Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yehowa Le Viwòwo Hehe Me

Srɔ̃ Yehowa Le Viwòwo Hehe Me

 Srɔ̃ Yehowa Le Viwòwo Hehe Me

“Vi kae li, si fofoa mehea to nɛ o mahã?”—HEBRITƆWO 12:7.

1, 2. Nukatae vinyinyi nye kuxi na dzilawo egbea?

NUMEKUKU aɖe si wowɔ le Japan le ƒe ʋɛ siwo va yi me ɖee fia be ame tsitsi siwo wobia gbee ƒe afã kloe susui be kadodo boo aɖeke mele dzilawo kple wo viwo dome o eye be dzilawo ɖe asi le wo viwo ƒe mɔwo ŋu na wo akpa. Le numekuku bubu si wowɔ le dukɔ ma ke me la, Ame ɖeka le ame ene ɖesiaɖe si wobia gbee me lɔ̃ ɖe edzi be yewomenya alesi yewoawɔ nui kple ɖeviwo o. Menye Ɣedzeƒenutowo me koe wòle nenema le o. The Toronto Star ka nya ta be: “Dzila Canadatɔ geɖe lɔ̃ ɖe edzi be yewomeka ɖe edzi be dzila nyui nyenye ƒe ŋutete le yewo si o.” Ele sesẽm na dzilawo le afisiafi be woahe wo viwo.

2 Nukatae ɖeviwo nyinyi nyea kuxi na dzilawo? Nusi koŋ tae wòle nenema ɖo enye be míele ‘ŋkeke mamlɛ,’ kple ‘ɣeyiɣi vɔ̃wo’ me. (Timoteo II, 3:1) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ be “ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso [eƒe] ɖevime ke.” (Mose I, 8:21) Eye ɖevi siwo si nuteƒekpɔkpɔ mesu o koŋ dzie Satana, amesi le “abe dzata, si le gbe ɖem” ene la, te ŋu dzena bɔbɔe. (Petro I, 5:8) Ðikeke mele eme o be kplamatsedonuwo le mɔ dzi na dzila Kristotɔ, siwo ɖoe be yewoanyi yewo viwo le ‘Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ la fũ. (Efesotɔwo 6:4) Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woatsi azu Yehowa-subɔla tsitsi, siwo ate ŋu ade vovototo “nyui kple vɔ̃” dome?—Hebritɔwo 5:14.

3. Nukatae dzilawo ƒe hehenana kple mɔfiafia le vevie hena ɖeviwo nyinyi dzidzedzetɔe?

3 Fia nyanu Salomo gblɔ be: “Bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu.” (Lododowo 13:1; 22:15) Be woaɖe bometsitsi sia ɖa le ɖeviwo ƒe dzi ŋu la, ehiã be wo dzilawo naɖɔ wo ɖo lɔlɔ̃tɔe. Gake ɖɔɖɔɖo sia medzea ɖeviwo ŋu ɣesiaɣi o. Le nyateƒe me ne woɖo aɖaŋu na wo zi geɖe la, ekua dzi na wo, eɖanye amekae ɖaɖoe o. Eyata ele be dzilawo nasrɔ̃ alesi ‘woamlã ɖeviwo ɖe mɔ, si woato la ŋu.’ (Lododowo 22:6) Ne ɖeviwo xɔ hehe sia la, ate ŋu anye agbe na wo. (Lododowo 4:13) Aleke gbegbe wòle vevie enye si be dzilawo nanya nusi wo viwo hehe bia!

Amehehe—Nusi Wòfia

4. Alesi wozã nya “amehehe” le Biblia me ƒe gɔmesese koŋ ɖe?

4 Esi dzila aɖewo le vɔvɔ̃m be woava tsɔ nya ɖe yewo ŋu be yewole nuvevi wɔm yewo viwo—le ŋutilã, nyagbɔgblɔ, kple seselelãme gome—ta la, wogbea wo ɖɔɖɔ ɖo. Mele be vɔvɔ̃ mawo nanɔ mía me o. Alesi wozã nya “amehehe” le Biblia me mefia ŋlɔmiwɔwɔ alo ŋutasesẽ le mɔ aɖeke nu o. Nusi Helagbe me nya si wozã na “amehehe” fia koŋ enye nufiame, nusɔsrɔ̃, ɖɔɖɔɖo kple, ɣeaɖewoɣi la, tohehe sesẽ si woana le lɔlɔ̃ me.

5. Nukatae viɖe le eme be míadzro alesi Yehowa wɔa nu kple eƒe amewoe me?

5 Yehowa Mawu ɖo kpɔɖeŋu deblibo aɖe ɖi le amehehe sia tɔgbe nana me. Apostolo Paulo tsɔ Yehowa sɔ kple vifofo, esime wòŋlɔ bena: “Vi kae li, si fofoa mehea to nɛ o mahã? . . . Mía ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, . . . he to na mí ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, le alesi wobu be, enyo la nu, ke [Mawu] hea to na mí le míaƒe nyonyo ta, bene míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me.” (Hebritɔwo 12:7-10) Ẽ, Yehowa hea eƒe amewo  kple susu be woanɔ kɔkɔe, alo dzadzɛ. Ðikeke mele eme o be míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ɖeviwo hehe ŋu to alesi Yehowa he eƒe amewo me dzodzro me.—Mose V, 32:4; Mateo 7:11; Efesotɔwo 5:1.

Lɔlɔ̃—Ameʋãŋusẽ La

6. Nukatae wòate ŋu anye nu sesẽ na dzilawo be woasrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃?

6 Apostolo Yohanes gblɔ be: “Mawu enye lɔlɔ̃.” Eyata lɔlɔ̃e ʋãa Yehowa wònaa hehe ɖesiaɖe si wònana la. (Yohanes I, 4:8; Lododowo 3:11, 12) Ðe esia fia be anɔ bɔbɔe na dzila siwo lɔ̃ wo viwo ƒe nya be woasrɔ̃ Yehowa le go sia mea? Mefia nenema kokoko o. Mawu ƒe lɔlɔ̃ enye esi wotu ɖe gɔmeɖose dzi. Eye Hela-gbalẽnyala aɖe ɖee fia be lɔlɔ̃ sia “mezɔna aduadu kple ame ƒe nya gbɔ lɔlɔ̃ ɣesiaɣi o.” Seselelãme mekpɔa ŋusẽ ɖe Mawu dzi o. Nusi nyo na eƒe amewo ŋue wòbuna ɣesiaɣi.—Yesaya 30:20; 48:17.

7, 8. (a) Lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzi ƒe kpɔɖeŋu kae Yehowa ɖo ɖi le nuwɔwɔ kple eƒe amewo me? (b) Aleke dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa le kpekpeɖeŋu nana wo viwo be woatu Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ƒe ŋutete ɖo mee?

7 Bu lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia le nuwɔwɔ kple Israel-viwo me ŋu kpɔ. Mose ƒo nu tso lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia Israel-dukɔ si woɖo yeyee la ŋu le nyagbe wɔdɔɖeamedzi aɖe me. Míexlẽ be: “Alesi hɔ̃ dea dzo viawo me ɖe dzodzo ŋu, eye wòsa agba ɖe viawo dzi, ekekea eƒe aʋalawo hekɔ wo, eye wòtsɔ wo ɖe eƒe aʋalawo dzi la, nenema Yehowa ɖeɖe [kplɔ Yakob].” (Mose V, 32:9, 11, 12) Be hɔ̃ nafia dzodzo via la, ‘eʋuʋua eƒe atɔ la,’ ƒoa aʋala kpakpakpa enuenu hekekea eme tsɔ dea dzo hɔ̃ via me be wòadzo. Mlɔeba ne hɔ̃ via dzo le atɔa, si nɔa agakpe tame ʋĩ zi geɖe, me vɔ la, dadaa ‘saa agba ɖe’ hɔ̃ via dzi. Ne edze abe hɔ̃ via ate ŋu age la, dadaa ɖiɖina ɖe ete enumake hekɔnɛ ɖe ‘eƒe aʋala dzi.’ Nenemae Yehowa lé be na Israel-dukɔ si wodzi yeyee la lɔlɔ̃tɔe. Etsɔ Mose ƒe Sea na dukɔa. (Psalmo 78:5-7) Emegbe Mawu tsɔ beléle tɔxɛ na dukɔa, henɔ klalo xɔna na eƒe amewo ne woɖo xaxa me.

8 Aleke dzila Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃e? Gbã la, ele be woafia gɔmeɖose kple dzidzenu siwo wokpɔ le Mawu ƒe Nya me wo viwo. (Mose V, 6:4-9) Taɖodzinuae nye be woakpe ɖe ɖeviawo ŋu woasrɔ̃ alesi woawɔ nyametsotsowo le ɖekawɔwɔ me kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo. Le esia wɔwɔ me la, dzila lɔ̃amewo saa agba ɖe wo viwo dzi le kpɔɖeŋumɔ nu, henɔa ŋku lém ɖe alesi wotsɔ gɔmeɖose siwo wosrɔ̃ le dɔ wɔmee ŋu. Ne ɖeviawo le tsitsim eye wole ablɔɖe geɖe nam wo vivivi la, dzila siwo tsɔa ɖe le eme na ame nɔa klalo be ‘yewoaɖiɖi ɖe yewo viwo te kaba akɔ wo ɖe aʋala dzi’ ne afɔku gbɔna. Afɔku ka tɔgbee?

9. Afɔku ka koŋ ŋue wòle be dzila lɔ̃amewo nanɔ ŋudzɔ ɖo? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Yehowa Mawu xlɔ̃ nu Israel-viwo tso hadede vɔ̃wo me tsonuwo ŋu. (Mose IV, 25:1-18; Ezra 10:10-14) Hadede kple ame gbegblẽwo  nye afɔku si bɔ egbea hã. (Korintotɔwo I, 15:33) Anyo be dzila Kristotɔwo nasrɔ̃ Yehowa le go sia me. Ŋutsuvi aɖe ƒe nu va lé dzi na Lisa, si xɔ ƒe 15, togbɔ be ŋutsuvia mexɔ Lisa ƒe ƒomea ƒe agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔmegɔmeɖosewo dzi se o hã. Lisa gblɔ be: “Enumake dzinyelawo de dzesii be nye nɔnɔme trɔ eye wotsi dzodzodzoe. Ɣeaɖewoɣi la, woɖɔam ɖo eye ɣebubuɣiwo la, wodea dzi ƒo nam lɔlɔ̃tɔe.” Wonɔ anyi heɖo to se Lisa ƒe nyawo dzigbɔɖitɔe, ale wɔ wokpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe nusi wode dzesii be eyae nye eƒe kuxia—didi be yeawɔ nu wòadze ye hatiwo ŋu la—nu. *

Na Dzeɖoɖomɔnuwo Nanɔ Ʋuʋu Ði

10. Mɔ kawo nue Yehowa ɖo kpɔɖeŋu nyui le le dzeɖoɖo kple Israel-viwo me?

10 Be dzilawo nate ŋu akpɔ dzidzedze le wo viwo hehe me la, ele be woadze agbagba ana dzeɖoɖomɔnuwo naʋu ɖi le woa kple wo viwo dome. Togbɔ be Yehowa nya nusiwo le míaƒe dzime nyuie hã la, ede dzi ƒo na mí be míaƒo nu kpli ye. (Kronika I, 28:9) Esi Yehowa tsɔ Sea na Israel-viwo vɔ la, ede dɔ asi na Lewi-viwo be woafia nu wo, eye wòɖo nyagblɔɖilawo ɖa be woadzro nya me kpli wo ahaɖɔ wo ɖo. Eɖee fia hã be yelɔ̃ faa be yeaɖo to woƒe gbedodoɖawo.—Kronika II, 17:7-9; Psalmo 65:3; Yesaya 1:1-3, 18-20; Yeremya 25:4; Galatiatɔwo 3:22-24.

11. (a) Aleke dzilawo ate ŋu atu dzeɖoɖomɔnu nyui ɖo le woa kple wo viwo dome? (b) Nukatae wòle vevie be dzilawo nanye toɖola nyuiwo ne wole dze ɖom kple wo viwo?

11 Aleke dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa le dzeɖoɖo kple wo viwo mee? Gbã la, ele be woakpɔ ɣeyiɣi ɖe wo ŋu. Anyo hã be dzilawo nadze agbagba vevie aƒo asa na nyagbɔgblɔ nuŋumabumabutɔe si tɔa ame henyea fewuɖuɖu le ame ŋu, abe “Nya tsɛ ma koe ɖe fu na wò nenema? Mebu be nya vevi aɖee nèbe yeagblɔ hĩ”; “Movidzɔdzɔe nye ma”; “Ke nuka mee nèbu be akplɔ ye ayi yaa? Ðevi koe nèganye.” (Lododowo 12:18) Be dzila nyanuwo nade dzi ƒo na ɖeviwo be woaɖe woƒe dzimenyawo agblɔ faa la, wodzea agbagba nyea toɖola nyuiwo. Dzila siwo metsɔa ɖeke le wo viwo me esime wole ɖevime o la va nye amesiwo me ɖeviawo matsɔ ɖeke le o ne wotsi. Yehowa lɔ̃ faa ɖoa to eƒe amewo ɣesiaɣi. Enɔa to dzi ɖe amesiwo tena ɖe eŋu ɖokuibɔbɔtɔe le gbedodoɖa me ŋu.—Psalmo 91:15; Yeremya 29:12; Luka 11:9-13.

12. Nɔnɔme kae anɔ dzilawo si si ana wòanɔ bɔbɔe na ɖeviwo be woate ɖe wo ŋu?

12 Bu alesi Mawu ƒe nɔnɔme aɖewo na wònɔ bɔbɔe na eƒe amewo be woate ɖe eŋu le dziɖeɖi  me hã ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, blema Israel-fia Dawid wɔ nuvɔ̃ gã aɖe esime wòwɔ ahasi kple Bat-Seba. Esi Dawid nye ame madeblibo ta la, ewɔ nuvɔ̃ gã bubuwo hã le eƒe agbe me. Ke hã megbe tete ɖe Yehowa ŋu ahabia tsɔtsɔke kple ɖɔɖɔɖo tso egbɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ o. Ðikekemanɔmee la, Mawu ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ na wònɔ bɔbɔe na Dawid be wòtrɔ va Yehowa gbɔ. (Psalmo 103:8) Ne dzilawo ɖe mawumenɔnɔmewo abe ameŋububu kple nublanuikpɔkpɔ ene fia la, woate ŋu ana dzeɖoɖomɔnu nakpɔtɔ aʋu ɖi ne wo viwo dze agɔ hã.—Psalmo 103:13; Maleaxi 3:17.

Nye Nugɔmesela

13. Nukawoe wòbia be woanye nugɔmesela?

13 Ne dzilawo le wo viwo ƒe nyawo sem la, ele be woanye nugɔmeselawo ahaɖe “nunya, si tso dziƒo” afia. (Yakobo 3:17) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Amewo katã nanya be mienye nugɔmeselawo.’ (Filipitɔwo 4:5) Nukae wòfia be woanye nugɔmesela? Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘nugɔmesese’ ƒe gɔmeɖeɖe ɖekae nye be “woagate tɔ ɖe nusi sea fia le gotagome dzi o.” Aleke dzilawo ate ŋu anye nugɔmeselawo esime wolé agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔmedzidzenuwo me ɖe asi sesĩe?

14. Aleke Yehowa ɖe nugɔmesese fia le nuwɔwɔ kple Lot mee?

14 Yehowa ɖo nugɔmesesename ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi. (Psalmo 10:17) Esime wògblɔ na Lot kple eƒe ƒomea be woado le Sodom-du si tsrɔ̃ ge wòala me la, Lot ‘nɔ tɔtrɔm to me.’ Emegbe esime Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Lot be wòasi ayi towo dzi la, egblɔ bena: ‘Nyemate ŋu asi ade toa dzi o. Taflatse, du aɖe [Zoar] nye kem tsɔ ɖe mía gbɔ, ne masi ayi ɖe afima. Du sue aɖe ko wònye; eyata na mɔm, ne masi ayi ɖe eme.’ Aleke Yehowa wɔ nu ɖe nya sia ŋui? Egblɔ be: “Le nya sia me hã meɖo to wò, eye nyemagblẽ du si nèwɔnɛ la o.” (Mose I, 19:16-21, 30) Yehowa lɔ̃ ɖe Lot ƒe biabiaa dzi faa. Ẽ, ele be dzilawo nalé dzidzenu siwo Yehowa Mawu ɖo ɖi le eƒe Nya, Biblia, me ɖe asi. Gake woate ŋu alɔ̃ ɖe ɖeviwo ƒe didiwo dzi ne womagblẽ naneke le Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o ko.

15, 16. Nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si dze le Yesaya 28:24, 25 me?

15 Be woanye nugɔmesela bia hã be woadzra ɖeviwo ƒe dzi ɖo ale be woanɔ klalo axɔ aɖaŋuɖoɖo. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, Yesaya tsɔ Yehowa sɔ kple agbledela, esime wògblɔ be: “Ðe agbleŋlɔla nɔa nuŋɔŋlɔ dzi atraɖi, ne wòaƒã nua? Ðe wòdzraa anyigba ɖo hedzobonɛ atraɖia? Alo ne edzobo eme la, ɖe mewua sikɔni kple adrike ɖi, eƒãa lu ɖe agbaka nu kple ƒo ɖe enɔƒe kpakple bli ɖe boliƒo dzi oa?”—Yesaya 28:24, 25.

16 Yehowa ‘ŋlɔa nu ne wòaƒã nu’ eye “wòdzraa anyigba ɖo hedzobonɛ.” Etoa ema me dzraa eƒe amewo ƒe dzi ɖo doa ŋgɔ na wo hehe. Ne dzilawo le wo viwo ɖɔm ɖo la, aleke woate ŋu ‘aŋlɔ’ woƒe dzii? Vifofo aɖe srɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua esime wònɔ viaŋutsuvi si xɔ ƒe ene la ɖɔm ɖo. Esi viaŋutsuvia ƒo ŋutsuvi aɖe si nye woƒe aƒelika la, fofoa ɖo to se viaŋutsuvia ƒe ɖokuinuɖenyawo dzigbɔɖitɔe gbã. Emegbe be vifofoa ‘naŋlɔ’ viaŋutsuvia ƒe dzi la, egblɔ ŋutsuvi aɖe si kpe fu vevie le ŋutasẽla aɖe si me ƒe ŋutinya nɛ. Esi ŋutsuvia se ŋutinyaa la, ewɔ dɔ ɖe edzi wògblɔ be ele be woahe to na ŋutasẽla la. ‘Nuŋɔŋlɔ’ sia dzra ŋutsuvia ƒe dzi ɖo eye wòwɔe wònɔ bɔbɔe nɛ wòkpɔe dze sii be ŋutsuvi si nye yewoƒe aƒelika ƒoƒo nye ŋutasẽnuwɔna eye wònye nugbegblẽ.—Samuel II, 12:1-14.

17. Nukae míasrɔ̃ tso hehe si dzilawo nana ŋu le Yesaya 28:26-29 me?

17 Yesaya yi edzi tsɔ Yehowa ƒe amehehe sɔ kple agbledede ƒe akpa bubu—si nye luƒoƒo. Agbledela zãa luƒonu vovovo le nukua ƒe tsro ƒe titri nu. Etsɔa ati ƒoa sikɔni, eye wòtsɔa kpo ƒoa adrike, gake etsɔa luƒotasiaɖam ƒoa lu si ƒe tsro tri alo mlia luƒotasiaɖamfɔ toa edzi. Ke hã meƒoa lu si ƒe tsro tri atraɖii wògbãna nyanyanya o. Nenema ke ne Yehowa di  be yeaɖe numanyomanyo aɖe ɖa le eƒe amewo me la, ewɔa mɔnu vovovowo ŋudɔ le hiahiã si li kple le nɔnɔmea nu. Mewɔa naneke wògbɔa eme alo zãa asi sesẽ o. (Yesaya 28:26-29) Ŋku koe dzila tsɔ kpɔa wo vi aɖewoe eye wosea gbe na wo, eye nu bubu aɖeke megakpena ɖe eŋu o. Bubuwo ahiã na ŋkuɖodzinyawo edziedzi, eye ehiã be woaxlɔ̃ nu bubuwo kple alɔ si sesẽ wu. Dzila nugɔmeselawo ahe wo viwo le ɖevi ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.

Wɔ Ƒome Numedzodzrowo Wòavivi

18. Aleke dzilawo awɔ ate ŋu akpɔ ɣeyiɣi na ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi?

18 Mɔ nyuitɔ kekeake siwo dzi nàto afia nu viwòwo dometɔ aɖee nye ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi kple Ŋɔŋlɔawo me numedzodzro wɔwɔ gbesiagbe. Ƒome nusɔsrɔ̃ ɖea kpe wu ne wowɔnɛ edziedzi. Ne vlavo koe wowɔnɛ alo ne wokpɔ ɣeyiɣi ko hafi la, mate ŋu atsiã ɖe enu tututu o. Eyata ele be dzilawo ‘naƒle ɣeyiɣi’ na nua sɔsrɔ̃. (Efesotɔwo 5:15-17) Ɣeyiɣi si sɔ na amesiame tiatia ate ŋu anye nu sesẽ. Ƒome ƒe ta aɖe kpɔe be esi ɖeviawo le tsitsim la, ɖoɖowɔɖi vovovo siwo va le wo si wɔe be ƒome bliboa nuƒoƒoƒu ɖekae megava nɔ bɔbɔe o. Gake ƒomea wɔa ɖeka ɣesiaɣi le fiẽ siwo me wowɔa hamea ƒe kpekpewo. Eyata vifofoa wɔ ɖoɖo hena ƒome nusɔsrɔ̃a wɔwɔ le fiẽ mawo dometɔ ɖeka me. Esia dze edzi nyuie. Vi etɔ̃ siwo le esi katã zu Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔwo fifia.

19. Aleke dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ne wole ƒome nusɔsrɔ̃ wɔm?

19 Gake Ŋɔŋlɔa me nyati aɖe kpekpeɖo le nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Yehowa to nunɔlawo, amesiwo ‘ɖea Sea me eme kɔna’ ale be ‘wosea nusi woxlẽna la gɔme,’ dzi fia nu Israel-vi siwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi. (Nexemya 8:8) Vifofo aɖe si te ŋu kpe ɖe via adreawo ŋu wo katã va lɔ̃ Yehowa la nɔa eƒe xɔme dzrana ɖo do ŋgɔ na ƒome nusɔsrɔ̃a, hetrɔa asi le nusɔsrɔ̃a ŋu wòsɔna ɖe ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nuhiahiã nu. Ewɔa nusɔsrɔ̃a wòvivia viawo nu. Via tsitsiwo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nusɔsrɔ̃a vivina ɣesiaɣi. Ne míele bɔl ƒom le xexe eye woyɔ mí hena ƒome  nusɔsrɔ̃a wɔwɔ la, míeɖea asi le bɔl la ŋu enumake hesia du yia nua srɔ̃ƒe. Enyea fiẽsi siwo me míesea vivi le wu le kwasiɖaa me dometɔ ɖeka.

20. Kuxi si ate ŋu ado mo ɖa le ɖeviwo nyinyi me ka mee wòle be míagadzro?

20 Hakpala la gblɔ be: “Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.” (Psalmo 127:3) Hehenana mía viwo xɔa ɣeyiɣi eye ebia agbagbadzedze, gake ewɔwɔ nyuie ate ŋu anye agbe mavɔ na mía viwo. Fetu nyui ka gbegbee ema anye! Ekema mina míalɔ̃ faa asrɔ̃ Yehowa le hehenana mía viwo me. Gake togbɔ be wotsɔ ‘ɖeviwo nyinyi le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ ƒe agbanɔamedzi de dzilawo si hã la, kakaɖedzi aɖeke meli be woakpɔ dzidzedze godoo o. (Efesotɔwo 6:4) Ne wotsɔ beléle nyuitɔ kekeake nyi ɖeviwoe hã la, wo dometɔ aɖe ate ŋu adze aglã ahadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Nukae woawɔ ne wòdzɔ nenema? Nya ma mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Nuteƒekpɔkpɔ siwo dze le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me ate ŋu atso anyigba kple dekɔnu siwo to vovo na mia tɔ dzi. Dze agbagba nàde dzesi gɔmeɖose siwo ŋu woku ɖo ahazãe wòasɔ ɖe mia gbɔ dekɔnu nu.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si ŋu woƒo nu tsoe le Mose V, 32:11, 12?

• Nukae nèsrɔ̃ tso alesi Yehowa ɖo dze kple Israel-viwoe me?

• Nukae alesi Yehowa se Lot ƒe kukuɖe- ɖe fia mí?

• Nukae nèsrɔ̃ tso ɖeviwo hehe ŋu le Yesaya 28:24-29 me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Mose tsɔ alesi Yehowa hea eƒe amewoe sɔ kple alesi hɔ̃ wɔa nu kple viawoe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Ele be dzilawo nakpɔ ɣeyiɣi ɖe wo viwo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

“Enyea fiẽsi siwo me míesea vivi le wu le kwasiɖaa me dometɔ ɖeka”