Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Si Me Nu Wɔnukuwo Le Le Yehowa Subɔsubɔ Me

Agbe Si Me Nu Wɔnukuwo Le Le Yehowa Subɔsubɔ Me

Agbemeŋutinya

Agbe Si Me Nu Wɔnukuwo Le Le Yehowa Subɔsubɔ Me

ABE ALESI ERIC KPLE HAZEL BEVERIDGE GBLƆE ENE

“Meto esia me tso afia na wò be nàyi mɔ ɣleti ade.” Nya mawo tsi susu me nam esime wokplɔm yi Strangeways Gaxɔ me le Manchester, England. December 1950 mee, eye ƒe 19 ye mexɔ ɣemaɣi. Dodokpɔ sesẽtɔ kekeake siwo va dzinye le nye ɖekakpui me dometɔ ɖekae nye ma dze ŋgɔm—megbe be nyemawɔ asrafodɔ o.—Korintotɔwo II, 10:3-5.

YEHOWA ÐASEFOWO ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlae menye, si ta wòle be woaɖem le asrafodɔ wɔwɔ me hafi, gake womeda asi ɖe míaƒe ɖoƒea dzi le Britaintɔwo ƒe se nu o. Eyata nye ɖeka meva nyɔ ɖe gaxɔ me. Eye fofonye ƒe nya va tame nam. Magblɔ be le mɔ aɖe nu la, eya tae wodem mɔ ɖo.

Nya lae nye be fofonye nye gamenɔlawo dzikpɔla ƒe amegã si nye Yorkshiretɔ si si dzixɔse kple gɔmeɖose sesẽwo nɔ. Nusiwo teƒe wòkpɔ le asrafodɔ kple gaxɔ dzikpɔkpɔ me na melɔ̃ Roma Katoliko Ha kura o. Keke ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze kee wòdo go Ðasefowo zi gbãtɔ esime wòyi woƒe ʋɔtru nu be yeaɖe wo ɖa—gake wòlé woƒe agbalẽwo ɖe asi trɔ gbɔe! Emegbe edɔ magazine si nye Consolation (si nye Nyɔ! fifia). Ðasefoawo va srãnɛ kpɔ ƒe sia ƒe hedea dzi ƒo nɛ be wòagbugbɔ nudɔdɔa awɔ. Esime mexɔ ƒe 15 la, Papa kple Ðasefoawo gawɔ numedzodzro aɖe eye mede wo dzi. Ɣemaɣie medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.

Esime mexɔ ƒe 17 la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui le March 1949 me. Emegbe le ƒe ma me medo go John kple Michael Charuk, siwo do le dutanyanyuigblɔlawo ƒe Gilead suku teti eye wonɔ mɔ dzi yina Nigeria. Dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe gbɔgbɔ si nɔ wo me wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Wonya alo womenya o, woƒã gbɔgbɔ ma ɖe nye dzi me.

Esi menɔ Biblia srɔ̃m la, yunivɛsiti yiyi megadzrom o. Esi medzo le aƒeme va wɔ dɔ le Adzɔxɔlawo ƒe Dɔwɔƒe le London ƒe ɖeka ko megbe la, mese le ɖokuinye me be nyemagate ŋu ayi dziɖuɖudɔa wɔwɔ dzi ate ŋu awɔ nye adzɔgbeɖeɖe dzi na Mawu o. Esi meɖe asi le ɔfisdɔa ŋu la, nye ɔfis dɔwɔhati aɖe si tsi ɖe dɔa me kafum be meɖe asi le “dɔ si wua dzitsinya na ame” ŋu.

Do ŋgɔ na esia la, dodokpɔ bubu dze ŋgɔm—si nye alesi mawɔ agblɔe na fofonye be medi be maɖe asi le dɔ si wɔm mele ŋu ava nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Gbeɖeka fiẽ esime meyi mɔkeke le aƒe la, mekɔ nu le nyaa dzi nɛ. Menɔ mɔ kpɔm be dzi aku Papa wòablu. Nukutɔe la, ɖeko wògblɔ blewuu be: “Wò ŋutɔe ɖo wò aba; wò ŋutɔe le edzi mlɔ ge. Gake ne eglo wò la, mègaƒu du va gbɔnye o.” Nya si meŋlɔ ɖe nye nuŋlɔɖigbalẽ me le January 1, 1950 dzi enye: “Meƒo nu tso mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu na Papa. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be eɖe nugɔmesese fia le eƒe nuwɔna me. Alesi wòkɔ dɔme ɖem na aɖatsi ge le mo nam.” Meɖe asi le dziɖuɖudɔa ŋu hexɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe dɔdasi.

Dɔdasi si Ŋu “Aƒe Sue” aɖe Kpe Ðo

Nye ɖokuitsɔtsɔna Mawu ŋuti dodokpɔ bubu dze ŋgɔm. Woɖom ɖe du aɖe si me mawɔ mɔɖeɖedɔa le me eye wobe mía kple Lloyd Griffiths, si nye hanyeti Kristotɔ si tso Wales míanɔ “aƒe sue aɖe” me. Dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ si nɔ menye ɖe aƒe ma ŋu tsi kplo esi mekpɔ be Bacup-dua nye afisi tsi xɔ. Nye mo koe wɔ yaa esime mekpɔe be xɔgɔmexɔ aɖe koe aƒea nye! Afi kple gbagbladzawo li ado velia na mí le zãme. Esusɔ nu vi aɖe ko matrɔ agbugbɔ ayi aƒe. Gake medo gbe ɖa le tame bia ŋusẽ be matsɔ anɔ te ɖe dodokpɔa nui. Enumake nye dzi dze eme eye mete susu nyui tsɔtsɔ kpɔ nuwoe. Afisiae Yehowa ƒe habɔbɔa ɖom ɖo. Maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu wòakpe ɖe ŋunye. Aleke gbegbe medaa akpee nye si be mete ŋu nɔ te ɖe nɔnɔmea nu, elabena ɖe megbugbɔ la, anye ne nuwo trɔ bubui kura le nye agbe me!—Yesaya 26:3, 4.

Meɖe gbeƒã le afisi ganyawo sesẽ ŋutɔ le ɣemaɣi, si nye Rossendale Valley, anɔ ɣleti asieke hafi wova lém de mɔ ɖe asrafodɔ mawɔmawɔ ta. Le Strangeways Gaxɔ me nɔnɔ kwasiɖa eve megbe la, woɖem yi Lewes Gaxɔ me le England ƒe anyieheƒuta. Mlɔeba la, mí Ðasefo atɔ̃e va nɔ afima, eye míete ŋu ɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi le gaxɔa me.

Papa va srãm kpɔ zi ɖeka. Ema anya te ɖe edzi hafi—be gamenɔlawo dzikpɔlawo ƒe amegã si ŋkɔ ɖi nava srã viaŋutsu akpɔ le gaxɔ me! Mada akpe ɖe sasrãkpɔ ma ta ɣesiaɣi. Mlɔeba la, ɣeyiɣi de be mado le game le April, 1951 me.

Esi woɖem le Lewes gaxɔ me la, meɖo keteke yi Cardiff, Wales, afisi fofonye nye gamenɔlawo dzikpɔlawo katã ƒe amegã le ɣemaɣi. Nyee nye via ene—ŋutsuvi etɔ̃ nyɔnuvi ɖeka—ƒe tsitsitɔ. Ehiã be madi ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ awɔ ale be mate ŋu akpɔ ɖokuinye dzi akpɔtɔ anye mɔɖela. Meva wɔ dɔ le awudzraƒe aɖe, gake nye taɖodzinu le agbeme koŋue nye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa. Ɣeyiɣi sia mee mía dada gblẽ mí ɖi. Nu sesẽe wònye na Papa kple mí ɖeviawo, siwo xɔ tso ƒe 8 vaseɖe 19. Nublanuitɔe la, mía dzilawo gbe wo nɔewo.

Amesi ƒe Asi Tu Srɔ̃nyɔnu Nyui . . .

Mɔɖela geɖewo nɔ míaƒe hamea me. Nɔvinyɔnu aɖe nɔ wo dome si tsoa Rhondda Valley, afisi wokua tomeka le vaa dɔme gbesiagbe kple gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔƒe. Eŋkɔe nye Hazel Green—mɔɖela veviedonula aɖe. Hazel nya nyateƒea ƒe geɖe do ŋgɔ nam—dzilaawo dea Biblia Nusrɔ̃viwo (siwo woyɔna fifia be Yehowa Ðasefowo) ƒe kpekpewo tso keke ƒe 1920-awo me. Gake míɖe mɔ nɛ wòagblɔ eya ŋutɔ ƒe nya.

“Nyemelé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu o vaseɖe ƒe 1944 me esime mexlẽ agbalẽvi si nye Religion Reaps the Whirlwind. Danye ƒoe ɖe nunye meyi nutome sue takpekpe aɖe le Cardiff. Kaka manyaa, nye si menya naneke tso Biblia ŋu o enye ma kpla agbalẽ si dzi woŋlɔ nu ɖo nɔ gbeƒã ɖem dutoƒo nuƒo aɖe le asigãme. Togbɔ be subɔsubɔhakplɔlawo kple ame bubuwo do nuƒo na mí hã la, mete ŋu wɔ dɔa. Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1946 me eye medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le December me le ƒe ma me. Emegbe le 1951 me la, ɖekakpui aɖe si nye mɔɖela tso Cardiff va, amesi ŋu woɖe asi le le gaxɔ me teti. Eŋkɔe nye Eric.

“Mía kplii míeyi gbeƒãɖeƒe ɖekae. Mía kplii ƒe zɔzɔ sɔ na mía nɔewo. Taɖodzinu ɖekae le mía si le agbe me—be míado Mawufiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Eyata míeɖe mía nɔewo le December 1952 me. Togbɔ be ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa wɔmee mí ame evea siaa míenɔ eye gakpɔmɔnu boo aɖeke menɔ mía si o hã la, agbemenuvevi aɖeke mebɔ mí o. Ɣeaɖeɣi la, Ðasefo aɖe si dɔ Jam alo adzalẽ wòsɔ gbɔ wu esi anɔ eƒe fiase me ɖo ɖewo ɖe mí—le ɣeyiɣi si tututu nuawo hiã mí me! Míekpɔ ŋudzedze ɖe dɔmenyonyo mawo ŋu ale gbegbe. Gake nusiwo wɔ nuku wu nɔ ŋgɔ na mí.”

Nu Wɔnuku aɖe si Trɔ Míaƒe Agbe

Le November 1954 me la, mía kple Hazel míexɔ nu wɔnuku aɖe si míenɔ mɔ kpɔm na o—dɔbiagbalẽ aɖe si tso Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le London va nam be manye dzikpɔla mɔzɔla, anɔ hame vovovowo srãm kpɔ kwasiɖa ɖesiaɖe. Míetsɔe be vodadae wowɔ, eyata míegblɔe na ame aɖeke le hamea me o. Ke hã mekpe agbalẽa ɖo ɖoe ɖa henɔ lalam vevie. Le ŋkeke vɛ aɖewo megbe la, woɖo eŋu nam be: “Va London nava xɔ hehe”!

Le London dɔwɔƒea la, nyemexɔe se be nye ƒe 23 vi sia manɔ nɔviŋutsu bibi siwo dze nam abe gbɔgbɔmemedzɔtsuwo ene dome o—Pryce Hughes, Emlyn Wynes, Ernie Beavor, Ernie Guiver, Bob Gough, Glynn Parr, Stan kple Martin Woodburn, kpakple ame bubu geɖe, siwo dometɔ geɖe megali o. Woɖo dzonɔameme kple nuteƒewɔwɔ ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ aɖe ɖi le Britain tso keke ƒe 1940 kple 1950 ƒeawo me.

Nutome Sue Dɔwɔwɔ le England—Metim Kpɔ O

Vuvɔŋɔli si nye sno dzaɣi mee míedze mɔzɔzɔdɔa gɔme le ƒe 1954/55 me. Woɖo mí ɖe East Anglia, England-nyigba ƒe akpa si le gbadzaa, afisi ya fafa si tsoa Dziehe Ƒua dzi ƒona le vevie. Ðasefo 31,000 koe nɔ Britain ɣemaɣi. Dɔ sɔsrɔ̃ me nuteƒekpɔkpɔ sesẽe dɔwɔwɔ le nutome sue gbãtɔ ma me nye na mí; eye menɔ bɔbɔe na nɔvi siwo míesrã kpɔ hã ɣesiaɣi o. Esi nuteƒekpɔkpɔ geɖe menɔ asinye o eye menye Yorkshiretɔ nyamesesẽtɔ ta la, medze agɔ le nɔvi aɖewo dzi. Le ƒeawo me la, ehiã be masrɔ̃e be dɔmekɔkɔ le vevie wu be woawɔ dɔ memie eye be amewo le vevie wu dɔwɔɖoɖowo. Megale agbagba dzem kokoko be masrɔ̃ Yesu ƒe dɔmekɔkɔ ƒe kpɔɖeŋu gake medzea edzi nam ɣesiaɣi o.—Mateo 11:28-30.

Le dɔwɔwɔ ɣleti 18 le East Anglia megbe la, wode dɔ asi na mí be míasubɔ le nutome sue aɖe me le England ƒe dzieheɣedzeƒe, Newcastle yi Tyne kple Northumberland. Melɔ̃ nuto ma me tɔwo, siwo doa vivi ɖe ame ŋu la ale gbegbe. Nutome gã dzikpɔla, Don Ward, si tso Seattle, Washington, U.S.A. si va srã mí kpɔ la kpe ɖe ŋunye ale gbegbe. Gilead ƒe klass 20 lia nuwulae wònye. Ne mele nuƒo ƒom la, megblɔa nyawo bababa kɔna ɖi ale gbegbe. Efiam be magbɔ dzi ɖi, magbɔ ɖe eme, ahafia nu.

Nu Wɔnuku Bubu si Trɔ Míaƒe Agbe

Le ƒe 1958 me la, míexɔ lɛta aɖe si trɔ míaƒe agbe. Wokpe mí be míava de Gilead Suku le South Lansing, New York, U.S.A. Míedzra míaƒe ʋu sue si nye Austin Seven si wowɔ le ƒe 1935 me la tsɔ ƒle tiket be míaɖo tɔdziʋu ayi New York. Gbã la, míede Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe le New York City. Tso afima la, míeɖanɔ Peterborough, Ontario, wɔ mɔɖeɖedɔ ɣleti ade hafi ɖo ta anyiehe yi Gilead Sukua.

Sukunufialawo dometɔ aɖewoe nye Albert Schroeder, si nye Dziɖuha la me tɔ fifia, kple Maxwell Friend, kpakple Jack Redford, si megava li o. Hadede kple sukuvi 82 siwo tso dukɔ 14 me tu ame ɖo ale gbegbe. Míete mía nɔewo ƒe dekɔnuwo gɔme sese vivivi. Sukuvi siwo tso duta siwo Eŋlisigbea menya dona na tututu o la domenɔnɔ na míekpɔ kuxi siwo míado goe ne míele gbe bubu srɔ̃m. Kaka ɣleti atɔ̃ nava yi la, míewu míaƒe hehexɔxɔa nu eye woɖo mí ɖe dukɔ 27 me. Sukunuwugbea va yi, eye le ŋkeke aɖewo megbe la, míeva New York City nɔ Queen Elizabeth, si nye meli si akɔ mí ayi Europa la lalam.

Míaƒe Dɔdasi Gbãtɔ le Duta

Afikae woɖo mí ɖo? Portugal! Míeva ɖo Lisbon le November 1959 me. Alesi míawɔ atrɔ ɖe gbe kple dekɔnu yeye ŋu dze ŋgɔ mí azɔ. Le ƒe 1959 me la, dukɔmevi siwo de miliɔn 9 kloe la dometɔ 643 ye nye Ðasefo veviedonulawo nɔ Portugal. Gake womeda asi ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le se nu o. Togbɔ be Fiaɖuƒe Akpatawo nɔ mía si hã la, dzesi aɖeke menɔ wo ŋu woakpɔ le gota o.

Esi dutanyanyuigblɔla si nye Elsa Piccone fia Portugalgbe mí vɔ la, mía kple Hazel míesrã hame kple ƒuƒoƒo siwo le Lisbon, Faro, Evora, kple Beja godoo la kpɔ. Emegbe le ƒe 1961 me la, nuwo te tɔtrɔ. Menɔ Biblia srɔ̃m kple ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye João Gonçalves Mateus. Etso nya me be yeanye Kristotɔ akpaɖekedzimadela le asrafodɔ wɔwɔ ƒe nyaa me. Ema megbe kpuie la, woyɔm va kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒegã hebia gbem. Nu wɔnuku aɖe dzɔ! Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, wona ŋkeke 30 mí be ele be míadzo le dukɔa me! Edzɔ ɖe Eric kple Christina Britten kpakple Domenick kple Elsa Piccone hã dzi nenema.

Mebia be woadrɔ̃ nya na mí eye woɖe mɔ na mí be míakpɔ adzamekpovitɔwo ƒe amegã. Egblɔ nusita wobe míadzo na mí tẽ eye wòyɔ ŋkɔ aɖe na mí—João Gonçalves Mateus—nye Biblia-nusrɔ̃via! Egblɔ be Portugal menye Britain woaɖe mɔ ɖe dɔgbegbe ŋu le mawusubɔsubɔnyawo ta o. Eyata míedzo le Portugal eye mía kple João míegase mía nɔewo ŋkɔ o. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye esi míekpɔ woa kple srɔ̃a kple vinyɔnuvi etɔ̃ le Portugal Betel yeyea ŋukɔgbe le ƒe 26 megbe! Subɔsubɔdɔ si míewɔ le Portugal mezu dzodzro o!—Korintotɔwo I, 3:6-9.

Du bubu ka mee woɖo mí ɖo? Nu wɔnuku! Spain, le míaƒe axadzi ko. Aɖatsi yɔ ŋku dzi na mí míetsɔ ɖo ketekee le February 1962 me le Lisbon heɖo ta Madrid.

Tɔtrɔ Ðe Dekɔnu Bubu Ŋu

Le Spain la, ehiã be míasrɔ̃ gbeƒãɖeɖe kple kpekpewo wɔwɔ le adzame. Zi geɖe ne míele gbeƒã ɖem la, míegena ɖe aƒe eve siwo te ɖe wo nɔewo ŋu me gbeɖe o. Ne míeɖi ɖase le ʋɔtru aɖe nu vɔ la, míedzona yia mɔdodo bubu dzi, ɖe xɔ bubu gbɔ. Ema na menɔ bɔbɔe na kpovitɔwo—alo nunɔlawo—be woalé mí o. Ðo ŋku edzi be Fasi, Katolikotɔwo ƒe dzizizidziɖuɖu, tee míenɔ eye woxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu. Be woagade dzesii be amedzrowoe míenye o ta la, míetsɔ Spain ŋkɔwo. Ŋkɔnyee nye Pablo azɔ, eye Hezel tɔe nye Juana.

Le Madrid nɔnɔ ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, woɖo mí ɖe nutome sue dɔ me le Barcelona. Míesrã hame vovovowo kpɔ le dugãa me, eye zi geɖe la, míenɔa ɖesiaɖe gbɔ kwasiɖa eve alo etɔ̃. Nusita sasrãkpɔa xɔa ɣeyiɣi ma gbegbee nye be míesrãa agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo ɖesiaɖe kpɔ abe hamewo ene, eye zi geɖe la, efia be míasubɔ ƒuƒoƒo eve kwasiɖa ɖesiaɖe.

Gbetɔame aɖe si Míenɔ Mɔ Kpɔm na O

Le ƒe 1963 me la, wokpe mí be míava wɔ nutome gã dzikpɔdɔ le Spain. Be míasubɔ Ðasefo veviedonula siwo de 3,000 kloe la, ele be míasrã nutome sue asieke si nɔ anyi ɣemaɣi kpɔ akpe dukɔ bliboa ɖo. Míewɔ míaƒe nutome sue takpekpe siwo míewɔna le adzame siwo míaŋlɔ be akpɔ o la dometɔ aɖewo le avewo me le Seville gbɔ, le agble aɖe si te ɖe Gijon gbɔ dzi, kple le tɔsisiwo to le Madrid, Barcelona, kple Logroño gbɔ.

Be madze aʋa ɖi la, medoa ŋgɔ léa ŋku ɖe afisiwo mɔdodo siwo te ɖe mía ŋu la to, siwo dzi míasi ato ne wòva hiã le aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Gbeɖeka esime míenɔ gbeƒã ɖem le Madrid la, mía kple Ðasefo bubu míenɔ dziƒoxɔ aɖe dzi esime míese ɣlidodo le anyime. Esi míeɖiɖi ɖe anyime la, nyɔnuvi ƒewuiviwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe, siwo nye Katolikotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si ŋkɔe nye Hijas de María (Maria ƒe Vinyɔnuviwo) me tɔwo nɔ afima. Wonɔ nu xlɔ̃m nutoa me tɔwo tso mía ŋu. Nya aɖeke meli míagblɔ woase o, eye mekpɔe be ele be míadzo enumake ne menye nenema o la, kpovitɔwo ava lé mí. Eyata míesi dzo—kaba!

Spain nɔnɔ le ƒe mawo me nye dzidzɔ ale gbegbe. Míenɔ agbagba dzem be míade dzi ƒo na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu veviedonula siwo nɔ afima, kpakple mɔɖela veviwo. Womevɔ̃na be woate ŋu ade yewo gaxɔ me o, eye wonɔ te ɖe agbemenuhiahiãwo ƒe anyimanɔmanɔ nu zi geɖe kple susu be yewoaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia eye yewoaɖo hamewo ahatu wo ɖo.

Le ɣeyiɣi sia me la, nya vɔ̃ aɖe hã va tu mí. Hazel ɖe nyaa me ale: “Le ƒe 1964 me la, danye, si nye Ðasefo wɔnuteƒe, la ku. Nya sesẽe wònye tu mí be wòbu ɖe mí dze mamlɛ aɖeke maɖomaɖo kplii. Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ me vɔsa aɖewoe nye sia si me ame bubu geɖe hã to.”

Ablɔɖe Mlɔeba

Le mía yometiti ƒe geɖe megbe la, Franco-dziɖuɖu da asi ɖe míaƒe dɔa dzi le senu mlɔeba le July ƒe 1970 me. Fiaɖuƒe Akpatawo siwo woʋu azɔ do dzidzɔ na mía kple Hazel ale gbegbe, woʋu gbãtɔ le Madrid eye evelia le Lesseps, Barcelona. Zi geɖe la woŋlɔa wo ŋu dzesiwo wololona eye akaɖiwo nɔa dzesiawo me. Míedi be amewo nanya be woda asi ɖe mía dzi le senu eye míexɔ anyinɔ! Le ɣeyiɣi ma me, si nye ƒe 1972 me la, Ðasefo siwo ade 17,000 kloe ye nɔ Spain.

Ɣemaɣi lɔƒoe mese nya nyui dedziƒoname aɖe tso England. Fofonye va srã mí kpɔ le Spain le ƒe 1969 me. Alesi Spain Ðasefowo wɔ nu ɖe eŋui wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòte Biblia sɔsrɔ̃ esime wòtrɔ yi England. Eye le ƒe 1971 me la, mese be Papa xɔ nyɔnyrɔ! Enye nusi wɔ dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe esime míeɖi tsa yi aƒe eye esi wòzu nɔvinyeŋutsu Kristotɔ ta la, eyae do gbe ɖa míeɖu nu. Ƒe 20 kple edzivɔ sɔŋ ye melala ŋkeke ma ƒe vava. Nɔvinyeŋutsu Bob kple srɔ̃a Iris, va zu Ðasefowo le ƒe 1958 me. Wo viŋutsu, Phillip kple srɔ̃a Jean, le nutome sue dɔ wɔm le Spain fifia. Edzɔa dzi na mí ale gbegbe be wole subɔsubɔm le dukɔ nyui ma me.

Nu Wɔnuku si Míekpɔ Nyitsɔ Laa

Le February 1980 me la, Dziɖuha la me tɔ aɖe va srã mí kpɔ le Spain abe alɔdzewo dzikpɔla ene. Ewɔ nuku nam esime wògblɔ nam be yedi be yeazɔ kplim le gbeadzi. Nyemenya kura be ŋku lém wònɔ ɖe ŋunye o! Emegbe le September me la, wokpe mí be míaʋu ava xexeame ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York! Ewɔ nuku na mí ale gbegbe. Togbɔ be dzodzo le mía nɔvi Spaintɔwo gbɔ te ɖe mía dzi hã la, míexɔ amekpekpea. Va ɖo ɣemaɣi la, Ðasefo 48,000 ye nɔ afima!

Esi míenɔ dzodzom la, nɔviŋutsu aɖe tsɔ kotokumegaƒoɖokui aɖe kem. Eŋlɔ mawunyakpukpui eve ɖe edzi—“Lucas 16:10; Lucas 17:10.” Egblɔ be mɔfiame kpukpuiwoe wonye nam. Luka 16:10 te gbe ɖe edzi be míawɔ nuteƒe le nu suetɔwo me, eye Luka 17:10 gblɔ be “dɔla madzemadzewo míenye” eyata susu aɖeke meli si ta míaƒo adegbe o. Mekpɔe dze sii ɣesiaɣi be nuka kee míeɖawɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me o, mí Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ƒe dɔ koe wònye míewɔ.

Nu Wɔnuku si Nye Lãmegbegblẽ

Le ƒe 1990 me la, dzidɔ te fuɖeɖe nam. Mlɔeba wova wɔ dɔ nam hede ga sue aɖe lãme nam si ana nye dzi ŋu ʋukawo me naʋu. Le lãmemasẽmasẽ ƒe ɣeyiɣi sesẽ sia me la, Hazel kpe ɖe ŋunye le mɔ geɖe nu, eyae kɔa akplo siwo le kpekpem si nyemate ŋu akɔ o. Emegbe le May 2000 me la, wode elektrikmɔ̃ aɖe si akpɔ ŋusẽ ɖe nye dzi ƒe tsotso dzi la lãme nam. Aleke gbegbe mɔ̃ sia na nɔnɔmea nyo wui enye si!

Le ƒe 50 siwo va yi me la, mía kple Hazel míekpɔe be Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme o eye be eƒe tameɖoɖowo vaa eme le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi, ke menye le mía tɔ dzi o. (Yesaya 59:1; Xabakuk 2:3) Nu wɔnuku dodzidzɔname geɖe su mía si le agbe me, ʋɛ aɖewo siwo wɔ nublanui hã dzɔ ɖe mía dzi, gake Yehowa lé mí ɖe te le wo katã me. Le Yehowa ƒe amewo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã afisia la, enye dzidzɔ na mí be mɔnukpɔkpɔ sua mía si gbesiagbe míedoa go Dziɖuha la me tɔwo. Mebiaa ɖokuinye ɣeaɖewoɣi be, ‘Nyateƒee wònye be míele afisia?’ Enye amenuveve. (Korintotɔwo II, 12:9) Míeka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi akpɔ mía ta tso Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo me eye wòatɔ kpɔ ɖe mía ŋu be míate ŋu ava nɔ eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe si aɖu anyigbaa dzi la te gbeɖeka.—Efesotɔwo 6:11-18; Nyaɖeɖefia 21:1-4.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Strangeways Gaxɔ, Manchester, si nye gaxɔ gbãtɔ si me menɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Míaƒe Austin Seven ʋu si míezã le nutome sue dɔa me le England

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Takpekpe aɖe si míewɔ le adzame le Cercedilla, Madrid, Spain, le ƒe 1962 me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Le kplɔ̃ si dzi míeɖoa agbalẽwo ɖo ne míele ɖase ɖim le Brooklyn la gbɔ