Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Yayra Wɔa Mí Kesinɔtɔwoe

Yehowa Ƒe Yayra Wɔa Mí Kesinɔtɔwoe

 Yehowa Ƒe Yayra Wɔa Mí Kesinɔtɔwoe

“Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ eye mekpea vevesese ɖe eŋu o.”—Lododowo 10:22, NW.

1, 2. Nukatae menye ŋutilãmekesinɔnuwoe hea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ o?

ŊUTILÃMENUWO yomenɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi egbea. Gake ɖe ŋutilãmenuwo naa dzi dzɔa woa? Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Australian Women’s Weekly gblɔ be: “Nyemate ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi si me amewo lé blanui vevie le woƒe agbemenyawo ŋuti dzi kpɔ abe fifia ene o.” Egblɔ kpee be: “Nyaa me mekɔ o. Wogblɔ be ganyawo de ame dzi le Australia, eye alea ko nuwo le tso ɣeaɖeɣi ke. . . . Ke hã mɔkpɔkpɔmanɔamesi bɔ ɖe dukɔa me. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa senɛ le wo ɖokui me be nane bu ɖe yewo le agbe me gake womete ŋu le nusi tututu wònye la nyam o.” Aleke gbegbe nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ be dzidzɔkpɔkpɔ alo agbe menɔa te ɖe míaƒe nunɔamesiwo dzi o nye nyateƒee nye si!—Nyagblɔla 5:10; Luka 12:15.

2 Biblia fia nu be Mawu ƒe yayra mee dzidzɔkpɔkpɔ gãtɔ kekeake tsona. Lododowo 10:22 gblɔ tso nya sia ŋu be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ eye mekpea vevesese ɖe eŋu o.” (NW) Zi geɖe la, ŋutilãmenuwo nuƒoƒoƒu ŋukeklẽtɔe ye hea vevesese vɛ. Esɔ be apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe  nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:9, 10.

3. Nukatae tetekpɔwo vaa Mawu-subɔlawo dzi?

3 Gake amesiwo katã ‘yia edzi ɖoa to Yehowa ƒe gbe’ xɔa yayra mavɔ siwo ŋu vevesese mekpe ɖo o. (Mose V, 28:2) Ke hã ame aɖewo abia be, ‘Ne vevesese aɖeke mekpena ɖe Yehowa ƒe yayrawo ŋu o ɖe, ke nukatae Mawu-subɔla geɖe kpea fu ɖo?’ Biblia ɖee fia be Mawu ɖea mɔ fukpekpe vaa mía dzi gake le nyateƒe me la, Satana, eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia, kple mía ŋutɔwo ƒe blibomademade gbɔe wotsona. (Mose I, 6:5; Mose V, 32:4, 5; Yohanes 15:19; Yakobo 1:14, 15) Yehowa gbɔe “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” tso. (Yakobo 1:17) Eyata vevesese mekpena ɖe eƒe yayrawo ŋu ɣeaɖekeɣi o. Eyata mina míade ŋugble le Mawu ƒe nunana blibowo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Mawu ƒe Nya—Nunana Xɔasi Aɖee

4. Yayra kple nunana xɔasi kae su Yehowa ƒe amewo si le “nuwuɣi” sia me?

4 Daniel ƒe nyagblɔɖia gblɔ tso ‘nuwuɣia’ ŋu be: ‘Sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi.’ Gake wokɔ nya sia me kple nya siawo be: “Ame vɔ̃ɖiwo katã mase egɔme o, ke nunyalawo ase egɔme.” (Daniel 12:4, 10) Bu nya ma ŋu kpɔ! Woŋlɔ Mawu ƒe Nya—vevietɔ nyagblɔɖiwo—kple Mawu ƒe nunya ale gbegbe be ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu ase nusi tututu wofia la gɔme o, togbɔ be Yehowa ƒe amewo ya sea egɔme. Mawu ƒe Vi do gbe ɖa be: “Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩwo.” (Luka 10:21) Yayra ka gbegbee nye si wònye be nunana xɔasi si nye Mawu ƒe Nya, Biblia, si woŋlɔ la le mía si, eye be míanɔ amesiwo Yehowa tsɔ gbɔgbɔmenugɔmesese na la dome!—Korintotɔwo I, 1:21, 27, 28; 2:14, 15.

5. Nukae nye nunya, eye aleke míawɔ wòasu mía si?

5 Ðe menye “nunya, si tso dziƒo” ye o la, anye ne gbɔgbɔmenugɔmesese aɖeke kura masu mía si o. (Yakobo 3:17) Nunya enye sidzedze kple nugɔmesese zazã atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe, asaƒoƒo na afɔkuwo alo dodo le wo me, taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo, alo nuxlɔ̃ame nyui nana, ƒe ŋutete. Aleke míawɔ axɔ mawumenunya? Lododowo 2:6 gblɔ be: “Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.” Ẽ, Yehowa atsɔ nunya ayra mí ne míeku kutri do gbe ɖa biae, abe alesi wòna “dzi nyanu, si sea nu gɔme” Fia Salomoe ene. (Fiawo I, 3:11, 12; Yakobo 1:5-8) Be míadze nunya la, ele hã be míayi edzi aɖo to Yehowa to eƒe Nya sɔsrɔ̃ edziedzi kple edziwɔwɔ me.

6. Nukatae nunya le eme be míatsɔ Mawu ƒe se kple gɔmeɖosewo awɔ dɔe le míaƒe agbe me?

6 Mawumenunya ŋuti kpɔɖeŋu ɖedzesiwo dze le Biblia me se kple gɔmeɖosewo me. Esiawo ɖea vi na mí le mɔ sia mɔ nu—le ŋutilã, tamesusu, seselelãme, kple gbɔgbɔ me gome. Hakpala la dzi ha wòsɔ nyuie be: “Yehowa ƒe se de  blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya. Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna. Wovena wu sika kple sika nyuitɔ geɖe.”—Psalmo 19:8-11; 119:72.

7. Nukae dona tsoa afɔkpotutu Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me?

7 Gake amesiwo tua afɔkpo Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo ƒe asi metua dzidzɔ kple ablɔɖe si dim wole la o. Wova dzea sii gbeɖeka be Mawu menye amesi ta woɖoa hehe ɖo o, elabena nusi ame ƒãna kee wòŋena. (Galatiatɔwo 6:7) Ame miliɔn geɖe siwo tu afɔkpo Mawu ƒe gɔmeɖosewo le emetsonu wɔnublanuiwo abe gbɔmeyafufɔfɔ, dɔléle manyatalenuwo, alo numame gblẽnuwo ŋem. Ne wometrɔ dzime hetrɔ woƒe agbenɔnɔ o la, woƒe nuwɔnawo akplɔ wo ayi ku me mlɔeba eye ɖewohĩ wòahe Mawu ƒe tsɔtsrɔ̃ ava wo dzii.—Mateo 7:13, 14.

8. Nukatae dzi dzɔa Mawu ƒe Nya lɔ̃lawo?

8 Gake amesiwo lɔ̃ Mawu ƒe Nya hetsɔnɛ wɔa dɔe axɔ yayra gbagowo fifia kple etsɔme siaa. Susu sia tae wosena le wo ɖokui me be Mawu ƒe se na yewovo, dzi dzɔa yewo vavã, eye wole mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me woavo tso nuvɔ̃ kple emetsonu wuamewo si me ɖo. (Romatɔwo 8:20, 21; Yakobo 1:25) Kakaɖedzi le mɔkpɔkpɔ sia ŋu elabena Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake si wòna ameƒomea lɔlɔ̃tɔe—si nye eƒe Tenuvi, Yesu Kristo, ƒe tafevɔsa—dzie wotui ɖo. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16; Romatɔwo 6:23) Nunana sia si ƒo ɖesiaɖe ta la ɖo kpe alesi Mawu ƒe lɔlɔ̃ na ameƒomea gogloe dzi eye wòɖo kpe edzi hã be amesiwo katã ayi edzi aɖo to Yehowa axɔ yayra mavɔwo.—Romatɔwo 8:32.

Míekpɔ Ŋudzedze Ðe Nunana si Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋu

9, 10. Aleke Yehowa ƒe nunana si nye gbɔgbɔ kɔkɔea ɖea vi na míi? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Nu bubu si Mawu na mí lɔlɔ̃tɔe si ta wòle be míada akpe ɖoe nye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, apostolo Petro xlɔ̃ nu ameha siwo nɔ Yerusalem la bena: “Mitrɔ dzime, eye mia dome amesiame naxɔ nyɔnyrɔ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.” (Dɔwɔwɔwo 2:38, NW) Egbea, Yehowa naa gbɔgbɔ kɔkɔe eƒe subɔla ɖeadzɔgbe siwo doa gbe ɖa bianɛ kple esiwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. (Luka 11:9-13) Le blema ɣeyiɣiwo me la, gbɔgbɔ sia si triakɔ wu ŋusẽ ɖesiaɖe le xexeame—si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ—do ŋusẽ ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔwo, kpakple Kristotɔ gbãtɔwo. (Zaxarya 4:6; Dɔwɔwɔwo 4:31) Ate ŋu awɔ ema ke na mí Yehowa ƒe amewo, togbɔ be míadze ŋgɔ mɔxenu gãwo alo nɔnɔme sesẽwo hã.—Yoel 2:28, 29.

10 Bu Laurel, amesi dze lãmetutudɔ eye wònɔ dzitodzitomɔ̃ me ƒe 37 sɔŋ ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. * Togbɔ be eƒe nɔnɔmea nye dodokpɔ si nu sẽ ŋutɔ hã la, esubɔ Mawu dzonɔamemetɔe vaseɖe ku me. Le ƒeawo me la, Laurel xɔ Yehowa ƒe yayra mavɔwo. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be enɔ mɔ̃a me gaƒoƒo 24 gbesiagbe hã la, ete ŋu kpe ɖe ame 17 sɔŋ ŋu woke ɖe Biblia me sidzedze vavãtɔ ŋu! Eƒe nɔnɔmea na míeɖo ŋku apostolo Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.” (Korintotɔwo II, 12:10) Ẽ, dzidzedze ɖesiaɖe si míakpɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me metso mía ŋutɔwo ƒe ŋutete alo ŋusẽ me o, ke boŋ etso Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si wònaa  amesiwo yia edzi ɖoa to eƒe gbe ƒe kpekpeɖeŋu me.—Yesaya 40:29-31.

11. Nɔnɔme kawoe Mawu ƒe gbɔgbɔa naa amesiwo do “amenyenye yeye” la ɖena fiana?

11 Ne míeɖo to Mawu le nusianu me la, eƒe gbɔgbɔa naa nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu va nɔa mía si. (Galatiatɔwo 5:22, 23) “Gbɔgbɔ ƒe kutsetse” sia nye “amenyenye yeye” si Kristotɔwo dona ɖe ŋukeklẽ, kple lã nuwɔna ɖesiaɖe ƒomevi teƒe la ƒe akpa aɖe. (Efesotɔwo 4:20-24; Yesaya 11:6-9) Kutsetse siawo ƒe vevietɔ enye lɔlɔ̃, “blibonyenye la ƒe nublanu” la.—Kolosetɔwo 3:14.

Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃—Nunana Xɔasie

12. Aleke Tabita kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ bubuwo ɖe lɔlɔ̃ fiae?

12 Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ nye nunana xɔasi bubu si tso Yehowa gbɔ—enye nunana si xɔ asi na mí vavã. Togbɔ be gɔmeɖose dzie wotui ɖo hã la, veveseɖeamenu bɔ ɖe eme ale gbegbe be etea xɔsetɔwo ƒoa ƒu ɖekae wu esi ƒomekadodowo te ŋu wɔna gɔ̃ hã. (Yohanes 15:12, 13; Petro I, 1:22) Le kpɔɖeŋu me, bu Tabita, si nye ƒe alafa gbãtɔ me nyɔnu Kristotɔ nyui aɖe ŋu kpɔ. ‘Eyɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonuwo’ wɔwɔ, vevietɔ na ahosi siwo le hamea me. (Dɔwɔwɔwo 9:36) Ŋutilã me ƒometɔwo anɔ nyɔnu siawo si godoo, gake Tabita di be yeawɔ nusi yeate ŋui atsɔ akpe ɖe ahosiwo ŋu ahade dzi ƒo na wo. (Yohanes I, 3:18) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si Tabita ɖo ɖi! Nɔvilɔlɔ̃ ʋã Priskila kple Akwila ‘wotsɔ woƒe kɔwo ɖo anyi’ ɖe Paulo ta. Lɔlɔ̃ ʋã Epafra, Luka, Onesiforo, kple ame bubuwo hã wokpe ɖe apostoloa ŋu esime wònɔ gaxɔ me le Roma. (Romatɔwo 16:3, 4; Timoteo II, 1:16; 4:11; Filemon 23, 24) Ẽ, ‘lɔlɔ̃’ si nye nunana xɔasi tso Mawu gbɔ ‘le’ Kristotɔ mawo tɔgbe ‘dome’ egbea, si ɖea wo fiana be wonye Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo.—Yohanes 13:34, 35.

13. Aleke míate ŋu aɖee fia be míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu vevie?

13 Èdea asixɔxɔ lɔlɔ̃ si woɖena fiana le Kristo-hamea me la ŋua? Èkpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe xexeame katã ƒe gbɔgbɔ me nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋua? Esiawo hã nye nunana xɔasiwo tso dziƒo. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ  eŋu? To subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ na Mawu, gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, kple lɔlɔ̃ kpakple Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetse bubuwo ɖeɖefia me.—Filipitɔwo 1:9; Hebritɔwo 10:24, 25.

‘Nunana Siwo Nye Amewo’

14. Nukae wodi tso Kristotɔ si di be yeanye hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla si?

14 Taɖodzinu nyui aɖe le Ŋutsu Kristotɔ siwo di be yewoanye hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔlawo ahasubɔ yewo hati tadeagulawo la si. (Timoteo I, 3:1, 8) Be nɔviŋutsu nadze axɔ mɔnukpɔkpɔ siawo la, ele be wòanye gbɔgbɔmeme, amesi nya Ŋɔŋlɔawo nyuie eye wòtsɔa dzo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu. (Dɔwɔwɔwo 18:24; Timoteo I, 4:15; Timoteo II, 4:5) Ele be wòaɖe ɖokuibɔbɔ, ŋuɖɔɖo, kple dzigbɔɖi afia, elabena Mawu ƒe yayra gbagowo mevaa ɖokuidoɖedzilawo, dadalawo, kple ŋkɔxɔxɔdilawo dzi o. (Lododowo 11:2; Hebritɔwo 6:15; Yohanes III, 9, 10) Ne srɔ̃tɔe wònye la, ke wòanye ƒome ƒe ta lɔ̃ame si te ŋu kpɔa eƒemetɔwo katã dzi nyuie. (Timoteo I, 3:4, 5, 12) Esi ŋutsu sia dea asixɔxɔ gbɔgbɔmekesinɔnuwo ŋu ta la, axɔ Yehowa ƒe yayra.—Mateo 6:19-21.

15, 16. Amekawoe ɖenɛ fiana be yewonye ‘nunana siwo nye amewo’? Wɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.

15 Ne hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla siwo le subɔsubɔm le hamea me do vevie nu le nyanyuigbɔgblɔ, alẽkpɔkplɔ, kple nufiafia me la, woɖenɛ fiana eme kɔna ƒã be yewonye ‘nunana siwo nye amewo’ siwo ŋu míade asixɔxɔe vevie. (Efesotɔwo 4:8, 11) Amesiwo woƒe subɔsubɔdɔ si wowɔna lɔlɔ̃tɔe ɖea vi na maɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ agblɔ ɣesiaɣi ya o, gake Yehowa kpɔa dɔ siwo katã hamemegã wɔnuteƒewo wɔna dzea sii. Maŋlɔ lɔlɔ̃ si woɖe fia le eƒe ŋkɔ ta le eƒe amewo subɔsubɔ me la be o.—Timoteo I, 5:17; Hebritɔwo 6:10.

16 Bu hamemegã veviedonula aɖe si yi ɖasrã nyɔnuvi Kristotɔ aɖe si ƒe ahɔhɔ̃ woyina koko ge ŋu kpɔ. Ƒomea ƒe xɔlɔ̃ aɖe ŋlɔ bena: “Eƒe dɔme nyo ale gbegbe, ekpena ɖe ame ŋu, etsɔ ɖe le eme na ame. Ebia mɔ be yeado gbe ɖa kpli mí na Yehowa. Esi wònɔ gbea dom ɖa la, nyɔnuvia fofo [si menye Yehowa Ðasefo o] ɖe hũ, eye aɖatsi ge le mo na amesiame si nɔ kɔdzixɔa me. Aleke hamemegã ma ƒe gbedodoɖaa fa dzi na amee nye si, eye lɔlɔ̃ ka gbegbee nye si Yehowa ɖe fia be wòɖoe ɖa le ɣeyiɣi ma tututu dzi!” Ðasefo bubu aɖe si nye dɔnɔ gblɔ tso hamemegã siwo va srãe kpɔ ŋu be: “Esi wozɔ va nye abati gbɔ le xɔ si me wokpɔa dɔléle sesẽwo gbɔ le me la, menyae be nuka kee adzɔ tso ɣeyiɣi ma dzi yina o, mate ŋu anɔ te ɖe enu. Ŋusẽ ɖo ŋunye eye nye dzi dze eme.” Ðe ame aɖe ate ŋu aƒle ɖetsɔleme sia si me lɔlɔ̃ le alea? Gbeɖegbeɖe! Nunanae wònye tso Yehowa gbɔ, si wòtsɔ to Kristo-hamea dzi.—Yesaya 32:1, 2.

 Nunana si Nye Gbeadzisubɔsubɔdɔ

17, 18. (a) Subɔsubɔdɔ si nye nunana ƒe mɔnukpɔkpɔ kae Yehowa ʋu ɖi na eƒe amewo katã? (b) Kpekpeɖeŋu kae Mawu na be míate ŋu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa?

17 Nu bubu aɖeke megali anye bubu woade amegbetɔwo ŋu wu Yehowa, Dziƒoʋĩtɔ la, subɔsubɔ o. (Yesaya 43:10; Korintotɔwo II, 4:7; Petro I, 2:9) Ke hã gomekpɔkpɔ le dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ me ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na amesiame—ɖevi kple ame tsitsi, ŋutsu kple nyɔnu—si di le nyateƒe me be yeasubɔ Mawu. Èwɔa nunana xɔasi sia ŋudɔa? Ðewohĩ ame aɖewo ahe ɖe megbe le esi wosusu be yewomesu te o ta, gake ɖo ŋku edzi be Yehowa naa gbɔgbɔ kɔkɔea amesiwo subɔnɛ, eye wòkpena ɖe mía ŋu le go sia go si me míesu te le o me.—Yeremya 1:6-8; 20:11.

18 Yehowa tsɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa de asi na esubɔla ɖokuibɔbɔlawo, menye dadala siwo ɖoa ŋu ɖe woa ŋutɔwo ƒe ŋutetewo ŋu o. (Korintotɔwo I, 1:20, 26-29) Amesiwo bɔbɔ wo ɖokui heɖɔ ŋu ɖo nyae be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le yewo ŋu eye woɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Wokpɔa ŋudzedze hã ɖe gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si wònana to “xɔnuvi nuteƒewɔla” la dzi ŋu.—Luka 12:42-44; Lododowo 22:4.

Ƒomegbenɔnɔ si me Dzidzɔ Le—Nunana Nyui Aɖee

19. Nukawoe ana woakpɔ dzidzedze le vinyinyi me?

19 Srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le nye nunana tso Mawu gbɔ. (Rut 1:9; Efesotɔwo 3:14, 15) Ðeviwo hã nye “domenyinu [xɔasi] tso Yehowa gbɔ,” eye wòhea dzidzɔ vɛ na dzila siwo te ŋu ƒã mawusosroɖa ƒe nɔnɔmewo ɖe wo me dzidzedzetɔe la. (Psalmo 127:3) Ne dzilae nènye la, yi edzi nàɖo to Yehowa ƒe gbe to viwòwo hehe ɖe eƒe Nya ƒe mɔfiame nu me. Amesiwo wɔe nenema axɔ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple yayra gbagowo godoo.—Lododowo 3:5, 6; 22:6; Efesotɔwo 6:1-4.

20. Nukae ate ŋu anye kpekpeɖeŋu na dzila siwo ƒe viwo trɔ le tadedeagu vavãtɔ yome?

20 Togbɔ be dzila Mawu-vɔ̃lawo aku kutri alesi dze hã la, ɖewohĩ wo vi aɖewo atiae be yewoatrɔ le tadeagu vavãtɔa yome esi wole tsitsim. (Mose I, 26:34, 35) Esia ate ŋu anye nuxaxa na dzilawo ale gbegbe. (Lododowo 17:21, 25) Gake le esi teƒe be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wo keŋkeŋ la, ate ŋu anye kpekpeɖeŋu na wo be woaɖo ŋku vi nudomegblẽla la ƒe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ la dzi. Togbɔ be ɖevi ma dzo le aƒeme hedze go hã la, etrɔ gbɔ va fofoa ƒeme emegbe, eye wòxɔe kple dzidzɔ heɖe lɔlɔ̃ fiae. (Luka 15:11-32) Nuka kee adzɔ o, dzila Kristotɔ nuteƒewɔlawo ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa se nɔnɔmea gɔme, etsɔ ɖe le eme lɔlɔ̃tɔe, eye be magblẽ wo ɖi alɔmadomado woe akpɔ o.—Psalmo 145:14.

21. Amekae wòle be míaɖo toe, eye nukatae?

21 Ekema mina mía dometɔ ɖesiaɖe nade dzesi nusi le vevie ŋutɔŋutɔ le míaƒe agbe me. Ðe míaƒe taɖodzinu nye be míali kɔ ŋutilãmenu siwo ate ŋu akplɔ mía kple míaƒe ƒomea ade vevesese me ɖi glegleglea? Alo ‘nunana nyui kple nunana blibo’ siwo tso “kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ” minyamee míele. (Yakobo 1:17) Satana, “aʋatsokafofo” la, di be yeana míanɔ ŋutilãmekesinɔnuwo yome ale be dzidzɔ kple agbe siaa nabu ɖe mí. (Yohanes 8:44; Luka 12:15) Gake nusi anyo na mí dimee Yehowa ya le na mí. (Yesaya 48:17, 18) Eyata mina míayi edzi aɖo to míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la eye ‘eƒe nu nanyo mía ŋu’ ɣesiaɣi. (Psalmo 37:4) Ne míenɔ agbe alea la, Yehowa ƒe nunana xɔasi kple yayra gãwo adudu ɖe mía dzi—eye vevesese ɖeka pɛ hã makpe ɖe wo ŋu o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, January 22, 1993, axa 18-21.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nuka gbɔe dzidzɔkpɔkpɔ gãtɔ kekeake tsona?

• Nu siwo Yehowa naa eƒe amewo dometɔ aɖewo ɖe?

• Nukatae gbeadzisubɔsubɔdɔa nye nunana?

• Nukae dzilawo ate ŋu awɔ be woaxɔ Mawu ƒe yayra le wo viwo nyinyi me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Èkpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana si nye eƒe Nya si woŋlɔ la ŋua?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Togbɔ be Laurel Nisbet nɔ nɔnɔme siwo sesẽ ŋutɔ me hã la, esubɔ Mawu dzonɔamemetɔe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Abe Tabita ene la, wonya egbegbe Kristotɔwo nyuie ɖe woƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia ta

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Hamemegã Kristotɔwo tsɔ ɖe le haxɔsetɔwo me lɔlɔ̃tɔe