewo bui be esia manya wɔ o. Wogblɔna be Mawu gbɔ didi akpa eye manya wɔ be woanya alesi wòle o—ne eli kura enye ma. Ðikela abia be: “Ne Mawu li vavã abe alesi Kristotɔwo abe Sarah Jayne ene bunɛ ene la, nukata meɖe eɖokui fia mí ame mamlɛawo o?” Gake ɖe Mawu gbɔ didi akpa nyateƒe eye womate ŋu ake ɖe eŋu oa? Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom na xexemenunyalawo kple agbalẽnyalawo le Atene la, egblɔ be “Mawu, si wɔ xexeame kple nusiwo katã le eme la,” na nusiwo katã hiã be ‘woadii akpɔe.’ Le nyateƒe me la, Paulo gblɔ be: “Mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o.”—Dɔwɔwɔwo 17:24-27.

Ke aleke nàwɔ ‘adi Mawu akpɔe’? Ame aɖewo wɔ esia to ŋkuléle ɖe nusiwo ƒo xlã wo le xexeame ŋu. Le ame geɖe gome la, kpeɖodzi siawo ɖeɖe sɔ gbɔ na wo be woaxɔe ase be Wɔla aɖe li. * (Psalmo 19:2; Yesaya 40:26; Dɔwɔwɔwo 14:16, 17) Wose le wo ɖokui me abe alesi apostolo Paulo se le eɖokui me ene be “tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa [Mawu ƒe] numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me.”—Romatɔwo 1:20; Psalmo 104:24.

Èhiã Biblia

Gake be nàte ŋu atu Wɔla la dzixɔse vavã ɖo la, èhiã nu bubu aɖe si wòtsɔ na. Nukae nye ma? Biblia ye—enye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, si me wòɖe eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo fia le. (Timoteo II, 3:16, 17) Ame aɖe agblɔ be “Gake lala gbɔ, aleke nàxɔ nya sia nya si Biblia gblɔ dzi ase ne èkpɔ nu dziŋɔ siwo gbegbe wɔm amesiwo gblɔna be yewo wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiafiawo dzi la le?” Ele eme baa be Kristodukɔa xɔ ŋkɔ gbegblẽ le alakpanuwɔwɔ, ŋutasesẽnuwɔwɔ, kple agbegbegblẽnɔnɔ me. Gake amesiame si da sɔ le nuwo ŋu bubu me akpɔe be ameŋkumenu ko Kristodukɔa wɔna be yewole Biblia ƒe mɔfiafia dzi wɔm.—Mateo 15:8.

Biblia ŋutɔ xlɔ̃ nu be ame geɖe awɔ wo ɖokui Mawu-subɔlawoe, gake le nyateƒe me la, “woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ.” Apostolo Petro gblɔ be: “[Amesiawo] ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti.” (Petro II, 2:1, 2) Yesu Kristo gblɔ be amesiawo nye “nu madzɔmadzɔ wɔlawo,” amesiwo woatsɔ woƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ adze sii nyuie. (Mateo 7:15-23) Ne míagbe Mawu ƒe Nya le Kristodukɔa ƒe ŋkɔ gbegblẽ si wonya nɛ ta la, anɔ ko abe lɛta si woxɔ tso xɔlɔ̃ aɖe si dzi woka ɖo gbɔ tsɔtsɔ aƒu gbe le esi amesi dzi wotsɔe toe nye ame fiti ta ene.

Mawu ƒe Nya manɔmee la, míate ŋu atu xɔse vavã ɖo o. Biblia me nyawo dzi koe míagblɔ be Yehowa to ɖe eɖokui nu. Ekɔ biabia siwo li xoxoxo abe nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe kple vevesese li ɖo kple nusi wòava wɔ tso nɔnɔmea ŋuti me. (Psalmo 119:105; Romatɔwo 15:4) Sarah Jayne va xɔe se be Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee Biblia nye. (Tesalonikatɔwo I, 2:13; Petro II, 1:19-21) Le mɔ ka nu? Menye esi edzilawo gblɔ be nexɔe se ko tae o, ke esi wògbɔ dzi ɖi kɔ dzime hebu ɖaseɖiɖi siwo katã ɖo kpe edzi be Biblia nye ɖeɖefia tɔxɛ si tso Mawu gbɔ tae. (Romatɔwo 12:2) Le kpɔɖeŋu me, ekpɔ ŋusẽ si gbegbe Biblia kpɔ ɖe agbe si amesiwo wɔna ɖe eƒe gɔmeɖosewo dzi nɔna dzi. To agbalẽ abe The Bible—God’s Word or Man’s? * ene dzi la, edzro eme nya gbogbo siwo ɖo kpe edzi be Mawu gbɔe wòtso la me.

‘Xɔse Tsoa Nya si Wose Me’

Gake Biblia ƒe amesinɔnɔ alo edzixɔxɔse be etso gbɔgbɔ me ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Apostolo Paulo gblɔ be ‘xɔse tsoa nya si wose me.’ (Romatɔwo 10:17) Biblia me nya sesee tua ame ƒe xɔse ɖo, ke menye eƒe amesinɔnɔ ɖeɖe ko o. ‘Àse’ nya si le Mawu si na wò to eƒe Nya xexlẽ kple esɔsrɔ̃ me. Ðeviwo gɔ̃ hã ate ŋu awɔ esia. Paulo gblɔ be “tso ɖevime ke” ye Timoteo dada kple mamaa wofia ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔeawoe.’ Ðe esia fia be wozi nufiafia aɖe ɖe edzia? Menye nenemae o! Womezi Timoteo dzi alo blee le mɔ aɖeke nu o. Ðe wona ‘wòkpɔ kakaɖedzi’ na nusi wòse kple nusi wòxlẽ la.—Timoteo II, 1:5; 3:14, 15.

Nenema ke wona Sarah Jayne kpɔ kakaɖedzii. Abe Beroiatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, ‘exɔ nya la tso edzilawo kple nufiala bubuwo gbɔ kple dzi faa.’ Esi ɖevie wònye ta la, ɖikeke mele eme o be le dzɔdzɔme nu la, eka ɖe nusi edzilawo gblɔ nɛ dzi. Emegbe esi wòva nɔ tsitsim la, metsɔ nusianu si wofiae nenema ko eme makumakui o. ‘Egbɔa dzi ɖi dzroa Ŋɔŋlɔawo me gbesiagbe be nusiawo le eme hã.’—Dɔwɔwɔwo 17:11.

Àte Ŋu Atu Xɔse Vavã Ðo

Wò hã àte ŋu atu xɔse vavã ɖo—si nye xɔse si tɔgbe ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Hebri Kristotɔwo me. Egblɔ be xɔse sia nye ‘dziɖoɖo kakaɖedzitɔe ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple nuwɔwɔ kple kakaɖedzi ɖe nu vavã siwo womekpɔ haɖe o ŋu.’ (Hebritɔwo 11:1) Ne xɔse sia su asiwò la, àka ɖe edzi bliboe be wò mɔkpɔkpɔwo katã, si me tsitretsitsi ŋugbe si Mawu do hã le la, ava eme. Àva ka ɖe dzi be kpeɖodziwo dzie wotu mɔkpɔkpɔ siawo ɖo ke menye ɖe nudzroame aɖe ŋu bubu dzie o. Àva kpɔe be Yehowa medo kpo eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ kpɔ o. (Yosua 21:45; 23:14; Yesaya 55:10, 11; Hebritɔwo 6:18) Mawu ƒe xexeme yeye si ƒe ŋugbe wòdo anɔ na wò abe ɖe wòva eme xoxo ene. (Petro II, 3:13) Eye àtsɔ xɔseŋku akpɔe be Yehowa Mawu, Yesu Kristo, kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea wonye nu vavãwo ke menye amebeble o.

Womegblẽ wò ɖi be nàtu xɔse vavã ɖo le ɖokuiwò si o. Hekpe ɖe Yehowa ƒe Nya si wòtsɔ na faa ŋu la, ewɔ ɖoɖo be Kristo-hame si le xexeame godoo, si me tɔwo tsɔ wo ɖokui ke la, nakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woatu Mawu dzixɔse ɖo. (Yohanes 17:20; Romatɔwo 10:14, 15) Xɔ kpekpeɖeŋu siwo katã Yehowa nana to habɔbɔa dzi. (Dɔwɔwɔwo 8:30, 31) Eye esi xɔse nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse ta la, do gbe ɖa edziedzi be gbɔgbɔa nakpe ɖe ŋuwò nàtu xɔse vavã ɖo.—Galatiatɔwo 5:22.

Mègana ɖikela siwo ɖua fewu le amesiame si xɔa Mawu kple eƒe Nya dzi se ŋu la naɖe dzi le ƒowò o. (Korintotɔwo I, 1:18-21; Petro II, 3:3, 4) Le nyateƒe me la, xɔse vavã nye nu vevi aɖe si ado ŋusẽ tame si nèɖo kplikpaa be yeanɔ te ɖe fuɖename sia nu. (Efesotɔwo 6:16) Sarah Jayne kpɔ nyateƒe si le nya sia me dze sii, eye edea dzi ƒo na amesiwo katã va srãnɛ kpɔ le kɔdzi ɣesiaɣi be woatu woa ŋutɔwo hã ƒe xɔse ɖo. Egblɔna na wo be: “Miwɔ nyateƒea mia tɔe. Misrɔ̃ Mawu ƒe Nya. Minɔ Mawu ƒe habɔbɔ ŋu kplikplikpli. Mido gbe ɖa edziedzi. Minɔ Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzi.”—Yakobo 2:17, 26.

Esi dɔnɔdzikpɔla ɖeka kpɔ alesi wòxɔ Mawu kple tsitretsitsia dzi see la, egblɔ be: “Wò ŋutɔ ànya xɔ nya siawo dzi se.” Esime wobiae nusi na etsɔmemɔkpɔkpɔ ma gbegbe nɔ esi togbɔ be enɔ dodokpɔ me tom hã la, eɖo eŋu be: “Yehowa dzixɔse si le asinyee. Xɔlɔ̃ vavãe wònye nam, eye melɔ̃e vevie ŋutɔ.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Kpɔ agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You?, si Yehowa Ðasefowo ta.

^ mm. 12 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

“Tso ɖevime ke” la, Timoteo dada kple mamaa fia ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔeawoe’

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Wokafu Beroiatɔwo ɖe alesi wodzroa Ŋɔŋlɔawo me gbesiagbe ta

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etso “Photo-Drama of Creation,” 1914, me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Biblia me nya sese kple edziwɔwɔe tua xɔse ɖo, ke menye eƒe amesinɔnɔe o

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

“Makpɔ mi katã le Mawu ƒe xexe yeyea me”